Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Tia Agbe, Be Nàyi Edzi Anɔ Agbe’

‘Tia Agbe, Be Nàyi Edzi Anɔ Agbe’

‘Tia Agbe, Be Nàyi Edzi Anɔ Agbe’

“Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe.”—MOSE V, 30:19.

1, 2. Mɔ kawo nue Mawu wɔ ame ɖe eƒe nɔnɔme nu le?

‘NA MÍAWƆ ame ɖe míaƒe nɔnɔme nu, wòaɖi mí.’ Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ ƒe ta gbãtɔ mee Mawu ƒe nya sia dze le. Eyata Mose I, 1:26, 27 gblɔ be: “Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo.” Eyata ame gbãtɔ si wowɔ la to vovo tso nu bubu siwo katã wowɔ ɖe anyigba dzi la gbɔ. Eɖi ewɔla, eye ŋutete le esi be wòaɖe Mawu ƒe nɔnɔmewo afia le tamebubu, lɔlɔ̃, dzɔdzɔenyenye, nunya, kple ŋusẽ ɖeɖe fia me. Dzitsinya le esi be wòakpe ɖe eŋu wòawɔ nyametsotso siwo aɖe vi na eya ŋutɔ ahana eƒe nuwɔna nadze Fofoa si le dziƒo ŋu. (Romatɔwo 2:15) Míagblɔe kpuie ko be tiatiawɔblɔɖe nɔ Adam si. Esi Yehowa lé ŋku ɖe via si wòwɔ ɖe anyigba dzi ŋu la, egblɔ tso eƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu be: “Kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.”—Mose I, 1:31; Psalmo 95:6.

2 Esi míenye Adam ƒe dzidzimeviwo ta la, wowɔ míawo hã ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu, eye míeɖii. Gake ɖe tiatiawɔblɔɖe le mía si vavãa? Togbɔ be ŋutete le Yehowa si be wòanya nusi ava dzɔ le etsɔme hã la, meɖo nusi mía dometɔ ɖesiaɖe ava wɔ la ɖi o. Meɖo dzɔgbese na via siwo le anyigba dzi la dometɔ aɖeke o. Be míakpɔ asixɔxɔ si le tiatiawɔblɔɖe si wòna mí zazã nyuie ŋu la, mina míasrɔ̃ nane tso Israel-dukɔa ŋu gbã.—Romatɔwo 15:4.

Tiatiawɔblɔɖe le Israel

3. Nya kae Se Ewoawo ƒe gbãtɔ gblɔ, eye aleke Israel-vi wɔnuteƒewo tiae be yewoawɔ edzi?

3 Yehowa gblɔ na Israel-viwo be: “Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi.” (Mose V, 5:6) Le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me la, woɖe Israel-dukɔa nukutɔe tso kluvinyenye me le Egipte, eyata woaka ɖe nya siawo dzi godoo. Le Se Ewoawo ƒe gbãtɔ me la, Yehowa gblɔ to eƒe dɔla Mose dzi be: “Mawu bubu aɖeke meganɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o.” (Mose II, 20:1, 3) Israel-dukɔa lɔ̃ ɖe edzi be yewoaɖo to. Wolɔ̃ faa tsɔ wo ɖokui na Yehowa bliboe.—Mose II, 20:5; Mose IV, 25:11.

4. (a) Tiatia kae Mose tsɔ ɖo Israel-viwo ŋku me? (b) Tiatia kae dze ŋgɔ mí egbea?

4 Ƒe 40 aɖewo megbe la, Mose ɖo ŋku tiatia si wòle be Israel-viwo ƒe dzidzime bubu aɖe nawɔ la dzi na wo ŋkubiãtɔe. Egblɔ be: “Meta dziƒo kple anyigba na mi be: Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe.” (Mose V, 30:19) Míawo hã míate ŋu awɔ tiatia egbea. Ẽ, míate ŋu atiae be míasubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe be agbe mavɔ nasu mía si loo alo míate ŋu atiae be míagbe to ɖoɖoe si ana míakpe fu. Bu kpɔɖeŋu eve siwo me wowɔ tiatia nyui kple gbegblẽa le ŋu kpɔ.

5, 6. Tiatia kae Yosua wɔ, eye nukae do tso eme nɛ?

5 Le ƒe 1473 D.M.Ŋ. me la, Yosua nɔ ŋgɔ na Israel-viwo yi Ŋugbedodonyigbaa dzi. Le nuxlɔ̃ame vevi aɖe si Yosua na Israel-dukɔ bliboa hafi ku me la, egblɔ be: ‘Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia, amesi subɔ ge miala, egbea: eɖanye mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo, alo Amoritɔ, siwo ƒe anyigba dzi miele la, ƒe mawuwo o.’ Azɔ egblɔ tso eƒe ƒomea ŋu be: “Mía kple nye aƒe ya míasubɔ Yehowa!”—Yosua 24:15.

6 Do ŋgɔ la, Yehowa xlɔ̃ nu Yosua be wòalé dzi ɖe ƒo eye wòasẽ ŋu, eye wògblɔ nɛ be wòagagbe yeƒe Sea dzi wɔwɔ o. Ne Yosua xlẽa Segbalẽa zã kple keli la, ekema nu adze edzi nɛ. (Yosua 1:7, 8) Nenema tututue wòdzɔe. Tiatia siwo Yosua wɔ na woyrae. Yosua gblɔ be: “Nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la me o, wo katã va eme pɛpɛpɛ.”—Yosua 21:45.

7. Tiatia kae Israel-vi aɖewo wɔ le Yesaya ƒe ŋkekea me, eye nukae do tso eme na wo?

7 Gake bu nɔnɔme si me Israel va nɔ le ƒe 700 megbe ŋu kpɔ. Ɣemaɣi la, Israel-vi geɖe nɔ trɔ̃ subɔm. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe sia ƒe ƒe ŋkeke mamlɛa dzi la, amewo ɖoa kplɔ̃ siwo dzi nuɖuɖu kple wein vivi vovovowo nɔna. Menye ƒomekplɔ̃ɖoɖo dzro aɖe koe esia nyena o. Trɔ̃ eve aɖewo ƒe subɔsubɔnuwɔnawo wonye. Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ alesi Mawu bu nuteƒemawɔmawɔ siae ale: “Ke miawo . . . miegblẽ Yehowa ɖi, eye mieŋlɔ nye to kɔkɔe la be, mieɖo kplɔ̃ na aklama, eye mieku aha tre banaa na dzɔgbe.” Woxɔe se be menye Yehowa ƒe yayrae nana nukuwo nyona le ƒea me o, ke boŋ etso “aklama” kple “dzɔgbe” ƒe mawuwo gbɔ. Evɔ esi woa ŋutɔwo ɖoe koŋ dze aglã tae nuwo menɔ edzi dzem na wo o ɖo. Yehowa gblɔ be: “Eyata maɖo yi ɖa ɖe mia ŋu, eye mi katã miado dɔgɔ̃e woawu, elabena meyɔ mi, mietɔ o, meƒo nu, miesee o, miewɔ nusi nye vɔ̃ le ŋkunye me, eye mietia nusi medze ŋunye o la.” (Yesaya 65:11, 12) Woƒe tiatia manyomanyoa he tsɔtsrɔ̃ vɛ na wo, eye ŋusẽ aɖeke menɔ dzɔgbe kple aklama mawuawo ŋu woxɔ na wo o.

Tiatia Nyui Wɔwɔ

8. Le Mose V, 30:20 ƒe nya nu la, nukae tiatia nyui wɔwɔ bia?

8 Esi Mose xlɔ̃ nu Israel-viwo be woatia agbe la, egblɔ afɔ etɔ̃ siwo wòle be woaɖe: “Nalɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, ɖo to eƒe gbe, eye naku ɖe eŋu.” (Mose V, 30:20) Mina míadzro afɔɖeɖe etɔ̃ siawo me ɖekaɖekae ne míanya alesi míawɔ tiatia nyui.

9. Aleke míaɖee afia Yehowa be míelɔ̃e?

9 Míalɔ̃ Yehowa mía Mawu la: Míetiae be míasubɔ Yehowa elabena míelɔ̃e. Esi míesrɔ̃a nu tso nusiwo dzɔ ɖe Israel dzi me ta la, míenɔa te ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe tetekpɔwo nu, eye míeƒoa asa na agbenɔnɔ siwo ana míava nyrɔ ɖe xexeame ƒe ŋutilãmenudidi ƒe ba me vĩ. (Korintotɔwo I, 10:11; Timoteo I, 6:6-10) Míekuna ɖe Yehowa ŋu hewɔa eƒe ɖoɖowo dzi. (Yosua 23:8; Psalmo 119:5, 8) Hafi Israel-viwo naɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Mose xlɔ̃ nu wo be: “Kpɔ ɖa, mefia ɖoɖo kple sewo mi, abe alesi Yehowa, nye Mawu, de wo nam ene, bena miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi va ge miala axɔe la dzi. Milé ŋku ɖe wo ŋu, eye miawɔ wo dzi, elabena woawo nye miaƒe nunya kple gɔmesese le dukɔwo [siwo ase ɖoɖo siawo katã] ŋku me.” (Mose V, 4:5, 6) Fifiae nye ɣeyiɣi si me wòle be míaɖee afia Yehowa be míelɔ̃e to alesi míana eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nanye nu vevitɔ na mí le agbe me la me. Woayra mí godoo ne míetiae be míawɔe alea.—Mateo 6:33.

10-12. Nukae míesrɔ̃ tso ŋugble dede le nusiwo dzɔ le Noa ƒe ŋkekea me ŋu me?

10 Míaɖo to Mawu ƒe gbe: Noa nye “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela.” (Petro II, 2:5) Nu bubuwoe xɔ susu me na amesiwo katã kloe nɔ agbe do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa, eye ‘wometsɔ ɖeke’ le Noa ƒe nuxlɔ̃amewo me o. Nukae do tso eme? “Tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii.” Yesu xlɔ̃ nu be nɔnɔmeawo anɔ nenema ke le míaƒe ŋkekea, si nye ‘Amegbetɔvi la ƒe anyinɔɣia’ me. Nusi dzɔ le Noa ƒe ŋkekea me la nye nuxlɔ̃ame vevi aɖe na amesiwo tiae be yewomase Mawu ƒe gbedasia o.—Mateo 24:39.

11 Ele be amesiwo ɖua fewu le Mawu ƒe nuxlɔ̃amenya siwo gblɔm esubɔlawo le na wo egbea ŋu la nanya nusi ado tso tomaɖomaɖo ma me na wo. Apostolo Petro gblɔ tso fewuɖula mawo ŋu be: “Woɣlae ɖe wo, esi wole edim nenema, bena dziƒowo li tso blema ke, eye anyigba hã li hedo tso tsi me, eye wòto tsi me le Mawu ƒe nya nu; nusiawo na tsiɖɔɖɔ yɔ xexe kema me, eye wòtsrɔ̃. Ke wotsɔ nya ma ke dzra fifi dziƒo kple anyigba la ɖo, eye woda wo ɖi na dzo, vaseɖe ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi.”—Petro II, 3:3-7.

12 Tsɔ esia sɔ kple tiatia si Noa kple eƒe ƒomea wɔ kpɔ: “Le xɔse me Noa, esime wòxɔ ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu.” Wɔwɔ ɖe nuxlɔ̃amea dzi na eya kple eƒemetɔwo kpɔ ɖeɖe. (Hebritɔwo 11:7) Mina míalé to ɖe Mawu ƒe gbedasia ŋu, eye míagahe ɖe megbe le edzi wɔwɔ me o.—Yakobo 1:19, 22-25.

13, 14. (a) Nukatae wòle vevie be ‘míaku ɖe Yehowa ŋu’? (b) Aleke wòle be míaɖe mɔ Yehowa “mía mèla” la namla míi?

13 Míaku ɖe Yehowa ŋu: Be ‘míatia agbe eye míayi edzi anɔ agbe la,’ menye ɖeko wòle be míalɔ̃ Yehowa ahaɖo toe o, ele be ‘míaku ɖe Yehowa ŋu’ hã, si fia be míayi edzi awɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Yesu gblɔ be: “Le miaƒe dzigbɔɖanyi me la miaɖe miaƒe luʋɔwo.” (Luka 21:19) Le nyateƒe me la, tiatia siwo míewɔna le go sia me ɖea nusi le míaƒe dzi me fiana. Lododowo 28:14 gblɔ be: “Woayra ŋutsu, si le vɔvɔ̃ dzi ɖaa, ke amesi sẽ eƒe dzi me goŋgoŋ la, adze dzɔgbevɔ̃e me.” Blema Egipte fia Farao nye esia ƒe kpɔɖeŋu. Togbɔ be Fukpekpe Ewoawo va Egiptetɔwo dzi hã la, Farao sẽ dzi me le esi teƒe be wòaɖe mawuvɔvɔ̃ afia. Yehowa mezii ɖe Farao dzi be wòasẽ dzi me o, ke boŋ eɖe mɔ na dziɖula dadala ma be eya ŋutɔ natia nusi wòawɔ. Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ya va eme abe alesi Paulo gblɔ tso alesi Yehowa bu Faraoe ŋu ene, be: “Esia ke ŋuti mefɔ wò ɖe tsitre, bene maɖe nye ŋusẽ ɖe go afia le ŋuwò, eye bene woaɖe gbeƒã nye ŋkɔ ŋutinya le anyigba blibo la katã dzi.”—Romatɔwo 9:17.

14 Ƒe alafa aɖewo le Israel-viwo ɖeɖe tso Farao si me megbe la, nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be: “Yehowa, mía fofo nènye: míawo la, tsu míenye, eye wòe nye mía mèla, wò asinudɔwɔwɔ mí katã míenye.” (Yesaya 64:7) Ne míeɖea mɔ Yehowa mlaa mí to ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple eƒe Nya la dzi wɔwɔ me la, enana míedoa amenyenye yeyea vivivi. Míeva faa tu wu helɔ̃na xɔa hehe, eye esia nana wònɔa bɔbɔe na mí wu be míaku ɖe Yehowa ŋu le esi míedi vevie be míadze eŋu ta.—Efesotɔwo 4:23, 24; Kolosetɔwo 3:8-10.

Ele Be “Nàxlẽ Wo Afia”

15. Le Mose V, 4:9 ƒe nya nu la, agbanɔamedzi eve ka dzie Mose ɖo ŋkui na Israel-viwo?

15 Esi wòsusɔ vie Israel-dukɔa naɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Mose gblɔ na wo be: “Ke kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie, eye nàkpɔ wò agbe ta, bena màgaŋlɔ nusiwo nèkpɔ kple wò ŋku la be o, eye womagado le wò dzi me le wò agbe me ŋkekeawo katã me o, ke boŋ nàxlẽ wo afia viwòwo kple viwòwo ƒe viwo.” (Mose V, 4:9) Be Yehowa nayra ameawo eye nu nadze edzi le anyigba si xɔ ge woyina dzi la, ele be woawɔ nu eve aɖewo siwo Yehowa woƒe Mawu la bia tso wo si. Mele be woaŋlɔ nu nyui siwo wokpɔ Yehowa wɔ na wo la be o, eye ele be woaxlẽe afia woƒe dzidzimeviwo. Ele be mí Mawu ƒe amewo míawɔ nu nenema ke egbea ne míedi be ‘míatia agbe ahayi edzi anɔ agbe.’ Nukawoe Yehowa wɔ na mí míekpɔ?

16, 17. (a) Dɔ kae dutanyanyuigblɔla siwo wona hehe le Gilead sukua la te ŋu wɔ le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me? (b) Amesiwo ƒe dzonɔameme nu metsi le gbeƒãɖeɖedɔa me o kawoe nènya?

16 Dzi dzɔa mí ne míekpɔ alesi Yehowa le míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃la wɔwɔ dɔa yramee. Tso esime woɖo Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua le ƒe 1943 me la, dutanyanyuigblɔla geɖe xɔ ŋgɔ le nusrɔ̃la wɔwɔ dɔa me le dukɔ geɖe me. Amesiwo de suku sia ƒe klass gbãtɔwo la dometɔ aɖewo gakpɔtɔ le vevie dom nu le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me vaseɖe egbea togbɔ be wotsi, eye lãmegbegblẽ le fu ɖem na wo dometɔ aɖewo hã. Nɔvinyɔnu Mary Olson, si de Gilead sukua le ƒe 1944 me, nye esia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe. Ewɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le Uruguay gbã, emegbe le Colombia, eye fifia ele Puerto Rico. Togbɔ be tsitsi wɔe be Nɔvinyɔnu Olson ƒe lãme megasẽna tututu o hã la, eyi edzi ɖea gbeƒã dzonɔamemetɔe. Ezãa Spaingbe si wòsrɔ̃ la nyuie to alesi wòwɔa ɖoɖo dea gbeadzi kple gbeƒãɖela siwo le eƒe hamea me kwasiɖa ɖesiaɖe la me.

17 Nɔvinyɔnu Nancy Porter si nye ahosi fifia la de Gilead sukua le ƒe 1947 me, eye wògakpɔtɔ le subɔsubɔm le Bahamas. Eya hã nye dutanyanyuigblɔla si mefena le gbeƒãɖeɖedɔa ŋu kura o. Nɔvinyɔnu Porter gblɔ le eƒe agbemeŋutinya me be: “Biblia ƒe nyateƒea fiafia ame bubuwo nye dzidzɔtsoƒe tɔxɛ aɖe nam. Ena gbɔgbɔmedɔwɔna si wɔwɔ na be nye agbenɔnɔ le ɖoɖo nu hele te su asinye.” * Ne Nɔvinyɔnu Porter kple subɔla wɔnuteƒe bubuwo bu dɔ siwo wowɔ va yi ŋu la, womeŋlɔa nusiwo Yehowa wɔ na wo la be o. Ke míawo ya ɖe? Ðe míekpɔa ŋudzedze ɖe alesi Yehowa le Fiaɖuƒedɔa yram le míaƒe anyigbamamaa me ŋua?—Psalmo 68:12.

18. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso dutanyanyuigblɔlawo ƒe agbemeŋutinya xexlẽ me?

18 Míekpɔa dzidzɔ ɖe nusi amesiwo subɔ Yehowa ƒe geɖe te ŋu wɔ eye wogale ewɔwɔ dzi la ŋu. Woƒe agbemeŋutinyawo xexlẽ dea dzi ƒo na mí elabena ne míekpɔ nusi Yehowa wɔ na esubɔla wɔnuteƒe siawo la, enana míegaɖonɛ kplikpaa wu be míasubɔ Yehowa. Ðe nèxlẽa ŋutinya wɔdɔɖeamedzi siawo siwo wotana ɖe Gbetakpɔxɔ me la edziedzi hedea ŋugble le wo ŋua?

19. Aleke dzila Kristotɔwo ate ŋu azã agbemeŋutinya siwo dzena le Gbetakpɔxɔ me la nyuie?

19 Mose ɖo ŋku edzi na Israel-viwo be mele be woaŋlɔ nusiwo Yehowa wɔ na wo la be o eye be wòatsi dzi me na wo le woƒe agbemeŋkekewo katã me. Azɔ egblɔ nya bubu kpee, be: “Nàxlẽ wo afia viwòwo kple viwòwo ƒe viwo.” (Mose V, 4:9) Ŋutinya ŋutɔŋutɔwo ʋãna ame etɔxɛe. Ehiã be sɔhɛ siwo le tsitsim la nakpɔ kpɔɖeŋu nyui siwo nu woanɔ agbe ɖo. Nɔvinyɔnu trewo ate ŋu asrɔ̃ nu tso nɔvinyɔnu tsitsi wɔnuteƒe siwo ƒe agbemeŋutinyawo dzena le Gbetakpɔxɔ me la me. Mɔnukpɔkpɔ geɖe sua nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le subɔsubɔm le dutagbe hamewo me le woƒe dukɔwo me la si be woawɔ dɔ geɖe le nyanyuia kaka me. Dzila Kristotɔwo, ɖe manyo be miazã dutanyanyuigblɔla wɔnuteƒe siwo de Gilead, kple nɔvi bubuwo, ƒe nuteƒekpɔkpɔwo atsɔ ade dzi ƒo na mia viwo be woatia ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ oa?

20. Nukae wòle be míawɔ be ‘míatia agbe’?

20 Ekema, aleke mía dometɔ ɖesiaɖe awɔ ‘atia agbe’? Eyae nye be míazã tiatiawɔblɔɖe nyui si Yehowa na mí la atsɔ aɖee afiae be míelɔ̃e, eye míayi edzi awɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe zi alesi wòna mɔnukpɔkpɔ mí be míasubɔ ye. “Elabena,” abe alesi Mose gblɔe ene la, Yehowae “nye wò agbe.”—Mose V, 30:19, 20.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 17 Kpɔ nyati si nye “Togbɔ Be Nu Bu Nam Vevie Hã, Mekpɔa Dzidzɔ Hedaa Akpe” si dze le Gbetakpɔxɔ, June 1, 2001, ƒe axa 23-7.

Àte Ŋu Aɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukae nèsrɔ̃ tso tiatia nyui kple tiatia gbegblẽ siwo me míedzro la me?

• Afɔ kawoe wòle be míaɖe be ‘míatia agbe’?

• Nu eve kawoe woxlɔ̃ nu mí be míawɔ?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

‘Metsɔ agbe kple ku le mia ŋku me ɖom’

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Toɖoɖo Mawu ƒe gbe na Noa kple eƒe ƒomea tsi agbe

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Mary Olson

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Nancy Porter