Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mele Subɔsubɔm Dzidzɔtɔe Togbɔ Be Menye Nuwɔametɔ Hã

Mele Subɔsubɔm Dzidzɔtɔe Togbɔ Be Menye Nuwɔametɔ Hã

Agbemeŋutinya

Mele Subɔsubɔm Dzidzɔtɔe Togbɔ Be Menye Nuwɔametɔ Hã

ABE ALESI VARNAVAS SPETSIOTIS GBLƆE ENE

Nye lãme tu keŋkeŋ le ƒe 1990 me, esi mexɔ ƒe 68. Ke hã, ƒe 15 enye sia si mele ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ wɔm dzidzɔtɔe le Cyprus ƒukpoa dzi. Nukae do ŋusẽm be meyi edzi le Yehowa subɔm kutrikukutɔe togbɔ be nuwɔametɔe menye hã?

WODZIM le October 11, 1922. Mí ame asiekee wodzi—ŋutsuvi ene kple nyɔnuvi atɔ̃. Míenɔ kɔƒedu si nye Xylophagou me le Cyprus. Togbɔ be alɔme vi aɖe nɔ dzinyelawo si hã la, wowɔa dɔ vevie hafi te ŋu kpɔa ƒome gã ma dzi.

Fofonye Antonis doa vevie nusɔsrɔ̃, eye edina be yeaku nuwo me tsitotsito. Ɣeyiɣi kpui aɖe le nye dzidzi megbe la, Papa yi ɖasrã nufiala si le kɔƒea me la kpɔ, eye wòkpɔ trakt aɖe si ƒe tanyae nye Peoples Pulpit, si Biblia Nusrɔ̃viwo ta (nenemae woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi). Ete exexlẽ, eye eteƒe medidi o, emenyawo wɔ dɔ ɖe edzi. Esia wɔe be Papa kple exɔlɔ̃ aɖe, si ŋkɔe nye Andreas Christou, va nye ƒukpoa dzi nɔla gbãtɔ siwo nɔ ha dem kple Yehowa Ðasefowo.

Dzidziɖedzi Va Togbɔ Be Tsitretsiɖeŋu Nɔ Anyi Hã

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa Ðasefowo ɖo Biblia-srɔ̃gbalẽ bubu geɖe ɖe wo. Eteƒe medidi o, agbalẽawo me nyawo ʋã Papa kple Andreas be woagblɔ Biblia me nyateƒe siwo srɔ̃m wonɔ la na dua me tɔwo. Woƒe gbeƒãɖeɖedɔa na Hela Orthodɔkstɔwo ƒe nunɔlawo kple ame bubu siwo bua Yehowa Ðasefowo be wogblẽa ame dome la tsi tre ɖe wo ŋu vevie.

Kɔƒea me tɔ geɖe ya de bubu Biblia fiala eve siawo ŋu. Wonya Papa ɖe eƒe dɔmenyonyo kple nyuiwɔwɔ ta. Ekpena ɖe ƒome dahewo ŋu zi geɖe. Ɣeaɖewoɣi la, edona le aƒe me le zãtiƒe hetsɔa lu alo yevubolo va dana ɖe ƒome dahewo ƒe ʋɔtru nu dzaa. Kristotɔwo ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ gbenɔnɔ sia wɔe be ame geɖe kpɔ dzidzɔ ɖe gbedasi si nɔ subɔla eve siawo si ŋu.—Mateo 5:16.

Nusi do tso emee nye be ame abe wuieve ene xɔ Biblia me gbedasia. Esi wova nɔ ŋudzedze kpɔm ɖe nyateƒea ŋu geɖe wu la, wokpɔe be ehiã be yewoanɔ kpekpem le aƒe vovovowo me hena Biblia sɔsrɔ̃. Le ƒe 1934 lɔƒo la, Nikos Matheakis si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla tso Greece, va srã Xylophagou ƒuƒoƒoa kpɔ le Cyprus. Nɔviŋutsu Matheakis tsɔ dzigbɔɖi kple veviedodo kpe ɖe nɔviawo ŋu wogbugbɔ ɖoɖo wɔ ɖe ƒuƒoƒoa ŋu, eye wòkpe ɖe wo ŋu wose Ŋɔŋlɔawo gɔme nyuie wu. Ƒuƒoƒo siae va zu Yehowa Ðasefowo ƒe hame gbãtɔ le Cyprus.

Esi Kristotɔwo ƒe dɔa nɔ dzidzim ɖe edzi eye ame geɖe va nɔ Biblia me nyateƒea xɔm la, nɔviawo kpɔe be ehiã be yewoadi teƒe aɖe si koŋ yewoanɔ kpekpeawo wɔm le. Fonye George kple srɔ̃a Eleni tsɔ woƒe nudzraɖoƒexɔ aɖe na. Wodzra teƒe sia si te ɖe woƒe aƒe ŋu la ɖo wòva zu kpekpewɔƒe nyui aɖe. Aleae wòdzɔe be Fiaɖuƒe Akpata gbãtɔ va su nɔviawo si le ƒukpoa dzi. Wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ! Eye esia na dzidziɖedzi geɖe va le ƒe siwo kplɔe ɖo me.

Nyateƒea Wɔwɔ Tɔnyee

Le ƒe 1938 me, esime mexɔ ƒe 16 la, meɖoe be masrɔ̃ kapitadɔ. Eyata Papa ɖom ɖe Cyprus ƒe fiadu Nicosia me. Esi wòbu nuwo ŋu kpɔ nyuie megbe la, ewɔ ɖoɖo be mava nɔ Nikos Matheakis gbɔ. Ƒukpoa dzi nɔla geɖe gaɖo ŋku nɔviŋutsu wɔnuteƒe sia dzi kokoko ɖe eƒe veviedodo kple dɔmenyowɔwɔ ta. Dzonɔameme kple dzinɔameƒo si wòɖena fiana la hiã na Kristotɔ ɖesiaɖe si nɔ Cyprus ɣemaɣi.

Nɔviŋutsu Matheakis kpe ɖe ŋunye geɖe be Biblia me sidzedze su asinye nyuie, eye mewɔ gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi. Esi menɔ egbɔ la, medea kpekpe siwo katã wowɔna le eƒeme. Ɣemaɣie mese le ɖokuinye me zi gbãtɔ be mele Yehowa lɔ̃m ɖe edzi wu. Meɖoe kplikpaa be mana mía kple Mawu dome ƒomedodoa nanyo ɖe edzi. Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, mebia Nɔviŋutsu Matheakis be mate ŋu akplɔe ɖo ayi gbeadzi hã. Ƒe 1939 mee ma.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, metrɔ yi aƒe be makpɔ nye ƒomea ɖa. Fofonye gbɔ nɔnɔ vie na megava ka ɖe edzi wu be meke ɖe nyateƒea kple tameɖoɖo si le agbe ŋu la ŋuti. Xexemeʋa II dzɔ le ƒe 1939 ƒe September me. Hatinye sɔhɛ geɖe tsɔ wo ɖokui na be yewoayi aʋa, gake mewɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiame dzi heɖoe be nyemade akpa aɖeke dzi o. (Yesaya 2:4; Yohanes 15:19) Ƒe ma tututu mee metsɔ ɖokuinye ɖe adzɔgbe na Yehowa eye mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1940 me. Zi gbãtɔe nye ema mese le ɖokuinye me be nyemegavɔ̃a amegbetɔ o!

Meɖe Efprepia le ƒe 1948 me. Wotsɔ vi ene yra mí. Eteƒe medidi o, míeva kpɔe be ele be míadze agbagba vevie ahe wo “le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.” (Efesotɔwo 6:4) Míaƒe gbedodoɖawo kple kutrikuku katãe nye be míaƒã Yehowa lɔlɔ̃ vevie kple bubudede eƒe sewo kpakple gɔmeɖosewo ŋu ɖe mía viawo me.

Dɔlényawo Do Mo Ða

Le ƒe 1964 me, esi mexɔ ƒe 42 la, nye ɖusibɔ kple ɖusifɔ te kuku ɖe ŋunye. Vivivi la, nye míakpa dzi hã va nɔ kukum ɖe ŋunye. Wodom kpɔ, eye wokpɔe be nye lãmekawo gbɔdzɔ, si ate ŋu ana mava tu keŋkeŋ mlɔeba. Nya sia sese ʋuʋum ŋutɔ. Ðeko nuwo va dzɔ kpatakpata, si nyemenɔ mɔ kpɔm na hafi o! Medo dziku ale gbegbe hesusu be: ‘Nukatae wòle be nusia nadzɔ ɖe dzinye ɖo? Nukae mewɔ hafi le fu sia kpem?’ Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dziku si medo le gɔmedzedzea me la nu va ɖiɖi. Emegbe meva tsi dzimaɖi vevie. Nyabiase aɖewo nɔ tame vam nam. Ðe mava tu keŋkeŋ, si awɔe be ame bubuwoe ava nɔ nusianu wɔm namaa? Aleke mawɔ anɔ te ɖe enu? Ðe mate ŋu akpɔ srɔ̃nye kple mía vi eneawo dzia? Nya siawo ŋu bubu ɖea fu nam vevie.

Le nye agbe ƒe ɣeyiɣi sesẽ sia me la, meva kpɔe be ehiã vevie be mado gbe ɖa na Yehowa ne magblɔ nusiwo katã ŋu metsi dzi ɖo la nɛ tso dzi me. Metsɔa aɖatsiwo doa gbe ɖa nɛ zã kple keli. Eteƒe medidi hafi nye dzi dze eme o. Nya fakɔname siwo le Filipitɔwo 4:6, 7 la va eme nam, be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.”

Te Nɔnɔ Ðe Lãmetutudɔa Nu

Nye nɔnɔmea va nɔ nyanyram ɖe edzi. Mekpɔe be ehiã be matrɔ ɖe nɔnɔme yeyeawo ŋu kabakaba. Esi nyemagate ŋu awɔ kapitadɔ o ta la, meɖoe be madi dɔ aɖe si le bɔbɔe wu, si asɔ nam be mate ŋu anɔ nye ƒomea dzi kpɔm. Gbã la, menɔa ʋu sue aɖe me dzraa ayiskrim. Mewɔ dɔ sia ƒe ade vaseɖe esime dɔlélea wɔe be meva tsi bunɔkeke me. Azɔ meva trɔ ɖe dɔ vovovo siwo le bɔbɔe wu, siwo mate ŋu awɔ, ŋu.

Tso ƒe 1990 me la, nye lãmegbegblẽa va nyrã ɖe edzi ale gbegbe be nyemagate ŋu awɔ dɔ aɖeke o. Fifia, ame bubuwoe wɔa nusianu nam, nusiwo ame ate ŋu awɔ le eɖokui si kura gɔ̃ hã. Ðe wokɔam dana ɖe aba dzi hafi memlɔa anyi, ɖe wolea tsi nam, hedoa awu nam. Hafi made Kristotɔwo ƒe kpekpewo la, ele be woatutum le bunɔkeke me ayi ʋua gbɔ, eye emegbe woakɔm ade ʋua me. Ne meɖo Fiaɖuƒe Akpataa me la, ele be woakɔm tso ʋua me ada ɖe bunɔkekea me ahatutum yi xɔa me. Le kpekpeawo me la, dzoxɔxɔnamɔ̃ aɖe nɔa nye afɔ gbɔ ale be nye afɔwo nagafa ɖe ŋunye o.

Togbɔ be nye lãme tu hã, medea kpekpeawo katã edziedzi. Menyae be afisiae Yehowa fiaa nu mí le, eye nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo dome nɔnɔ nye sitsoƒe vavã kpakple kpekpeɖeŋu kple dzideƒotsoƒe nam. (Hebritɔwo 10:24, 25) Haxɔsetɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me ƒe sasrãkpɔwo edziedzi nye kpekpeɖeŋu nam ɣesiaɣi. Mesena le ɖokuinye me abe Dawid ene, be: “Nye kplu yɔ gba go.”—Psalmo 23:5.

Srɔ̃nye lɔlɔ̃a kpe ɖe ŋunye ŋutɔ le ƒe siawo katã me. Vinyewo hã megblẽm ɖi kura o. Ƒe geɖee nye esia si wokpɔa nye gbesiagbenuhiahiãwo gbɔ nam. Mele bɔbɔe na wo ya o, elabena esi ƒeawo va le yiyim la, dzinye kpɔkpɔ va le sesẽm ɖe edzi. Woɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe le dzigbɔɖi kple ɖokuitsɔtsɔna me, eye enye nye gbedodoɖa be Yehowa nayi edzi ayra wo.

Mɔ nyui bubu aɖe si dzi Yehowa tona doa ŋusẽ esubɔlawoe nye gbedodoɖa. (Psalmo 65:3) Yehowa ɖoa gbe siwo medona ɖa tso dzi me la ŋu to alesi wòdoa ŋusẽm be meyi edzi lé xɔsea me ɖe asi le ƒe siawo katã me la me. Vevietɔ ne dzi ɖe le ƒonye, gbedodoɖa doa ŋusẽm hekpena ɖe ŋunye meyia edzi kpɔa dzidzɔ. Gbe dodo ɖa na Yehowa ɣesiaɣi faa akɔ nam, eye wòdoa ŋusẽm be mayi edzi asubɔe. Meka ɖe edzi bliboe be Yehowa ɖoa to esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo, eye be enaa susume ƒe akɔdzeanyi si wohiã la wo.—Psalmo 51:19; Petro I, 5:7.

Ƒo wo katã ta la, ɣesiaɣi si meɖo ŋkui be Mawu ayɔ dɔ eƒe amewo to agbe mavɔ nɔnɔ le Paradiso me le Via Yesu Kristo ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖu te me dzi la, ŋusẽ ɖoa ŋunye wu. Mefaa dzidzɔvi zi geɖe ne mele mɔkpɔkpɔ nyui sia ŋu bum.—Psalmo 37:11, 29; Luka 23:43; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ

Le ƒe 1991 lɔƒo la, meva kpɔe le ŋugble dede tso nye nɔnɔmea ŋu me megbe be, mɔ nyuitɔ kekeake si dzi mato aƒo asa na nublanui wɔwɔ na ɖokuinyee nye be mado vevie nu geɖe wu le Fiaɖuƒenyanyuia gbɔgblɔ na amewo me. Le ƒe ma me la, mete ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ.

Esi wònye nuwɔametɔe menye ta la, lɛta koŋue meŋlɔna tsɔ ɖia ɖase na amewo. Ke hã, lɛta ŋɔŋlɔ mele bɔbɔe nam kura o; ebia agbagbadzedze blibo. Esi wònye nye lãmekawo gbɔdzɔ ta la, nuŋlɔtia nɔa ƒoƒom le asi me nam. Ke hã, kutrikuku kple gbedodoɖa wɔe be mete ŋu ɖia ɖase to lɛtaŋɔŋlɔ dzi ƒe 15 kple edzivɔe nye esia. Meɖia ɖase to telefon hã dzi. Mezãa mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si ʋu ɖi nam la tsɔ ɖia ɖase tsoa xexeme yeye kple Paradisonyigba si gbɔna ŋu na nye ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, kple aƒelika siwo va srãam kpɔ.

Esia wɔe be nuteƒekpɔkpɔ nyui geɖe su asinye. Dzi dzɔm ŋutɔ be tɔgbuiyɔvinyewo dometɔ ɖeka si mesrɔ̃ Biblia kple ƒe 12 enye sia la wɔ gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi hede asixɔxɔ Biblia me nyateƒea ŋu. Eƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee la ʋãe wòyi edzi wɔ nuteƒe henɔ te sesĩe esi Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade ƒe nya aɖe do mo ɖa.

Dzi dzɔam etɔxɛ ne amesiwo meŋlɔ lɛta na la di nye mɔ hena nu geɖe nyanya tso Biblia me. Ɣeaɖewoɣi la, wo dometɔ aɖewo biana be maɖo Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe yewo. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnu aɖe ƒo ka nam heda akpe nam ɖe lɛta dedziƒoname si meŋlɔ ɖo ɖe srɔ̃a ta. Lɛtaa me nyawo vivi enu ŋutɔ. Esia na woa kple srɔ̃a wovaa aƒenye me míeɖoa dze geɖe tsoa Biblia me.

Etsɔme Mɔkpɔkpɔ Nyui aɖe Le Asinye

Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, mekpɔ alesi Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo dzi ɖe edzi le mía gbɔ afisia. Wokeke Fiaɖuƒe Akpata sue si nɔ fonye George ƒe aƒe xa la ɖe enu hetrɔ asi le eŋu zi geɖe. Enye tadeaguƒe nyui aɖe si zãm Yehowa Ðasefowo ƒe hame eve le fifia.

Papa ku le ƒe 1943 me, esime wòxɔ ƒe 52. Gake gbɔgbɔmedomenyinu xɔasi ka gbegbee nye esi wògblẽ ɖi na mí! Viawo dometɔ enyi xɔ nyateƒea eye wokpɔtɔ le Yehowa subɔm vaseɖe fifia. Le Xylophagou kɔƒedu si me wodzi Papa ɖo me, kple kɔƒedu siwo te ɖe eŋu me la, hame etɔ̃ ye le teƒe mawo fifia, eye Fiaɖuƒegbeƒãɖela 230 ye le wo me!

Nu nyui siwo do tso esia me la naa dzi dzɔam ŋutɔ. Fifia, mexɔ ƒe 83, eye mate ŋu atsɔ kakaɖedzi agbugbɔ nya siawo siwo hakpalaa gblɔ la agblɔ ake, be: “Hiã tua dzataviwo, eye dɔ wua wo, ke amesiwo dia Yehowa la, kesinɔnu aɖeke mehiãa wo o.” (Psalmo 34:11) Mele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me nyagblɔɖi si le Yesaya 35:6 la ava eme, be: “Ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene.” Vaseɖe esime ɣeyiɣi nyui ma nava la, meɖoe kplikpaa be mayi edzi asubɔ Yehowa dzidzɔtɔe togbɔ be menye nuwɔametɔ hã.

[Anyigbatata si le axa 17]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

TURKEY

SYRIA

LEBANON

CYPRUS

Nicosia

Xylophagou

Mediterranea-ƒu

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Wogale Fiaɖuƒe Akpata gbãtɔ si le Xylophagou la zãm fifia

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Mía kple Efprepia le ƒe 1946 me kple egbea

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Ðaseɖiɖi to telefon kple lɛtaŋɔŋlɔ dzi doa dzidzɔ nam