Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Nyateƒe

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Nyateƒe

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Nyateƒe

DZIDZƆKPƆKPƆ—dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ si nɔa anyi ɖaa—menye nusi ŋu wokena ɖo bɔbɔe o. Nusi koŋ tae wòle alea ɖoe nye be amesiwo le edim atraɖii la dometɔ geɖe dinɛ toa mɔ gbegblẽ nu. Ne ɖee woakpɔ xɔlɔ̃ nyui aɖe, si dzi woaka ɖo, si ate ŋu afia mɔ si dzi woato akpɔe la, ne enyo loo!

Biblia mee mɔfiame si hiã vevie la le. Na míadzro Biblia-gbalẽwo dometɔ ɖeka, si nye Psalmowo, ƒe akpa aɖewo me kpɔ. Ha vovovo 150 siwo wodzina tsɔ kafua Yehowa Mawu lae le agbalẽ sia me. Blema Israel Fia Dawid ye kpa ha siawo ƒe afã kloe. Gake enyanya be Yehowa, amegbetɔwo katã ƒe Xɔlɔ̃ gãtɔ kekeake, ƒe gbɔgbɔe ʋã amesiwo ŋlɔ agbalẽ sia la le vevie sasasã wu eŋlɔlawo nyanya ko. Esia ana míaka ɖe edzi be Mawu ƒe mɔfiame siwo ɖea vi na mí lae le eme, eye be efiaa mí alesi míawɔ akpɔ dzidzɔ vavãtɔ.

Psalmoawo ŋlɔlawo ka ɖe edzi be ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawue nana wokpɔa dzidzɔ. Hakpala la ŋlɔ bena: “Woayra ŋutsu, si vɔ̃a Yehowa.” (Psalmo 112:1) Ƒomedodo si le mia kple amewo dome, ŋutilãmenunɔamesiwo, kple nusiwo wò ŋutɔ nète ŋu wɔ la dometɔ aɖeke mate ŋu ana nàkpɔ dzidzɔ si “dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye” la me tɔ nyenye nana wokpɔna la o. (Psalmo 144:15) Mawu subɔla siwo li egbea la dometɔ geɖe ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ɖo kpe esia edzi.

Wo dometɔ ɖekae nye Susanne, si le eƒe ƒe 40-awo me. * Egblɔ be: “Egbea, ame geɖe gena ɖe habɔbɔ aɖewo me kple susu be taɖodzinu ɖeka nanɔ yewo si alo yewoawɔ nu ɖekae. Gake ƒã hafi xɔlɔ̃wɔwɔ nɔa habɔbɔa me tɔwo katã dome. Mele alea le Yehowa ƒe amewo ya dome o. Lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa wɔnɛ be míelɔ̃a nu le mía nɔewo gbɔ o. Afika kee míeɖale le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me o, ne enya nye Mawu ƒe amewo dome ko la, míeɖea dzi ɖi bɔkɔɔ. Ðekawɔwɔ sia nana míaƒe agbe nyona ɖe edzi ŋutɔ. Amekawo hãe ate ŋu agblɔ be xɔlɔ̃ siwo ƒe amenyenye le vovovo kuraa, eye wole dukɔ gbogbo aɖewo me la le yewo si? Mate ŋu agblɔe kakaɖedzitɔe be Yehowa ƒe amewo dometɔ ɖeka nyenye nana wokpɔa dzidzɔ.”

Maree, si wodzi le Scotland, hã kpɔe be hafi ame nakpɔ dzidzɔ la, ele vevie be ƒomedodo nyui nanɔ woa kple Yehowa dome. Egblɔ be: “Do ŋgɔ na nye nyateƒea sɔsrɔ̃ la, mekpɔa sinima doŋɔdzinamewo. Ne zã do la, medea alɔ̃ dɔ ge do kpoe eye metsɔa atitsoga ɖe asi, esi mesusui be anya ŋɔliwo kple nukpekpe ƒomevi siwo noa ʋu le lãme na amewo, siwo mekpɔna le sinimawo dometɔ geɖe me, ta. Gake esi menya srɔ̃ nyateƒea hedzudzɔ sinima mawo kpɔkpɔ ko la, ƒomedodo si va le mía kple Yehowa dome wɔe be mete ŋu mlɔa anyi dɔa alɔ̃ vɔvɔ̃manɔmee, eye dzi dzɔam be mele Mawu, si sẽŋu wu gbɔgbɔ vɔ̃wo kple yeaɖi nukpekpeawo sasasã la, subɔm.”

Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa Ŋu Nana Wokpɔa Dzidzɔ

Susu aɖeke meli si ta míake ɖi le Wɔla la ƒe ŋusẽkatãtɔnyenye kple eƒe nunya si seɖoƒe meli na o la ŋu o. Esi Dawid nyae be yeate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe, eye be yeate ŋu asii tso ta la, eŋlɔ bena: “Woayra ŋutsu, si tsɔ eƒe ŋuɖoɖo ɖo Yehowa dzi.”—Psalmo 40:5.

Maria gblɔ be: “Nusiwo teƒe mekpɔ le Spain kple teƒe bubuwo na menyae be togbɔ be míaƒe didiwo kple seselelãmewo ƒonɛ ɖe mía nu be míawɔ nu le mía ɖokui si hã la, eɖea vi na mí ŋutɔ ne míewɔ nu ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo nu boŋ. Esia nana míekpɔa dzidzɔ elabena Yehowa ƒe ɖoɖoe nyea nyuitɔ kekeake ɣeawokatãɣi.”

Andreas, si nye Kristotɔ hamemegã si subɔ le Europa dukɔ geɖe me, hã ƒe nuteƒekpɔkpɔwo na wòkpɔe be míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Egblɔ bena: “Fonye, si menye Yehowa Ðasefo o la kpɔ ŋusẽ geɖe ɖe dzinye le nye sɔhɛmenɔɣi. Edea dzi ƒo nam be maɖoe nye taɖodzinui be mava zu dɔ gã aɖe wɔla. Eyata ete ɖe edzi ŋutɔ be meva zu ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla, eye be nyemewɔ ŋutilãmedɔ, dzra ga gbogbo aɖe ɖo, si ŋu mava nɔ agbe ɖo le nye amegãkuɣi o. Ke hã, naneke mehiãm kpɔ gbeɖe le ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ me o, eye mexɔ yayra siwo ame aɖewo ya mate ŋu axɔ o.”

Le ƒe 1993 me la, womia asi Felix be wòava kpe asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Selters, Germany, la kekeɖenudɔ ŋu. Esi wowu dɔa nu la, wobia tso esi be wòazu Betel-ƒomea me tɔ. Aleke wòwɔ nui? Egblɔ be: “Ðeko melɔ̃ ɖe kple ɖee. Ke hã, ƒe ewo kloe nye esia mele afisia, eye meka ɖe edzi be Yehowa ɖo nye gbedodoɖawo ŋu nam. Enya nusi nyo nam. Esi meɖoa ŋu ɖe eŋu bliboe heɖea asi le ɖokuinye ŋu nɛ be wòafia mɔm ta la, efiaa nusi wòdi be mawɔ lam.”

Susanne, si ŋu míeƒo nu tso va yi la, di be yeanye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla, alo mɔɖela, gake menɔ dɔwɔɖui si wòawɔ gaƒoƒo ʋɛ aɖewo le ŋkekea me la kpɔm o. Esi wòlala kakaka ƒe ɖeka va yi la, etsɔ ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu ɖe afɔ aɖe. Egblɔ be: “Mekpe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe agbalẽvi ɖo. Ga vi aɖe nɔ asinye mazã hena ɣleti ɖeka ya teti. Dzi dzɔm le ɣleti ma me ale gbegbe! Togbɔ be medi dɔwɔɖui ʋuu do kpoe hã la, mekpɔ dzidzɔ le nye subɔsubɔdɔa ya wɔwɔ me ŋutɔ. Ke hã, abe alesi Yehowa do ŋugbee ene la, megblẽm ɖi o. Le ɣletia ƒe ŋkeke mamlɛtɔ dzi la, mekpɔ dɔ. Menyae azɔ be mate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe! Nuteƒekpɔkpɔ gbãtɔ sia si su asinye le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me la na mele dzidzedze kple dzidzɔ kpɔm le agbe me.”

Mawu ƒe Aɖaŋuɖoɖowo Dzi Wɔwɔ Dzia Dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Edzi

Fia Dawid wɔ vodada gã aɖewo. Eva hiãna be woaɖo aɖaŋu nyuiwo nɛ ɣeaɖewoɣi. Ðe míaxɔ aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiame abe alesi ko Dawid xɔe enea?

Aida, si tso France, kpɔe ɣeaɖeɣi be yewɔ vodada gã aɖe. Egblɔ be: “Nusi ŋu metsi dzi ɖo vevie enye be ƒomedodo nyui naganɔ mía kple Yehowa dome. Eya koe nɔ vevie nam wu.” Ete ɖe Kristotɔ hamemegãwo ŋu be woakpe ɖe ye ŋu. Le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ƒe 14 megbe la, egblɔ be: “Aleke gbegbee enyanya be Yehowa tsɔ nye vodada kem la na nye dzi dze emee nye si!”

Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ ate ŋu awɔe be míanɔ vo dam o. Judith gblɔ be: “Esi mexɔ ƒe 20 la, nye dɔwɔhati aɖe si nye Germantɔ, si dzea agbagba ɖesiaɖe be yeƒe nu nadze ŋunye la ƒe nu va lé dzi nam. Enye bubume eye ɖoƒe kɔkɔ aɖe hãe wòle le dɔa me, evɔ srɔ̃ le esi! Ðe mawɔ ɖe Yehowa ƒe sewo dzi loo alo ɖe maŋe aɖaba aƒu wo dzia? Meɖee gblɔ na dzinyelawo. Fofonye meɖe ami ɖe nya le ŋkuɖoɖo nusiwo Yehowa di tso asinye la dzi nam me kura o. Eƒo nu nam tẽ—nu ma tututue mehiã! Ke hã, nyemetsɔe vevie o. Le fiẽsiwo la, danye va ƒoa nu nam tso Mawu ƒe sewo ƒe vevienyenye kple alesi wokpɔa ame tae ŋu kwasiɖa geɖe. Meda akpe ŋutɔ be ʋɛʋɛʋɛ la, nye dzi va trɔ ɖe Yehowa ŋu. Yehowa ƒe amehehe kple nufiame na mekpɔ dzidzɔ geɖe—metsɔ ƒe geɖe le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ si le vi ɖem nam ŋutɔ la wɔm, eye meva ɖe Kristotɔ nyui aɖe, si lɔ̃m eye wòlɔ̃ Yehowa hã kple eƒe dzi blibo.”

Ðikeke aɖeke mele eme o be nuteƒekpɔkpɔ siawo ɖo kpe Dawid ƒe nyawo dzi be: “Woayra amesi wotsɔ eƒe dzidadawo kee, amesi ƒe nuvɔ̃wo dzi wotsyɔ nui. Woayra amesi Yehowa mebu vodada na o, eye eƒe gbɔgbɔ me la alakpa aɖeke meli o.”—Psalmo 32:1, 2.

Ðe Tsɔtsɔ le Eme na Amewo Nana Wokpɔa Dzidzɔ

Dawid ŋlɔ bena: ‘Woayra amesi tsɔa ɖe le eme na hiãtɔ.’ Eyi edzi be: “Yehowa aɖee le dzɔgbevɔ̃eɣi. Yehowa akpɔ eta, eye wòaxɔe ɖe agbe, ne wòanyo nɛ.” (Psalmo 41:2, 3) Alesi Dawid tsɔ ɖe le eme lɔlɔ̃tɔe na exɔlɔ̃ vevi Yonatan ƒe vi, Mefiboset, si nye nuwɔametɔ la nye alesi tututu wòdze be míawɔ nu ɖe hiãtɔwo ŋui la ƒe kpɔɖeŋu.—Samuel II, 9:1-13.

Mɔnukpɔkpɔe wònye na Marlies, amesi wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ƒe 47 sɔŋ, be wòɖe gbeƒã na amesiwo si tso Afrika, Asia, kple Ɣedzeƒe Europa ƒe nuto siwo me afɔku nɔ la. Egblɔ be: “Nu vovovowoe nɔ fu ɖem na wo, eye wo katã kloe sena le wo ɖokui me be womebua yewo ɖe nemi hã me o, eye be le nyateƒe me la, wosaa yewo ɖe aga. Kpekpe ɖe amesiawo tɔgbe ŋu nana wokpɔa dzidzɔ ɣesiaɣi.”

Marina, si le eƒe ƒe 40-awo me, ŋlɔ bena: “Esi menye tre ta la, menya alesi wòle ne amewo tsɔa ɖe le eme na wò. Esia ʋãm be maƒo ka na amewo alo aŋlɔ lɛta na wo atsɔ ade dzi ƒo na wo. Ame geɖe ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe esia ta. Kpekpe ɖe amewo ŋu nana mekpɔa dzidzɔ.”

Dimitar, si xɔ abe ƒe 25 ene, gblɔ be: “Danye ɖeka koe kpɔ dzinye metsi. Esi menye ɖevi la, edzɔ dzi nam be Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla aɖe kplɔam ɖe ŋuti henaa hehem le gbeadzi kwasiɖa sia kwasiɖa. Megadaa akpe kokoko ɖe alesi wòku kutri le ŋunye la ta. Menyae be menye ɣesiaɣie wònɔa bɔbɔe na ame aɖe be wòana matsɔ dzo ɖe nane ŋu o.” Le kpekpeɖeŋu si Dimitar xɔ va yi ta la, eya hã va kpena ɖe ame bubuwo ŋu. Egblɔ be: “Ne mede ɖeke o la, medzea agbagba be makplɔ ɖevi aɖe loo alo ame tsitsi aɖe ɖe ŋuti ayi gbeadzi zi ɖeka ya teti le ɣletia me.”

Psalmowo ƒe agbalẽa yɔ nu bubu siwo hã nana wokpɔa dzidzɔ. Wo dometɔ ɖekae nye alesi wòle vevie be ame naɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ ŋu tsɔ wu esi wòaɖo ŋu ɖe eɖokui ŋu: “Woayra amegbetɔ, siwo ƒe ŋusẽ le [Yehowa me].”—Psalmo 84:6.

Corinna, ate ŋu aɖi ɖase le esia ŋu. Eʋu yi dukɔ aɖe si me gbeƒãɖelawo hiã le vevie la me. Egblɔ be: “Afimatɔwo ƒe gbegbɔgblɔ, dekɔnu, kple nuŋububu to vovo kura. Ðeko wòwɔ nam abe xexe bubu aɖe mee meyi ene. Gbeƒãɖeɖe le nuto yeye sia me ɖi vɔvɔ̃ nam ŋutɔ. Mebia Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye, eye gbesiagbe si meyi gbeadzi la, eyae doa ŋusẽm mete ŋu ɖea gbeƒã le nuto saɖeaga ma me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ɖeko esia wɔwɔ va nɔ bɔbɔe nam ŋutɔ. Medze Biblia sɔsrɔ̃ kple ame geɖe, eye nuteƒekpɔkpɔ sia gakpɔtɔ le vi ɖem nam. Meva kpɔe be Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu yeaɖi kplamatsedonu gãwo gɔ̃ hã dzi.”

Ẽ, nu vovovowo, abe xɔlɔ̃dzedze Mawu kple xɔlɔ̃dzedze eƒe amewo, ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu le nusianu me, Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ, kple ɖe tsɔtsɔ le eme na amewo ene, nana wokpɔa dzidzɔ. Ne míezɔ alesi dzea Yehowa ŋu hewɔ ɖe eƒe sewo dzi la, ekema míanɔ dzidzɔ kpɔm fɛɛ le eƒe amenuveve me.—Psalmo 89:16; 106:3; 112:1; 128:1, 2.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Maria

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Maree

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Susanne kple Andreas

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Corinna

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Dimitar