Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Kpɔ Weinka Sia Dzi’!

‘Kpɔ Weinka Sia Dzi’!

‘Kpɔ Weinka Sia Dzi’!

ŊKUTSALA 12-awo tsa le Ŋugbedodonyigba bliboa dzi godoo. Mose gblɔ na wo be woalé ŋku ɖe afimatɔwo ŋu nyuie eye woatsɔ kutsetse aɖewo agbɔe. Kutsetse kae nya kpɔ na wo wu? Wokpɔ weingble aɖe, si gbɔ medidi tso Xebron o, si ƒe weintsetsewo lolo ale gbegbe be ame evee te ŋu tsɔ wein-kpo ɖeka. Weintsetseawo nya kpɔ ale gbegbe be ŋkutsalaawo na ŋkɔ teƒe wɔ nuku la be “Eskol-bali” alo “Wein-kpowo De.”—Mose IV, 13:21-24.

Le ƒe alafa 19 lia me la, ame aɖe si ɖi tsa yi Palestina nutowo me gblɔ bena: ‘Weintsetsewo gakpɔtɔ le Eskol, alo Wein bali la, me fũ eye kutsetseawoe nye nyuitɔ kple lolotɔ kekeake le Palestina.’ Togbɔ be Eskol ƒe weintsetseawoe nye nyuitɔwo kekeake hã la, wein wɔna nyuie le Palestina ƒe afisiafi le Biblia ŋlɔɣiwo me. Egiptetɔwo ƒe nuŋlɔɖiwo ɖee fia be Faraowo dɔa woƒe weintsetse tso Kanaan.

Agbalẽ si nye The Natural History of the Bible gblɔ be: “[Palestina-nyigba] ƒe akpa si nye tonyigba glidzaglidzawo, siwo me kpekuwo le eye ŋdɔ ʋuna ɖe wo dzi, wo dzi xɔa dzo le dzomeŋɔli me eye tsidzadza mete ŋu xana ɖe wo dzi o la, wɔe be wònye anyigba si nyo ŋutɔ na weingbledede.” Yesaya gblɔ be, wote ŋu doa weinka akpe ɖeka gɔ̃ hã ɖe anyigba ƒe akpa aɖewo.—Yesaya 7:23.

“Anyigba si Nyo Ŋutɔ Na Weingbledede”

Mose gblɔ na Israel-dukɔa be woava nɔ anyigba si dzi “weinkawo, gbotiwo kple yevuboɖatiwo” le la dzi. (Mose V, 8:8) Baker Encyclopedia of Bible Plants gblɔ be: “Weinkawo bɔ ɖe blema Palestina ale gbegbe be wokpɔ weinkuwo le teƒe siwo katã kloe tomenukulawo ku la.” Ŋugbedodonyigba ƒe weinkawo tsena ale gbegbe be esime Nebukadnezar ƒe asrafowo ɖe aboyo Yuda le ƒe 607 D.M.Ŋ. me gɔ̃ hã la, amesiwo susɔ ɖe dua me la ‘ƒo wein kple kutsetse nu ƒu kpaŋkpaŋ.’—Yeremya 40:12; 52:16.

Ele be Israel weingbledelawo nalé be na woƒe agblewo nyuie hafi wein la nate ŋu atse wòasɔ gbɔ. Yesaya ƒe agbalẽa ƒo nu tso alesi amesiwo dea weingble le Israel la dzoboa anyigba, ɖea kpe gãwo le eme, hafi doa “weinka nyuitɔwo” ɖe eme la ŋu. Emegbe la, agblea tɔ tsɔa kpeawo tɔa kpɔe ɖe agblea ŋu. Esia wɔnɛ be nyihawo mete ŋu gena ɖe weingblea me va gblẽa weinkawo o, eye abeiwo, gbehawo, kple fiafiwo hã mete ŋu gena ɖe eme bɔbɔe o. Ate ŋu akpa weinfianu ada ɖe agblea me eye wòate ŋu atu agblexɔ vi aɖe si me wòaɖi ɖe eme le, le weintsetseawo gbeɣi, si me wòbiana be woakpɔ agblea ta nyuie wu le ɖe eme. Ne ewɔ dɔ vevi siawo katã vɔ la, ate ŋu akpɔ mɔ be yeagbe weintsetsewo le agbɔsɔsɔ me.—Yesaya 5:1, 2. *

Ne weinkawo atse wòasɔ gbɔ la, ele be weingbledela nanɔ weinkawo ŋu ɖem ahatsɔ kodzi anɔ gbewo kple ŋuwo gãm le weinkawo ŋu edziedzi. Ne tsi medza ɖe ɖoɖo nu o la, ahiã be wòanɔ tsi dem weinkawo le dzomeŋɔli.—Yesaya 5:6; 18:5; 27:2-4.

Dzomeŋɔlia ƒe nuwuwu, si nyea weintsetseawo gbeɣi la, nyea dzidzɔ ɣeyiɣi gã aɖe. (Yesaya 16:10) Psalmo etɔ̃, siwo nye Psalmo 8, 81, kple 84, ƒe kpukpui gbãtɔwo me hakpanya aɖewoe nye “ɖe Gat-viwo tɔ nu.” Woɖe hakpanya sia si gɔme míese tututu o la gɔme le Septuagint Biblia me be “weinfianuwo,” eye esia ate ŋu afia be Israel-viwo dzia Psalmo siawo me hawo le wein gbeɣi. Togbɔ be aha koŋue Israel-viwo fiana weintsetseawo tsɔ wɔnae hã la, woɖuna tsetseawo nenema hã faa alo sianɛ wòƒuna, tsɔ wɔa akpɔnɔ viviwoe.—Samuel II, 6:19; Kronika I, 16:3.

Israel ƒe Weinkawo

Esi weinka nye nu vevi aɖe na Israel-viwo ta la, Biblia yɔ Mawu ƒe amewo zi geɖe be weinka—wònye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si sɔ ŋutɔ. Le Psalmo 80 lia me la, Asaf tsɔ Israel-dukɔa sɔ kple weinka si Yehowa do ɖe Kanaan. Wodzra anyigba dzi ɖo nyuie bene Israel, si nye weinka la, nato ke ahawɔ nyuie. Gake esi ƒeawo va nɔ yiyim la, kpɔ siwo wotɔ ɖe eŋu la mu. Dukɔa megava nɔ ŋu ɖom ɖe Yehowa ŋu o, eye eya hã megakpɔa wo ta o. Israel-viwo ƒe futɔwo wɔ anyra le wo ŋu eye woha woƒe kesinɔnuwo, abe alesi gbeha gblẽa weingblee ene. Asaf do gbe ɖa be Yehowa nakpe ɖe dukɔa ŋu be bubu si nɔ eŋu tsã la nagaɖo eŋu ake. Eɖe kuku nɛ be ‘wòakpɔ wienka sia dzi.’—Psalmo 80:9-16.

Yesaya tsɔ “Israel ƒe aƒe” sɔ kple weingble si va le “ʋukatsetsewo,” alo ‘wein maɖumaɖuwo’ tsem. (Yesaya 5:2, 7) Ʋukatsetsewo melolo de weintsetse ŋutɔŋutɔ nu o eye ku gã le eme, si wɔe be lã sue aɖe koe nɔa eŋu. Ʋukatsetsewo menyo kura na aha loo alo na ɖuɖu o—si nye kpɔɖeŋu si sɔ ŋutɔ na dukɔ si gbe xɔse hegbea sedziwɔwɔ la. Menye Weingbledelae wɔe be agblea va tse ʋukatsetsea o. Yehowa dze agbagba ɖesiaɖe be dukɔa natse ku nyuiwo. Ebia be: “Nukae woawɔ na nye weingble la, eye nyemewɔe nɛ o?”—Yesaya 5:4.

Esi Israel ƒe weinka la metse ku nyui o ta la, Yehowa na eƒe ameawo nya be yeamu kpɔ si yetɔ ɖe wo ŋu la. Magaɖe eƒe kpɔɖeŋu weinka la ŋu loo alo aga agblea me o. Adametsi si dzana ɖe weinka dzi be wòawɔ nyuie la magadza o, eye ŋuwo kple gbewo alé weingblea.—Yesaya 5:5, 6.

Mose gblɔe ɖi be xɔse si Israel gbe la awɔe be weingble siwo wodena ŋutɔŋutɔ la hã ayrɔ. Egblɔ be: “Àde weingble, eye àwɔ dɔ le eŋu, ke màkpɔ wein ano o, eye màgbe kutsetse aɖeke hã o, elabena ŋɔwo aɖui.” (Mose V, 28:39) Ne ŋɔwo ge ɖe weinka me heɖui la, weinka la, ate ŋu aku le ŋkeke ʋɛ aɖewo ko me.—Yesaya 24:7.

‘Weinka Vavã La’

Abe alesi Yehowa tsɔ Israel-dukɔa sɔ kple weinka ŋutɔŋutɔ ene la, Yesu hã zã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ sia tɔgbe. Le wɔna si ame geɖe lɔ̃a yɔyɔ be Fiẽnuɖuɖu Mamlɛ me la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nyee nye weinti vavã la, eye Fofonyee nye agbledela la.” (Yohanes 15:1) Yesu tsɔ eƒe nusrɔ̃lawo sɔ kple weinti alo weinka ƒe alɔwo. Abe alesi ko weinka ŋutɔŋutɔ ƒe alɔwo xɔa nunyiame tsoa atia ŋutɔ gbɔe ene la, nenema kee wòle be Kristo ƒe nusrɔ̃lawo hã nanɔ Kristo ŋui. Yesu gblɔ be: “Nye manɔmee la miele eŋute ge awɔ naneke o.” (Yohanes 15:5) Kutsetsewo tae weingbledelawo doa weinkawo ɖo, nenema kee Yehowa hã di tso eƒe amewo si be woatse ku le gbɔgbɔ me. Esia doa dzidzɔ na Mawu, amesi nye Weingbledela la, eye wòdea bubu eŋu.—Yohanes 15:8.

Hafi weinka ŋutɔŋutɔ natse nyuie la, ele be woanɔ eŋu ɖem ahanɔ gbewo gam ɖa le eŋu, eye Yesu ƒo nu tso dɔwɔwɔ evea siaa ŋu. Ele na weingbledela si di be yeƒe agble natse nyuie la be wòaɖe eƒe weinkawo ŋu zi eve le ƒea me. Le vuvɔŋɔli la, agbledelaa ɖea weinkaa ƒe alɔwo katã kloe le eŋu. Eɖea alɔ siwo weinkaa dze le ƒe si va yi me la dometɔ akpa gãtɔ le eŋu. Ðewohĩ alɔ gã etɔ̃ alo ene aɖewo koe wòagblẽ ɖe eŋu, eye wòagblẽ alɔ̃ sue ɖeka alo eve aɖewo ɖe alɔ gã etɔ̃ alo ene siawo dometɔ ɖesiaɖe hã ŋu. Alɔ sue siawoe ava tsi atse le ƒe si gbɔna ƒe dzomeŋɔli me. Mlɔeba, ne weingbledela la wu weinka ŋu ɖeɖe nu vɔ la, etɔa dzo alɔ siwo wòɖe la.

Yesu ƒo nu tso weinka ŋu ɖeɖe ƒiaƒiaƒia alea ŋu be: “Ne ame aɖe menɔ menye o la, woatsɔe aƒu gbe abe weinti ƒe alɔ ene, eye wòaƒu, eye woaƒo wo nu ƒu, eye woatɔ dzo wo, eye woafiã.” (Yohanes 15:6) Togbɔ be adze abe alɔ vɔ le weinka la ŋu keŋkeŋ ene hã la, wogaɖea alɔawo dometɔ aɖewo le eŋu ake le adame.

Yesu gblɔ be: “Alɔ sia alɔ, si le ŋutinye, eye metsena o la, elãnɛ.” (Yohanes 15:2) Weinka ŋu ɖeɖe sia nye esi wova wɔna emegbe ne weinka la to alɔ bubuwo eye wein siwo te tsetse fɛ la hã dze nyuie ne woakpɔ. Weingbledela la léa ŋku ɖe alɔ yeye ɖesiaɖe ŋu nyuie hekpɔnɛ ɖa be wo dometɔ kawoe tse ku eye kawoe metsee o. Ne wogblẽ esiwo dzi ku mele o la ɖe atia ŋu la, woanɔ nunyiame kple tsi xɔm tso atia me dzodzro. Eyata agbledelaa lãna alɔ matsematseawo ɖa le weinkaa ŋu bene alɔ tsekuawo ko nasusɔ anɔ nunyiamea xɔm.

Mlɔeba la, Yesu gblɔ tso weinka la ŋu ɖeɖe ŋu be: “[Alɔ] ɖesiaɖe, si tsena la, eɖea eŋu, bena wòatse geɖe awu.” (Yohanes 15:2) Ne weingbledelaa nya ɖe alɔ matsekuawo ɖa le eŋu vɔ ko la, egaléa ŋku ɖe alɔ siwo katã tse ku la dometɔ ɖesiaɖe nyuie. Ekpɔnɛ be alɔ suesuesue aɖewo hã dze ɖe alɔ tsekuawo ŋu, siwo hã wòle be wòaɖe ɖa. Ne wògblẽ alɔ suesuesue siawo ɖi la, woanɔ nunyiame vevi siwo wòle be weintsetseawo naxɔ hafi la ʋlim kpli wo. Ahiã be wòake aŋgba gã aɖewo hã le eŋu ale be ŋdɔ ƒe keklẽ si sɔ na weintsetse fɛawo nate ŋu aɖo wo gbɔ. Esiawo katã nye dɔ nyui siwo wɔwɔ akpe ɖe alɔ tsekuawo ŋu be woatse taŋtaŋ.

‘Minɔ Ku Geɖe Tsem’

‘Weinka vavã la’ ƒe alɔ tsekuawo tsi tre ɖi na Kristotɔ amesiaminawo. Ke hã, ele na ‘alẽ bubuawo’ hã be woaɖee afia be yewonye Kristo ƒe nusrɔ̃la tsekuwo. (Yohanes 10:16) Woawo hã ate ŋu atse “ku geɖe” siwo ahe ŋutikɔkɔe vɛ na woƒe Dziƒofofoa. (Yohanes 15:5, 8) Kpɔɖeŋu si Yesu wɔ ku ɖe weinka nyui la ŋu ɖoa ŋku edzi na mí be ne míenɔa Kristo ŋu hetsea gbɔgbɔmeku nyuiwo ko hafi míakpɔ ɖeɖe. Yesu gblɔ be: “Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, mianɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe alesi nye hã melé Fofonye ƒe seawo me ɖe asi, eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene.”—Yohanes 15:10.

Le Zaxarya ƒe ŋkekeawo me la, Mawu do ŋugbe na Israel-vi wɔnuteƒe siwo trɔ gbɔ va wo denyigba dzi la be, anyigba agawɔ ‘weinka atse, anyigba aʋã nu ake, eye nuku ŋu afa.’ (Zaxarya 8:12) Wozãa weinka tsɔ wɔa kpɔɖeŋui na ŋutifafa si me Mawu ƒe amewo ava se vivi le, le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la. Mixa gblɔe ɖi be: “Wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ; elabena Yehowa Zebaot ƒe nue gblɔe.”—Mixa 4:4.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Encyclopaedia Judaica gblɔ be weintsetse si biã kakaka de nyɔnyɔ ge vie, si woyɔna be sorek, lae amesiwo dea weingble le Israel la lɔ̃a dodo, eye anye be weintsetse sia ƒe nyae wogblɔ le Yesaya 5:2. Weintsetse sia ƒe wein ye biãna hevivina ŋutɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Weinka aɖe si yrɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Weinka si ŋu woɖe le vuvɔŋɔli

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Dzotɔtɔ weinka ƒe alɔ matsekuwo