Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzidzɔ Siwo Le Zɔzɔ Fɔmaɖimaɖitɔe Me

Dzidzɔ Siwo Le Zɔzɔ Fɔmaɖimaɖitɔe Me

Dzidzɔ Siwo Le Zɔzɔ Fɔmaɖimaɖitɔe Me

‘Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ, eye metsɔa vevesese aɖeke kpena ɖe eŋu o.’—LODODOWO 10:22.

1, 2. Nukatae wòle be míakpɔ nyuie be míagatsi dzi ɖe etsɔme ŋu akpa o?

AMERIKATƆ xexemenunyala aɖe gblɔ be: “Dzi tsitsi ɖe etsɔme ŋu . . . naa míete ŋu kpɔa alesi nuwo le na mí fifia ŋutɔŋutɔ dzea sii nyuie o.” Nya sia nye nyateƒe le ɖevi siwo tsia dzi ɖe mɔnukpɔkpɔ siwo asu wo si le tsitsi me ŋu ale gbegbe be womedea dzesi viɖe siwo le ɖevimenɔɣi ŋu o, vaseɖe esime wova tsi eye wòto wo ŋu hafi la gome.

2 Yehowa subɔla aɖewo kura gɔ̃ hã bua nuwo nenema. Le kpɔɖeŋu me, míele mɔ kpɔm vevie be ŋugbe si Mawu do be yeana anyigba nazu paradiso la nava eme. Míele ɣeyiɣi si me dɔléle, tsitsi, vevesese, kple fukpekpewo nu ava yi la lalam vevie. Togbɔ be enyo be míanɔ mɔ kpɔm na nusiawo hã la, nukae adzɔ ne etsɔme yayra mawo, siwo míakpɔ le ŋutilã me, va xɔ susu me na mí ale gbegbe be míaƒe susu meganɔa gbɔgbɔmeyayra siwo kpɔm míele fifia ya ŋu o? Bu nusi ate ŋu adzɔ ŋu kpɔ. Dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo bɔbɔe eye míase ‘veve le dzi me’ le esi míaƒe mɔkpɔkpɔa mele eme vam kabakaba abe alesi míekpɔ mɔ nɛ ene o ta. (Lododowo 13:12) Agbe me kuxiwo kple nɔnɔme sesẽwo ate ŋu ana mɔkpɔkpɔ nabu ɖe mí alo míaƒe nu anɔ nublanui wɔm na mía ɖokui. Le esi teƒe be míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me la, míate ŋu ava nɔ konyi fam ɣesiaɣi. Nublanuinya kae nye esi wòanye! Gake míate ŋu aƒo asa na nusiawo katã ne míedea ŋugble le yayra siwo kpɔm míele fifia ŋu ŋudzedzekpɔkpɔtɔe.

3. Nuka mee míadzro le nyati sia me?

3 Lododowo 10:22 gblɔ be: ‘Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ, eye metsɔa vevesese aɖeke kpena ɖe eŋu o.’ Ðe mele be Yehowa subɔlawo nakpɔ dzidzɔ ɖe alesi nu le edzi dzem na wo le gbɔgbɔ me le egbeŋkekeawo me ŋu oa? Mina míadzro nudzedziname siwo míekpɔ le gbɔgbɔ me la dometɔ aɖewo me, ahakpɔ alesi woɖea vi na mía dometɔ ɖesiaɖe ŋutɔŋutɔe ɖa. Ne míedia ɣeyiɣi dea ŋugble le yayra siwo Yehowa duduna ɖe “ame dzɔdzɔe, si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o” dzi ŋu la, ana míagaɖo tame kplikpaa wu be míayi edzi asubɔ mía Fofo si le dziƒo la dzidzɔtɔe.—Lododowo 20:7.

Yayra Siwo Naa Míekpɔa Dzidzɔ Fifia

4, 5. Biblia ƒe nufiafia kae doa dzidzɔ na wò wu, eye nukatae?

4 Biblia ƒe nufiafiawo ŋuti sidzedze vavãtɔ. Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo gblɔna be yewoxɔ Biblia dzi se. Gake nusi wo dometɔ ɖesiaɖe gblɔna be Biblia fia la toa vovo na wo nɔewo. Subɔsubɔha ɖeka me tɔwo gɔ̃ hã melɔ̃na ɖe nya ɖeka dzi le nusi tututu Ŋɔŋlɔawo fia gome o. Woƒe nɔnɔmea to vovo na Yehowa ƒe amewo tɔ ŋutɔ! Togbɔ be míetso dukɔ kple gbegbɔgblɔ vovovowo me, eye míaƒe dekɔnuwo hã le vovovo hã la, míesubɔa Mawu vavã si ŋkɔ míenya. Menye mawuetɔ̃ƒokpli siwo gɔme womate ŋu ase o la dometɔ ɖekae wònye o. (Mose V, 6:4; Psalmo 83:19; Marko 12:29) Míenyae hã be woakpɔ nya vevitɔ kekeake si fɔ ɖe te ku ɖe Mawu ƒe xexeame katã ƒe dziɖula nyenye ŋu la gbɔ kpuie, eye be ne mía dometɔ ɖesiaɖe yi edzi wɔ nuteƒe nɛ la, míakpe asi ɖe nya ma gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Míenya nɔnɔme si me tututu ame kukuwo le, si na míevo tso vɔvɔ̃ be Mawu awɔ funyafunya amewo le dzomavɔ me alo atsɔ wo ade ŋutiklɔdzo me la me.—Nyagblɔla 9:5, 10.

5 Hekpe ɖe eŋu la, dzidzɔ gã aɖe ŋutɔe wònye be míanyae be menye nɔnɔmetɔtrɔ manyatalenu aɖe mee míeto dzɔ o. Mawu ƒe nuwɔwɔwo boŋue míenye, eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme nue wòwɔ mí ɖo. (Mose I, 1:26; Maleaxi 2:10) Hakpala Dawid dzi ha na eƒe Mawu be: “Meda akpe na wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ.”—Psalmo 139:14.

6, 7. Gblɔ tɔtrɔ siwo wò ŋutɔ nèwɔ, alo esiwo ame bubuwo wɔ le agbe me, kple yayra siwo do tso eme.

6 Vovo tso agbenɔnɔ kple numame siwo gblẽa nu le ame ŋu me. Nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo xlɔ̃a nu zi geɖe tsoa afɔku siwo le atamanono, ahatsunono, kple agbegbegblẽnɔnɔ me ŋu. Ame akpa gãtɔ meɖoa to nuxlɔ̃ame siawo o. Gake ne dzianukwaretɔ aɖe va srɔ̃e be Mawu vavã la tsri nuwɔna siawo, eye be mekpɔa dzidzɔ ɖe amesiwo wɔa wo ŋu o ɖe, nukae dzɔna? Eʋãna amea godoo be wòadzudzɔ wo wɔwɔ. (Yesaya 63:10; Korintotɔwo I, 6:9, 10; Korintotɔwo II, 7:1; Efesotɔwo 4:30) Togbɔ be Yehowa Mawu ŋu dzedze ta koŋue wòwɔa esia ɖo hã la, eɖea vi na eya ŋutɔ hã—enɔa lãmesẽ me nyuie wu, eye eƒe susu me dzea kɔ anyi.

7 Asi ɖeɖe le numame gbegblẽwo ŋu menɔa bɔbɔe na ame geɖe ya o. Ke hã, ame akpe geɖe te ŋu wɔnɛ ƒe sia ƒe. Wotsɔa wo ɖokui ɖea adzɔgbe na Yehowa hexɔa nyɔnyrɔ, eye wotoa esia me ɖenɛ fiana le gaglãgbe be yewoɖe asi le nuwɔna siwo medzea Mawu ŋu o la ŋu. Ðe esia medea dzi ƒo na mí ŋutɔ oa? Edoa ŋusẽ mí míeɖonɛ kplikpaa wu be míaƒo asa na nuvɔ̃gbenɔnɔ siwo wɔa ame kluvii hegblẽa nu le ame ŋu.

8. Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo kawo dzi wɔwɔe naa dzidzɔ nɔa ƒomea me?

8 Ƒome si me dzidzɔ le. Le dukɔ geɖe me la, ƒome geɖe le gbagbãm. Srɔ̃tɔ geɖe va gbea wo nɔewo, eye zi geɖe la, esia dea abi ɖevi siwo wogblẽ ɖi la ƒe seselelãmewo ŋu. Le Europa dukɔ aɖewo me la, ne woma ƒomewo katã ɖe akpa atɔ̃ la, akpa ɖeka nye esi me dzilaɖekɛwo ko le. Aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu be míazɔ le fɔmaɖimaɖi me le nya sia me? Míeɖe kuku, xlẽ Efesotɔwo 5:22–6:4, eye nàde dzesi aɖaŋu nyui siwo Mawu ƒe Nya la ɖo na srɔ̃ŋutsuwo, srɔ̃nyɔnuwo, kple ɖeviwo. Kakaɖedzi le eŋu be ne srɔ̃tɔwo tsɔ nya siwo le afima kple le Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa bubuwo wɔ dɔe la, enaa wo dome nɔa kplikplikpli, ekpena ɖe dzilawo ŋu wote ŋu hea wo viwo nyuie, eye enaa dzidzɔ nɔa ƒomea me. Ðe ema menye yayra si ta míakpɔ dzidzɔ ɖo oa?

9, 10. Aleke nukpɔsusu si le mía si ɖe etsɔme ŋu la to vovo na xexeame tɔe?

9 Kakaɖedzi si le mía si be woava kpɔ xexeame ƒe kuxiwo gbɔ kpuie. Togbɔ be amewo wɔ ŋgɔyiyi geɖe le dzɔdzɔmeŋutinunya kple mɔ̃ɖaŋuŋutinunya me, eye dziɖula geɖe dzea agbagba vevie hã la, womete ŋu kpɔ kuxi sesẽ siwo míedoa goe le agbe me egbea la gbɔ o. Klaus Schwab, si ɖo Xexeame Ganyawo Ŋuti Numekuƒe, gblɔ nyitsɔ laa be “kuxi siwo dze ŋgɔ xexea la le dzidzim ɖe edzi, evɔ ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si woatsɔ akpɔ wo gbɔ ya dzi le ɖeɖem kpɔtɔ.” Eƒo nu tso “afɔku siwo le nu gblẽm le dukɔwo katã ŋu, abe nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzidoname, nutowo tsɔtsrɔ̃, kple ganyawo ƒe kemalimali ene, ŋu.” Schwab ƒo eƒe nyaa ta be: “Xexeame dze ŋgɔ kuxi siwo gbɔ kpɔkpɔ hiã kpata hebia nu wɔwɔ aduadu fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe.” Esi ƒe alafa 21 lia sia ƒe ƒewo va le yiyim la, ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ bui be etsɔme nyui aɖeke mele ŋgɔ o.

10 Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye be míanyae be Yehowa wɔ ɖoɖo aɖe—si nye Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒe—si dzi wòato akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo katã gbɔ! Mawu vavã la ato edzi ‘atsi aʋawɔwɔwo nu,’ eye wòana ‘ŋutifafa naxɔ aƒe.’ (Psalmo 46:10; 72:7) Fia Yesu Kristo si wosi ami na la ‘aɖe ame dahewo kple hiãtɔwo tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.’ (Psalmo 72:12-14) Le Fiaɖuƒedziɖuɖua te la, dɔwuame maganɔ anyi o. (Psalmo 72:16) Yehowa “latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le [míaƒe] ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Woɖo Fiaɖuƒea anyi xoxo le dziƒo, eye eteƒe madidi o akpɔ kuxi siwo katã le anyigba dzi la gbɔ.—Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 11:15.

11, 12. (a) Ðe vivisese yome nɔnɔ naa wokpɔa dzidzɔ si nɔa anyi ɖaa? Ðe eme. (b) Nukae naa wokpɔa dzidzɔ ŋutɔŋutɔ?

11 Nusi naa wokpɔa dzidzɔ ŋutɔŋutɔ la nyanya. Nukae naa wokpɔa dzidzɔ ŋutɔŋutɔ? Susuŋutinunyala aɖe gblɔ be nu etɔ̃e dzidzɔkpɔkpɔ lɔ ɖe eme—vivisese, ame ɖokui tsɔtsɔ na nane (si nye gome kpɔkpɔ le dɔwɔna aɖe me kple ƒomea ŋu nɔnɔ), kple taɖodzinu si anɔ ame si (si nye dɔ wɔwɔ be wòaɖe vi na ame bubuwo, ke menye na ame ŋutɔ ko o). Susuŋutinunyalaa de dzesi vivisese be eya mele vevie tututu hena dzidzɔkpɔkpɔ o hegblɔ be: “Esia wɔ nuku, elabena vivisese yome nɔnɔe boŋue nye nu vevitɔ na ame geɖe le agbe me.” Nukae Biblia gblɔ tso nya sia ŋu?

12 Fia Salomo si ɖu fia ɖe blema Israel dzi la gblɔ be: “Megblɔ le nye dzi me be: Matsɔ dzidzɔ atee akpɔ, eye maɖu agbe! Ke esia hã toflokoe. Megblɔ na nukoko be: aɖaʋae! eye na dzidzɔ be: nuka esia ya awɔ?” (Nyagblɔla 2:1, 2) Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be dzidzɔ ɖesiaɖe si vivisese ate ŋu ahe vɛ la menɔa anyi didina o. Ke dɔwɔwɔ ya ɖe? Dɔ nyuitɔ kekeake li míawɔ—si nye Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Ne míegblɔa xɔxɔgbedasi si le Biblia me ŋu nya na amewo la, ekema míele dɔ si ana woaxɔ mía kple amesiwo ɖoa to mí ɖe agbe la wɔm. (Timoteo I, 4:16) Esi míenye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” ta la, míekpɔe nyateƒe be ‘dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.’ (Korintotɔwo I, 3:9; Dɔwɔwɔwo 20:35) Dɔ sia wɔwɔ naa viɖe va nɔa míaƒe agbenɔnɔ ŋu, eye wònaa Wɔla la ɖoa nya ŋu na Satana Abosam, amesi le alɔme ɖem le eŋu. (Lododowo 27:11) Nyateƒee, Yehowa na míekpɔe be mawuvɔvɔ̃ ye nana ame kpɔa dzidzɔ vavãtɔ si nɔa anyi ɖaa.—Timoteo I, 4:8.

13. (a) Mɔ ka nue Teokrasi Subɔsubɔ Sukua nye yayra le, si ta míakpɔ dzidzɔ ɖo? (b) Vi kawoe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ɖe na wò?

13 Hehenaɖoɖo vevi aɖe si le dɔ wɔm nyuie. Gerhard nye hamemetsitsi le Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe me. Eɖo ŋku eƒe sɔhɛmenɔɣi dzi gblɔ be: “Esime menye sɔhɛ la, nuƒoƒo nye kuxi sesẽ aɖe nam. Ne nane te ɖe dzinye hafi mebe maƒo nu la, ekema nye nuƒoa me mekɔna o, eye mekukɔna. Mesena le ɖokuinye me be nyemele ɖeke me o, si na meléa blanui ŋutɔ. Dzinyelawo wɔ ɖoɖo be made suku si me wofiaa alesi woabi ɖe nuƒoƒo mee, gake gbeɖea koe. Nɔnɔme si le asinye gbɔe kuxia tso, menye ŋutilã me dɔlélee o. Gake Yehowa na nu nyui aɖe mí—si nye Teokrasi Subɔsubɔ Sukua. Gome kpɔkpɔ le sukua me na dzi gava ɖo ƒonye. Medze agbagba vevie tsɔ nuƒoƒo ŋutete ƒe mɔfiamewo de dɔwɔwɔ me. Eye ena mekpɔ dzidzedze! Mete ŋu va ƒoa nu bɔbɔe, nyemegava léa blanui o, eye dzi va ɖo ƒonye geɖe wu le subɔsubɔdɔa me. Fifia, mete ŋu naa dutoƒonuƒowo kura gɔ̃ hã. Medaa akpe na Yehowa geɖe, elabena eto suku sia dzi na nye agbenɔnɔ nyo ɖe edzi.” Ðe míekpɔa dzidzɔ ŋutɔ ɖe alesi Yehowa naa hehe mí be míawɔ eƒe dɔae ŋu oa?

14, 15. Kpekpeɖeŋu kae li na mí le xaxaɣiwo? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

14 Ƒomedodo kplikplikpli si le mía kple Yehowa dome, eye xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa hã kpena ɖe mía ŋu. Katrin le Germany. Esi wòse be anyigbaʋuʋu sesẽ aɖe na tsi ɖe amewo le Asia ƒe anyieheɣedzeƒe la, ete ɖe edzi ŋutɔ. Vianyɔnu zɔ mɔ yi Thailand hafi afɔkua dzɔ. Ŋkeke ɖeka kple afã kloe va yi esi menya ne vianyɔnua le agbe loo alo le ame kuku siwo ƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi tso gaƒoƒo yi gaƒoƒo la dome o. Bu alesi gbegbe Katrin ƒe dzi dze emee esi woƒo ka nɛ be via le dedie ŋu kpɔ!

15 Nukae kpe ɖe Katrin ŋu le ɣeyiɣi mawo siwo me wòtsi dzi ɖe via ŋu me? Egblɔ be: “Gbe dodo ɖa dzi ko menɔ na Yehowa le ɣeyiɣi siawo katã me. Mede dzesii enuenu be esia na ŋusẽ ɖo ŋunye, eye nye susu me hã dze akɔ anyi. Gawu la, gbɔgbɔmenɔvi lɔ̃amewo va srãm kpɔ hedo ŋusẽm.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Ne ɖe mekpɔ viɖe tso gbe dodo ɖa na Yehowa me o, eye gbɔgbɔmenɔvi lɔ̃amewo mefaa akɔ nɛ o la, ɖe nuxaxaa mawu tsɔtsɔ nɛ oa? Ƒomedodo kplikplikpli si le mía kple Yehowa kple Via dome, kpakple hadede nyui si le mía kple mía nɔvi Kristotɔwo dome la nye yayra tɔxɛ aɖe. Migana míabui nu tsɛ gbeɖe o!

16. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ alo nudzɔdzɔ aɖe si ɖee fia be asixɔxɔ le tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu.

16 Mɔkpɔkpɔ si li be míagakpɔ míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku la ake. (Yohanes 5:28, 29) Yehowa Ðasefowo ƒe ƒome mee wonyi sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Matthias ɖo. Gake esi mede dzesi yayra si ema nye nɛ o ta la, etra ɖa tso Kristo-hamea ŋu esi wònɔ eƒe ƒewuiwo me. Fifia egblɔ be: “Mía kple fofonye míeɖoa dze ŋutɔŋutɔ o. Míeʋli nya geɖe le ƒe siwo va yi me. Ke hã, nu nyuitɔ kekeake le agbe me dimee fofonye nɔ nam hafi. Elɔ̃m vevie, evɔ megbe to ɖoɖo eƒe gbe. Le ƒe 1996 me, esi menɔ anyi ɖe egbɔ le aba dzi, nɔ avi fam le vevesese ta la, melé eƒe asi heɖe kuku nɛ ɖe nusiwo katã mewɔ ta, eye megblɔ nɛ be melɔ̃e ŋutɔ. Gake mese nye nyawo o, elabena eva dze dɔ, eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, edɔ alɔ̃ le ku me. Ne wofɔe ɖe tsitre eye metsi agbe kpɔe la, ekema míawɔ nusiwo katã míete ŋu wɔ tsã o. Eye adzɔ dzi nɛ godoo ne esee be menye hamemetsitsi fifia, eye be mɔnukpɔkpɔ su mía kple srɔ̃a si míenye mɔɖelawo.” Yayra gã aɖe ŋutɔe tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa nye na mí vavã!

‘Metsɔa Vevesese Aɖeke Kpena Ðe Eŋu O’

17. Nukae wòle be ŋugble dede le Yehowa ƒe yayrawo ŋu naʋã mí míawɔ?

17 Yesu Kristo gblɔ le Fofoa si le dziƒo ŋu be: “Eyae nana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.” (Mateo 5:45) Ne Yehowa Mawu yraa ame madzɔmadzɔwo kple ame vɔ̃ɖiwo kura gɔ̃ hã la, ekema ɖe mayra amesiwo zɔna le fɔmaɖimaɖi me la geɖe wu oa? Psalmo 84:12 gblɔ be: “Yehowa . . . metea nu nyui amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la o.” Ne míedea ŋugble le belélename tɔxɛ si wòtsɔna na amesiwo lɔ̃nɛ ŋu la, ɖe dzi medzɔa mí be míada akpe nɛ ɖe esia ta oa?

18. (a) Nukatae míate ŋu agblɔ be Yehowa metsɔa fukpekpe aɖeke kpena ɖe eƒe yayrawo ŋu o? (b) Nukatae Mawu subɔla wɔnuteƒe geɖe kpea fu ɖo?

18 “Yehowa ƒe yayra”—emae na eƒe amewo le dzidzedze kpɔm le gbɔgbɔ me. Eye míeka ɖe edzi be ‘metsɔa vevesese aɖeke kpena ɖe eŋu o.’ (Lododowo 10:22) Ekema, nukatae dodokpɔwo kple tetekpɔwo vaa Mawu subɔla wɔnuteƒe geɖe dzi, henaa wosea veve eye wokpea fu geɖe ɖo? Kuxiwo kple fukpekpewo vaa mía dzi le susu vevi etɔ̃ ta. (1) Nuvɔ̃me siwo míenye. (Mose I, 6:5; 8:21; Yakobo 1:14, 15) (2) Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo. (Efesotɔwo 6:11, 12) (3) Xexeme vɔ̃ɖi sia. (Yohanes 15:19) Togbɔ be Yehowa ɖea mɔ nu gbegblẽwo dzɔna ɖe mía dzi hã la, menye eya gbɔe wotsona o. Le nyateƒe me la, “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã la dziƒo wotso, tso kekeliwo ƒe Fofo la gbɔ.” (Yakobo 1:17) Vavãe, fukpekpe aɖeke mekpena ɖe Yehowa ƒe yayrawo ŋu o.

19. Nukae le amesiwo yi edzi le zɔzɔm le fɔmaɖimaɖi me la lalam?

19 Hafi nu nadze edzi na mí le gbɔgbɔ me la, ehiã be míate ɖe Mawu ŋu. Ne ƒomedodo kplikplikpli le mía kplii dome la, ekema ‘míeƒoa kesinɔnuwo nu ƒu na mía ɖokui, si anye gɔmeɖoɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, bene míaƒe asi nasu agbe vavã la dzi.’ (Timoteo I, 6:12, 17-19) Le xexe yeye si Mawu awɔ le etsɔme me la, míakpɔ ŋutilã me yayrawo akpe ɖe gbɔgbɔmetɔ siwo kpɔm míele fifia ŋu. Amesiwo katã ‘yi edzi ɖoa to Yehowa ƒe gbe’ la akpɔ agbe vavã. (Mose V, 28:2) Esi nya siawo do ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa ta la, mina míayi edzi azɔ le fɔmaɖimaɖi me dzidzɔtɔe!

Nukae Nèsrɔ̃?

• Nukatae nunya mele eme be míatsi dzi fũ akpa ɖe etsɔme ŋu o?

• Yayra kawo kpɔmee míele fifia?

• Nukatae Mawu subɔla wɔnuteƒewo kpea fu ɖo?

[Biabiawo]