Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Ƒe Tameɖoɖo Na Anyigba La Ava Eme Kpuie

Mawu Ƒe Tameɖoɖo Na Anyigba La Ava Eme Kpuie

Mawu Ƒe Tameɖoɖo Na Anyigba La Ava Eme Kpuie

ESIME Adam kple Xawa nɔ Paradiso me la, Mawu de se na wo be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!”—Mose I, 1:28.

Anyigba la dzi ɖuɖu bia nu geɖe wu be woaŋlɔ eƒe akpa sue aɖe ahalé be nɛ ko. Ele be Adam kple Xawa kpakple wo viwo nakeke Paradisoa ɖe enu vaseɖe esime wòaxɔ anyigba bliboa dzi. Ke hã, ame eve gbãtɔawo wɔ nuvɔ̃ eye wonya wo ɖa le Eden-bɔa me. (Mose I, 3:23, 24) Gake esia mefia be amegbetɔwo maɖu anyigba la dzi akpɔ gbeɖe o.

Esi wònye be Mawu ayra toɖolawo ta la, amegbetɔwo ate ŋu ava ɖu anyigba la dzi. Esi Mawu ƒe yayra nɔ blema Israel dzi la, woƒe agblemenukuwo nyo eye woƒe atikutsetsetiwo hã tse ku nyuie. Nɔnɔme siawo tɔgbe anɔ anyi ne míaƒe anyigba bliboa trɔ vivivi zu paradiso. Abe alesi wodo ŋugbe le Biblia, si nye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me, mee ene la, “anyigba [amie] eƒe nukuwo. Mawu, mía Mawu la, ayra mí.” (Psalmo 67:7) Le nyateƒe me la, teƒe siwo gbe damawo le kpakple to, ati kple seƒoƒo, tɔsisi kple atsiaƒu siwo le anyigba dzi atso aseye. (Psalmo 96:11-13; 98:7-9) Míaƒe anyigba ayɔ fũ kple numiemiewo, xevi kple lã siwo nya kpɔ, kple amesiwo lɔ̃a ame.

Xexe Yeye aɖe Tu Aƒe!

Míele xexe yeye si ƒe ŋugbe Yehowa Mawu do la ƒe agbo nu. Apostolo Petro ŋlɔ be: “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.” (Petro II, 3:13) Petro ƒe nya siawo xexlẽ ate ŋu ana ame aɖewo naƒo nya ta be míaƒe anyigba sia mazu paradiso gbeɖe o. Woate ŋu asusu be wole dziƒo kple anyigba siwo míekpɔna la ɖe ge ɖa ahawɔ bubuwo ɖe wo teƒe. Ðe wòate ŋu adzɔ nenema?

Nukae nye ‘dziƒo yeyea’? Menye dziƒo ŋutɔŋutɔ si Mawu wɔ si míekpɔna lae o. (Psalmo 19:2, 3) Ðeko Petro ƒo nu tso kpɔɖeŋu “dziƒowo,” siwo tsi tre ɖi na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo, siwo de ŋgɔ alo kɔkɔ wu wo te viwo, ŋu teti koe nye ma. (Petro II, 3:10-12) “Dziƒo” siawo do kpo nu le ameƒomea dzi ɖuɖu me, eye wo nu ayi kpuie. (Yeremya 10:23; Daniel 2:44) “Dziƒo yeye” si axɔ ɖe wo teƒee nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe si me Yesu Kristo kple eƒe hatidziɖula 144,000, siwo wofɔ ɖe tsitre hena agbe nɔnɔ le dziƒo la le.—Romatɔwo 8:16, 17; Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1, 3.

Menye anyigba bubu kura ƒe nya gblɔmee Petro nɔ esi wòƒo nu tso “anyigba yeye” ŋu o. Yehowa wɔ anyigba wòde blibo be amegbetɔwo nanɔ edzi tegbee. (Psalmo 104:5) Ɣeaɖewoɣi la, Biblia yɔa ‘anyigba’ ne ele nu ƒom tso amegbetɔwo ŋu. (Mose I, 11:1) Anyigba si woatsrɔ̃ kpuie lae nye ame siwo tsɔ wo ɖokui wɔ xexe vɔ̃ɖi sia ƒe akpa aɖe. Nenema kee ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexe aɖe tsrɔ̃e le Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa me. (Petro II, 3:5-7) Ekema nukae nye “anyigba yeye” la? Eyae nye amewo ƒe ƒuƒoƒo yeye—Mawu subɔla vavã, siwo nye “dzime dzɔdzɔe tɔwo.” (Psalmo 125:4; Yohanes I, 2:17) ‘Dziƒo yeyea’ gbɔe ‘anyigba yeyea’ axɔ eƒe sededewo katã atso. Ŋutsu nuteƒewɔla siwo anɔ anyigba dzi akpɔ egbɔ be wowɔ ɖe se siawo dzi.

Nu Yeye Wɔnukuwo!

Le nyateƒe me la, aƒe si nya kpɔ ŋutɔe Yehowa na mí esime wòwɔ anyigba hedzra edzi ɖo na amegbetɔwo. Eya ŋutɔ gblɔ tso nusiwo katã wòwɔ ɖe anyigba dzi la ŋu be “wonyo ŋutɔ.” (Mose I, 1:31) Satana Abosam na be Adam kple Xawa dze aglã. (Mose I, 3:1-5; Nyaɖeɖefia 12:9) Gake eteƒe madidi o la, Mawu akpɔ egbɔ be ame dzɔdzɔewo ƒe asi nasu “agbe vavã la dzi.” Esia fia “agbe mavɔ” nɔnɔ le nɔnɔme deblibowo me le Paradisonyigba dzi. (Timoteo I, 6:12, 19) Azɔ mina míadzro yayra siwo anɔ anyi ɣemaɣi la dometɔ aɖewo me akpɔ.

Le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua te la, woaxɔ ŋusẽ le Satana si, eye magate ŋu ahe xaxa ava ameƒomea dzi o. Apostolo Yohanes gblɔ be: “Mekpɔ mawudɔla aɖe [mawudɔlagã Mixael, alo Yesu Kristo] le ɖiɖim tso dziƒo, eye aʋli me safui kple kɔsɔkɔsɔ gã aɖe le esi. Eye wòlé ʋɔ driba, da xoxo, si nye Abosam kple Satana la, eye wòblae ƒe akpe ɖeka. Eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe aʋli me, eye wòtu nu ɖe enu, eye wòtre enu, bena ne wòagable dukɔwo o, halase esime ƒe akpe ɖeka la nu nava yi.” (Nyaɖeɖefia 20:1-3; 12:12) Tsɔ kpe ɖe Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi si maganɔ anyi o le esi wòle aʋli me ta ŋu la, woayra ameƒomea le nu bubu geɖe me, si ana dzi adzɔ wo le Fiaɖuƒe dziɖuɖua te.

Vɔ̃ɖinyenye, ŋutasesẽ, kple aʋawɔwɔ azu gbaɖegbenyawo. Biblia do ŋugbe be: “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eteƒe la, màgakpɔe o. Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti. Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:10, 11, 29) Yehowa Mawu ‘atsi aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.’ (Psalmo 46:10) Ŋutifafa kple dedienɔnɔ ŋuti ŋugbedodo siwo ŋu kakaɖedzi le ka gbegbee nye esi!

Nuɖuɖu vivi siwo me nunyiame le abɔ. Hakpala la gblɔ be: “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.” (Psalmo 72:16) Ɣemaɣi la, dɔtoto magana dɔ nawu ame aɖeke o.

Ame aɖeke magalé dɔ o. Vavãe, “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24; 35:5, 6) Esime Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, eyɔ dɔ anyidzelawo, xɔdrɔ̃wo, kple ŋkuagbãtɔwo. (Mateo 9:35; Marko 1:40-42; Yohanes 5:5-9) Kpɔ nusi gbegbe wòawɔ le xexe yeyea me ɖa! Bu dzidzɔ si axɔ aƒe ɖi ne woyɔ dɔ ŋkuagbãtɔwo, tokunɔwo, xɔdrɔ̃wo, kple aɖetututɔwo ŋu kpɔ.

Ne toɖolawo le blibodede gbɔ ɖom la, kuxi siwo tsitsi hena vɛ la nu ayi. Gaŋkuiwo, atizɔtiwo, bunɔwo ƒe atitɔɖeŋuwo, bunɔwo ƒe kekewo, kɔdziwo, kple atikewo magahiã o. Tɔtrɔ ka gbegbee nye esi ava ne ame tsitsiwo gaɖo ɖekakpui kple ɖetugbui me ake! (Hiob 33:25) Míafɔ ŋdi sia ŋdi ase le mía ɖokui me be míedɔ alɔ̃ ɖi ɖe eme nyuie le zã si va yi me, ahanɔ klalo na ŋkekea ƒe dɔ dodzidzɔnamewo wɔwɔ.

Míaƒe ame veviwo kple ame bubuwo fɔfɔ ɖe tsitre ana dzi nadzɔ mí ale gbegbe. (Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15) Kpɔ alesi gbegbe míaƒe dzi ayɔ fũ kple dzidzɔe be míaxɔ Habel, Noa, Abraham, Sara, Hiob, Mose, Rut, Dawid, Eliya, Ester, kple ame bubu geɖewo atuu ɖa! Woafɔ ame miliɔn bubu geɖe hã ɖe tsitre. Wo dometɔ geɖe mesrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu kpɔ o, gake amesiwo le klalo be yewoafia nu wo tso Mawu, eƒe tameɖoɖowo, kple Via Yesu Kristo ŋu la, axɔ wo kple dzidzɔ. Ne amesiwo wofɔ ɖe tsitre va dze si wo Wɔla la, ekema Yehowa ŋuti sidzedze axɔ anyigba la katã dzi.

Esi ganyo wu la, míate ŋu asubɔ Mawu vavã ɖeka kolia la tegbee. Mɔnukpɔkpɔ asu mía si be ‘míasubɔ Yehowa kple dzidzɔ,’ eye míawɔ dɔ aduadu esime míanɔ aƒe nyuiwo tsom, anɔ agblewo dem, ahanye agbo ɖe anyigba bliboa katã dzi mlɔeba. (Psalmo 100:1-3; Yesaya 65:21-24) Dzidzɔ ka gbegbe nye si wòanye be míanɔ agbe tegbee le anyigba wɔnu, si dzi ŋutifafa xɔ aƒe ɖo, si nye paradiso dzeani si akɔ Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu la dzi!—Psalmo 145:21; Yohanes 17:3.

Ameƒomea ƒe Dodokpɔ Mamlɛa

Le Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua te la, azã eƒe tafea wòaɖe vi na toɖola ɖesiaɖe. Mlɔeba la, woaɖe nuvɔ̃wo katã ɖa eye ameƒomea aɖo blibodede gbɔ. (Yohanes I, 2:2; Nyaɖeɖefia 21:1-4) Ne Adam ƒe nuvɔ̃ me tsonuwo nu yi keŋkeŋ vɔ la, ameƒome debliboa aɖo Mawu ƒe dzidzenuwo gbɔ le ŋutilã, susu, agbenɔnɔ, kple gbɔgbɔ me. Ɣemaɣi hafi ameƒomea ‘agbɔ agbe’ le gɔmesesea ŋutɔŋutɔ nu ne eɖo blibodede gbɔ keŋkeŋ. (Nyaɖeɖefia 20:5) Aleke gbegbee blibodede kple paradisonyigba ahe ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa enye si!

Le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua megbe teti la, woaɖe Satana Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo alo mawudɔla vɔ̃ɖiwo tso aʋli me, si nye afisi wotsɔ wo ƒu gbe ɖo ƒe akpe ɖeka do ŋgɔ. (Nyaɖeɖefia 20:1-3) Woaɖe mɔ na wo be woawɔ woƒe ŋutete mamlɛa be woatrɔ amegbetɔwo ɖa tso Mawu gbɔ. Togbɔ be ame aɖewo ana dzodzro vɔ̃wo naɖu wo dzi hã la, woatsi aglãdzedze sia nu. Yehowa atsrɔ̃ ɖokuitɔdzilawo kple Satana kpakple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo siaa ɖa. Womagaɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu akpɔ gbeɖe o. Nugbegblẽwɔlawo katã nu ayi tegbee, eye ame dzɔdzɔewo anɔ agbe yi ɖe mavɔmavɔ me.—Nyaɖeɖefia 20:7-10.

Ànɔ Afima?

Dzidzɔ mavɔ le amesiwo lɔ̃ Yehowa Mawu la lalam. Agbe mavɔ nɔnɔ le Paradiso me mati ame le mɔ aɖeke nu o. Le nyateƒe me la, ne ɣeyiɣiwo va le yiyim la, agbe nɔnɔ anɔ vivim ɖe edzi, elabena míayi edzi anɔ si dzem Yehowa Mawu ɖe edzi wu gbesiagbe. (Romatɔwo 11:33) Àkpɔ nu yeye asrɔ̃ ɣesiaɣi, eye ɣeyiɣi gbogbo aɖe anɔ anyi hena nu bubuwo sɔsrɔ̃. Nukatae? Elabena menye ƒe 70 alo 80 koe nànɔ agbe o, ke boŋ ànɔ agbe tegbee.—Psalmo 22:28; 90:10; Nyagblɔla 3:11.

Ne èlɔ̃ Mawu la, eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ado dzidzɔ na wò vevie ɣesiaɣi. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.” (Yohanes I, 5:3) Eyata yi edzi nàwɔ nu dzɔdzɔe be Yehowa Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò. Mègaŋlɔ mɔkpɔkpɔ wɔnuku si Mawu ƒe Nya Biblia la tsɔ ɖo ŋkuwò me la be o. Ðoe kplikpaa be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu, eye mègatrɔ le mɔ ma dzi gbeɖe o. Ekema ànɔ eteƒe ne Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba va eme eye míaƒe anyigba bliboa va zu paradiso tegbee.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Esi Yehowa yra Israel-viwo ta la, woƒe agblewo nyo ale gbegbe

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yayra kawoe nàdi be woasu àsiwò le Paradisoa me?