Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Vovovo Siwo Le Uganda Le Nyateƒea Xɔm

Ame Vovovo Siwo Le Uganda Le Nyateƒea Xɔm

Ame Vovovo Siwo Le Uganda Le Nyateƒea Xɔm

UGANDA nye dukɔ dzeani aɖe si le Ɣedzeƒe Afrika ƒe Bali Gã eveawo dome, eye anyigbamemãfli si woyɔna be equator la to dukɔa me. Tonyigbawo, kponyigbawo, tɔsisiwo, tawo, gbe damawo, kple lã ƒomeviwo vovovowo le eme. Esi wònye Afrika ƒe kponyigba gã gbadza aɖe dzie dukɔa le ta la, yame ƒe nɔnɔme de edzi eye togbɛ siwo kpɔkpɔ metia ame o la tsia ɖe wo nɔewo nu wòde kilometa alafa geɖe.

Dukɔ siwo ƒe akpa ɖeka tsikpe dzana le, eye dzoxɔxɔ hã nɔa eƒe akpa bubu, abe alesi wòle le Uganda ene la, mesɔ gbɔ o. Ruwenzori-to, si wogayɔna be Ɣleti-to, si dzi tsikpe dzana ɖo la le Uganda ƒe ɣetoɖoƒe gome eye eƒe ɣedzeƒe gome hã nye dzogbe. Àte ŋu akpɔ atiglinyiwo, tòwo, kple dzatawo le Uganda ƒe tagbawo dzi. Kese ƒomevi vovovo kple xeviwo ƒe hatsotso siwo wu 1,000 ye le eƒe toawo dzi kple avetsuawo me. Ku ɖina eye dɔ hã tona le Afrika dukɔ geɖewo me, gake tɔsisiwo kple tawo le Uganda, eye Victoria-ta, si nye ta gã siwo le xexeame katã la ƒe evelia, hã ɖe liƒo kplii. Victoria-ta la de nu Nil-tɔsisia me le dziehe. Eyata mewɔ nuku o be Winston Churchill, si nye Britain dukplɔla kpɔ, yɔ dukɔ sia be “Afrika ƒe kpe xɔasi la”!

“Kpe Xɔasi la” le Keklẽm Egbea

Alesi ameƒomevi vovovo siwo le Uganda la wɔa xɔlɔ̃e hewɔa amedzroe lae nye nusi koŋ ta amewo yia afima ɖo. “Kristotɔwo” koŋue sɔ gbɔ wu le dukɔ sia, si me ameƒomevi vovovo siwo ƒe dekɔnuwo to vovo le la me. Va ɖo egbea gɔ̃ hã la, ameawo ƒe nudodowo kple woƒe kɔnyinyi ɖenɛ fiana be ameƒomevi vovovowoe wonye nyateƒe.

Le ŋkeke siawo me la, Ugandatɔ geɖe va le Biblia me nyanyui, si ku ɖe ɣeyiɣi si me ŋutifafa ava axɔ anyigba bliboa dzi tegbee ŋu, la xɔm ŋutɔ. (Psalmo 37:11; Nyaɖeɖefia 21:4) Be woagblɔ nyanyui sia na amewo katã le dukɔ sia si ƒe lolome de sɔsɔ ge kple Great Britain tɔ me la mele bɔbɔe o.

Tso esime dukɔa me tɔ ɖeka pɛ ɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ ɖe Victoria-ta la me, le ƒe 1955 me, hezu Yehowa Ðasefo la, ‘ame ɖeka pɛ sia’ va zu ame akpe ɖeka le ƒe 1992 me. Tso ɣemaɣi ke la, amewo gava le nyateƒea xɔm ɖe edzi. Esia wɔ ɖeka kple kakaɖedzinya si Mawu gblɔ be: “Nye Yehowa, nye asi matsɔ awɔe le ewɔɣi.”—Yesaya 60:22.

Gbegbɔgblɔ Kuxiwo Dzi Ðuɖu

Le Uganda la, Eŋlisigbee wosrɔ̃na le suku hedona le dziɖuɖudɔwɔƒewo, gake menye eyae ame akpa gãtɔ dona o. Eyata Yehowa Ðasefowo ƒe agbagbadzedze be yewoagblɔ nyanyuia na amewo wɔe be wotenɛ kpɔna be yewoado gbe siwo ameawo dona wu la. Eva hiã alea elabena ame miliɔn 25 siwo le dukɔa me la dometɔ siwo wu 80 le alafa me la le kɔƒewo kple duviwo me, afisi ameawo doa woa ŋutɔwo degbe zi geɖe le woƒe gbesiagbe nuƒoƒowo me le. Ebia be woadze agbagba geɖe hafi ate ŋu agblɔ nyanyuia na gbegbɔgblɔ siawo dolawo.

Ke hã, Yehowa Ðasefowo dze agbagba kpɔ kuxi sia gbɔ to ɖaseɖiɖi na ameawo ɖe woa ŋutɔwo degbe me kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo tata ɖe gbegbɔgblɔ vovovowo me dzi. Gbegɔmeɖelawo ɖea agbalẽawo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ ene siwo nye Acholi, Lhukonzo, Luganda, kple Runyankore me, le Ðasefoawo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le fiadu, Kampala, me. Gawu la, amewo de Kristotɔwo ƒe takpekpe siwo wowɔ ɖe gbegbɔgblɔ vovovowo me le dukɔa me godoo la ale gbegbe be vavalawo sɔ gbɔ wu Yehowa Ðasefoawo zi gbɔ zi eve kple edzivɔ. Esia na wòdze ƒã be agbagba siwo dzem wole be woaɖi ɖase le gbegbɔgblɔ vovovowo me la na amewo le nyateƒea xɔm. Gake mese ɖe afisia o.

Mɔɖelawo Xɔ Ŋgɔ Na Dɔa

Hamewo kpea asi ɖe ɖoɖo si wowɔ be woatsɔ ɣleti etɔ̃ aɖaɖe gbeƒã le saɖeaga nutowo me ƒe sia ƒe la ŋu dzidzɔtɔe. (Dɔwɔwɔwo 16:9) Sɔhɛ mɔɖelawo, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo, tsɔ dzonɔameme le ŋgɔ xɔm na dɔ sia ale gbegbe. Ɣeaɖewoɣi la, wozɔa mɔ yia didiƒe siwo amewo mese nyanyuia le kpɔ kura o.

Woɖo Ðasefo eve ɖe Bushenyi, si nye du sue aɖe le Uganda ƒe ɣetoɖoƒe, be woaɖawɔ mɔɖela veviwo ƒe dɔ le afima ɣleti etɔ̃. Woyi ɖakpe ɖe Ðasefo ɖeka pɛ si le nutoa me la ŋu woɖe gbeƒã hewɔ ɖoɖo ɖe kpekpewo ŋu. Kaka ɣleti ɖeka nawu enu la, mɔɖela eve siawo nɔ Biblia srɔ̃m edziedzi kple ame 40, siwo dometɔ 17 te Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede. Mɔɖelaawo gblɔ be: “Amesiwo míena Nukae Mawu Di tso Mía Si? * ƒe agbalẽae la dometɔ aɖewo ŋlɔ nyabiase siwo le agbalẽa me ƒe nuɖoɖowo ɖe agbalẽa me tsɔ vɛ na mí le aƒeme, le ŋkeke aɖewo megbe. Wodi be yewoanya ne nyaŋuɖoɖoawo sɔ.” Fifia, Hame si si Fiaɖuƒe Akpata le la, le du ma me.

Mɔɖela eve zɔ mɔ yi Uganda ƒe ɣetoɖoƒe nuto aɖe si me womeɖe gbeƒã nyanyuia le kpɔ o la me. Woŋlɔ bena: “Biblia ƒe nyateƒea ƒe tsikɔ le amewo wum ŋutɔ. Le ɣleti etɔ̃ siwo míetsɔ va nɔ afisiae me la, míete ŋu dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple ame 86.” Eteƒe medidi hafi woɖo ɖasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ɖe afima o.

Dɔwɔla Dovevienu Bubuwo le Gbeadzi

Amesiwo le mɔɖeɖedɔa wɔm ƒe geɖe la le mɔɖela veviedonula siawo dome. Hafi Patrick nava zu Yehowa Ðasefo la, enye yamesrafowo ƒe haƒolawo dometɔ ɖeka le Uganda dukplɔla Idi Amin ƒe dziɖuɖua me. Esi Patrick xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1983 me la, edze ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le ɣleti ade megbe. Fifia, ezu dzikpɔla mɔzɔla, le hamewo srãm kpɔ hele dzi dem ƒo na nɔviawo.

Margaret xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1962 me. Togbɔ be esusɔ vie wòaxɔ ƒe 80 eye ali ɖea fu nɛ si wɔe be mete ŋu zɔna fũ o hã la, ezãna gaƒoƒo 70 ɣleti sia ɣleti tsɔ ɖea gbeƒã Biblia ƒe ŋugbedodowo na eƒe aƒelikawo. Edaa agbalẽawo ɖe zikpui dzi le eƒe aƒe ŋkume eye wòɖoa dze tso xexeme yeye aɖe si me ŋutifafa anɔ ŋu na amesiwo toa afima va yina la dometɔ siwo adi be yewoase nyanyuia.

Ƒe 16 sɔŋ enye ma si Simon, si nye agbledela tso Uganda ƒe ɣedzeƒe, nɔ nyateƒea dim hafi va ke ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ aɖe ŋu le ƒe 1995 me. Nusi wòxlẽ le agbalẽa me la na wòdi vevie be yeanya nu geɖe tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple Yehowa ƒe tameɖoɖowo na anyigba la ŋu. Ðasefo aɖeke menɔ Kamuli, afisi Simon le o, eyata ezɔ mɔ kilometa 140 yi Kampala be yeaɖadi wo. Egbea, woɖo hame ɖe woƒe kɔƒea me.

“Ðe Míeva Koŋ”

Abe alesi ko wòle le Afrika ƒe akpa bubuwo ene la, ame geɖe kpɔa mɔ be ele be tadeaguƒe nyui aɖe nanɔ subɔsubɔha ɖesiaɖe si. Nudidi sia va zua kuxi gã aɖe na Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖewo le esi ga meli woatsɔ atu Fiaɖuƒe Akpata si sɔ o la ta. Míate ŋu aɖɔ alesi gbegbe nɔviawo kpɔ dzidzɔe esime wowɔ ɖoɖo le ƒe 1999 ƒe nuwuwu lɔƒo be woatu Fiaɖuƒe Akpatawo le xexeame katã afɔtsɔtsɔe la wòade edeƒe o. Kaka ƒe atɔ̃ nava yi la, wotu Fiaɖuƒe Akpata yeye 40 le Uganda. Egbea, Fiaɖuƒe Akpata kpokploe si nya kpɔ nyuie la le hame ɖesiaɖe kloe si. Nya si Fiaɖuƒe Akpata siawo tutu gblɔna na nutoa me tɔwo enye be “Ðe míeva koŋ.” Esia hã na amewo le nyateƒea xɔm ɖe edzi kabakaba.

Hame sue aɖe si le Uganda ƒe dziehe la wɔa kpekpewo le Mangoti aɖe si ɖo vɔvɔli nyuie la te. Esi woƒle anyigba aɖe la, nuwo tsɔ afɔ nyuie. Ðasefo siwo le afima kpe ɖe nɔvi siwo va xɔa tu ge ŋu wodze Fiaɖuƒe Akpataa tutu gɔme. Wowɔ dɔ wònya kpɔ na ŋutsu aɖe si nye dunyahela tsã, si le nutoa me la, ale gbegbe. Ebia be woava nɔ kpekpeawo wɔm le yeƒe ʋudaɖoƒea vaseɖe esime woawu Fiaɖuƒe Akpataa nu. Elɔ hã be amesiwo va xɔa tu ge la dometɔ ɖeka nasrɔ̃ Biblia kpli ye. Fifia, enye gbeƒãɖela veviedonula, eye dzi le edzɔm be yele ta dem agu na Yehowa le Fiaɖuƒe Akpata dzeani si wotu la me.

Esi wonɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe tum le dukɔa ƒe anyieheɣedzeƒe gome la, xɔlɔ̃wɔwɔ, nɔvilɔlɔ̃, kple ɖekawɔwɔ si nɔ nɔviawo dome la wɔ dɔ ɖe xɔtula aɖe si le nutoa me dzi ale gbegbe be wòtsɔ eɖokui na be yeakpe asi ɖe dɔa ŋu. Esi dɔa nɔ enu wum la, ewɔ dɔ zã bliboa bene woawu nusianu nu hafi woakɔ Fiaɖuƒe Akpataa ŋu le ŋufɔke. Egblɔ be: “Miawo koe nye amesiwo lɔ̃a mia nɔewo vavã, menye nu koe mietsɔna gblɔnɛ o.”

Woate Ŋu Axɔ Nyateƒea Togbɔ be Kuxiwo Anɔ Anyi Hã

Esi wònye wole gbeƒã ɖem le Uganda ƒe nuto yeyewo me ta la, Ðasefowo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi, eye ɖetsɔlemetɔ geɖewo hã le kpekpewo dem. Ke hã, nusi ŋu wòle be woatsɔ dzo ɖo enumakee nye kpekpe ɖe sitsoƒedila gbogbo siwo va le Uganda la ŋu. Dukɔmeviʋa siwo dzɔ le dukɔ siwo ƒo xlã wo me la lɔ Yehowa ƒe amewo hã ɖe eme. Ðasefo siwo le aʋasilawo ƒe asaɖawo me la ƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu ɖe dzesi. Ame aɖe si nye dziɖuɖumegã tsã, le dukɔ siwo me aʋa dzɔ le la dometɔ ɖeka me, kpɔ gome le Ðasefowo yometiti me esime woɖo asi Ðasefoawo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le wo de dukɔa me, eye wòɖoa ŋku edzi be yeɖu agbe kpɔ. Esi wosrɔ̃ Biblia kplii le aʋasilawo ƒe asaɖawo dometɔ ɖeka me eye wòva zu Ðasefo la, egblɔ be: “Viɖe aɖeke mele kesinɔnuwo ƒe amesinɔnɔ kple ɖoƒe gã nɔnɔ le xexeame ŋu o. Togbɔ be mezu hiãtɔ fifia eye medze dɔ hã la, viɖe le nye agbe ŋu fifia wu tsã. Menya Yehowa, eye mete ŋu doa gbe ɖa nɛ faa. Togbɔ be etsɔme mɔkpɔkpɔ sẽŋu aɖe le asinye hã la, menya nusitae wòle be míado dzi le kuxiwo me egbea ɖo. Eyata meɖea dzi ɖi kura, si nye dzidzeme si tɔgbe nyemekpɔ kpɔ o.”

Wogblɔna be ne ètso ati do ɖe Uganda-nyigba nyuia dzi le fiẽsi la, kaka ŋu nake ko la, amie. Alesi amewo le nyateƒea xɔmee le dukɔa me fia be gbɔgbɔmenyigba la hã nyo ŋutɔ. Míeda akpe na Yehowa Mawu be wòna ɣeyiɣi ameƒomevi vovovo siwo le Uganda la be woase eƒe Fiaɖuƒea ŋu nya. Yesu tsɔ asixɔxɔ si le Fiaɖuƒea ŋu la sɔ kple ‘dzonu xɔasi ŋutɔ’ aɖe. Ugandatɔ geɖewo hã va le ekpɔm nenema.—Mateo 13:45, 46.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 13 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Anyigbatata siwo le axa 8]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

SUDAN

UGANDA

Nile tɔsisia

Kamuli

Tororo

Kampala

Bushenyi

Victoria-ta

KENYA

TANZANIA

RWANDA

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Mɔɖela dovevienu gbogboawo dometɔ etɔ̃

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Patrick

Margaret

Simon

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nutome gã takpekpe si wowɔ le Tororo

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 8]

Megbe ɖaa: © Uganda Tourist Board