Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔfiafia Didi

Mɔfiafia Didi

Mɔfiafia Didi

LAURA FERMI, si nye dzɔdzɔmeŋusẽŋununyala xɔŋkɔ Enrico Fermi srɔ̃, gblɔ be: “Ne nusi nènya meɖe vi boo aɖeke na wò o hã la, enyo sasasã wu be mànya naneke o.” Ame aɖewo malɔ̃ ɖe nya sia dzi o, elabena wogblɔna be, “Manyɛ mewua ame o.” Gake ame akpa gãtɔ agblɔ be eƒe nyawo nye nyateƒe, menye le dzɔdzɔmeŋutinunya me numekukuwo wɔwɔ me ko o, ke le agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa hã me. Nusi nye nyateƒe ŋuti mɔfiafia nyui maxɔmaxɔ wɔe be ame geɖe tɔtɔ hele viviti me le tamesusu, agbenyuinɔnɔ, kple gbɔgbɔmenuwo gome ƒe alafa geɖe.—Efesotɔwo 4:18.

Esia tae amesiwo bua tame tso nuwo ŋu la le mɔfiafia si nyo wu dim ɖo. Wodi be yewoanya nusita wowɔ mí ɖo kple afisi míeɖo tae. Wodi mɔfiafia sia to mɔ vovovowo dzi. Mina míadzro wo dometɔ ʋɛ aɖewo me akpɔ.

Mawusubɔsubɔe Ana Mɔfiamea Mía?

Buddhatɔwo ƒe xotutuwo gblɔ be alesi amegbetɔwo kpea fu hekuna la te ɖe amesi ɖo Buddha-subɔsubɔha anyi, si nye Siddhārtha Gautama, dzi vevie. Ebia Hindu-subɔsubɔha kplɔlawo be woakpe ɖe ye ŋu yeake ɖe “nyateƒemɔ” la ŋu. Wo dometɔ aɖewo gblɔ nɛ be wòawɔ kamedede aɖe si woyɔna be yoga ahate nu geɖe eɖokui. Mlɔeba la, Gautama bui be ŋugblemeyiyi vevie ye nye mɔ si dzi woato ase nuwo gɔme.

Ame bubuwo zãa atike muamewo le mɔfiame didi me. Le kpɔɖeŋu me, Amerika Vidzidziwo ƒe Sɔlemeha me tɔwo gblɔna be gbe aɖe si woyɔna be peyote—si nono nana wonɔa nu tramawo kpɔm—ye “nana yewosea nusiwo le ɣaɣla la gɔme.”

Ƒe alafa 18 lia me Franseawo ƒe xexemenunyala Jean-Jacques Rousseau xɔe se be amesi tsɔ kutrikuku bia Mawu be wòaɖe gbɔgbɔmenu aɖe afia ye la akpɔe. Aleke wòawɔ akpɔe? Eɖo eŋu be eyae nye be amea nalé to ɖe “nusi Mawu gblɔ na eƒe dzi ŋu.” Azɔ Rousseau gblɔ be alesi amea sena le eɖokui me le nuwo ŋui—nusi eƒe susu kple dzitsinya gblɔ nɛ—la azu “mɔfiafia si ŋu kakaɖedzi le nɛ le amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu gbogboawo dome.”—History of Western Philosophy.

Susuŋudɔwɔwɔ Yea?

Rousseau ŋɔlimetɔ geɖe meda asi ɖe edzi kura be woadi mɔfiafia to mawusubɔsubɔ dzi o. Le kpɔɖeŋu me, Voltaire, si hã nye Fransetɔ, ya susui be mawusubɔsubɔ mena mɔfiafia aɖeke kura amewo o, ke boŋ be eya koŋue na Europatɔwo nɔ anyi le numanyamanya, aʋatsodzixɔse, kple mɔmaɖemaɖeɖenuŋu me hena ƒe alafa geɖe, si ŋutinyaŋlɔlawo lɔ̃a yɔyɔ be Blukɔ Ɣeyiɣiwo, me.

Voltaire va nɔ Europatɔ agbalẽnyala siwo tua woƒe nyawo ɖe susuŋudɔwɔwɔ dzi, heyɔ woƒe ɣeyiɣia be Ŋkuʋuɣi, la dome. Agbalẽnyala siawo ƒe nukpɔsusu wɔ ɖeka kple blema Helatɔwo tɔ—si nye be, susuŋudɔwɔwɔ kple dzɔdzɔmeŋutinya me numekuku dzi koe woate ŋu ato ase nuwo gɔme ŋutɔŋutɔ. Bernard de Fontenelle, si nye agbalẽnyala siwo tua woƒe nyawo ɖe susuŋudɔwɔwɔ dzi la dometɔ ɖeka, bui be susuŋudɔwɔwɔ ɖeɖe ate ŋu ana be ameƒomea nava ɖo “ɣeyiɣi si me ŋkuʋuʋu anɔ dzidzim ɖe edzi le gbesiagbe me, si awɔe be ne wotsɔe sɔ kple ƒe alafa gbogbo siwo va yi la, woabu wo be wonye numanyamanya ɣeyiɣiwo.”—Encyclopædia Britannica.

Nukpɔsusu siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ku ɖe alesi ame awɔ axɔ mɔfiafia nyuitɔe ŋu dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye esiawo. Ðe míate ŋu akpɔ “mɔfiafia si ŋu kakaɖedzi le” ŋutɔŋutɔ le nusi nye nyateƒea didi mea? Na míadzro nusi ana mɔfiafia nyuitɔ ŋutɔŋutɔ mí la me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Gautama (Buddha), Rousseau, kple Voltaire di mɔfiafia to mɔ vovovowo dzi