Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dada Kple Ðokuibɔbɔ Ŋuti Nusɔsrɔ̃ Aɖe

Dada Kple Ðokuibɔbɔ Ŋuti Nusɔsrɔ̃ Aɖe

Dada Kple Ðokuibɔbɔ Ŋuti Nusɔsrɔ̃ Aɖe

NANE si dzɔ le Fia Dawid ƒe agbe me la ɖe vovototo si le ɖokuibɔbɔ kple dada vɔ̃ɖi dome la fia. Esi Dawid ɖu Yerusalem dzi heɖoe wònye eƒe fiadu megbee nusia dzɔ. Dawid bu Yehowa be eyae nye Israel-dukɔa dziɖula ŋutɔŋutɔ, eyata ewɔ ɖoɖo be woatsɔ Nubablaɖaka la, si nyea dzesi be Mawu le eƒe amewo dome la, ava fiadua mee. Nusia nɔ vevie na Dawid ale gbegbe be eɖe eƒe dzidzɔkpɔkpɔ fia amewo katã, esime wònɔ nunɔla siwo tsɔ Nubablaɖaka la yome. Yerusalemtɔwo kpɔ woƒe fia la wòle ‘kpo tim hele ɣe ɖum kple eƒe ŋusẽ katã.’—Kronika I, 15:15, 16, 29; Samuel II, 6:11-16.

Gake Dawid srɔ̃, Mixal, mekpɔ gome le aseyetsotso sia me o. Enɔ nu kpɔm to fesre nu, eye le esi teƒe be wòakpɔ dzidzɔ ɖe alesi Dawid nɔ Yehowa kafumee ŋu la, ‘eɖu fewu boŋ le eŋu le eƒe dzi me.’ (Samuel II, 6:16) Nukatae Mixal wɔ nusia ɖo? Ðewohĩ esi wòbu eɖokui ame vevii le esi wònye Israel-fia gbãtɔ, Saul, ƒe vinyɔnu eye wòganye Israel-fia evelia srɔ̃ la ta. Awɔ nɛ be mele be ye srɔ̃, si nye fia la, naɖi gbɔlo eɖokui kakaka ayi nu wɔ ge abe ame hahooawo ene, ahanɔ aseye tsom abe woawo ene o. Dadagbɔgbɔ sia dze le alesi wòƒo nui na Dawid, esime Dawid gbɔ va aƒeme, la me. Egblɔ gbɔɖiametɔe be: “Aleke gbegbe Israel-fia de bubu eɖokui ŋu heɖe ama le eteviwo ƒe dɔlanyɔnuwo ŋku me egbe, abe alesi yakamewo ɖea amae ene!”—Samuel II, 6:20.

Aleke Dawid wɔ nu ɖe fewuɖunya sia ŋui? Dawid ka mo na Mixal be Yehowa gbe nu le fofoa, Saul, gbɔ hekpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu. Dawid gblɔ kpee be: “Ne meɖi gbɔ, eye medo yakame ɖokuinye ʋuu hã la, ɖe mebe, made bubu ɖokuinye ŋu le dɔlanyɔnu, siwo ŋu nèƒo nu le la ŋku me.”—Samuel II, 6:21, 22.

Ẽ, Dawid ɖoe kplikpaa be yeayi edzi asubɔ Yehowa ɖokuibɔbɔtɔe. Nɔnɔme sia kpe ɖe mía ŋu míese susu si tae Yehowa gblɔ be Dawid nye ‘ŋutsu, si dze yeƒe dzi ŋu’ ɖo la gɔme. (Dɔwɔwɔwo 13:22; Samuel I, 13:14) Le nyateƒe me la, Yehowa Mawu, amesi bɔbɔ eɖokui wu ame ɖesiaɖe la, ƒe kpɔɖeŋu srɔ̃mee Dawid nɔ. Nukutɔe la, woɖe nya si Dawid gblɔ na Mixal be “medo yakame ɖokuinye” la tso Hebrigbe me dɔwɔnya aɖe si wozãna tsɔ ɖɔa alesi Mawu bua ameƒomeae la me. Togbɔ be Yehowae nye Ame gãtɔ kekeake le xexeame katã hã la, Psalmo 113:6, 7 gblɔ be ‘eɖe eɖokui alo eƒe bubu dzi kpɔtɔ tso dziƒo bene yeakpɔ ame bɔbɔɖeanyiwo le anyigba dzi ale be yeafɔ ame tsɛ tso ʋuʋudedi me kple ame dahe tso ba me.’

Esi Yehowa nye ɖokuibɔbɔla ta la, mewɔ nuku o be etsri ‘dadaŋku’ siwo le amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi si la. (Lododowo 6:16, 17) Nɔnɔme vɔ̃ɖi sia si Mixal ɖe fia amesi Mawu tia tsɔ ɖo fiae kple bubu si mede eŋu o la wɔe be medzi vi aɖeke na Dawid o. Etsi ko kakaka tsɔ kui. Nusɔsrɔ̃ vevi kae nye si esia nye na mí! Ele be amesiwo katã adi be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu la nawɔ ɖe nya sia dzi be: “Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitsɔ ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.”—Petro I, 5:5.