Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukae Nye Mawu Ƒe Tameɖoɖo Na Anyigba La?

Nukae Nye Mawu Ƒe Tameɖoɖo Na Anyigba La?

Nukae Nye Mawu Ƒe Tameɖoɖo Na Anyigba La?

NUKATAE tsaɖiɖi le abɔ alo teƒe siwo seƒoƒo dzeani siwo ʋẽna lilili le la doa dzidzɔ na wò? Nukatae dzi dzɔa wò ne èkpɔ ta dzeani alo to kɔkɔ siwo dzena abe ɖe woƒe tame tɔ alilikpo la ene? Nukatae nètɔna ɖoa to xevi siwo le ati kɔkɔwo tame ƒe xɔxlɔ̃ siwo nya sena ŋutɔ la? Nukatae ne èkpɔ gbɔ̃viwo wole kpo tim alo kpakpaxewo le tɔ ŋgɔ la, wònya kpɔna na wò?

Ŋuɖoɖo ɖeka koe li na nyabiase siawo katã. Eyae nye be esi wowɔ mí be míanɔ Paradiso me tae! Afimae mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, dze agbe gɔme le. Woawoe dzi mí kple didi be míanɔ Paradiso me, eye Yehowa Mawu, wo Wɔla, ye de didi ma wo me. Yehowa nyae be agbe nɔnɔ le Paradiso me ado dzidzɔ na mí amegbetɔwo elabena ewɔ mí kple ŋutete siwo ana be míakpɔ dzidzɔ le míaƒe aƒe wɔnuku sia si nye anyigba la dzi.

Nukatae Yehowa wɔ anyigbaa ɖo? “Ðe wòmèe, be woanɔ edzi.” (Yesaya 45:18) “Amesi . . . wɔ anyigba” la tsɔ paradisoƒe dzeani aɖe si nye Eden-bɔ, na Adam kple Xawa. (Yeremya 10:12; Mose I, 2:7-9, 15, 21, 22) Tɔsisi, seƒoƒo, kple ati siwo nɔ afima la anya do dzidzɔ na wo loo! Wote ŋu kpɔa xevi siwo nya kpɔna le ya me kple lã vovovo siwo tsana le afima eye wo dometɔ aɖeke menye ŋɔdzi na wo o. Tɔmelã kple nu gbagbe bubuwo nɔ tɔsisi siwo me dza la me le anyigba dzi. Nusi ganyo wue nye be Adam kple Xawa nɔ teƒe ɖeka. Woate ŋu adzi vi ahakeke woƒe Paradisoƒea kple ƒomea ɖe enu le dzidzɔ me.

Togbɔ be anyigba mezu paradiso egbea o hã la, míate ŋu atsɔe asɔ kple ƒome kpɔdzidzɔ aɖe ƒeme. Nusianu si míehiã, siwo nye kekeli, dzoxɔxɔ, tsi, kple nuɖuɖu le anyigba si Mawu na mí wònye míaƒe aƒe la dzi. Kpɔ alesi ɣe ƒe keklẽ kple dzoxɔxɔ kpakple ɣleti ƒe ɖiɖi le zã me doa dzidzɔ na míi ɖa! (Mose I, 1:14-18) Dzɔdzɔmenu siwo míezãna abe aka kple tomemi ene la le anyigba ƒe tume. Esi tsi dzana, eye tɔsisiwo, tawo, kple atsiaƒuwo le anyigba dzi ta la, míekpɔa tsi zãna. Gbewo hã xɔ anyigba dzi.

Nuɖuɖu geɖe le anyigba dzi abe alesi ko woate ŋu aƒo nuɖuɖu nu ƒu ɖe aƒe aɖe me ene. Yehowa ‘na tsidzadza kple nuƒãɣi,’ siwo nana agblemenukuwo kple atikutsetsewo mí eye ‘dzidzɔ yɔa míaƒe dziwo me fũ.’ (Dɔwɔwɔwo 14:16, 17) Esi anyigba nye aƒe nyui aɖe alea xoxo la, bu alesi wòava nɔ ne Yehowa, amesi nye ‘dzidzɔ Mawu la’ va wɔe wòzu paradiso ŋu kpɔ!—Timoteo I, 1:11.