Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋlɔmi Wɔwɔ Le Ame Tsitsiwo Ŋu

Ŋlɔmi Wɔwɔ Le Ame Tsitsiwo Ŋu

Ŋlɔmi Wɔwɔ Le Ame Tsitsiwo Ŋu

ESI zãdzɔla aɖe nɔ tsatsam le zã me la, nusi wòkpɔ la na eƒe lãme ble fu. Eva ke ɖe ame kuku eve ŋu—wonye atsu kple asi tsitsi aɖewo, siwo ti kpo tso dziƒoxɔ dzeani tuɖedzi enyilia si dzi wole la ƒe fesre nu, ge va dze anyigba. Togbɔ be ewɔ moya be wowu wo ɖokui hã la, nusitae wowu wo ɖokui ɖo ya gaɖe fu wu. Agbalẽ aɖe si wokpɔ le srɔ̃ŋutsua ƒe kotoku me gblɔ be: “Mía viŋutsu kple srɔ̃a ƒe ŋlɔmi wɔwɔ kple ŋuta sesẽ le mía ŋu edziedzi tae míele mía ɖokui wum ɖo.”

Alesi nusia dzɔ mabɔ ya o, gake nusi tututu na wòdzɔ ya bɔ ŋutɔ. Le nyateƒe me la, wowɔa ŋlɔmi le ame tsitsiwo ŋu le xexeame katã. De ŋugble tso nya siawo ŋu kpɔ:

• Le numekuku aɖe me la, Canadatɔ tsitsi 4 le alafa me gblɔ be yewo ŋutɔ yewoƒe ƒometɔwoe wɔa ŋlɔmi le yewo ŋu alo daa adzo yewo. Ke hã, ekpea ŋu na ame tsitsi geɖe eye wovɔ̃na be yewoakɔ nu le nɔnɔme sia dzi. Numekulaawo gblɔ be amesiawo ƒe xexlẽme ade ame 10 le alafa me.

• Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye India Today ka nya ta be: “Togbɔ be edze abe tsi metoa ƒometɔwo dome le India o hã la, viwo va le nu gbem le ame tsitsiwo gbɔ ale gbegbe be wòva le agba zum na dziɖuɖua.”

• Amerika dukɔa ƒe dɔwɔƒe aɖe si kpɔa ŋlɔmiwɔwɔ le ame tsitsiwo ŋu ƒe nyawo gbɔ gblɔ be akɔntabubu nyuitɔ si li la ɖee fia be “wosẽa ŋuta, daa adzo, alo wɔa nusiawo tɔgbe ɖe ame tsitsi siwo xɔ ƒe 65 alo wu nenema la dometɔ miliɔn 1 vaseɖe 2 ŋu le Amerika, eye amesiwo dzi woka ɖo be woalé be na yewo lae wɔa ŋutasẽnu siawo.” California du aɖe si nye San Diego ƒe senyala ƒe kpeɖeŋutɔ aɖe gblɔ tso ŋlɔmi wɔwɔ le ame tsitsiwo ŋu be eyae nye “kuxi sesẽtɔ siwo gbɔ wòle be woakpɔ kaba la dometɔ ɖeka.” Egblɔ kpee be: “Mekpɔe be kuxia ava do gã ɖe edzi le ƒe siwo gbɔna me.”

• Le Canterbury, New Zealand la, wova le dzesi demee be ƒometɔwo siwo zãa atikevɔ̃ɖiwo, ahasesẽ, alo nye tsatsadalawo koŋue le ŋlɔmi wɔm le ame tsitsiwo ŋu. Ame tsitsi siwo ŋu wowɔ ŋlɔmi le le Canterbury la ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi tso ame 65 le ƒe 2002 me va ɖo ame 107 le ƒe 2003 me. Dɔwɔha aɖe si woɖo be woatsɔ atsi ŋlɔmiwɔwɔ sia nu la ƒe tatɔ gblɔ be xexlẽme sia nye gbogbo siwo le dzɔdzɔm ŋutɔŋutɔ la ƒe ‘sue aɖe ko.’

• Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Japan Times gblɔ be Japan Dukɔa ƒe Senyalawo ƒe Habɔbɔ ɖo aɖaŋu be “ele be woatso ɖe ame tsitsiwo ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ ŋu kaba wu ŋlɔmi wɔwɔ le ɖeviwo ŋu alo dzrewɔwɔ ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ ŋu.” Nukatae? Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be susu siwo tae dometɔ ɖeka enye be, “ne wotsɔ ŋlɔmi wɔwɔ le ɖeviwo alo ame srɔ̃ ŋu sɔ kple ŋlɔmi wɔwɔ le ame tsitsiwo ŋu la, ame tsitsiwo tɔ ŋu nya meɖina wosena kaba o, elabena esesẽna na ame tsitsiwo be woakɔ nu le edzi be yewo viwoe le ŋuta sẽm le yewo ŋu, eye be dziɖuɖua kple senyalawo hã do kpo kuxia gbɔ kpɔkpɔ.”

Nusiwo le dzɔdzɔm le xexeame godoo ŋuti kpɔɖeŋu ʋɛ siawo na míebiana be: Nukatae womeléa be na ame tsitsi geɖe o hewɔa ŋlɔmi le wo ŋu? Ðe míate ŋu akpɔ mɔ be nuwo ava nyo gbaɖegbea? Akɔfanya kae li na ame tsitsiwo?