Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Wò Ŋkuɖodzinyawo Dzɔa Dzi Nam’

‘Wò Ŋkuɖodzinyawo Dzɔa Dzi Nam’

‘Wò Ŋkuɖodzinyawo Dzɔa Dzi Nam’

“Nusi ke woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta.” —ROMATƆWO 15:4.

1. Nukatae Yehowa ɖoa ŋku nyawo dzi na mí ɖo, eye nukata míehiã ŋkuɖodzinya siawo?

YEHOWA ɖoa ŋku nyawo dzi na eƒe amewo bene wòakpe ɖe wo ŋu woate ŋu anɔ te ɖe ɣeyiɣi sesẽ siawo ƒe nyaƒoɖeamenuwo nu. Míekpɔa ŋkuɖodzinya siawo dometɔ aɖewo ne míele Biblia xlẽm le mía ɖokui si, eye míesea wo le nyatakakawo alo nyaŋuɖoɖowo me le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. Nusiwo míexlẽna alo sena le teƒe siawo la dometɔ geɖe menye nya yeyewo na mí o. Ðewohĩ míese nya mawo kpɔ. Gake esi wònye be míeŋlɔa nu be bɔbɔe ta la, ehiã be woanɔ ŋku ɖom Yehowa ƒe tameɖoɖowo, eƒe sewo, kple eƒe nufiamewo dzi na mí edziedzi. Ele be míade asixɔxɔ Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo ŋu. Ŋkuɖodzinya siawo dea dzi ƒo na mí be míagaŋlɔ susu siwo ta míetiae be míanɔ agbe nɔm abe Mawu subɔlawo ene la be o. Eyata hakpala la dzi ha be: ‘Wò ŋkuɖodzinyawo dzɔa dzi nam.’—Psalmo 119:24.

2, 3. (a) Nukatae Yehowa na woŋlɔ amewo ƒe ŋutinya ɖe Biblia me na mí ɖo? (b) Ŋɔŋlɔawo me nudzɔdzɔ kawo mee míadzro le nyati sia me?

2 Togbɔ be ƒe alafa geɖewoe nye sia si woŋlɔ Mawu ƒe Nya hã la, ŋusẽ gakpɔtɔ le ŋu. (Hebritɔwo 4:12) Amesiwo ŋu nya woŋlɔ ɖe Biblia me la ƒe agbemeŋutinyawo ŋutɔŋutɔe le eme na mí. Togbɔ be dekɔnuwo kple alesi amewo bua nuwo ŋui megale abe alesi wònɔ le Biblia ŋlɔɣi o hã la, kuxi siwo me míetona la sɔ kple esiwo me ameawo to ɣemaɣi. Amesiwo lɔ̃ Yehowa hesubɔe nuteƒewɔwɔtɔe togbɔ be nɔnɔmeawo mede wo dzi o hã la ƒe ŋutinya wɔdɔɖeamedziwoe woŋlɔ ɖe Biblia me be míasrɔ̃ nu tso wo me. Nuŋlɔɖi bubuwo he susu yi agbenɔnɔ siwo Mawu lé fui la dzi. Yehowa na woŋlɔ amewo ƒe ŋutinya nyuiwo kple gbegblẽawo siaa ɖe Biblia me be woanye ŋkuɖodzinyawo na mí. Esia wɔ ɖeka kple nusi apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Nusi ke woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta, bene míatsɔ ŋɔŋlɔawo ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ mɔkpɔkpɔ.”—Romatɔwo 15:4.

3 Mina míatrɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me nudzɔdzɔ etɔ̃ aɖewo, siwo nye alesi Dawid wɔ nui ɖe Saul ŋu, Anania kple Safira ƒe ŋutinya la, kpakple Yosef kple Potifar srɔ̃ dome nudzɔdzɔa, ŋu. Nusɔsrɔ̃ vevi aɖewo le esiawo dometɔ ɖesiaɖe me na mí.

Mawu ƒe Ðoɖowo Me Léle Ðe Asi

4, 5. (a) Kuxi kae ɖo Fia Saul kple Dawid dome? (b) Aleke Dawid wɔ nu ɖe Saul ƒe fulélea nui?

4 Fia Saul megava nɔ nuteƒe wɔm na Yehowa o, si wɔe be megava dze aɖu Yehowa ƒe amewo dzi o. Eyata Mawu gbe nu le egbɔ hegblɔ na nyagblɔɖila Samuel be wòaɖasi ami na Dawid wòanye amesi ava ɖu fia ɖe Israel dzi. Esi Dawid ɖee fia be yebi ɖe aʋawɔwɔ me eye amewo kafui ɖe eta ta la, Saul va te Dawid kpɔkpɔ abe futɔ ene. Saul tee kpɔ be yeawui zi geɖe. Gake Dawid do le wo katã me elabena Yehowa nɔ kplii.—Samuel I, 18:6-12, 25; 19:10, 11.

5 Eva hiã be Dawid nasi aɖatsi gbedadaƒo ƒe geɖe. Esi mɔnukpɔkpɔ su Dawid si be wòawu Saul la, amesiwo nɔ eŋu la ƒoe ɖe enu be wòawui, hegblɔ kpee be Yehowae tsɔ eƒe futɔa de asi nɛ. Ke hã, Dawid mewui o. Eƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa kple bubu si wòdena Saul ŋu abe fia si Mawu si ami na tsɔ ɖo eƒe amewo nu ene lae ʋãe wòwɔ nu nenema. Ðe menye Yehowae tia Saul tsɔ ɖo fiae na Israel oa? Nenema kee Yehowa aɖee ɖa le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi hã. Dawid bui be menye yee akpɔ nyaa gbɔ o. Esi Dawid dze agbagba ɖesiaɖe be Saul nadzudzɔ ye yometiti do kpoe la, eƒo nya ta be: “Ne menye Yehowae awui, alo eƒe ŋkeke ade wòaku, alo wòayi aʋa woawui o fĩ! Nede megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be, made nye asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu!”—Samuel I, 24:4-16; 26:7-20.

6. Nukatae wòle be míatsɔ ɖe le Dawid kple Saul dome nya la me ɖo?

6 Nusɔsrɔ̃ vevi aɖe le nudzɔdzɔ sia me na mí. Ðe nèbia ɖokuiwò se kpɔ be nukatae kuxi aɖewo doa mo ɖa le Kristo-hamea me ɖoa? Ðewohĩ ame aɖe anɔ nane wɔm, si mesɔ o. Nusi wòanɔ wɔwɔm la manye nuvɔ̃ gã ya o, gake wòanɔ fu ɖem na wò ya. Aleke wòle be nàwɔ nui? Le alesi nètsɔ ɖe le eme na amea abe Kristotɔ ene kpakple le nuteƒe si nàdi be yeawɔ na Yehowa ta la, àdi be yeaɖo afɔ afɔta na amea tufafatɔe, ale be yeaɖee. Ke ne kuxia gakpɔtɔ li ɖe? Ne èwɔ tɔwò sinua do kpoe la, àte ŋu agblẽ nyaa ɖe Yehowa si. Esiae Dawid wɔ.

7. Aleke wòle be míawɔ nui ɖe nu madzɔmadzɔ siwo amewo wɔna ɖe mía ŋu la ŋu, abe alesi Dawid wɔe ene?

7 Anye be woanɔ nu madzɔmadzɔ aɖewo wɔm ɖe ŋuwò le amesi ƒomevi nènye alo subɔsubɔha si me tɔ nènye ta. Ðewohĩ naneke meli nàte ŋu awɔ le wo ŋu fifia o. Dzidodo le nɔnɔme sia me manɔ bɔbɔe ya o, gake míate ŋu asrɔ̃ nu tso alesi Dawid wɔ nui ɖe ŋlɔmi si wowɔ ɖe eŋu la me. Menye gbe siwo Dawid do ɖa tso dzi me na Mawu be wòakpɔ ye ta tso Saul si me la koe psalmo wɔdɔɖeamedzi siwo wòŋlɔ ɖi la nye o, ke boŋ wonye eƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa kple alesi wòtsi dzi ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ ŋu la ŋuti nuŋlɔɖiwo hã. (Psalmo 18:1-6, 25-27, 30-32, 48-50; 57:1-11) Dawid yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa togbɔ be Saul yi eƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔa dzi ƒe geɖe hã. Ele be míawo hã míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa togbɔ be amewo anɔ nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe mía ŋu hã. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa nya nu tso nɔnɔmea ŋu nyuie.—Psalmo 86:2.

8. Aleke Yehowa Ðasefo siwo le Mozambique wɔ nui esime wodo woƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa kpɔ?

8 Kristotɔ siwo le Mozambique la ɖo nuteƒewɔwɔ na Yehowa le tetekpɔwo me ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. Le ƒe 1984 me la, ame aɖewo siwo tsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu la tsɔa lãnuwo yina ɖadzea Kristotɔ siawo ƒe kɔƒewo dzi, daa adzo wo, tɔa dzo woƒe aƒewo, hewua amewo. Nu boo aɖeke meli Kristotɔ vavã siawo nawɔ atsɔ ʋli wo ɖokui tae o. Woléa nutoa me tɔwo akpasesẽe be woava kpe ɖe yewo ŋu yewoatsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu alo zinɛ ɖe wo dzi be woakpe ɖe yewo ŋu le mɔ bubuwo nu. Yehowa Ðasefowo bu nusia wɔwɔ be mewɔ ɖeka kple akpa aɖeke si dzi mele be yewoade abe Kristotɔwo ene o la o. Esia na ameawo do dɔmedzoe. Wowu Ðasefo 30 sɔŋ le ɣeyiɣi sesẽ mawo me, ke hã, ku tsɔtsɔ ado ŋɔdzi na Mawu ƒe ame siawo gɔ̃ hã mete ŋu gblẽ woƒe nuteƒewɔwɔ me o. * Abe Dawid ene la, wowɔ nu madzɔmadzɔwo ɖe wo ŋu gake wodo dzi to eme dzidzedzetɔe.

Ŋkuɖodzinya Vevi Aɖe

9, 10. (a) Aleke Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu aɖewo ate ŋu aɖe vi na míi? (b) Nukae gblẽ le Anania kple Safira ƒe nuwɔnaa ŋu?

9 Amesiwo ƒe ŋutinya wogblɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me la dometɔ aɖewo ƒe agbenɔnɔ nye esiwo wòle be míaƒo asa na la ŋuti nuxlɔ̃amewo. Le nyateƒe me la, amesiwo wɔ nu gbegblẽwo hexɔ wo ŋuti tohehewo, siwo dometɔ aɖewo nye Mawu subɔlawo gɔ̃ hã, la ŋuti nuŋlɔɖi gbogbo aɖewo le Biblia me. (Korintotɔwo I, 10:11) Nuŋlɔɖi siawo dometɔ ɖeka ku ɖe Anania kple Safira, siwo nye srɔ̃tɔwo eye wonɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea me, le Yerusalem, la ŋu.

10 Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea megbe la, eva hiã be woakpɔ haxɔsetɔ yeye siwo tsi Yerusalem be yewoanɔ apostoloawo gbɔ vie la ƒe nuhiahiã aɖewo gbɔ na wo. Hamea me tɔ aɖewo dzra woƒe nunɔamesiwo be yewoatsɔ akpe ɖe amesiwo hiã tu la ŋui. (Dɔwɔwɔwo 2:41-45) Anania kple Safira hã dzra woƒe anyigba aɖe hetsɔ gaa ƒe akpa aɖe vɛ na apostoloawo, gblɔ bena ga si yewodzra anyigba la katãe nye ma yewotsɔ vɛ. Le nyateƒe me la, Anania kple Safira ate ŋu atsɔ nusi woa ŋutɔwo di be yewoana la vɛ hafi, gake susu gbegblẽe wotsɔ tsɔe, eye womeɖi anukware le woƒe nuwɔnaa me o. Wodi be yewoƒe nu nadze amewo ŋu eye woabu yewo be yewodze agbagba ŋutɔ. Ke hã, gbɔgbɔ kɔkɔea ʋã apostolo Petro wòklo nu le woƒe anukwaremaɖimaɖi kple alakpanuwɔwɔa dzi, eye Yehowa wu wo.—Dɔwɔwɔwo 5:1-10.

11, 12. (a) Nukawo dzie woɖo ŋkui na mí ku ɖe anukwareɖiɖi ŋu? (b) Viɖe kawoe dona tsoa anukwareɖiɖi me?

11 Ne míeɖo nɔnɔme aɖe me, eye wòwɔ na mí be míada alakpa bene míadze ame nyuiwoe le amewo ŋkume la, mina míaɖo ŋku Anania kple Safira ƒe ŋutinya wɔdɔɖeamedzi sia dzi, bene míato nyateƒe. Míate ŋu able amewo, gake míate ŋu aflu Yehowa ya o. (Hebritɔwo 4:13) Enuenu la, Ŋɔŋlɔawo dea dzi ƒo na mí be míato nyateƒe na mía nɔewo, elabena alakpatɔwo manyi anyigba si dzi woaɖe madzɔmadzɔnyenye ɖesiaɖe ƒomevi ɖa le la dome o. (Lododowo 14:2; Nyaɖeɖefia 21:8; 22:15) Ele be nusitae wòle alea ɖo la me nakɔ na mí nyuie. Elabena Satana Abosam ye to aʋatsokaka vɛ hele edom ɖe ŋgɔ.—Yohanes 8:44.

12 Ne míeɖia anukware ɣesiaɣi la, eɖea vi geɖe na mí. Dzitsinya nyui si nɔa mía si, kple alesi amewo aka ɖe mía dzii la nye viɖeawo dometɔ aɖewo. Zi geɖe la, Kristotɔwo ƒe anukwareɖiɖi wɔnɛ be wokpɔa dɔ wɔna, alo be womeɖea si le wo ŋu le dɔme o. Gake viɖe gãtɔ kekeake si wokpɔna tsoa anukwareɖiɖi mee nye be wozua Mawu Ŋusẽkatãtɔ la xɔlɔ̃wo.—Psalmo 15:1, 2.

Agbenyuinɔnɔ Ɣesiaɣi

13. Tetekpɔ kae mee Yosef ɖo, eye aleke wòwɔ nui?

13 Wodzra blemafofo Yakob ƒe vi, Yosef, wòzu kluvi esime wòxɔ ƒe 17. Wokplɔe yi ɖe Potifar, amesi nye Egipte-fia ƒe aƒedzikpɔla la, ƒe me, afisi eƒe nu va lé dzi na eƒe aƒetɔ srɔ̃ le. Potifar-srɔ̃ di be Yosef, si dze ɖeka ŋutɔ la, nadɔ kpli ye eye wòƒonɛ ɖe enu gbesiagbe be ‘wòava mlɔ ye gbɔ.’ Du si me Yosef le la gbɔ didi tso eƒe ƒometɔwo gbɔ eye dua me tɔ aɖeke hã menyae o. Yosef ate ŋu adɔ kple nyɔnu sia eye ame aɖeke manya o hafi. Ke hã, esi Potifar srɔ̃ va lée akpasesẽ gbeɖeka be wòadɔ kpli ye la, esi dzo le egbɔ.—Mose I, 37:2, 18-28; 39:1-12.

14, 15. (a) Nukata wòle be míatsɔ ɖe le Yosef ƒe ŋutinya me? (b) Nukata wòdzɔ dzi na nyɔnu Kristotɔ aɖe be yewɔ ɖe Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo dzii?

14 Ƒome si vɔ̃a Mawu mee Yosef nɔ tso eƒe ɖevime, eye enyae nyuie be mesɔ be amesiwo menye srɔ̃tɔwo o la nadɔ wo nɔewo gbɔ o. Esiae na wòbia be: “Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?” Ðewohĩ Mawu ƒe dzidzenu si wònya be srɔ̃ ɖeka koe wòle be wòanɔ amesiame si, abe alesi Mawu ɖoe le Eden-bɔ me ene, la dzi wɔmee wònɔ. (Mose I, 2:24) Ŋugbledede tso alesi Yosef wɔ nui le nɔnɔme ma me ŋu ate ŋu aɖe vi na Mawu subɔlawo egbea. Le nuto aɖewo me la, agbegbegblẽnɔnɔ bɔ ale gbegbe be ne sɔhɛwo gbe be yewomaƒo yewo ɖokui ɖe eme o la, wo hatiwo ɖua fewu le wo ŋu. Ame tsitsi siwo ɖe srɔ̃ gɔ̃ hã te ŋu dɔna kple ame bubuwo faa. Eyata Yosef ƒe ŋutinya nye ŋkuɖodzinya si sɔ ɖe ɣeyiɣia nu na mí. Le Mawu ƒe dzidzenuwo nu la, matrewɔwɔ kple ahasiwɔwɔ gakpɔtɔ nye nuvɔ̃ kokoko. (Hebritɔwo 13:4) Amesiwo nɔ agbegbegblẽ la dometɔ geɖe lɔ̃ ɖe edzi be ne ɖee yewomenɔe o la, ne ede yewo dzi wu. Nu gbegblẽ siwo dona tsoa eme la dometɔ aɖewoe nye ŋukpe, dzitsinya ƒe fuɖename, ŋuʋaʋã, fufɔfɔ, kple nulɔdɔwo xɔxɔ. Abe alesi ko Ŋɔŋlɔawo ɖo ŋku edzi na mí ene la, amesi nɔa agbegbegblẽ la “wɔa vɔ̃ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋuti.”—Korintotɔwo I, 5:9-12; 6:18; Lododowo 6:23-29,32.

15 Jenny, * si nye ɖetugbui Yehowa Ðasefo la, tɔ dzɔ be wòde asixɔxɔ Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo ŋu. Eƒe dɔwɔhati dzeɖekɛ aɖe va nɔ ahiãmo ɖom nɛ. Esi Jenny melɔ̃na nɛ o ta la, ŋutsua yi edzi nɔ fu ɖem nɛ. Egblɔ be: “Esi wònye vividoɖeameŋu naa ame bunɛ be asixɔxɔ le ye ŋu ta la, menɔ bɔbɔe nam be malé nye nuteƒewɔwɔ me ɖe asi o.” Ke hã, eva kpɔe be ɖeko ŋutsua di be yeadɔ kpli ye abe alesi wòdɔ nyɔnu gbogbo aɖewo gbɔe ene. Ne tame si wòɖo kplikpaa be yemalɔ̃ nɛ o la me le gbɔdzɔgbɔdzɔm la, edoa gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu yeayi edzi awɔ nuteƒe Nɛ. Jenny gblɔ be nusiwo yesrɔ̃ to numekukuwɔwɔ le Biblia kple habɔbɔa ƒe agbalẽwo me la nɔ na ye abe ‘ŋkuɖodzinya siwo yetsɔ bla akpae henɔ te ɖe enu’ ene. Ŋkuɖodzinya mawo dometɔ ɖekae nye Yosef kple Potifar srɔ̃ ƒe ŋutinya la. Eƒo eta be: “Zi alesi meyi edzi le ŋku ɖom nye lɔlɔ̃ na Yehowa dzi na ɖokuinye la, zi nenema kee meɖonɛ kplikpaa be nyemawɔ nu gbegblẽ gã sia atsɔ adze agɔ le edzi o.”

Wɔ Ðe Mawu ƒe Ŋkuɖodzinyawo Dzi!

16. Aleke amesiwo ŋu nya woŋlɔ ɖe Biblia me la ƒe ŋutinyawo xexlẽ kple ŋugbledede le wo ŋu ate ŋu aɖe vi na míi?

16 Ne míedze agbagba be míase nusitae Yehowa na woŋlɔ nudzɔdzɔ aɖewo ɖe Ŋɔŋlɔawo me na mí ɖo gɔme la, míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe dzidzenuwo ŋu adzi ɖe edzi. Nukae míesrɔ̃na tsoa wo me? Amesiwo ŋu nya woŋlɔ ɖe Biblia me la ƒe nɔnɔme kawoe wòle be míasrɔ̃, eye kawoe wòle be míatsri? Le nyateƒe me la, ame gbogbo aɖewo ƒe ŋutinyae le Mawu ƒe Nya la me. Ne amesiwo katã lɔ̃ Mawu ƒe nufiamewo dze agbagba tu nunya si naa agbe ame la ɖo, hetsɔe kpe ɖe nusiwo míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu siwo Yehowa na woŋlɔ ɖi na mí ŋu la, ade wo dzi. Woƒoa nu tso amesiawo siwo ƒe ŋutinya me míate ŋu asrɔ̃ nu tsoe la dometɔ geɖe ŋu le magazine sia me nyatiwo me zi geɖe. Anyo be nàdi ɣeyiɣi anɔ ŋutinya siawo xlẽm.

17. Aleke nèbua Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawoe, eye nukatae nèbunɛ nenema ɖo?

17 Míate ŋu akpɔ dzidzɔ ŋutɔ be Yehowa tsɔ ɖe le eme na amesiwo le agbagba dzem be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Míede blibo o, abe alesi ko amesiwo ŋu nya woŋlɔ ɖe Biblia me hã mede blibo o ene. Ke hã, woƒe ŋutinya si woŋlɔ ɖi la nye viɖenu gã aɖe na mí. Ne míewɔna ɖe Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi la, míate aŋu aƒo asa na vodada gãwo wɔwɔ, eye míate ŋu asrɔ̃ amesiwo wɔ nuteƒe la ƒe kpɔɖeŋu nyuiawo. Ne míewɔe la, míate ŋu awɔ ɖeka kple hakpala la adzi ha be: “Woayra amesiwo wɔa [Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo, NW] dzi, amesiwo dinɛ tso dzi blibo me. Nye luʋɔ léa ŋku ɖe wò ɖaseɖiɖiwo ŋu, eye melɔ̃a wo vevie ŋutɔ.”—Psalmo 119:2, 167.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 8 Kpɔ 1996 Yearbook of Jehovah’s Witnesses, axa 160-2.

^ mm. 15 Míetrɔ ŋkɔa.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Dawid wɔ nu ɖe Saul ŋui me?

• Nufiame kae le Anania kple Safira ŋuti nuŋlɔɖia me na mí?

• Nukata Yosef ƒe ŋutinya le vevie na mí egbea?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Nukata Dawid gbe be yemawu Saul o?

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Nukae míesrɔ̃ tso Anania kple Safira ƒe ŋutinyaa me?

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Nukae na Yosef melɔ̃ ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe susua dzi o?