Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Evelia Me

Nya Vevi Siwo Tso Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Evelia Me

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Evelia Me

MÍ Yehowa subɔlawo míenya be tetekpɔwo kple dodokpɔwo ava mía dzi. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Amesiwo katã dina be, yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.” (Timoteo II, 3:12) Nukae akpe ɖe mía ŋu be míado dzi le tetekpɔwo kple yometitiwo me atsɔ aɖee afia be míewɔa nuteƒe na Mawu?

Psalmowo ƒe agbalẽa ƒe ƒuƒoƒo atɔ̃awo ƒe akpa evelia akpe ɖe mía ŋu. Psalmo siwo nye 42 vaseɖe 72 ɖee fia be ne míedi be míado dzi le tetekpɔwo me dzidzedzetɔe la, ke ele be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe eye míasrɔ̃ alesi míakpɔ esinu hena ɖeɖekpɔkpɔ. Nufiame xɔasi aɖe ŋutɔe wònye na mí! Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe akpa evelia hã “le agbe, eye wòsẽa ŋu” egbea abe Mawu ƒe Nya ƒe akpa mamlɛawo ke ene.—Hebritɔwo 4:12.

YEHOWA ENYE “SITSOƑE KPLE ŊUSẼ” NA MÍ

(Psalmo 42:2–50:23)

Lewi-vi aɖe le aboyo me. Elé blanui le esi mate ŋu ayi Yehowa ƒe gbedoxɔ me ava subɔe o ta, ke hã, efa akɔ na eɖokui le Psalmo 42 kple 43 me zi etɔ̃ sɔŋ be: “Nye luʋɔ, nukaŋuti nèle nu xam, eye nètsi dzodzodzoe le menye? Kpɔ mɔ na Mawu.” (Psalmo 42:6, 12; 43:5) Nya siawo na Psalmo eve siawo ƒo ƒu zu hakpanya ɖeka. Psalmo 44 lia me nyawo nye koko ƒoƒo ɖe Yuda-dukɔ si ɖo xaxa me, ɖewohĩ le Asiriatɔwo ƒe to ɖeɖe ɖe eŋu le Fia Xizkiya ŋɔli, la ta.

Psalmo 45 lia nye fia aɖe ƒe srɔ̃ɖeɖe me nyagblɔɖi hadzidzi si ku ɖe Mesia Fia la ŋu. Psalmo etɔ̃ siwo kplɔe ɖo ƒo nu tso Yehowa ŋu be enye “sitsoƒe kple ŋusẽ,” ‘fia gã ɖe anyigba blibo la dzi,’ kple ‘bebeƒe.’ (Psalmo 46:2; 47:3; 48:4) Psalmo 49 lia gblɔe wònya se ŋutɔ be amegbetɔ aɖeke “mate ŋu axɔ nɔvia akpɔ o”! (Psalmo 49:8) Wogblɔ be Korax-viwoe kpa psalmowo ƒe akpa evelia me hadzidzi enyi gbãtɔwo. Asiekelia, si nye Psalmo 50 lia, nye Asaf tɔ.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

44:20—Afikae nye “amegãxiwo nɔƒe”? Ðewohĩ aʋagbedzi, afisi amesiwo wowu la zua nuɖuɖu na amegãxiwo le la ƒe nya gblɔm hakpala la le.

45:14, 15a—Amekae nye “fiavinyɔnu,” ‘si woakplɔ vɛ na fia la’? Eyae nye “dukɔwo dzi Fia,” Yehowa Mawu, ƒe vinyɔnu. (Nyaɖeɖefia 15:3) Etsi tre ɖi na ƒuƒoƒo si me Kristotɔ 144,000 si wodo ŋutikɔkɔe na le, amesiwo Yehowa tsɔ eƒe gbɔgbɔ si ami wozu viawo. (Romatɔwo 8:16) Wodzra Yehowa ƒe “vinyɔnu” sia “ɖo abe ŋugbetɔ, si wowɔ leke na hena srɔ̃a ene,” be woakplɔe ayi na ŋugbetɔsrɔ̃—Mesia Fia la.—Nyaɖeɖefia 21:2.

45:15, 16—Amekawoe nye ‘ɖetugbiawo’? Woawoe nye tadeagula vavãtɔwo ƒe “ameha gã,” si wɔ ɖeka kple amesiaminawo ƒe ame susɔeawo hekpena ɖe wo ŋu. Esi wònye wotsi agbe “tso xaxa gã la me” ta la, woanɔ anyigba dzi esime woawu Mesia Fia la ƒe srɔ̃ɖeɖea nu le dziƒo. (Nyaɖeɖefia 7:9, 13, 14) Ɣemaɣi la, woayɔ fũ kple “dzidzɔ kple aseyetsotso.”

45:17—Gɔmesese ka nue viŋutsuwo anɔ fia la fofowo teƒe le? Esime wodzi Yesu le anyigba dzi la, anyigba dzi fofowo nɔ esi. Woava zu viaŋutsuwo ne efɔ wo tso ku me le eƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɣia me. Wo dometɔ aɖewo anɔ amesiwo woaɖo “amegãwoe ɖe anyigba blibo la dzi” dome.

50:2—Nukatae woyɔ Yerusalem be “nyonyo ƒe ta”? Menye esi dua nya kpɔ tae o. Ke boŋ esi Yehowa nɔ dua zãm heɖo atsyɔ̃ nɛ, to nana be yeƒe gbedoxɔa nanɔ afima, kple alesi wònye fia siwo wòsi ami na la ƒe fiadu, tae.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

42:2-4. Abe alesi tsikɔ wua zinɔ le gbedadaƒo eye wòdina vevie be yeake ɖe tsi ŋui ene la, nenema kee Lewi-via hã di Yehowa vevie. Esi ŋutsua mete ŋu kpɔ mɔnu yi ɖasubɔ Yehowa le Eƒe gbedoxɔa me o ta la, elé blanui ale gbegbe be ‘eƒe aɖatsiwo zu nuɖuɖu nɛ zã kple keli’—nuɖuɖu megadzroe o. Ðe mele be míawo hã míakpɔ ŋudzedze deto ɖe Yehowa subɔsubɔ aduadui kple haxɔsetɔwo ŋu nenema oa?

42:5, 6, 12; 43:3-5. Ne nɔnɔme aɖe si ŋu míate ŋu awɔ naneke le o na be míele didiƒe tso Kristo hamea gbɔ hena ɣeyiɣi aɖe la, ŋkuɖoɖo hadede tuameɖo siwo me míekpɔ dzidzɔ le va yi dzi ate ŋu alé mí ɖe te. Togbɔ be nɔnɔme sia ana vevesese si akogotsitsi hena vɛ nu nasẽ ɖe edzi gbã hã la, aɖo ŋku edzi na mí hã be Mawu enye míaƒe sitsoƒe eye ahiã be míakpɔ esinu hena ɖeɖekpɔkpɔ.

46:2-4. Eɖanye dzɔgbevɔ̃e ka kee ava mía dzi o, ele be míaka ɖe edzi bliboe be “Yehowa enye sitsoƒe kple ŋusẽ na mí.”

50:16-19. Amesiame si daa alakpa eye wòwɔa nu vɔ̃ɖiwo la, mekpɔ mɔ anɔ Mawu teƒe o.

50:20. Le esi teƒe be míanɔ ame bubuwo ƒe vodadawo kakam la, ele be míaŋe aɖaba aƒu wo dzi boŋ.—Kolosetɔwo 3:13.

“NYE LUƲƆ, ZI ÐOÐOE NA MAWU KPOO KO”

(Psalmo 51:3–71:24)

Gbe si Dawid do ɖa tso dzi blibo me le woa kple Bat-Seba ƒe nuvɔ̃ wɔwɔ megbe ye wotsɔ dze psalmowo ƒe ƒuƒoƒo sia gɔme. Psalmo 52 vaseɖe 57 ɖee fia be Yehowa aɖe amesiwo droa woƒe nyawo ɖe eyama dzi hekpɔa esinu hena ɖeɖekpɔkpɔ. Abe alesi Dawid ɖee fia le Psalmo 58-64 me ene la, ewɔ Yehowa eƒe sitsoƒe le eƒe xaxawo katã me. Edzi ha be: “Nye luʋɔ, zi ɖoɖoe na Mawu kpoo ko, elabena eya gbɔ nye mɔkpɔkpɔ tso.”—Psalmo 62:6.

Ele be ƒomedodo kplikplikpli si me míele kple mía Ðela naʋã mí míadzi “ha na eƒe ŋkɔ ƒe bubu.” (Psalmo 66:2) Wokafu Yehowa le Psalmo 65 lia me be enye nunala dɔmenyotɔ, le Psalmo 67 kple 68 me be enye xɔname ƒe Mawu, eye le Psalmo 70 kple 71 me be Eɖea ame.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

51:14—Ameka ƒe ‘gbɔgbɔ si le lɔlɔ̃m faa’ ye Dawid bia be woatsɔ alé ye ɖe te? Nya sia meku ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ faa be yeakpe ɖe Dawid ŋu, alo ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea hã ŋu o, ke boŋ Dawid ŋutɔ ƒe gbɔgbɔ—eƒe dzi me didi ŋue wòku ɖo. Ele Mawu biam be wòade didi ye me ne yeawɔ nusi le dzɔdzɔe.

53:1—Mɔ ka nue amesi gblɔna be Mawu meli o la nye “abunetɔ” le? Abunetɔnyenye si wogblɔ le afisia mefia be nunya aɖeke mele amea si o. Nusi ɖee fia be amesia tɔgbe nye abunetɔ la dze le agbe vlo si wònɔna la me tsonuwo me, abe alesi Psalmo 53:2-5 gblɔe ene.

58:4-6—Gɔmesese ka nue ame vɔ̃ɖiwo le abe da ene? Alakpa si wodana ɖe ame bubuwo si le abe da ƒe aɖi ene. Woƒe nyawo gblẽa ŋkɔ nyui si le amewo ŋu abe alesi ko da ƒe aɖi wua amee ene. “Abe ƒli toku, si xe nu tome” ene la, ame vɔ̃ɖiwo mexɔa mɔfiame alo ɖɔɖɔɖo o.

58:8—Aleke ame vɔ̃ɖiwo ‘nu yina abe tɔsisi ene’? Ðewohĩ Dawid anya nɔ ŋugble dem le balimetɔsisi siwo le Ŋugbedodonyigbaa dzi la dometɔ aɖewo ŋu. Togbɔ be tɔsisi siawo yɔna gbagbana le bali ma tɔgbe me hã la, tsiawo miena kaba eye womeganɔa anyi o. Dawid nɔ gbe dom ɖa be ame vɔ̃ɖiwo nu nayi kaba.

68:14—Aleke ‘wofa klosalo ɖe ahɔ̃ne ƒe aʋala ŋu kple sika si le hẽ ɖe eƒe fu ŋui’? Ahɔ̃ne aɖewo ƒe fu le abe afi si wode blɔ ene, si nana be woƒe fuwo klẽna ŋutɔ. Ne ɣe klẽ ɖe wo dzi la, woƒe fuwo dzena abe sika alo klosalo ene, eye woklẽna abe ɣe ƒe amigogbagba ene. Ðewohĩ Dawid tsɔ Israel-srafo siwo ɖu aʋa dzi ƒe gbɔgbɔ tso aʋagbedzi nɔ sɔsɔm kple ahɔ̃ne sia, si ƒe aʋalawo sesẽ eye eƒe dzedzeme klẽna nenema. Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be, nyagbɔgblɔ sia ate ŋu asɔ nyuie na aɖaŋunuwɔwɔ nyui aɖe ƒe nɔnɔme alo aboyonu nyui aɖe. Aleke kee wòɖale o, Dawid nɔ nu ƒom tso aʋadziɖuɖu siwo Yehowa na eƒe amewo ɖe woƒe futɔwo dzii ŋu.

68:19—Amekawoe nye “nunana le amegbetɔwo dome”? Woawoe nye amesiwo woɖe aboyoe le Ŋugbedodonyigba xɔɣi. Wode dɔ asi na ŋutsu siawo emegbe be woakpe ɖe Lewi-viwo ŋu.—Ezra 8:20.

68:31—Nukae biabia be ‘woablu ɖe aƒla me lã kple nyitsuwo ƒe ha dzi’ la fia? Esi Dawid nɔ nu ƒom tso Yehowa ƒe amewo ƒe futɔwo ŋu abe lã wɔadawo ene la, ebia Mawu be wòablu ɖe wo dzi, alo wòaxɔ ŋusẽ le wo si be womagawɔ vɔ̃ o.

69:24—Gɔmesese ka nue woana be futɔwo ƒe “ali nanɔ ʋaʋãm” le? Lãkusi si le ame ƒe ali me nana wòwɔa ŋusẽdɔwo abe nu kpekpewo kɔkɔ ene. Ne ali le ʋaʋãm la, efia be ŋusẽ vɔ le ame ŋu. Dawid do gbe ɖa be woaxɔ ŋusẽ le yeƒe futɔwo si.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

51:3-6, 19. Ne míewɔ nuvɔ̃ hã la, mele be míaɖe mɔ esia nana míate ɖa tso Yehowa Mawu gbɔ o. Ne míetrɔ dzime la, kakaɖedzi anɔ mía si be akpɔ nublanui na mí.

51:7, 9-12. Ne míewɔ nuvɔ̃ la, míate ŋu aƒo koko na Yehowa be wòatsɔ ake mí le esi míenye nuvɔ̃mewo ta. Ele be míado gbe ɖa hã be wòaklɔ mía ŋu, agaɖo mí te, wòakpe ɖe mía ŋu míaɖe nudzodzro vɔ̃wo ɖa le míaƒe dzi me, eye wòana gbɔgbɔ si li ke mí.

51:20. Nuvɔ̃ siwo Dawid wɔ la gblẽ nu le dukɔ bliboa ŋu. Eyata edo gbe ɖa be Mawu nave Zion nu. Ne míewɔ nuvɔ̃ gã aɖe la, zi geɖe la, edoa vlo Yehowa ƒe ŋkɔ kple hamea. Ele be míado gbe ɖa be Mawu naɖɔ nugbegblẽ siwo anya do tso eme la ɖo.

52:10. Míate ŋu anɔ abe “amiti dama ene le Mawu ƒe me”—míanɔ Yehowa ŋu eye míatse ku le eƒe subɔsubɔ me—ne míeɖo to eyama, eye míelɔ̃ xɔ tohehe si wònaa mí.—Hebritɔwo 12:5, 6.

55:5, 6, 13-15, 17-19. Dawid ŋutɔ ƒe vi Absalom ƒe nugbeɖoɖo kple eƒe aɖaŋuɖola vevi Axitofel ƒe tɔtrɔ le eyome na wòse veve ŋutɔ. Gake esia mena Dawid megaka ɖe Yehowa dzi o. Mele be míaɖe mɔ vevesese nagbɔdzɔ míaƒe kaka ɖe Mawu dzi me o.

55:23. Aleke míedroa míaƒe nyawo ɖe Yehowa dzii? Míewɔa esia (1) ne míegblɔ nusi le fu ɖem na mí nɛ le gbedodoɖa me, (2) ne míetrɔ ɖe eƒe Nya kple habɔbɔa ŋu hena mɔfiafia kple kpekpeɖeŋu, eye (3) ne míewɔ mía tɔ gome le nɔnɔmea ŋu.—Lododowo 3:5, 6; 11:14; 15:22; Filipitɔwo 4:6, 7.

56:9. Menye míaƒe kuxiwo koe Yehowa nya o, enya alesi wotena ɖe mía dzii hã.

62:13. Mawu mexɔa ŋusẽ tsoa teƒe bubu aɖeke o. Eya ŋutɔe nye ŋusẽtsoƒe. “Mawu tɔe nye ŋusẽ.”

63:4. Mawu ƒe “amenuveve nyo wu agbe” elabena eya manɔmee la, viɖe kple tameɖoɖo aɖeke manɔ agbe ŋu o. Eyata anyo be míadze xɔlɔ̃ Yehowa.

63:7. Zã me—esime xexeame fa eye toɣliɖeɖe aɖeke meli o—ate ŋu anye ɣeyiɣi nyui aɖe na ŋugbledede.

64:3-5. Amenyagbɔgblɔ si menyo o ate ŋu agblẽ ŋkɔ nyui si le ame si medze agɔ aɖeke o ŋu. Mele be míaɖo to amenyagbɔgblɔ mawo alo akaka wo o.

69:5. Ne míedi be míanɔ ŋutifafa me la, anyo ɣeaɖewoɣi be ‘míaɖo eteƒe,’ si fia be míaɖe asi le nyaa ŋu ahaɖe kuku, ne míeka ɖe edzi be menye mía gbɔe vodadaa tso o gɔ̃ hã.

70:2-6. Yehowa sea míaƒe kokoƒoƒo vevie be wòakpe ɖe mía ŋu. (Tesalonikatɔwo I, 5:17; Yakobo 1:13; Petro II, 2:9) Mawu ate ŋu aɖe mɔ ɖe tetekpɔ aɖe ŋu, gake ana nunya mí be míanɔ te ɖe nɔnɔmea nu kple ŋusẽ be míado dzi. Maɖe mɔ bena woate mí akpɔ awu alesi míate ŋui o.—Korintotɔwo I, 10:13; Hebritɔwo 10:36; Yakobo 1:5-8.

71:5, 17. Esi Dawid ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso eƒe ɖevime ke ta la, dzideƒo kple ŋusẽ su esi hafi wòva kpe kple Filistitɔ dzɔtsu Goliat. (Samuel I, 17:34-37) Anyo be ɖeviwo naɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le nusianu me.

‘Mina Eƒe Bubu Nayɔ Anyigba Blibo la Dzi’

Psalmo 72 si nye hadzidzi mamlɛtɔ le psalmowo ƒe agbalẽa ƒe akpa evelia sia me la ku ɖe Salomo ƒe dziɖuɣi, si nye kpɔɖeŋu na alesi nɔnɔmeawo anɔ le Mesia ƒe dziɖuɖu te ŋu. Wogblɔ be ŋutifafa anɔ afisiafi, woaɖe ameteteɖeanyi kple ŋutasesẽ ɖa, nuɖuɖu abɔ ɖe anyigba dzi—yayra wɔnuku ka gbegbee esiawo nye! Ðe míawo hã míakpɔ gome le Fiaɖuƒe ƒe yayra siawo kple bubuwo mea? Míate ŋu akpɔ gome le eme, ne míelɔ̃ be míakpɔ Yehowa sinu abe alesi hakpala la wɔe ene, eye míena Wònye míaƒe sitsoƒe kple míaƒe ŋusẽ.

‘Dawid wu eƒe gbedodoɖa nu’ be: “Woakafu Yehowa Mawu, Israel ƒe Mawu la, amesi ɖeɖe ko wɔ nukunuwo! Woakafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la tegbee! Eƒe bubu ayɔ anyigba blibo la dzi fũ! Nenɔ alea, ẽ, nenɔ alea!” (Psalmo 72:18-20) Mina míawo hã míakafu Yehowa tso dzi blibo me ahado eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ɖe dzi nenema ke.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Ènya amesi “fiavinyɔnu” la tsi tre ɖi na?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Woyɔ Yerusalem be “nyonyo ƒe ta.” Ènya nusitaea?