Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa, “Amesi Ðe Nuwuwu Fia Le Gɔmedzedzea Me Ke”

Yehowa, “Amesi Ðe Nuwuwu Fia Le Gɔmedzedzea Me Ke”

Yehowa, “Amesi Ðe Nuwuwu Fia Le Gɔmedzedzea Me Ke”

“Nye amesi ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la fia.”—YESAYA 46:10.

1, 2. Nukae wɔ nuku le nudzɔdzɔ siwo na woɖu Babilon dzi ŋu, eye nukae esia ɖe fia le Yehowa ŋu?

LE ZÃ aɖe me la, asrafo aɖewo wɔ dzadzadza zɔ to Frat-tɔsisia me ɖo ta woƒe futɔwo gbɔ le Babilon du sesẽ la me. Esi wogogo dua ƒe agbo nu la, wokpɔ nu wɔnuku aɖe. Wogblẽ Babilon dua ƒe agbo nyadri eveawo ɖe ʋuʋu! Woto tɔa me ge ɖe dua me. Kasia woɖu dua dzi. Kores si nye woƒe ŋgɔnɔla va zu dua dzi ɖula eye wòɖe gbe be woaɖe asi le Israel-vi aboyomeawo ŋu woayi aƒe. Aboyome akpe geɖe trɔ yi aƒe ale be woagbugbɔ Yehowa ƒe tadedeagu aɖo anyi le Yerusalem.—Kronika II, 36:22, 23; Ezra 1:1-4.

2 Ŋutinyaŋlɔlawo ɖo kpe edzi be nusiawo dzɔ ŋutɔŋutɔ le ƒe 539-537 D.M.Ŋ. me. Nusi wɔ nuku le nyaa ŋue nye be wogblɔ eŋu nya ɖi xoxoxo ƒe 200 do ŋgɔ. Yehowa na eƒe nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ nu tso Babilon ƒe mumu ŋu ƒe gbogbo aɖewo do ŋgɔ. (Yesaya 44:24–45:7) Menye nudzɔdzɔ siwo ana woaɖu Babilon dzi koe Mawu na wogblɔ ɖi do ŋgɔ o, ena woyɔ amesi aɖu dua dzi ƒe ŋkɔ hã. * Yehowa gblɔ na Israel-viwo, siwo nye eƒe ɖasefowo le blema, be: “Miɖo ŋu nusiwo dzɔ va yi tso blema la be, nyee nye Mawu, ɖeke megali o, nyee nye Mawu, ame aɖeke mesɔ kplim o; nye amesi ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la fia le blema ke.” (Yesaya 46:9, 10a) Nyateƒee wònye be Yehowa nye Mawu si ate ŋu anya nusi ava dzɔ le etsɔme.

3. Nyabiase kawo mee míadzro azɔ?

3 Nukawo gbegbee Mawu nya le etsɔme ŋu? Ðe Yehowa nyana nusi mía dometɔ ɖesiaɖe ava wɔ le etsɔme la do ŋgɔa? Nyateƒee wònye be woɖo nusi míava wɔ la ɖia? Míadzro alesi Biblia ɖo nya siawo kple bubu siwo sɔ kplii ŋu la me le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me.

Yehowa—Nyagblɔɖi Mawu

4. Amekae na woŋlɔ Biblia me nyagblɔɖiwo ɖi?

4 Esi Yehowa ate ŋu anya etsɔme ta la, ena esubɔla siwo nɔ anyi le blema me ŋlɔ nyagblɔɖi geɖe ɖi siwo nana míenyana nusiwo ƒe tame Yehowa ɖo be yeava wɔ la doa ŋgɔ. Yehowa gblɔ be: “Kpɔ ɖa, gbaɖegbe nyawo va me, magblɔ yeyewo, eye mana miasee, hafi woava dzɔ.” (Yesaya 42:9) Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee esia nye na Mawu ƒe amewo.

5. Agbanɔamedzi kae kpe ɖe nusi Yehowa awɔ la nyanya do ŋgɔ ŋu?

5 Nyagblɔɖila Amos ka ɖe edzi na mí be: “Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.” Agbanɔamedzi aɖe kpe ɖe nuwo nyanya do ŋgɔ alea ŋu. Se kpɔɖeŋu ʋãme si Amos wɔ kplɔe ɖo ɖa: “Ne dzata ɖe gbe la, amekae agbe vɔvɔ̃?” Abe alesi ko dzata ƒe gbeɖeɖe le teƒe aɖe nana amewo kple lã siwo gogo teƒea sina kaba ene la, nenema kee nyagblɔɖilawo abe Amos ene gblɔ Yehowa ƒe gbedasiwo dzonɔamemetɔe. “Ne Aƒetɔ Yehowa ƒo nu la, amekae agbe nyagbɔgblɔ ɖi?”—Amos 3:7, 8.

Yehowa ƒe “Nya” Vana Eme Godoo

6. Mɔ ka nue Yehowa ƒe “tameɖoɖo” ɖe Babilon ƒe mumu ŋu va eme le?

6 Yehowa gblɔ to eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Nye tameɖoɖo ava me, eye mawɔ nye didiwo katã dzi.” (Yesaya 46:10b) Mawu ƒe “tameɖoɖo,” alo eƒe lɔlɔ̃nu, ku ɖe Babilon ŋu enye be yeayɔ Kores tso Persia be wòava ɖu Babilon dzi ahatsrɔ̃e gbidii. Yehowa gblɔ eƒe tameɖoɖo ma ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ. Abe alesi míegblɔe va yi ene la, tameɖoɖo ma va eme pɛpɛpɛ le ƒe 539 D.M.Ŋ. me.

7. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ƒe “nya” vaa eme ɣesiaɣi?

7 Ƒe 400 kloe do ŋgɔ na Kores ƒe Babilon dzi ɖuɖu la, Yuda-fia Yosafat dze ŋgɔ Amon kple Moab srafowo. Edo gbe ɖa kakaɖedzitɔe be: “Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu, ɖe menye wòe nye Mawu le dziƒo kple dziɖula ɖe dukɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi oa? Asiwò me ŋusẽ kple kamesesẽ le, eye ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe nuwò o.” (Kronika II, 20:6) Yesaya hã ɖe kakaɖedzi ma tɔgbe ke fia esi wògblɔ be: “Ne Yehowa Zebaot ɖo nu ɖe ta me la, ameka agblẽ eme, eye ne edo eƒe alɔ ɖe dzi la, ameka agbugbɔe?” (Yesaya 14:27) Emegbe esi Babilon-fia Nebukadnezar ƒe aɖaʋadzedze kɔ nɛ vɔ la, elɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be: “Ame aɖeke meli alé [Mawu ƒe] asi agblɔ be, nuka nye esi wɔm nèle hã o.” (Daniel 4:32) Ẽ, Yehowa ka ɖe edzi na eƒe amewo be: “Nye nya, . . . magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.” (Yesaya 55:11) Míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa ƒe “nya” vana eme ɣesiaɣi. Mawu ƒe tameɖoɖowo medoa kpo emevava o.

Mawu ƒe ‘Tameɖoɖo Mavɔ’

8. Nukae nye Mawu ƒe ‘tameɖoɖo mavɔ’ la?

8 Le lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Efeso me la, egblɔ be ‘tameɖoɖo mavɔ’ le Mawu si. (Efesotɔwo 3:11) Menye alesi Mawu awɔ ɖoɖo ɖe nuwo ŋu ƒe nya dzro aɖe koe o. Ke boŋ alesi Yehowa ɖo tame kplikpaa be yeawɔ nusi yeɖo ɖe ameƒomea kple anyigba ŋu tso gɔmedzedze me ke lae. (Mose I, 1:28) Be míase alesi eƒe tameɖoɖo medoa kpo eme vava o gɔmee la, mina míadzro nyagblɔɖi gbãtɔ si woŋlɔ ɖe Biblia me la me akpɔ.

9. Aleke Mose I, 3:15 do ƒome kple Mawu ƒe tameɖoɖoe?

9 Ŋugbe si wodo le Mose I, 3:15 ɖee fia be esime Adam kple Xawa nya wɔ nuvɔ̃ teti ko la, Yehowa ɖoe be yeƒe kpɔɖeŋunyɔnu la nadzi dzidzimevi alo ŋutsuvi aɖe. Yehowa kpɔ fuléle si anɔ eƒe nyɔnu la kple Satana dome kpakple esi anɔ woƒe dzidzimeviwo dome la me tsonuwo hã do ŋgɔ. Togbɔ be Yehowa aɖe mɔ be woaɖu afɔkpodzi na Mawu ƒe nyɔnua ƒe Dzidzimevia hã la, le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, Dzidzimevia agbã ta na da la, alo Satana Abosam. Hafi ɣemaɣi naɖo la, Yehowa ƒe tameɖoɖo la nɔ eme vam vivivi to ƒome siwo wòtia dzi vaseɖe esime Yesu do abe Mesia si ŋugbe wodo ene.—Luka 3:15, 23-38; Galatiatɔwo 4:4.

Nusi Yehowa Ðo Ði

10. Ðe Yehowa ɖoe tso gɔmedzedzea me be Adam kple Xawa nava wɔ nuvɔ̃a? Ðe eme.

10 Esime apostolo Petro nɔ nu ƒom tso ɖoƒe si le Yesu si le Mawu ƒe tameɖoɖo me vava me ŋu la, eŋlɔ be: “[Yesu nye] amesi wonya ɖi tsã, hafi woɖo xexeame gɔme anyi; gake woɖee ɖe go fia le ɣeyiɣia ƒe nuwuwu le mia ta.” (Petro I, 1:20) Ðe Yehowa ɖoe tso gɔmedzedzea be Adam kple Xawa ava wɔ nuvɔ̃ eye be Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa ava hiã? Ao. Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘ɖo anyi’ la gɔmeɖeɖe tẽ enye “vi dzidzi.” Ðe Adam kple Xawa dzi vi hafi va wɔ nuvɔ̃a? Ao. Adam kple Xawa ƒe tomaɖomaɖo megbe hafie wova dzi vi. (Mose I, 4:1) Eyata, le Adam kple Xawa ƒe aglãdzedzea megbe, gake do ŋgɔ na woƒe vidziɣi, ye Yehowa ɖoe be “dzidzimevia” nava do. Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi dzie woto na tafea lɔlɔ̃tɔe, eye esia wɔe be woava ɖe nuvɔ̃ si dome míenyi la ɖa ahagblẽ Satana ƒe agbagbadzedzewo dome.—Mateo 20:28; Hebritɔwo 2:14; Yohanes I, 3:8.

11. Nukae Mawu ɖo ɖi do ŋgɔ hena eƒe tameɖoɖo me vava?

11 Mawu gaɖo nu bubu aɖe hã ɖi ku ɖe eƒe tameɖoɖo me vava ŋu. Esia dze le nusi Paulo ŋlɔ na Efesotɔwo me, si nye be Mawu “[aƒo] nuwo katã nu ƒu ade ta ɖeka te le Kristo me, nusiwo le dziƒo kple nusiwo le anyigba dzi la.” Azɔ Paulo ɖe nu me tso “nusiwo le dziƒo,” siwo nye amesiwo wotia be woaɖu fia kple Kristo, ŋu be: “Woɖo mí ɖi le amesi wɔa nuwo katã le eƒe lɔlɔ̃nu ƒe adaŋudede nu la, ƒe tameɖoɖoɖi la nu.” (Efesotɔwo 1:10, 11) Nyateƒee, Yehowa ɖoe do ŋgɔ be ame xexlẽme aɖewo anye Mawu ƒe nyɔnua ƒe Dzidzimevia ƒe akpa aɖe, eye woakpɔ gome kple Kristo le ameƒomea yayra to tafea dzi me. (Romatɔwo 8:28-30) Apostolo Petro yɔ amesiawo be “dukɔ kɔkɔe.” (Petro I, 2:9) Mɔnukpɔkpɔ su apostolo Yohanes si wòkpɔ amesiwo ava nye Kristo hatidziɖulawo le ŋutega aɖe me—woƒe xexlẽmee nye 144,000. (Nyaɖeɖefia 7:4-8; 14:1, 3) Wowɔ ɖeka kple Kristo Fia la le subɔsubɔm hena “[Mawu] ƒe ŋutikɔkɔe ƒe kafukafu.”—Efesotɔwo 1:12-14.

12. Aleke míewɔ nya be womeɖo ame 144,000 la dometɔ ɖesiaɖe ɖi be ayi dziƒo godoo o?

12 Ame xexlẽme 144,000 la ɖoɖo ɖi do ŋgɔ mefia be woɖo ame aɖewo ya ɖi koŋ be woasubɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe le mɔ sia nu o. Le nyateƒe me la, amesiaminawo koŋue woŋlɔ nuxlɔ̃amenya siwo le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me na, be wòafia mɔ wo ahado ŋusẽ wo be woayi edzi alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi ale be woadze na woƒe dziƒoyɔyɔ la. (Filipitɔwo 2:12; Tesalonikatɔwo II, 1:5, 11; Petro II, 1:10, 11) Yehowa nyae do ŋgɔ be ame 144,000 adze na ɖoƒe sia. Amesiwo wokpe na ɖoƒe sia ƒe agbenɔnɔe aɖee afia ne woava nɔ ame xexlẽme siawo dome mlɔeba, eye wo dometɔ ɖesiaɖe ŋutɔe ana esia nava eme nɛ.—Mateo 24:13.

Nusi Yehowa Nyana Do Ŋgɔ

13, 14. Ŋutete si le Yehowa si be wòanya etsɔme la sɔna ɖe nuka nu, eye nukatae?

13 Esi Yehowa nye nyagblɔɖi kple tameɖoɖo ƒe Mawu ɖe, aleke wòwɔa ŋutete si le esi be wòanya etsɔme la ŋudɔe? Gbã la, míeka ɖe edzi be Mawu nye lɔlɔ̃, eye eƒe mɔwo katã nye nyateƒe eye wodzɔ. Esime apostolo Paulo nɔ lɛta ŋlɔm na Yudatɔ Kristotɔwo le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, eɖo kpe edzi be “nu eve, siwo meɖɔlina o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le o” lae nye Mawu ƒe ŋugbedodo kple atamkaka. (Hebritɔwo 6:17, 18) Le lɛta si Paulo ŋlɔ ɖo ɖe nusrɔ̃la Tito me la, egagblɔ nya ma ke, esi wòŋlɔ be Mawu ‘mate ŋu aka aʋatso o.’—Tito 1:2.

14 Gakpe ɖe eŋu la, togbɔ be seɖoƒe mele Yehowa ƒe ŋusẽ ŋu o hã la, mewɔa nu madzɔmadzɔ gbeɖe o. Mose gblɔ tso Yehowa ŋu be “Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.” (Mose V, 32:4) Nusianu si Yehowa wɔna la sɔna ɖe eƒe amenyenye wɔnuku la nu. Eƒe nuwɔnawo ɖee fia be eƒe nɔnɔme vevi siwo nye lɔlɔ̃, nunya, dzɔdzɔenyenye, kple ŋusẽ zɔna aduadu bliboe.

15, 16. Tiatia kawoe Yehowa tsɔ ɖo Adam ŋku me le Eden-bɔa me?

15 Bu alesi eƒe nɔnɔme siawo katã dze le nusiwo dzɔ le Eden-bɔa me mee ŋu kpɔ. Esi Yehowa nye Fofo lɔ̃ame ta la, ena nusianu si amegbetɔwo hiã la. Ena ŋutete Adam be wòabu tame, wòade ŋugble le nya ŋu, eye wòaƒo nya ta le nusi wòawɔ ŋu. Adam mele abe lã siwo wɔa nu ɖe seselelãme nu la ene o; wona ŋutetee be wòawɔ tiatiawo. Nusi do tso emee nye be Mawu nɔ eƒe fiazikpui dzi le dziƒo hekpɔ “nusiwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.”—Mose I, 1:26-31; Petro II, 2:12.

16 Esi Yehowa tiae be yeade se na Adam be megaɖu “ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃” o la, enae mɔfiame siwo akpe ɖe eŋu wòatso nya me le nusi wòawɔ ŋu. Eɖe mɔ na Adam be wòaɖu “abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa” negbe ɖeka aɖe ko, eye wòxlɔ̃ nui be ne eɖu ati si ŋu wode se ɖo la, aku. (Mose I, 2:16, 17) Egblɔ nusiwo ado tso Adam ƒe nuwɔnawo me la nɛ. Nukae Adam awɔ?

17. Nukatae míate ŋu agblɔ be ne Yehowa tiae be yeanya nane do ŋgɔ ko hafi wònyanɛ?

17 Anɔ eme be Yehowa medi be yeanya nusi Adam—kple Xawa—awɔ o, togbɔ be ŋutete le esi be wòanya nusianu si ava dzɔ la do ŋgɔ hã. Eyata menye ŋutete si le Yehowa si be wòanya etsɔme ye nye nyaa o, etiatia be yeanyae boŋue. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míate ŋu aƒo nya ta be, esi lɔlɔ̃ ƒe Mawue Yehowa nye ta la, maɖoe koŋ da ɖi tamesesẽtɔe be aglãdzedze—kple nu gbegblẽ siwo katã do tso eme—nava nɔ anyi o. (Mateo 7:11; Yohanes I, 4:8) Eyata ne Yehowa tiae be yeanya nane do ŋgɔ ko hafi wònyanɛ.

18. Nukatae alesi Yehowa tianae hafi nyaa nane la mefia be eƒe ŋusẽ mede blibo o?

18 Ðe alesi Yehowa tianae hafi nyaa nane la fia be eƒe ŋusẽ mede blibo oa? Ao. Mose gblɔ tso Yehowa ŋu be “Agakpe wònye” hegblɔ kpee be: “Eƒe nuwɔwɔ de blibo.” (Mose V, 32:4) Womabu fɔe ɖe nusiwo do tso amegbetɔwo ƒe nuvɔ̃ me la ta o. Adam ƒe tomaɖomaɖo gbɔe fu siwo katã kpem míele egbea tso. Apostolo Paulo gblɔe eme kɔ ƒã be “to ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti.”—Mose V, 32:4, 5; Romatɔwo 5:12; Yeremya 10:23.

19. Biabia kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Nusiwo me míedzro va ɖo afisia ɖee fia be Yehowa mewɔa nu madzɔmadzɔ gbeɖe o. (Psalmo 33:5) Yehowa zãa eƒe ŋutetewo, nɔnɔmewo, kple dzidzenuwo wosɔna ɖe eƒe tameɖoɖo nu. (Romatɔwo 8:28) Esi Yehowa nye nyagblɔɖi Mawu ta la, enye amesi “ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la fia.” (Yesaya 46:9, 10) Míekpɔe hã be ne etiae be yeanya nane do ŋgɔ ko hafi wònyanɛ. Ekema aleke esia ka míi? Aleke míawɔ aka ɖe edzi be míaƒe nyametsotsowo wɔ ɖeka kple Mawu ƒe tameɖoɖo si me lɔlɔ̃ le la? Eye yayra kawoe míakpɔ ne míewɔe nenema? Nyati si kplɔe ɖo adzro biabia siawo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Kpɔ agbalẽ si nye Agbalẽ si Nyo na Amesiame, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe axa 28.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Blemakpɔɖeŋu kawoe ɖo kpe edzi be Mawu ƒe “nya” vana eme godoo?

• Nukae Yehowa ɖo ɖi ku ɖe eƒe ‘tameɖoɖo mavɔ’ la ŋu?

• Mɔ ka nue Yehowa zãa ŋutete si le esi be wòanya etsɔme le?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Yosafat ka ɖe Yehowa dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Mawu gblɔ Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi ŋu nya ɖi

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ðe Yehowa ɖo nusi Adam kple Xawa ava wɔ la ɖia?