Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Keke Ðe Mɔfiafia Nyuitɔ Ŋu

Keke Ðe Mɔfiafia Nyuitɔ Ŋu

Keke Ðe Mɔfiafia Nyuitɔ Ŋu

DECEMBER 18, ƒe 1810 mee. Zã nɔ dodom. Britaintɔwo ƒe Ƒudzisrafowo ƒe meli si woyɔna be HMS Pallas la bu mɔ le ƒu dzeagbo aɖe dzi le teƒe aɖe si gogo Scotland (Écosse) ƒe anyieheƒuta. Esi zã nɔ dodom eye sno hã nɔ dzadzam ta la, esesẽ na melia me dɔwɔlawo be woakpɔ mɔfiakaɖi siwo wohiã be melia nava dze dedie la. Kpɔ alesi woƒe dzi adze emee ɖa esi wova kpɔ akaɖi aɖewo mlɔeba heku melia ɖo ta wo gbɔ! Nublanuitɔea, menye mɔfiakaɖi siwo dim wonɔ lae o. Dɔwɔla siwo nɔ dɔ wɔm le afisi gogo ƒua ta la ƒe dzo siwo wodo boŋue. Pallas la lɔ kpe, eye wògbã keŋkeŋ. Melia me nɔla 11 no tsi ku. Ewɔ nublanui loo!

Vodada si Pallas kulawo wɔ lae na afɔkua dzɔ. Gake ɣeaɖewoɣi la, ƒudzidelawo ɖoa afɔku si lolo wu ema me—mɔfiakaɖi siwo flua ame gbɔe woɖoa tae. Le agbalẽ si nye Wrecks, Wreckers and Rescuers (Ʋugbagbã, Ʋugbãlawo, Kple Kpekpeɖeŋunalawo) ƒe nya nu la, wosia akaɖi siawo be woatsɔ aflu melikulawo be woaku melia to afisi kpewo le, ale be ne melia gbã la, ne woaha nusiwo le eme.

‘Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe Siwo Ate Ŋu Ana Nàkpɔ Agbe’

Amesi di be yease nuwo gɔme hã doa go afɔku aɖewo siwo sɔ kple esi ƒudzidela mawo do goe. Ðewohĩ àxɔ nya aɖewo dzi ase, evɔ womakplɔ wò yi afi aɖeke o, alo ame aɖe aɖoe koŋ able wò. Afɔku le nu eve siawo katã me. Aleke nàwɔ akpɔ ɖokuiwò tae? Kpɔ egbɔ be teƒe nyui si ŋu kakaɖedzi lee nèle mɔfiamea dim tsoe. Ƒe 125 kple edzivɔe nye esia si magazine sia kafua Mawu ƒe Nya, Biblia, la be eyae naa mɔfiafia nyuitɔ kekeake si ŋu kakaɖedzi le, elabena eme nyawo nye ‘ŋɔŋlɔ kɔkɔe siwo ate ŋu ana nunya wò bena nàkpɔ agbe.’—Timoteo II, 3:15-17.

Gake hafi nàte ŋu axɔe ase be Biblia la naa mɔfiame si dzi woate ŋu aka ɖo la, anyo be nàkpɔe ɖa be emenyawo nye nyateƒe hã. (Psalmo 119:105; Lododowo 14:15) Àte ŋu aŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo faa ne èdi be yeanya nusi kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu woxɔe se be Mawue na woŋlɔ Biblia vavã. Àte ŋu axlẽ agbalẽ si ƒe tanyae nye Agbalẽ si Nyo na Amesiame. * Nya geɖe le eme siwo ɖee fia be Biblia me nyawo nye nyateƒe, kakaɖedzi le wo ŋu, eye Mawue na woŋlɔe.

Nyateƒenya Veviwo

Ekema, nyateƒenya vevi siwo le ‘ŋɔŋlɔ kɔkɔe’ siawo me dometɔ aɖewo ɖe? Woawoe nye esiwo gbɔna.

Mawu Ŋusẽkatãtɔ ɖeka pɛ, si nye nuwo katã Wɔla, koe li. (Mose I, 1:1) Esi Mawue “wɔ nuwo katã,” eye wòna agbe mí tae míeli ɖo. (Nyaɖeɖefia 4:11) Esia tae eya ɖeka koe wòle be míasubɔ. Wɔla la gbɔe mɔfiame nyuitɔwo katã tso. (Psalmo 36:10; Yesaya 30:20, 21; 48:17, 18) Ŋkɔ ŋutɔŋutɔ le esi si wòdi be míazã. (Mose II, 3:15) Hebrigbe me ŋkɔ ma, si ƒe ŋɔŋlɔdzesiwoe nye YHWH la, dze zi 7,000 kloe le Biblia me. Ƒe alafa geɖee nye esia si woyɔnɛ le Eʋegbe me be “Yehowa.”—Psalmo 83:19.

Yehowa wɔ amegbetɔwo be woanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi afisia. Etsɔ nɔnɔme siwo le eya ŋutɔ si la ƒe ɖe de amegbetɔwo hã me. Ena ŋutete siwo ana amegbetɔwo nase vivi le dzidzɔ me tegbee le anyigba dzi la wo. (Mose I, 1:26-28) Menye Mawu ƒe tameɖoɖoe wònye gbeɖe be amegbetɔwo nanɔ anyigba dzi ɣeyiɣi vi aɖe ko, eye ne wova dze emegbe la, yeakplɔ wo va ye ɖokui gbɔ, abe afima koe woayi hafi ƒomedodo nyui ate ŋu anɔ woa kplii dome ene o.

Mawu mewɔ ame aɖeke wònye ame vɔ̃ɖi o. Esi Mawu ƒe nuwɔwɔwo—amegbetɔwo kple mawudɔlawo siaa—dometɔ aɖewo zã tiatiawɔblɔɖe si Mawu na wo ɖe mɔ gbegblẽ nu hedze aglã ɖe eŋu ko hafi nuvɔ̃ va xexeame. (Mose V, 32:5) Mía dzila gbãtɔwo be yewo ŋutɔwo yewosu te atso nya me tso nusi nye nyui kple nusi nye vɔ̃ ŋu. (Mose I, 2:17; 3:1-5) Emae he ku vɛ na amegbetɔwo. (Mose I, 3:19; Romatɔwo 5:12) Be Yehowa nakpɔ nya siwo aglãdzedzea fɔ ɖe te gbɔ la, etiae be yeaɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu vaseɖe ɣeyiɣi aɖe. Gake tame si wòɖo ɖe anyigba kple amegbetɔwo ŋu ya metrɔ o. (Yesaya 45:18) Amegbetɔwo agava nɔ agbe le Paradiso me ake ne wova kɔ anyigbaa ŋu.—Mateo 6:10; Nyaɖeɖefia 21:1-5.

Menye Mawu Ŋusẽkatãtɔe Yesu Kristo nye o, ke boŋ Mawu ƒe Vie. Yesu Kristo ŋutɔ fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: “Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!” (Mateo 6:9) Megblɔ kpɔ gbeɖe be yesɔ kple Mawu o. Ðe wògblɔ boŋ be: ‘Fofo la lolo wum.’—Yohanes 14:28.

Yesu wɔa akpa vevi aɖe le Mawu ƒe tameɖoɖowo me vava me. Mawu dɔe wònye “kekeli . . . va xexeame, bena amesiame, si xɔa [edzi] sena la, manɔ viviti me o.” (Yohanes 12:46) Apostolo Petro gblɔ be, “menye ame bubu aɖeke me xɔxɔ la le o.” (Dɔwɔwɔwo 4:12) Nya sia le eme elabena Kristo ƒe ʋu xɔasia koe ana míakpɔ xɔxɔ. (Petro I, 1:18, 19) Yesu Kristo tsɔ eƒe agbe na tafee be yeaɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ si dome míenyi tso mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, gbɔ me. (Mateo 20:28; Timoteo I, 2:6) Mawu to Yesu dzi ɖe Eƒe lɔlɔ̃nu kple tameɖoɖo hã fia.—Yohanes 8:12, 32, 46, 47; 14:6; Dɔwɔwɔwo 26:23.

Mawu ɖo Fiaɖuƒe, alo dziɖuɖu, aɖe ɖe dziƒo, si me Yesu Kristo kple amesiwo wotia tso anyigba dzi aɖu fia le. Fiaɖuƒe sia ŋuti nya dze le Biblia katã me. Mawu bia tso dziɖula siawo si be woakpɔ egbɔ be wole yeƒe lɔlɔ̃nu wɔm le anyigba dzi abe alesi wòle le dziƒo ene. (Mateo 6:10) Mawu meɖoe le gɔmedzedzea me be ame aɖeke nayi dziƒo hafi o. Anyigba dzie wòtia na wo be woanɔ. Esi amegbetɔ wɔ nuvɔ̃ megbe la, Mawu wɔ ɖoɖo yeye aɖe. Eɖoe be yeatia amewo “tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me” be “woaɖu fia” kple Kristo le dziƒo. (Nyaɖeɖefia 5:9, 10) Eteƒe madidi o, Fiaɖuƒe ma “agbã” amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo, siwo he fukpekpe kple vevesese geɖe vɛ na amewo la katã “eye wòagblẽ wo.”—Daniel 2:44.

Luʋɔ la kuna. Biblia me nyateƒenya vevi sia na numekɔkɔ geɖe tso amegbetɔ kple mɔkpɔkpɔ si le esi le agbe me ŋu. Nyateƒenya sia ɖe nugɔmemasemase kple amebeble siwo na ame geɖe menya nɔnɔme si me tututu ame kukuwo le o hã ɖa.

Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ gblɔ na mí be: ‘Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.’ (Mose I, 2:7) Èse nya ma gɔmea? Luʋɔ menye nu makpɔmakpɔ aɖe si le amegbetɔ me o. Luʋɔ mele amegbetɔ me o. Eya ŋutɔe nye luʋɔa—si nye nusiwo le “anyi” si wotsɔ wɔe me kple agbeŋusẽ si tso Mawu gbɔ ƒe ƒuƒoƒo. Luʋɔ la kuna. Ne ame ku ko la, luʋɔ ye nye ema ku.—Mose I, 3:19; Nyagblɔla 9:5, 10.

Amesiwo ku la agate ŋu agbɔ agbe ake to tsitretsitsia dzi. Ne ɣeyiɣi si ŋu Mawu ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye li nu va yi la, “amesiwo katã le yɔdowo me la, woase [Yesu ƒe] gbe; eye amesiwo wɔ nu nyuiwo la, woado go hena agbe ƒe tsitretsitsi, ke amesiwo wɔ nu vlowo la, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.” (Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15) Tsitretsitsia ana be alesi Mawu ɖoe le gɔmedzedzea me be ameƒomea nanɔ agbe le paradisonyigba dzi la ava eme.

Dzro Ŋɔŋlɔawo me Vevie Gbesiagbe

Èkpɔ alesi nyateƒenya vevi siawo nyanya ate ŋu aɖe vi na wòa? Le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, sidzedze sia ate ŋu akpɔ tawò tso “aʋatsosidzedze” si kakam Satana Abosam le la me. Ewɔa eɖokui abe “kekeli ƒe dɔla” ene, eye eƒe dɔlawo wɔa nu “abe dzɔdzɔenyenye ƒe dɔlawo ene.” (Timoteo I, 6:20; Korintotɔwo II, 11:13-15) Biblia me sidzedze vavãtɔ ate ŋu akpɔ tawò tso aʋatso mɔfiafia siwo wotu ɖe xexeame “nunyalawo kple nugɔmeselawo,” amesiwo gbe “Yehowa ƒe nya,” ƒe nukpɔsusuwo dzi la me.—Mateo 11:25; Yeremya 8:9.

Esi wònye nufiafia kple xexemenunya fluame geɖewo nɔ anyi le apostolo Yohanes ƒe ŋkekea me ta la, exlɔ̃ nu ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo be: ‘Migaxɔ gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ dzi se o.’ Egblɔ be: “Mido gbɔgbɔawo kpɔ, nenye ɖe wotso Mawu gbɔ.” (Yohanes I, 4:1) Bu eŋu ale. Ne èse nya aɖe si ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò agbe dzi vevie la, ɖe nàtsɔe ko be nyateƒee le esi nèsusu be yeate ŋu aka ɖe amesi gblɔe dzi taa? Ao ɖe! Àdi godoo be yeaku nyaa me nyuie hafi awɔ nu ɖe enu.

Esi wònye Mawu na woŋlɔ agbalẽ si me nyateƒenya vevi siawo le ɖi na mí ta la, ele bɔbɔe be wò hã nàku nyateƒenya siawo me, ale be ‘nàdo nuwo akpɔ’ nyuie ahaka ɖe edzi be mɔfiame nyuitɔ dzi wɔmee yele. (Tesalonikatɔwo I, 5:21) Wokafu ame aɖewo le ƒe alafa gbãtɔ me elabena “wole ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe” ale be woaka ɖe edzi be nusiwo srɔ̃m wonɔ la nye nyateƒe. (Dɔwɔwɔwo 17:11) Wò hã àte ŋu awɔ nenema ke. Ðe mɔ Biblia, si le “abe akaɖi, si le keklẽm le tsyɔtsyɔƒe ene” la nafia mɔ wò dedie. (Petro II, 1:19-21) Ne èwɔe alea la, ekema “wò asi atu sidzedze Mawu,” eye afia mɔ nyuitɔ wò.—Lododowo 2:5.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Mawu ƒe Nya le abe akaɖi ene

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Mawu ƒe ŋkɔ ɖe?

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Mɔkpɔkpɔ kae le amegbetɔwo si ɖe etsɔme ŋu?

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Mawu Ŋusẽkatãtɔe Yesu nyea?

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Afikae ame kukuwo le?

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi nye Biblia ƒe nufiafia veviwo dometɔ ɖeka