Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Léa Be Na Ame Tsitsiwo

Mawu Léa Be Na Ame Tsitsiwo

Mawu Léa Be Na Ame Tsitsiwo

ŊLƆMI wɔwɔ le ame tsitsiwo ŋu si bɔ egbea mewɔ nuku o. Gbaɖegbe kee Biblia gblɔ be le xexe mavɔ̃mawu sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me la, amewo anye “ɖokuilɔ̃lawo, . . . amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o.” (Timoteo II, 3:1-3) Helagbe me nya si gɔme woɖena be ‘ame ƒe nya lɔlɔ̃’ ate ŋu afia lɔlɔ̃ si nɔa ƒometɔwo dome. Abe alesi Biblia gblɔe ɖi ene la, lɔlɔ̃ ma ƒomevi megava li egbea o vavã.

To vovo kura na amesiwo wɔa ŋlɔmi le ame tsitsiwo ŋu la, Yehowa Mawu ya dea asixɔxɔ gã aɖe ame tsitsiwo ŋu eye wòléa be na wo. Se alesi wogblɔ esiae le Biblia me ɖa.

“Ʋɔnudrɔ̃la na Ahosiwo”

Alesi Yehowa Mawu tsɔa ɖe le eme na ame tsitsiwoe la dze le Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Le kpɔɖeŋu me, Dawid yɔ Mawu le Psalmo 68:6 be “ʋɔnudrɔ̃la na ahosiwo,” amesiwo nyea ame tsitsiwo zi geɖe. * Le Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo me la, woɖe “ʋɔnudrɔ̃la” gɔme be “ametaʋlila,” “ametakpɔla,” kple “ŋgɔnɔla.” Esia na wòdze ƒã be Yehowa léa be na ahosiwo. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be ne wowɔ ŋlɔmi le wo ŋu la, eƒe dziku flana. (Mose II, 22:21-23) Ahosiwo—kple ame tsitsi wɔnuteƒewo katã—xɔ asi na Mawu kple esubɔlawo. Lododowo 16:31 ɖe alesi Yehowa Mawu kple esubɔlawo bua woe fia esime wògblɔ be: “Atsyɔ̃fiakuku enye ta ƒowɔ, dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi wokpɔnɛ lena.”

Mewɔ nuku o be bubu dede ame tsitsiwo ŋu hã nye Se siwo Yehowa de na Israel la dometɔ vevi aɖe. Wode se na Israel-viwo be: “Amegã ta ɣi ŋku me nanɔ tsitre ɖo, eye bu amegã ɖeɖi la, eye navɔ̃ wò Mawu la. Nyee nye Yehowa!” (Mose III, 19:32) Esia ɖee fia be le Israel la, bubu dede ame tsitsiwo ŋu wɔ akpa vevi aɖe le ame kple Yehowa Mawu dome ƒomedodo me. Ame mate ŋu agblɔ be yelɔ̃ Mawu ne ewɔa ŋlɔmi le ame tsitsiwo ŋu o.

Kristotɔwo mele Mose ƒe Sea te o. Gake wole “Kristo ƒe se la” te, eye se sia kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe agbenɔnɔ kple nuwɔna dzi, eye wòbia be woalɔ̃ wo dzilawo ahatsɔ ɖe le eme na ame tsitsiwo. (Galatiatɔwo 6:2; Efesotɔwo 6:1-3; Timoteo I, 5:1-3) Azɔ hã, menye esi wobia tso Kristotɔwo si be woalɔ̃ ame ta koe wolɔ̃a ame o, ke esi wòtso woƒe dzi me tae. Apostolo Petro de dzi ƒo be: ‘Milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me.’—Petro I, 1:22.

Nusrɔ̃la Yakobo hã gblɔ susu bubu siwo tae wòle be míalé be na ame tsitsiwo ɖo. Eŋlɔ bena: “Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒo aɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si bene, woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me, eye woadzra ame ɖokui ɖo ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.” (Yakobo 1:27) Nya vevi ʋãme aɖee nye esia Yakobo gblɔ. Ena míekpɔ alesi ame vevi siawo xɔ asii na Yehowa.

Le esia ta la, menye ŋlɔmi mawɔmawɔ le ame tsitsiwo ŋu koe nye nyaa o. Ke boŋ, ele be míatsɔ ɖe le eme na wo vevie to kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ nana wo me. (Kpɔ aɖaka si nye “Lɔlɔ̃ Vavãtɔ Ðeɖe Fia,” le axa 6-7.) Yakobo ŋlɔ bena: ‘Xɔse dɔwɔwɔ manɔŋui nye nu kuku.’—Yakobo 2:26.

Akɔfafa Na Wo “le Woƒe Xaxa Me”

Míagate ŋu asrɔ̃ nu bubu hã le Yakobo ƒe nyawo me. De dzesii be Yakobo gblɔ na Kristotɔwo be woakpɔ ahosiwo dzi le “le woƒe xaxa me.” Helagbe me nya si gɔme woɖe be “xaxa” fia blanuiléle, vevesese, alo fukpekpe, siwo agbe me kuxiwo hena vɛ. Ðikeke mele eme o be ame tsitsi geɖe le fu siawo tɔgbe kpem. Wo dometɔ aɖewo tsi akogo. Bubuwo hã léa blanui le esi tsitsi wɔe be ŋusẽ vɔ le wo ŋu ta. Dzi ate ŋu aɖe le wo dometɔ siwo te ŋu doa ŋusẽ nu le woƒe Mawu subɔsubɔ me gɔ̃ hã ƒo. Se John, * amesi tsɔ ƒe 30 wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa, le ƒe 40 siwo wòtsɔ ɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒeae me, ƒe nya ɖa. John si xɔ ƒe 80 fifia lɔ̃ ɖe edzi be dzi ɖena le ye ƒo ɣeaɖewoɣi. Egblɔ be: “Meɖoa ŋku vodada, . . . vodada gbogbo, siwo mewɔ la dzi. Ewɔna nam edziedzi be anye ne nyemewɔ wo hafi o.”

Ne ame tsitsiwo nyae be, togbɔ be Yehowa de blibo hã la, mebiaa blibodede tso ame si o la, ate ŋu afa akɔ na wo. Togbɔ be enya míaƒe vodadawo hã la, Biblia gblɔ tso eŋu be: “Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma?” (Psalmo 130:3) Vavãe, menye míaƒe vodadae Yehowa kpɔna o, ke boŋ nusi le míaƒe dzi mee wòkpɔna. Aleke míewɔ nya?

Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã fia Dawid—amesi ŋutɔ hã wɔ vodadawo eye wònye ame madeblibo—wòŋlɔ nya siwo le Psalmo 139:1-3 be: “Yehowa èdzro menye, eye nèdze sim. Ènya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi, eye nèdze si nye susuwo tso adzɔgedzɔgee ke. Èdo nye azɔlizɔzɔ kple nye anyimɔmlɔ kpɔ, eye nye mɔwo katã le nyanya na wò.” Nya si wozã le afisia be ‘do kpɔ’ fia le nyaa ŋutɔŋutɔ nu be ‘woagbɔ nu,’ abe alesi ko agbledela gbɔa nukui be atsa nado le eme ene. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Dawid wòka ɖe edzi na mí be Yehowa nya alesi wòatsra dɔ nyui si míewɔ tso míaƒe vodadawo me.

Mía Fofo nublanuikpɔla si le dziƒo ɖoa ŋku dɔ nyui siwo míewɔna dzi—hedea asixɔxɔ wo ŋu—ne míenya le nuteƒe wɔm nɛ ko. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be ne Mawu aŋlɔ míaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si míeɖe fia le eƒe ŋkɔ ta be la, anye nu madzɔmadzɔ wòawɔ.—Hebritɔwo 6:10.

“Nu Gbãtɔwo Nu Va Yi”

Biblia ɖee fia be Mawu meɖoe be amegbetɔwo nava kpe fu le tsitsi me hafi o. Esi mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, dze aglã ɖe wo Wɔla ŋu megbee tsitsi me kuxiwo va te fu ɖeɖe na amegbetɔwo. (Mose I, 3:17-19; Romatɔwo 5:12) Ke hã, esia mayi edzi tegbee o.

Abe alesi míekpɔe ene la, nɔnɔme gbegblẽ siwo le fu ɖem na mí egbea—si me ŋlɔmi wɔwɔ le ame tsitsiwo ŋu hã le—nye kpeɖodzi be míele xexe sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me. (Timoteo II, 3:1) Mawu ɖo tame be yeaɖe nusiwo nuvɔ̃ le gbegblẽm le mía ŋu, si dometɔ aɖewoe nye nuxaxa si tsitsi kple ku dona na ame, la ɖa. Biblia gblɔ be: “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:4.

Le Mawu ƒe xexeme yeyea me la, veve siwo ame sena le tsitsi me azu gbaɖegbenyawo. Ŋlɔmi wɔwɔ le ame tsitsiwo ŋu hã nu ayi. (Mixa 4:4) Mawu afɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre bena mɔnukpɔkpɔ nasu woawo hã si be woanɔ agbe tegbee le Paradisonyigba dzi. (Yohanes 5:28, 29) Ɣemaɣi la, ava dze ƒã wu tsã be menye ame tsitsiwo ɖeɖekoe Yehowa Mawu léa be na o, ke boŋ be eléa be na amesiwo katã ɖoa toe.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Le nyateƒe me la, menye ahosiwo katãe nye ame tsitsiwo o. Le kpɔɖeŋu me, Mose III, 22:13 ɖee fia be Mawu léa be na ahosi siwo nye ɖetugbiwo hã.

^ mm. 11 Menye eŋkɔ ŋutɔŋutɔe o.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 6, 7]

Lɔlɔ̃ Vavãtɔ Ðeɖe Fia

Hamemegã siwo le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me la xɔa ŋgɔ le beléle na ame tsitsiwo me. Wotsɔa apostolo Petro ƒe nuxlɔ̃ame si nye be ‘woanyi Mawu ƒe alẽha, si le wo dome, eye woakpɔ edzi,’ la nya vevii. (Petro I, 5:2) Kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ nana ame tsitsiwo nye beléle na Mawu ƒe alẽha la ƒe akpa aɖe. Gake nukae esia wɔwɔ abia?

Ehiã na dzigbɔɖi kple ɖewohĩ sasrãkpɔ kpakple dzeɖoɖo zi geɖe hafi woate ŋu anya ame tsitsiwo ƒe nuhiahiãwo katã. Ðewohĩ ahiã be woayi asime na wo, adzra aƒeme ɖo na wo, awɔ ʋu ƒe ɖoɖo na wo be woate ŋu anɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dem, axlẽ Biblia kple Kristotɔwo ƒe agbalẽwo na wo, kple nu bubu geɖewo. Aleke kee nɔnɔmeawo ɖale o, ele be woawɔ ɖoɖo nyui ahakpɔ egbɔ be wole zɔzɔm ɖe edzi. *

Ke ne nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu tsitsi aɖe le nɔnɔme sesẽ aɖe, abe gakuxi ene, me tom ya ɖe? Gbã la, anyo be woakpɔ ɖa be viawo alo eƒe ƒometɔwo ate ŋu akpe ɖe eŋu mahã. Esia asɔ kple nya siwo le Timoteo I, 5:4 be: “Ne viwo alo mamayɔviwo le ahosi aɖe si la, woasrɔ̃ alesi woawɔ nusi adze Mawu ŋu la le woa ŋutɔwo ƒe aƒe me gbã, eye woaɖo teƒe na wo dzilawo; elabena esia nyo le Mawu ŋku me.”

Ne ɖoɖo aɖe le dukɔa me be dziɖuɖua nanɔ kpekpeɖeŋu nam ame tsitsiwo la, ɖewohĩ ahiã be woakpe ɖe eŋu wòaxɔ nenem kpekpeɖeŋua. Ðewohĩ hamea me tɔ aɖewo ate ŋu akpe ɖe eŋu. Ne esiawo katã manya wɔ o la, ke hamemegãwo ate ŋu akpɔe ɖa be asɔ be hamea nakpe ɖe ame ŋu hã. Wowɔ esia ƒe ɖewo le ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea me, elabena apostolo Paulo ŋlɔ na eƒe hadɔwɔla Timoteo be: “Megatia ahosi, si mexɔ ƒe blaade haɖe o la o: Amesi nye ŋutsu ɖeka srɔ̃, amesi kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti; ne enyia viwo, ne ewɔa amedzro, ne eklɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋuti, ne ekpena ɖe fukpelawo ŋuti, ne enɔa dɔ nyui sia nyui wɔwɔ yome.”—Timoteo I, 5:9, 10.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 25 Kpɔ nyati si nye “Kristotɔwo ƒe Lɔlɔ̃ Ðeɖefia Ame Tsitsiwo,” le August 1, 1994 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 27-30, alo “Míaƒe Ame Tsitsiwo ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ Kpɔkpɔ—Kristotɔwo ƒe Agbanɔamedzie,” le July 15, 1988, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ me.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Dorcas lé be na ahosi dahewo. —Dɔwɔwɔwo 9:36-39