Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukae na “dukɔwo katã ƒe nu [vevitɔwo]” le tadedeagu vavãtɔa me vam?Xagai 2:7.

Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Xagai dzi be: “Maʋuʋu dukɔwo katã, eye woahe dukɔwo katã ƒe nu [vevitɔwo] vɛ, eye matsɔ ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ.” (Xagai 2:7) Alesi wole “dukɔwo katã” ʋuʋumee ye na ‘nu vevitɔwo’—siwo nye dzianukwaretɔwo—le tadedeagu vavãtɔa me vam ɖoa? Ao.

De dzesi nusi le dukɔwo ʋuʋum kple nusi le dodom tso eme. Biblia gblɔ be “dukɔwo le nyanyram, eye anyigba dzi dukɔwo le tame bum dzodzro.” (Psalmo 2:1) ‘Tame dzodzro si bum’ wolee nye alesi woana woƒe dziɖuɖuwo nanɔ anyi ɖaae. Naneke meʋuʋua wo wu ne wosee be nane gbɔna yewoƒe dziɖuɖu me gblẽ ge o.

Gbeƒã si ɖem Yehowa Ðasefowo le le xexeame godoo tso Mawu ƒe Fiaɖuƒe si woɖo anyi ŋu la tututue va zu ŋɔdzi na dukɔwo. Nya lae nye be, Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒe si le Yesu Kristo si me la ‘agbã amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã, eye wòagblẽ wo.’ (Daniel 2:44) Ʋɔnudrɔ̃gbedasi si hã míeɖea gbeƒãe la ʋuʋua dukɔwo. (Yesaya 61:2) Eye esi wònye gbeƒãɖeɖedɔa de xexeame katã, eye enu le sesẽm ɖe edzi ta la, wogale wo ʋuʋum ɖe edzi wu. Nuka ƒe dzesie alesi woaʋuʋu dukɔwo, abe alesi Xagai 2:7 gblɔe ɖi ene, la nye?

Míexlẽ le Xagai 2:6 be: “Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Esusɔ vie ko maʋuʋu dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kple ƒuƒuiƒe.” Apostolo Paulo yɔ kpukpui sia me nyawo heŋlɔ be: “Edo ŋugbe gblɔ be: ‘Esusɔ zi ɖeka, eye menye anyigba ɖeɖeko maʋuʋu o, ke boŋ dziƒo hãe.’ Ke ‘zi ɖeka’ sia, si wògblɔ la, fia nusiwo woʋuʋu la ɖeɖeɖa, abe nusiwo wowɔ, bena nusiwo womeʋuʋu o [si nye Fiaɖuƒe] la, nanɔ anyi ene.” (Hebritɔwo 12:26, 27) Ẽ, woaʋuʋu amegbetɔwo ƒe ɖoɖo siwo katã li fifia woatsrɔ̃, ale be xexeme yeye si Mawu aɖo anyi la nava xɔ ɖe wo teƒe.

Dzianukwaretɔwo le tadedeagu vavãtɔa me vam, gake menye esi wole dukɔwo ʋuʋum tae o. Nusi le wo hem va Yehowa kple eƒe tadedeagua gbɔ la kee le dukɔwo ʋuʋum, eye nu mae nye gbeƒã si ɖem wole le xexeame godoo tso Mawu ƒe Fiaɖuƒe si woɖo anyi ŋu. Gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm wole, si le dzidzɔ “nyanyui mavɔ” hem yi na amewo, lae na dzianukwaretɔwo le Mawu ƒe tadedeagu vavãtɔa me vam.—Nyaɖeɖefia 14:6, 7.

Ʋɔnudɔdrɔ̃ kple ɖeɖekpɔkpɔ ŋue Fiaɖuƒegbedasia ku ɖo. (Yesaya 61:1, 2) Nu evee le dodom tso gbeƒãɖeɖedɔ sia si wɔm wole le xexeame katã me: alesi wole dukɔwo ʋuʋum kple alesi dukɔwo ƒe nu vevitɔwo va le ŋutikɔkɔe tsɔm na Yehowa.