Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nya si Yesu gblɔ na Nikodemo be “Amea ɖeke melia yi dziƒo kpɔ o, negbe amesi ɖi tso dziƒo va ko, eyae nye Amegbetɔvi” la gɔme ɖe?—Yohanes 3:13.

Yesu gakpɔtɔ nɔ anyigba dzi ɣemaɣi eye mekpɔ yi dziƒo haɖe o. Gake nusiwo míenya tso Yesu ŋu kple nya si gblɔm wònɔ hafi gblɔ nya sia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase eƒe nyaa gɔme.

Yesu ɖi “tso dziƒo va” le susua nu be enɔ Fofoa gbɔ le dziƒo tsã abe gbɔgbɔmeme ene, gake le ɣeyiɣi ɖoɖi aɖe dzi la, Mawu tsɔ Via de Maria ƒe vidzidɔ me, ale be wova dzi Yesu wòzu amegbetɔ. (Luka 1:30-35; Galatiatɔwo 4:4; Hebritɔwo 2:9, 14, 17) Le Yesu ƒe ku megbe la, woafɔe ɖe tsitre wòanye gbɔgbɔmeme, agatrɔ ayi Yehowa gbɔ. Eyata esi wòsusɔ vie woawu Yesu la, edo gbe ɖa bena: “Fofo, kɔ ŋutinye le wò ŋutɔ gbɔwò kple ŋutikɔkɔe, si mekpɔ le gbɔwò, hafi xexeame va dzɔ la.”—Yohanes 17:5; Romatɔwo 6:4, 9; Hebritɔwo 9:24; Petro I, 3:18.

Esime Yesu nɔ nu ƒom na Farisitɔ Nikodemo si nye nufiala le Israel la, Yesu mekpɔ yi dziƒo haɖe o. Le nyateƒe me la, ame aɖeke hã meku heyi dziƒo ɣemaɣi kpɔ o. Yesu ŋutɔ gblɔ be Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒo Mawu ƒe nyagblɔɖilawo katã ta, “gake amesi nye suetɔ le dziƒofiaɖuƒe la me la, wu eyama.” (Mateo 11:11) Eye apostolo Petro hã gblɔ be nuteƒewɔla Fia Dawid gɔ̃ hã ku, eye wògakpɔtɔ le eƒe yɔdo me; Dawid meyi dziƒo o. (Dɔwɔwɔwo 2:29, 34) Susu aɖe tae Dawid, Yohanes Amenyrɔɖetsimela, kple nuteƒewɔla bubu siwo ku hafi Yesu ku la, meyi dziƒo o ɖo. Woku hafi Yesu ʋu dziƒoyiyi ƒe mɔa, alo mɔnukpɔkpɔa, na amegbetɔwo bene woate ŋu afɔ wo tso ame kukuwo dome ne woaɖanɔ agbe le dziƒo. Apostolo Paulo ŋlɔ bena Yesu zu abe ŋgɔnɔla ene, eye ‘wòʋu mɔ yeye gbagbe’ si dzi woato ayi dziƒo la ɖi.—Hebritɔwo 6:19, 20; 9:24; 10:19, 20.

Esi wònye Yesu mekpɔ ku eye wofɔe ɖe tsitre haɖe o ɖe, nukae wòwɔnɛ esime wògblɔ na Nikodemo be, “Amea ɖeke melia yi dziƒo kpɔ o, negbe amesi ɖi tso dziƒo va ko, eyae nye Amegbetɔvi” la? (Yohanes 3:13) De ŋugble le dze si ɖom Yesu nɔ kple Nikodemo ŋu kpɔ.

Esi Yudatɔwo ƒe dziɖula sia yi Yesu gbɔ le zã me la, Yesu gblɔ nɛ be: “Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso dziƒo o la, mate ŋu akpɔ mawufiaɖuƒe la akpɔ o.” (Yohanes 3:3) Nikodemo gblɔ bena: ‘Esia manya wɔ o ɖe! Aleke woawɔ agadzi ame zi evelia?’ Mese Mawu ƒe Fiaɖuƒea me nɔnɔ ŋuti nufiafia sia si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la gɔme o. Ðe mɔ bubu aɖe li si dzi wòato asrɔ̃ea? Le amegbetɔwo gbɔ ya la, ame aɖeke mate ŋu aɖe nya sia gɔme nɛ nyuie o, elabena ame aɖeke mede dziƒo kpɔ bene wòanya alesi woawɔ ayi Fiaɖuƒea me la nyuie o. Yesu koe ate ŋu aɖe eme nɛ. Eya koe dze afia nusiawo Nikodemo kple ame bubuwo elabena Eyae nye amesi ɖi tso dziƒo va.

Eyata nya si wobia tso mawunyakpukpui sia ŋu ɖe Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ ŋuti nya vevi aɖe fia. Manyo be mawunyakpukpui aɖe si gɔmesese dze nu sesẽe la naɖe fu na mí fũ o. Ele be woatsɔ nya bubu siwo Biblia gblɔ le teƒe bubuwo tso eŋu la asɔ kpli eye wòawɔ ɖeka kplii. Gawu la, nya si gblɔm wonɔ hafi gblɔ nyaa—nusitae wogblɔ nyaa ɖo alo nya si me wogblɔe dee la—ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase mawunyakpukpui siwo gɔmesese sesẽ na mí la gɔme.