Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòanyo Be Woagblẽ Vi Ðe Television Gbɔa?

Ðe Wòanyo Be Woagblẽ Vi Ðe Television Gbɔa?

Ðe Wòanyo Be Woagblẽ Vi Ðe Television Gbɔa?

ƔEAÐEWOƔI la, television sisi ada ɖe viwòwo gbɔ woatsɔ anɔ modzaka ɖemee ale be nànɔ dɔ bubuwo wɔm la adze nu nyui aɖee. Gake ŋusẽ kae esia ate ŋu akpɔ ɖe viwòawo dzi?

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The New York Times ka nya ta be: “Nu wɔdɔɖeamedzi aɖewo siwo woɖena le television dzi la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ɖevi suewo gɔ̃ hã dzi.” Le numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa me la, wona ɖevi siwo xɔ ƒe ɖeka la kpɔ television dzi wɔna kpui aɖewo, si me fefewɔla aɖe wɔa nu ɖe fefenu aɖe ŋu le mɔ vovovowo nu le. Wotsɔ fefenua ɖeka da ɖe ɖeviawo gbɔ esime wonɔ television la kpɔm. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be: “Ne fefewɔlaa wɔ abe ɖe wòle vɔvɔ̃m na fefenua ene la, ɖeviawo medina be yewoafe kple fefenua o, eye wovɔ̃na nɛ, gbea exɔxɔ, sina le enu, alo faa avi gɔ̃ hã. Ne fefewɔla kpɔ dzidzɔ ɖe fefenua ŋu la, ɖeviawo dina be yewoafe kple fefenua.”

Edze ƒã be television dzi wɔnawo te ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe ɖevi suewo dzi. Ke nusi wòate ŋu ava gblẽ le ɖeviwo ŋu gbaɖegbe ya ɖe? Ðk. Naoki Kataoka, si nye ɖɔkta siwo kpɔa ɖeviwo gbɔ ƒe nufialagã le Kawasaki Dɔdadaŋutinusrɔ̃ƒe, si le Kurashiki, Japan, do ɖevi gbogbo aɖewo siwo nɔa anyi kpoo heléa blanui la kpɔ. Ekpɔe be wona ɖevi siawo katã kpɔa television ɣeyiɣi didi. Ŋutsuvi aɖe si xɔ ƒe eve ya mete ŋu ɖoa dze o eye eƒe nume mebi hã o. Dadaa gblẽnɛ ɖe television gbɔ tso ŋdi ʋuu va ɖo fiẽ tso esime wòxɔ ƒe ɖeka pɛ ko. Esi dadaa wɔ ɖe aɖaŋu si ɖɔkta ɖo nɛ be megana wòanɔ television kpɔm azɔ o, ke boŋ wòanɔ fefem kplii la dzi ko hafi ɖevia va dze nuƒo ƒoƒo nyuie. Esia ɖo kpe edzi be ele be dzilawo nanɔ dze ɖom kple wo viwo.

Yehowa Mawu, Amesi ɖo ƒomea anyi la, te gbe ɖe alesi wòle vevie be woaɖo dze nyuie dzi. Egblɔ na eƒe amewo gbaɖegbe ke be: “Ku [Mawu ƒe nya] ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.” (Mose V, 6:7) Dzilawoe ate ŋu ato nuƒoƒo kple kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo dzi afia nu wo vi “ɖe mɔ, si wòato la ŋu,” ke menye television ye o.—Lododowo 22:6.