Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzidzɔkpɔkpɔ Ŋuti Mɔfiame Si Ŋu Kakaɖedzi Le

Dzidzɔkpɔkpɔ Ŋuti Mɔfiame Si Ŋu Kakaɖedzi Le

Dzidzɔkpɔkpɔ Ŋuti Mɔfiame Si Ŋu Kakaɖedzi Le

ESƆ be amewo katã “naminya dzidzɔkpɔkpɔ.” Nenemae amesiwo ŋlɔ Amerika ƒe Ðokuisinɔnɔ Ŋuti Nuŋlɔɖi la bui. Gake taɖodzinu aɖe minyaminya mefia be woaɖo egbɔ godoo o. Togbɔ be sɔhɛ geɖe dina vevie be yewoava nye modzakaɖela kple kamedefefewɔla kpɔdzidzedzewo gbaɖegbe hã la, wo dometɔ nenie nènya be wova zu amesi ƒomevi wodi vevie be yewoanye la? Hadzila xɔŋkɔ aɖe si nya alesi ʋiʋli be woazu hadzila kpɔdzidzedze le la, gblɔ be: “Ðewohĩ màɖo wò taɖodzinu sia gbɔ o.”

Ne ewɔ na wò be yemate ŋu akpɔ dzidzɔ abe alesi yedii ene o la, dzi megaɖe le ƒowò o. Ne èdi dzidzɔkpɔkpɔ to mɔ nyuitɔ nu la, àkpɔe. Nukatae míate ŋu agblɔe alea ɖo? Nyati si do ŋgɔ la do ‘dzidzɔ ƒe Mawu,’ Yehowa, ŋu nya aɖe ɖa. (Timoteo I, 1:11) Le Biblia me la, Mawu fia mɔ si dzi nàto adi dzidzɔkpɔkpɔ bene wòasu asiwò. Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖu nusiwo te ŋu doa nuxaxa na amesiame ko la dzi. Le kpɔɖeŋu me, se nya siwo Yehowa atsɔ afa akɔ na wò ne wò ame vevi aɖe ku la ɖa.

Ne Ame Vevi aɖe Ku

Ðe woate ŋu agblɔ nya nyui aɖe tso ku ŋua? Ku ɖea dzilawo ɖa le wo viwo ŋu alo ɖea viwo ɖa le wo dzilawo ŋu. Eklãa xɔlɔ̃ veviwo dome eye wòdea mɔ amesiwo dome le kplikplikpli la hã dome. Ne ame ku la, ƒome kpɔdzidzɔ ate ŋu axa nu kakaka wòagbɔ eme.

Menye ame aɖekee agblɔe na wò be aƒegbãlae ku nye o. Gake ame aɖewo melɔ̃na ɖe nya sia dzi o, eye wobua ku be enye viɖenu aɖe. Se nusi dzɔ esime ahom sesẽ aɖe, si woyɔ be Katrina la, tu le Mexico Ƒukɔme le August 2005 me ɖa. Subɔsubɔhakplɔla aɖe gblɔ le emetsilawo dometɔ ɖeka ƒe kuteƒe be: “Menye Katrina ye wui o. Mawue kplɔe dzoe.” Ɣebubuɣi la, kɔdzidɔwɔla fanamela aɖe gblɔ na nyɔnuvi aɖe be megaxa nu o, elabena Mawue kplɔ dadaa yi dziƒoe. Nyɔnuvia do ɣli be: “Aoo! Nukatae wòle be wòakplɔe adzoe le gbɔnye?”

Àkpɔe zi ɖeka be ku ŋuti nukpɔsusu gbegblẽ siawo mefaa akɔ na amesiwo ƒe ame ku la o. Nukatae? Elabena ku ŋuti nukpɔsusu mawo menye nyateƒe o. Vɔ̃ɖitɔe wu la, wonaa Mawu va dzena abe amesi le mɔ siwo dzi ŋɔ, hedoa vevesese na ame, la dzi tom le ame veviwo ɖem ɖa le woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ŋu ene. Le esi eteƒe be Mawu nanye akɔfala na amesiwo dzi kua dzɔ ɖo la, wonana wòdze abe ŋutasẽla vɔ̃ɖi ene boŋ. Gake Mawu ƒe Nya la ƒo nu tso nusi tututu ku nye ŋu.

Biblia yɔ ku be enye futɔ. Etsɔ ku sɔ kple fia aɖe si le ameƒomea dzi ɖum. (Romatɔwo 5:17; Korintotɔwo I, 15:26) Ku nye futɔ aɖe si ŋu ŋusẽ le ale gbegbe be amegbetɔ aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe enu o, eye ne míaƒe ame vevi aɖe ku la, ezua ame gbogbo siwo ku wu la dometɔ ɖeka. Ne míaƒe ame vevi aɖe ku la, alesi míexaa nui kple alesi mɔkpɔkpɔ buna ɖe míi la ɖenɛ fiana be nyateƒee Biblia to be enye futɔ. Eɖo kpe edzi be ele dzɔdzɔmenu be míase le mía ɖokui me nenema. Gake ɖe Mawu zãa ku, si nye futɔ la, tsɔ kplɔa míaƒe ame veviwo yia dziƒoea? Mina Biblia naɖo biabia sia ŋu.

Nyagblɔla 9:5, 10 gblɔ be: “Kukuawo menya naneke o, . . . nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsiẽƒe, afisi yi ge nala o.” Nukae nye tsiẽƒe? Eyae nye yɔdo si ko me woɖia ame kukuwo ɖo. Wɔna aɖeke menɔa ame kukuwo ŋu le yɔdo me o, womeʋãna loo, sea vivi alo veve aɖeke loo, alo bua tame aɖeke o. Ðeko wòle abe ɖee wodɔ alɔ̃ yi eme ʋĩ ene. * Biblia na eme kɔ ƒã be Mawu mekplɔa míaƒe ame vevi siwo ku la yia eɖokui gbɔe le dziƒo o. Esi woku ta la, agbe megale wo me le yɔdoa me o.

Yesu ɖo kpe nyateƒenya sia dzi esime exɔlɔ̃ Lazaro ku. Yesu tsɔ ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ. Ne ɖe Lazaro yi ɖale Mawu Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ le dziƒo la, ekema manye nu nyui aɖeke Yesu nawɔ nɛ be wòatrɔe agbɔe va anyigba dzi, ne wòagava ku ake o. Nusi gbɔgbɔ ʋã Yohanes wòŋlɔ ɖi la gblɔ be Yesu do ɣli kple gbe sesẽ le yɔdoa to gblɔ be: “Lazaro lee, do go!” Biblia yi edzi be: “Eye ame kuku . . . la, do go.” Agbe yeye gaɖo Lazaro me. Yesu nyae be Lazaro medzo le anyigba dzi o. Ame kuku koe wònye nɔ yɔdo me.—Yohanes 11:11-14, 34, 38-44.

Biblia me nudzɔdzɔ sia kpe ɖe mía ŋu míese egɔme be ku menye nusi Mawu zãna tsɔ kplɔa amewo tsoa anyigba dzi yia dziƒoe o. Eyata míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu faa, le esi míenyae be menye eyae doa nuxaxaa na mí o ta. Míate ŋu aka ɖe edzi be enya alesi gbegbe ku, si nye futɔ la, naa míefaa konyii, kple alesi gbegbe wògblẽa nui hã. Eye nyateƒe si le Biblia me ku ɖe nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu la ɖo kpe edzi be kukuawo mekpea fu aɖeke le dzomavɔ alo ŋutiklɔdzo me o, ke boŋ agbe megale wo me le yɔdoa me o. Eyata mele be míaƒe ame vevi siwo ku, siwo ƒe nu tsi susu me na mí la, nana mía kple Mawu dome nagblẽ alo ana míanɔ dzi tsim be míanya afisi tututu wole o. Gawu la, Yehowa gagblɔ akɔfanya bubuwo na mí le Biblia me.

Mɔkpɔkpɔ Naa Ame Kpɔa Dzidzɔ

Mawunyakpukpui siwo me míedzro la ɖee fia be mɔkpɔkpɔ nye nusiwo naa ame kpɔa dzidzɔ vavã la dometɔ ɖeka. “Mɔkpɔkpɔ” si wozãna le Biblia me la fia be woatsɔ kakaɖedzi anɔ nu nyui aɖe sinu kpɔmee. Be míakpɔ alesi mɔkpɔkpɔ te ŋu naa ame kpɔa dzidzɔ fifia gɔ̃ hãe la, na míagatrɔ ɖe Yesu ƒe Lazaro fɔfɔ ɖe tsitre ƒe nuŋlɔɖia ŋu.

Susu eve ya teti tae Yesu wɔ nukunu sia ɖo. Ðekae nye bene Marta, Maria, kple xɔlɔ̃ siwo nɔ nu xam la, nadzudzɔ nuxaxa. Woagakpɔ woƒe ame vevi la ake ahade ha kplii. Gake Yesu gblɔ susu evelia, si le vevie wu la, na Marta be: “Ðe nyemegblɔ na wò bena, ne èxɔe se la, àkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la o mahã?” (Yohanes 11:40) J. B. Phillips ƒe The New Testament in Modern English ya ɖe mawunyakpukpui ma ƒe akpa mamlɛa gɔme be àkpɔ “nukunu si Mawu ate ŋu awɔ.” Esi Yesu gbɔ agbe Lazaro la, eɖe nusi Yehowa Mawu ate ŋu awɔ eye wòava wɔ hã le etsɔme fia. Se “nukunu si Mawu ate ŋu awɔ” la ƒe me ɖeɖe tsitotsito aɖewo ɖa.

Le Yohanes 5:28, 29 la, Yesu gblɔ be: “Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, woase eƒe gbe; eye . . . woado go.” Esia fia be ame kuku siwo katã le tsiẽƒe, tsɔ kpe ɖe míaƒe ame veviwo ŋu la, agagbɔ agbe. Dɔwɔwɔwo 24:15 yi edzi ɖe nudzɔdzɔ ɖedzesi sia me be: “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” Eyata mɔnukpɔkpɔ ava su “ame madzɔmadzɔwo,” amesiwo menya Yehowa hesubɔe o la, si le etsɔme be woate ŋu ava subɔe bene woƒe nu nadze Mawu ŋu.

Afikae woafɔ ameawo ɖe tsitre le? Psalmo 37:29 gblɔ be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” De ŋugble le nusi esia fia ŋu kpɔ. Ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ siwo dome ku klã la agava wɔ ɖeka ake le anyigba dzi afisia. Esi nèle mɔ kpɔm be yeagava kpɔ dzidzɔ gbaɖegbe kple amesiwo gbɔ yemelɔ̃a nu le o ta la, edze be dzi nadzɔ wò.

Yehowa Di Be Nàkpɔ Dzidzɔ

Míekpɔ mɔ eve siwo nu Yehowa tona dzia wò dzidzɔkpɔkpɔ ɖe edzi togbɔ be wò kuxiwo li hã. Gbã la, etoa Biblia dzi naa sidzedze kple mɔfiame wò bene woakpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu dzidzedzetɔe. Tsɔ kpe ɖe alesi Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nuxaxa si ku dona na mí nu ŋu la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe ga kple lãmesẽ kuxiwo hã nu. Ate ŋu ado ŋusẽ wò be nàdo dzi le nu madzɔmadzɔ siwo amewo wɔna kple tɔtɔ siwo dunyahehe hena vɛ la me. Eye ne èwɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ wò kuxi bubuwo hã gbɔ.

Evelia, to Biblia sɔsrɔ̃ me la, mɔkpɔkpɔ si ƒo nusianu si amegbetɔwo ate ŋu ana wò ta la asu asiwò. Mía xɔlɔ̃ kple míaƒe ƒometɔ siwo woava fɔ ɖe tsitre la nye mɔkpɔkpɔ siwo Biblia na la dometɔ ɖeka. Nyaɖeɖefia 21:3, 4 na eme gakɔ ɖe edzi be: “Mawu ŋutɔ anɔ anyi [kple ameƒomea]. . . . Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” Esia fia be eteƒe medidi o, woaɖe nusianu si doa nuxaxa na wò la ɖa tegbee. Nusiwo ƒe ŋugbe Biblia do la ava eme, eye ate ŋu aɖe vi na wò. Enyanya ko be etsɔme nyui aɖe gbɔna gɔ̃ hã nana ame ɖea dzi ɖi. Enyanya be yemanɔ fu kpem tegbee ne yeku o hã nye susu si tae nàkpɔ dzidzɔ ɖo.

Le kpɔɖeŋu me: Ƒe aɖewo enye esia la, Maria kpɔ srɔ̃a si nɔ kansadɔ lém la wòƒo kudɔ vevie heku. Esia ƒe aɖatsi mekpɔ vɔ le mo nɛ hafi gakuxiwo ƒoe ɖe woa kple vianyɔnu etɔ̃awo nu be woaʋu adzo le woƒe aƒea me o. Le ƒe eve megbe la, Maria ŋutɔ hã dze kansadɔ. Wowɔ dɔ nɛ zi eve sɔŋ eye wòsea veve vevie gbesiagbe. Togbɔ be ele nɔnɔme siawo katã me tom hã la, eƒe nu mewɔa nublanui na eɖokui kura o, eye esia dea dzi ƒo na amewo. Nukae nana wòyia edzi kpɔa dzidzɔ?

Maria gblɔ be: “Ne nane le fu ɖem nam la, meléa ɖokuinye be magatsi dzi fũ akpa o. Nyemebiaa ɖokuinye be: ‘Nye ko dzie esia hã agadzɔ ɖoa? Nukatae mele fu kpem alea gbegbe ɖo? Nukatae wòle be madze dɔ ɖo?’ o. Ame ƒe nu ƒe nublanuiwɔwɔ na eɖokui nana nu tia kɔ nɛ. Ðe eteƒe la, mezãa nye ŋusẽ boŋ ɖe Yehowa subɔsubɔ kple kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu ŋuti. Esia nana mekpɔa dzidzɔ.”

Akpa kae mɔkpɔkpɔ wɔna le Maria ƒe agbe me? Eɖo dzi ɖe etsɔme si me Yehowa aɖe dɔléle kple kuxi bubuwo ɖa le ameƒomea dome ŋu. Ne eyi atike xɔ ge le kɔdzi la, egblɔa mɔkpɔkpɔ sia ŋu nya na kansadɔléla bubu siwo si mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o la. Aleke mɔkpɔkpɔ le vevie na Mariae? Egblɔ be: “Medea ŋugble le nusi Biblia gblɔ le Hebritɔwo 6:19, afisi Paulo ɖɔ mɔkpɔkpɔ le be enye luʋɔ ƒe seke la, ŋu zi geɖe. Seke sia manɔmee la, ame anɔ tsaglãla tsam abe tɔdziʋu si womeda seke na o le ƒu dzeagbo dzi la ene. Ne woda seke sia na wò la, ànɔ dedie togbɔ be kuxiwo aƒo go wò hã.” ‘Agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ sia, si ƒe ŋugbe Mawu, amesi meka aʋatso o la, do’ kpena ɖe Maria ŋu wòkpɔa dzidzɔ. Ate ŋu ana wò hã nàkpɔ dzidzɔ.—Tito 1:2.

Àte ŋu ato Biblia sɔsrɔ̃ dzi akpɔ dzidzɔ togbɔ be kuxiwo anɔ fu ɖem na wò hã. Gake ɖewohĩ nyabiase aɖewo anɔ asiwò ku ɖe dzidzɔ sia kpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ ŋu. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoatsɔ Ŋɔŋlɔawo ana ŋuɖoɖo siwo nèhiã be dzi nate ŋu adzɔ wò vavã la wò. Esi nèle mɔkpɔkpɔ si Yehowa tsɔ ɖo mía ŋkume la lalam la, woate ŋu axlẽ wò ɖe amesiwo woɖɔ be, “Vivisese kple dzidzɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo” la dome.—Yesaya 35:10.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Encyclopædia Britannica (ƒe 2003 tɔ) gblɔ le tsiẽƒe (Sheol) ŋu be “enye teƒe si vevesese alo dzidzɔkpɔkpɔ, tohehe alo fetu aɖeke mele o.”

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Biblia me nyateƒea koe ate ŋu ana ame nadzudzɔ nuxaxa

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ si le Biblia me la ate ŋu ana ame nakpɔ dzidzɔ