Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Aleke Gbegbe Nyemehelɔ̃a Wò Se Lae O!”

“Aleke Gbegbe Nyemehelɔ̃a Wò Se Lae O!”

“Aleke Gbegbe Nyemehelɔ̃a Wò Se Lae O!”

“Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o! Nye ŋugbledede wònye ɖaa.”—PSALMO 119:97.

1, 2. (a) Kuxi kawoe ɖe kpe na amesi gbɔgbɔ ʋã wòŋlɔ Psalmo 119 lia? (b) Aleke wòwɔ nui, eye nukatae?

PSALMO 119 lia ŋlɔla ɖo tetekpɔ sesẽ aɖe me. Futɔ ɖokuiŋudzela siwo mebua Mawu ƒe sea ɖe ɖeke me o la ɖu fewu le eŋu heda alakpa ɖe esi. Amegãwo tsɔ nya ɖe eŋu heti eyome. Ame vɔ̃ɖiwo ɖe to ɖee, eye eƒe agbe ŋutɔ hã ɖo afɔku me. Nusiawo katã wɔe be wòfa “aɖatsi le nuxaxa ta.” (Psalmo 119:9, 23, 28, 51, 61, 69, 85, 87, 161) Le tetekpɔ sia me hã la, hakpala la dzi ha be: “Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o! Nye ŋugbledede wònye ɖaa.”—Psalmo 119:97.

2 Ðewohĩ àbia be, “Aleke Mawu ƒe nya la te ŋu fa akɔe na hakpala la?” Kakaɖedzi si nɔ esi be Yehowa tsɔ ɖe le eme na ye lae lée ɖe te. Lɔlɔ̃ ƒe ɖoɖo si le se sia me la nyanyae nye dzidzɔ na hakpala la, togbɔ be tsitretsiɖeŋulawo nɔ fu wɔmee hã. Ede dzesii be Yehowa wɔ nyui geɖe na ye. Gawu la, Mawu ƒe sea me mɔfiamewo dzi wɔwɔ na hakpala la dze nunya wu eƒe futɔwo, si na be wògakpɔtɔ le agbe. Sea dzi wɔwɔ na dzidzemee eye dzitsinya nyui nɔ esi.—Psalmo 119:1, 9, 65, 93, 98, 165.

3. Nukatae wòsesena be Kristotɔwo nawɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo dzi egbea ɖo?

3 Mawu subɔla aɖewo hã le woƒe xɔse ƒe dodokpɔ sesẽwo me tom egbea. Ðewohĩ míaɖo ku kple agbe dome abe hakpala la ene ya o, ke hã, míele ‘ɣeyiɣi vɔ̃ siwo me nɔnɔ sesẽ’ me. Amesiwo dome míenɔna gbesiagbe la dometɔ geɖe metsɔa nusi Mawu buna be enye nyui alo vɔ̃ la vevie o—wonye ɖokuitɔdilawo kple ŋutilãmenuwo dilawo, dadalawo kple amemabulawo. (Timoteo II, 3:1-5) Eva hiãna be sɔhɛ Kristotɔwo nanɔ te ɖe alesi amesiawo tena kpɔna be yewoagblẽ woƒe agbenyuinɔnɔ me la nu edziedzi. Esia wɔnɛ be lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa la me léle ɖe asi kple didi be míawɔ nu nyui la va sesẽna. Aleke míate ŋu akpɔ mía ɖokui tae?

4. Aleke hakpala kpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe Sea ŋui, eye ɖe wòle be Kristotɔwo hã nawɔ nenema?

4 Nusi kpe ɖe hakpala la ŋu be wòte ŋu nɔ te ɖe nyaƒoɖeamenu siwo me wòto la nue nye ɣeyiɣi si wòdina tsɔ xlẽa Mawu ƒe sea hedea ŋugble le eŋu nyuie. Esia wɔe be wòva lɔ̃ Mawu ƒe sea. Le nyateƒe me la, eyɔ Yehowa ƒe sea le mɔ vovovowo nu le Psalmo 119 ƒe kpukpuiawo katã kloe me. * Kristotɔwo megale Mose ƒe Sea, si Mawu tsɔ na blema Israel-dukɔa, te ya o. (Kolosetɔwo 2:14) Gake gɔmeɖose siwo le Sea me la nu meyina o. Gɔmeɖose siawo fa akɔ na hakpala la, abe alesi woate ŋu afa akɔ na Mawu subɔla siwo le nɔnɔme sesẽ siwo li egbea la me tom ene.

5. Mose ƒe Sea ƒe akpa kawo mee míadzro?

5 Mina míadzro dzideƒonamenya si míate ŋu akpɔ tso Mose ƒe Sea me le go etɔ̃ aɖewo, siwo nye Sabat ƒe ɖoɖoa, nukufɔfɔ le agble me, kple se si wode be woagaklẽ ŋu o la me. Le ɖoɖoawo dometɔ ɖesiaɖe me la, míakpɔe be ne míakpe akɔ kple nɔnɔme sesẽ siwo va bɔ le míaƒe ɣeyiɣiawo me dzidzedzetɔe la, ke ehiã be míakpɔ ŋudzedze ɖe gɔmeɖose si dzi wotu se siawo ɖo la ŋu vevie.

Míaƒe Gbɔgbɔmenuhiahiãwo Gbɔ Kpɔkpɔ

6. Nu vevi kawoe hiã na amesiame?

6 Ðe wowɔ amegbetɔ be nanewo nahiãe. Le kpɔɖeŋu me, ehiã be nuɖuɖu, nunono, kple mlɔƒe nanɔ ame si hafi wòanɔ lãmesẽ me. Nenema kee wòhiã be ame nakpɔ eƒe ‘gbɔgbɔmenuhiahiãwo’ gbɔe. Ne mekpɔ egbɔ o la, makpɔ dzidzɔ vavãtɔ o. (Mateo 5:3) Yehowa bu dzɔdzɔmenu sia gbɔ kpɔkpɔ be ele vevie ale gbegbe be wòde se na eƒe dukɔa be, le kwasiɖa ɖesiaɖe me la, woagawɔ dɔ ŋkeke ɖeka blibo o, ke boŋ woatsɔe akpɔ gbɔgbɔmenuwo gbɔe.

7, 8. (a) Aleke Mawu na Sabat-ŋkeke la to vovo tso ŋkeke mamlɛawo gbɔe? (b) Nukatae wòɖo Sabat-ŋkeke la anyi ɖo?

7 Sabat ƒe ɖoɖoa ɖe alesi gbegbe ɣeyiɣi zazã ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu le vevie fia. Esime wonɔ nu ƒom tso ɣeyiɣi si me mana dzana le gbeadzi ŋue wozã nya si nye “Sabat” zi gbãtɔ, le Biblia me. Wogblɔ na Israel-viawo be ŋkeke adee woatsɔ afɔ nuɖuɖu wɔnuku sia. Le ŋkeke adelia dzi la, woafɔ ‘nuɖuɖua ɖe ŋkeke eve nu,’ elabena le ŋkeke adrelia dzi la, ɖeke madza o. Ŋkeke adrelia anye “ŋkeke kɔkɔe na Yehowa,” si dzi amesiame anɔ eƒeme. (Mose II, 16:13-30) Se Ewoawo dometɔ ɖeka gblɔ be woagawɔ dɔ aɖeke kura le Sabat-ŋkekea dzi o. Ŋkeke kɔkɔee wònye. Wowua amesi mewɔ ɖe edzi o la.—Mose II, 20:8-11; Mose IV, 15:32-36.

8 Sabat ƒe sea ɖe alesi Yehowa tsɔ ɖe le eƒe amewo ƒe ŋutilãme kple gbɔgbɔ me nyonyo siaa me la fia. Yesu gblɔ be: “Wowɔ Sabat le ame ta.” (Marko 2:27) Menye ɖiɖiɖemeɣi koe wònye na Israel-viawo o, ke boŋ ena mɔnukpɔkpɔ wo hã be woate ɖe wo Wɔla ŋu ahaɖe woƒe lɔlɔ̃ nɛ afia. (Mose V, 5:12) Enye ŋkeke si woɖo ɖi koŋ na gbɔgbɔmenuwo wɔwɔ. Esiawo dometɔ aɖewoe nye ƒomewo ƒe tadedeagu, gbedodoɖa, kple ŋugbledede le Mawu ƒe Sea ŋu. Ðoɖoa wɔe be Israel-viawo mezãa woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ katã ɖe ŋutilãmenuwo didi ŋu o. Sabat la ɖoa ŋku edzi na wo be ƒomedodo si anɔ woa kple Yehowa domee wòle be wòanye nu vevitɔ na wo le agbe me. Yesu hã te gbe ɖe gɔmeɖose matrɔmatrɔ sia dzi esime wògblɔ be: “Woŋlɔ ɖi bena, ‘Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.’”—Mateo 4:4.

9. Nukae Kristotɔwo ate ŋu asrɔ̃ tso Sabat ƒe ɖoɖoa me?

9 Womegabia tso Mawu subɔlawo si egbea be woatsɔ gaƒoƒo 24 ŋutɔŋutɔ aɖi ɖe eme le sabat-ŋkeke aɖe dzi o, gake menye blemaŋutinya dzro aɖe koe sabat ƒe ɖoɖoa nye na mí o. (Kolosetɔwo 2:16) Ðe meɖoa ŋku edzi na míawo hã be míatsɔ gbɔgbɔmedɔwo aɖo nɔƒe gbãtɔ oa? Mele be ŋutilãmedɔwo wɔwɔ alo modzakaɖeɖe vivivo nava xɔ ɖe gbɔgbɔmedɔwo teƒe o. (Hebritɔwo 4:9, 10) Eyata míate ŋu abia mía ɖokui be: “Nukae le vevie nam wu le agbe me? Ðe metsɔa nusɔsrɔ̃, gbedodoɖa, Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede, kple gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒeŋutinya nyuia me ɖoa nɔƒe gbãtɔea? Alo ɖe nu bubuwo va le esiawo ƒe ɣeyiɣi xɔma?” Ne míetsɔ gbɔgbɔmenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me la, Yehowa ka ɖe edzi na mí be agbemenu veviwo mahiã mí o.—Mateo 6:24-33.

10. Aleke ɣeyiɣi ɖoɖo ɖi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu ate ŋu aɖe vi na míi?

10 Ɣeyiɣi si míezãna tsɔ srɔ̃a Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwoe, kple esi míetsɔna dea ŋugble le nusiwo míesrɔ̃ ŋu la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míate ɖe Yehowa ŋu wu. (Yakobo 4:8) Susan, amesi ɖo ɣeyiɣi ɖi koŋ hena Biblia-sɔsrɔ̃ edziedzi anye ƒe 40 aɖewoe nye esia la, lɔ̃ ɖe edzi be esia menya wɔna le gɔmedzedzea me o. Dɔ gã aɖee wònye. Gake zi alesi wòdo vevie le exlẽm la, zi nenemae ewɔwɔ va nɔ enu vivimee. Fifia, ne mete ŋu srɔ̃ nu o le susu vevi aɖe ta la, mevona le eɖokui me o. Egblɔ be: “Nusɔsrɔ̃ kpe ɖe ŋunye be meva nya Yehowa nyuie abe Fofo ene. Mate ŋu aka ɖe eyama dzi, aɖo ŋu ɖe eŋu, ahado gbe ɖa nɛ faa. Alesi gbegbe Yehowa lɔ̃ esubɔlawoe, alesi wòléa be na nye ŋutɔe, kple alesi wòtsom xɔ le nɔnɔme sesẽwo me la nyanya wɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.” Dzidzɔ gã ka gbegbee nye si míawo hã míate ŋu akpɔ tso míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ edziedzi me!

Se si Mawu De be Woana Amewo Nafɔ Nuku le Agble Me

11. Aleke wowɔ nukufɔfɔ ƒe ɖoɖoae?

11 Mose ƒe Sea ƒe akpa evelia si ɖe alesi gbegbe Mawu tsɔ ɖe le eƒe amewo ƒe nyonyo me fia lae nye mɔ si wòɖe be woana amewo nafɔ nuku le agblewo me. Yehowa de se be ne agbledela siwo le Israel ŋe woƒe nukuwo la, woaɖe mɔ hiãtɔwo nafɔ esiwo dudu le nukua ŋelawo si la. Mele be agbledelawo naŋe nukuwo ƒiaƒiaƒia va ɖo boawo to o, eye mele be woafɔ weintsetse alo amititsetse siwo dudu ɖi la o. Mele be woatrɔ aɖatsɔ nusiwo woŋe hebla da ɖi gake ŋlɔ be ɖe agblea me o. Esia nye ɖoɖo si wowɔ lɔlɔ̃tɔe na ame dahewo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo, kple ahosiwo. Ele eme baa be nukufɔfɔ mele bɔbɔe ya o, ke hã, awɔe be ameawo manɔ nu biam o.—Mose III, 19:9, 10; Mose V, 24:19-22; Psalmo 37:25.

12. Mɔnukpɔkpɔ kae nukufɔfɔ ƒe ɖoɖoa na agbledelawo?

12 Nukufɔfɔ ƒe sea megblɔ nuku agbɔsɔsɔme si wòle be agbledelawo nagblẽ ɖi na ame daheawo o. Woa ŋutɔwoe atso nya me le agblea ƒe lolome si woagblẽ ɖi na ame dahewo ŋu. Esia nana amewo srɔ̃a dɔmenyowɔwɔ. Ena mɔnukpɔkpɔ agbledelawo be woaɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Amesi naa nukuawo wɔna ŋu afia, esi wònye “amesi vea ame dahe nu la, dea bubu [Ewɔla]” ŋu ta. (Lododowo 14:31) Boas nye dɔmenyolawo dometɔ ɖeka. Ekpɔa egbɔ be Rut, si nye ahosi si va fɔa nuku le eƒe agble me la, fɔ nɛ wòsɔa gbɔ nyuie. Yehowa ɖo Boas ƒe dɔmenyoa teƒe nɛ geɖe.—Rut 2:15, 16; 4:21, 22; Lododowo 19:17.

13. Nukae nukufɔfɔ ƒe ɖoɖo si nɔ anyi le blema la fia mí?

13 Gɔmeɖose si le nukufɔfɔ ƒe sea ŋu la metrɔ o. Yehowa di be ye subɔlawo nanye dɔmenyolawo, vevietɔ na hiãtɔwo. Ne míele dɔme nyom na amewo la, míaƒe yayrawo hã anɔ agbɔ sɔm ɖe edzi. Yesu gblɔ be: “Mina, eye woana mi, dzidzenu nyui, si wote, eye woʋuʋu wògbã go la, woatsɔ aɖo miaƒe akɔ; elabena dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.”—Luka 6:38.

14, 15. Aleke míate ŋu anyo dɔme na amewoe, eye vi kawoe wòaɖe na mía kple amesiwo ŋu míekpe ɖo?

14 Apostolo Paulo de dzi ƒo na mí be “míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.” (Galatiatɔwo 6:10) Eyata ele be míakpɔ egbɔ be míekpe ɖe mía nɔvi haxɔsetɔwo ŋu ɣesiaɣi si woɖo woƒe xɔse ƒe dodokpɔwo me. Gake ɖe woahiã na kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ aɖewo, abe alesi woawɔ ayi kpekpewo alo ayi asime aɖaƒle nu enea? Ðe ame tsitsiwo, dɔnɔwo, alo amesiwo tsi teƒe ɖeka le miaƒe hamea me siwo wòahiã be miasrã akpɔ ade dzi ƒo na wo loo alo akpe ɖe wo ŋu le mɔ aɖewo nua? Ne míedzea agbagba kpɔa nuhiahiã siawo gbɔ la, ekema Yehowa ate ŋu ato mía dzi aɖo amesiwo le nɔnɔme sesẽwo me la ƒe gbedodoɖawo ŋu na wo. Togbɔ be kpekpe ɖe ame nɔewo ŋu nye Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzi hã la, ewɔwɔ kpena ɖe kpekpeɖeŋunala la ŋutɔ hã ŋu. Lɔlɔ̃ vavãtɔ ɖeɖefia mía nɔvi haxɔsetɔwo hea dzidzɔ kple dzidzeme gã aɖe vɛ eye wòdzea Yehowa ŋu ŋutɔ.—Lododowo 15:29.

15 Mɔ vevi bubu si dzi Kristotɔwo ɖea ɖokuitɔmadimadi fiana le enye woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ zazã atsɔ aƒo nu tso Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu na amewo. (Mateo 28:19, 20) Amesiame si kpe ɖe ame aɖe ŋu kakaka wòva ɖe adzɔgbe na Yehowa la sea nya si Yesu gblɔ be “nana enye yayra wu xɔxɔ” la gɔme nyuie.—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Asaƒoƒo Na Ŋukeklẽ

16, 17. Nuka ƒe see nye se ewolia, eye nukatae wodee ɖo?

16 Mawu ƒe Se si wòna Israel la ƒe akpa si me míadzro azɔ lae nye Se Ewoawo ƒe ewolia, si tsri ŋukeklẽ. Sea gblɔ be: “Megabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe dzi o. Megabiã ŋu ɖe hawòvi srɔ̃, eƒe dɔlaŋutsu alo eƒe dɔlanyɔnu, eƒe nyi alo eƒe tedzi, alo nusianu, si nye hawòvi tɔ la ƒe ɖeke dzi o.” (Mose II, 20:17) Ame aɖeke mate ŋu azi ame aɖeke dzi be wòawɔ se sia dzi o, elabena ame aɖeke mate ŋu anya nɔvia ƒe dzi me o. Gake sedede sia wɔe be Mose ƒe Sea ƒo amegbetɔwo ƒe sewo katã ta. Ena Israel-vi ɖesiaɖe nyae be Yehowa, amesi te ŋu kpɔa keke dzi me ke la ŋutɔe abia akɔnta tso yewo si. (Samuel I, 16:7, 8) Gawu la, sedede sia yi ɖaɖo nusi koŋ ʋãa amewo wowɔa nu gbegblẽ gbogbowo la ƒe agunu gbɔ ke.—Yakobo 1:14.

17 Se si Mawu de be woagaklẽ ŋu o la de dzi ƒo na eƒe ameawo be woatsri ŋutilãmenuwo didi vivivo, ŋubiabiã, kple ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe nusiwo le wo si ŋu. Ekpɔ wo ta tso fififi alo agbegbegblẽnɔnɔ hã me. Ame aɖewo anɔ anyi siwo si ŋutilãmenuwo abɔ ɖo wòanya kpɔ na mí, eye nu ade ame aɖewo hã dzi wu mí godoo. Ne míeɖu mía ɖokui dzi le nusiawo ŋu bubu me o la, dzi magava nɔ mía dzɔm o eye míanɔ ŋu ʋãm amewo. Biblia ɖɔ ŋukeklẽ be enye “tamebubu, si medze o” la ƒe dzesi. Ne míeklẽa ŋu o la, ade mía dzi awu.—Romatɔwo 1:28-30.

18. Nuka ƒe gbɔgbɔe bɔ ɖe xexeame egbea, eye nugbegblẽ kawoe ate ŋu ado tso eme?

18 Ŋutilãmenuwo didi vivivo kple hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔe nye nusi bɔ ɖe xexeame egbea. Adzɔhawo toa boblododowo dzi nyɔa nu yeyewo didi ƒe dzodzrowo ɖe amewo me henana wòdzena abe ɖeko wòle be nusiawo nanɔ mía si hafi míakpɔ dzidzɔ ene. Nusia tututu ŋue Yehowa ƒe Sea tsi tre ɖo. Esi do ƒome kplii enye didi be ame nakpɔ dzidzedze le agbe me godoo ahali kɔ kesinɔnuwo ɖi. Apostolo Paulo ya gblɔ be: “Amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me. Elabena nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ ame aɖewo di, eye wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.”—Timoteo I, 6:9, 10.

19, 20. (a) Nukawoe xɔa asi vevie na amesi lɔ̃ Yehowa ƒe sewo? (b) Nukae míasrɔ̃ le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Amesiwo lɔ̃ Mawu ƒe se la nya afɔku si le ŋutilãmenuwo didi vivivo me eye woƒoa asa nɛ. Le kpɔɖeŋu me, hakpala la do gbe ɖa na Yehowa be: “Bi nye dzi ɖe wò ɖaseɖiɖiwo ŋu, eye menye ɖe ŋubiabiã ŋu o. Wò nu me sewo nyo nam wu sika kple klosalo akpe nanewo.” (Psalmo 119:36, 72) Kaka ɖe nya siawo ƒe nyateƒenyenye dzi akpe ɖe mía ŋu míada asɔ ahaƒo asa na mɔ̃ si ŋutilãmenudidi vivivo, ŋubiabiã, kple ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe nusiwo le mía si ŋu nye la. “Mawusosroɖa” ye nye viɖenu gãtɔ kekeake na mí, ke menye kɔlili kesinɔnuwo o.—Timoteo I, 6:6.

20 Gɔmeɖose siwo le Yehowa ƒe Se si wòna blema Israel me la gakpɔtɔ le vevie le míaƒe ɣeyiɣi sesẽ siawo me abe alesi ko wonɔ vevie na Israel-viawo tso gbesigbe Yehowa tsɔe na Mose ene. Zi alesi míele gɔmeɖose siawo dzi wɔm la, zi nenemae míava kpɔ woƒe vevienyenye adze sii, míava kpɔ ŋudzedze geɖe ɖe wo ŋu, eye dzi adzɔ mí ɖe edzi. Nu vevi geɖe le Sea me na mí míasrɔ̃, eye alesi tututu wo dzi wɔwɔ ɖea vii la dze le amesiwo ŋu nya woŋlɔ ɖe Biblia me la ƒe agbenɔnɔ kple nusiwo dzɔ ɖe wo dzi me. Míase amesiawo dometɔ aɖewo ŋu nya le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Hakpala la yɔ Yehowa ƒe sea be Yehowa ƒe sedede, eƒe nyametsotso, eƒe se, eƒe ɖoɖo, eƒe ŋkuɖodzinya, eƒe nyagbɔgblɔ, eƒe nudidi, eƒe mɔ, alo eƒe nya, le Psalmo 119 lia ƒe kpukpui 176-awo katã kloe me, negbe kpukpuiawo dometɔ 4 me koe esia ƒe ɖeke medze le o.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukatae Psalmo 119 lia ŋlɔla lɔ̃ Yehowa ƒe sea ɖo?

• Nukae Kristotɔwo ate ŋu asrɔ̃ tso Sabat ƒe ɖoɖoa me?

• Viɖe mavɔ kae le Mawu ƒe se si ku ɖe nukufɔfɔ ŋu la ŋu?

• Aleke sedede si ku ɖe ŋukeklẽ ŋu la kpɔa mía tae?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Nuka dzie Sabat ƒe sea te gbe ɖo?

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Nukae nukufɔfɔ ƒe sea fia mí?