Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sɔhɛwo, Mitiae Be Yewoasubɔ Yehowa

Sɔhɛwo, Mitiae Be Yewoasubɔ Yehowa

Sɔhɛwo, Mitiae Be Yewoasubɔ Yehowa

“Mitia, amesi subɔ ge miala, egbea.”​—YOSUA 24:15.

1, 2. Nuwɔna manyomanyo kae bɔ le Kristodukɔa me?

“MINA [ɖeviwo] natsi anya Kristo hafi miawɔ wo Kristotɔwoe.” Agbalẽŋlɔla aɖe si woyɔna be Tertullian ye ŋlɔ nya mawo le ƒe alafa evelia M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo. Egblɔ nya mawo tsɔ tsi tre ɖe nuwɔna aɖe si Kristotɔ xɔsegbelawo va ɖo anyi, si nye tsi dede ta na vidzĩwo ŋu. Sɔlemeha Fofo Augustine hã tsi tre ɖe Tertullian kple Biblia ŋu hegblɔ be tsi dede ta na vidzĩwo ɖea nuvɔ̃ si dome wonyi la ɖa le wo ŋu, eye be vidzĩ siwo womede mawutsi ta na hafi woku o la ayi dzomavɔ me. Dzixɔse ma wɔe be wodea mawutsi ta na vidzĩwo ne wonya dzi wo teti ko.

2 Kristodukɔa ƒe sɔlemeha geɖe gadea tsi ta na vidzĩwo kokoko. Gawu la, le ŋutinya katã me la, dukɔ siwo be Kristotɔwoe yewonye la ƒe dziɖulawo kple subɔsubɔhakplɔlawo zi amesiwo wogblɔna be wonye “trɔ̃subɔlawo” dzi dea tsi ta na wo. Gake Biblia meda asi ɖe tsi dede ta na vidzĩwo alo ame tsitsiwo dzi zizi ade tsi ta na wo dzi o.

Ame Ŋutɔe Ðea Adzɔgbe Egbea

3, 4. Nukae akpe ɖe ɖevi siwo dzilawo nye Kristotɔwo ŋu be woa ŋutɔwo woalɔ̃ faa aɖe adzɔgbe?

3 Biblia ɖee fia be Mawu bua ɖeviwo be wole kɔkɔe ne wo dzilawo dometɔ ɖeka koe nye Kristotɔ wɔnuteƒe kura gɔ̃ hã. (Korintotɔwo I, 7:14) Gake ɖe esia fia be ɖevi mawo nye Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewoa? Ao. Ke hã, dzila siwo nye Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo la kpena ɖe wo viwo ŋu be woa ŋutɔwo woava lɔ̃ faa atsɔ wo ɖokui aɖe adzɔgbe na Yehowa. Fia nyanu Salomo ŋlɔ be: “Vinye, dzra fofowò ƒe sedede ɖo, eye megagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o. . . . Ne èle azɔli dzi la, akplɔ wò, ne èmlɔ anyi la, adzɔ ŋuwò, eye ne ènyɔ la, aɖo dze kpli wò. Elabena akaɖie nye se la, kekelie nye nufiame la, eye agbemɔ enye mokaname, siwo fiaa mɔnu ame la.”—Lododowo 6:20-23.

4 Mɔfiame si dzila Kristotɔwo nana wo vi sɔhɛwo la ate ŋu akpɔ wo ta, ne ɖeviawo ŋutɔ nya lɔ̃ ɖo to ko. Salomo gblɔ kpee be: “Ðevi nyanu doa dzidzɔ na fofoa; ke ɖevi tsibome enye nuxaxa na dada.” “Vinye, see, eye nadze nunya, eye naɖo wò dzi mɔ dzɔdzɔe dzi.” (Lododowo 10:1; 23:19) Ẽ, sɔhɛwo, hafi hehe si mia dzilawo nana naɖe vi na mi la, ele na mi be mialɔ̃ faa axɔ aɖaŋuɖoɖo, mɔfiame, kple amehehe. Womedzia ame nunyalae o, gake àte ŋu ‘adze nunya’ eye ne èlɔ̃ la, àte ŋu anɔ “agbemɔ” la dzi.

Nukae Nye Nuxɔxlɔ̃?

5. Aɖaŋu kae Paulo ɖo na ɖeviwo kple dzilawo siaa?

5 Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe. ‘Bu fofowò kple dawò,’—esia nye sedede gbãtɔ, si me ŋugbedodo le la—‘bene wòanyo na wò, eye nanɔ agbe didie le anyigba dzi!’ Eye mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke minyi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.”—Efesotɔwo 6:1-4.

6, 7. Nukae wòfia be woanyi ɖeviwo le ‘Yehowa ƒe nuxɔxlɔ̃’ me, eye nukatae esia mefia ŋusẽ manyomanyo kpɔkpɔ ɖe ɖeviawo dzi o?

6 Ðe dzila Kristotɔwo le ŋusẽ manyomanyo kpɔm ɖe wo viwo dzi ne wole wo hem le “Aƒetɔ [Yehowa] ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la” mea? Ao. Ðe dzilawo mekpɔ mɔ afia nusi wobu be esɔ henyo la wo viwo oa? Mawudzimaxɔselawo fiaa wo viwo be Mawu meli o, gake ame aɖeke mehea nya ɖe wo ŋu o. Roma Katolikotɔwo sena le wo ɖokui me be ele be yewoana yewo viwo nanye Katolikotɔwo, eye womehea nya boo aɖeke ɖe wo ŋu le esia ta o. Nenema kee mele be ame aɖeke nahe nya ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu, be wole susu gblẽm na wo viwo, le esi wole wo hem be woana Yehowa ƒe nukpɔsusu nanɔ wo si le nyateƒenya veviwo kple agbenyuinɔnɔ dzidzenuwo ŋu ta o.

7 Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe (Theological Dictionary of the New Testament) gblɔ be blema Helagbe me nya si gɔme woɖe be “nuxɔxlɔ̃” le Efesotɔwo 6:4 la fia be “woadze agbagba aɖɔ susua ɖo, aɖɔ nu gbegblẽ aɖe ɖo, aƒã mawuvɔvɔ̃ ɖe ame me.” Ke ne sɔhɛ aɖe atsi tre ɖe hehe si edzilawo nanae ŋu le ehatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu alo didi be yeawɔ nusi wɔm ame bubuwo le ta ya ɖe? Ke amekae wòle be woabu fɔe be ele nya ƒom ɖe ɖevia nu madzemadzee—dzilawoe loo alo ɖevia hatiwoea? Ne ɖevia hatiwo le nya ƒom ɖe enu be wòazã atike muamewo, ano aha amu, alo anɔ agbe gbegblẽ la, ɖe wòle be woahe nya ɖe dzilawo ŋu ne wodi be yewoana ɖevia natrɔ nɔnɔme, eye yewoakpe ɖe eŋu wòakpɔ nu gbegblẽ siwo dona tsoa agbe baɖa sia nɔnɔ mea?

8. Aleke wokpe ɖe Timoteo ŋu wòkpɔ “kakaɖedzi” le nusiwo dzi wòxɔ se la me?

8 Apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe ɖekakpui Timoteo be: “Nɔ nusiwo nèsrɔ̃, eye nèkpɔ kakaɖedzi le wo me la me; elabena ènya amesiwo gbɔ nèsrɔ̃e le, eye esi tso ɖevime ke nènya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo la, woate ŋu ana nunya wò hena agbexɔxɔ to xɔse, si le Kristo Yesu me la me.” (Timoteo II, 3:14, 15) Tso Timoteo ƒe ɖevime ke la, dadaa kple mamaa zã Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo tsɔ kpe ɖe eŋu wòtu xɔse sesẽ ɖo. (Dɔwɔwɔwo 16:1; Timoteo II, 1:5) Esi wova zu Kristotɔ emegbe la, womezi Timoteo dzi be wòazu Kristotɔ o, ke boŋ wozã Ŋɔŋlɔawo tsɔ kpe ɖe eŋu wòkpɔ “kakaɖedzi le wo me.”

Yehowa Di be Wò Ŋutɔ Nàwɔ Tiatia

9. (a) Aleke Yehowa de bubu eƒe nuwɔwɔwo ŋui, eye susu ka tae? (b) Aleke Mawu ƒe Tenuvi la zã tiatiawɔblɔɖe si Mawu nae lae?

9 Yehowa ate ŋu azi eƒe nuwɔwɔwo dzi be woawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu hafi, wolɔ̃ alo womelɔ̃ o. Gake ede bubu wo ŋu esi wòna tiatiawɔblɔɖe boŋ wo. Amesiwo lɔ̃ faa be yewoasubɔ ye Mawu dina. Edzɔa dzi nɛ ne eƒe nuwɔwɔwo, tsitsiawo kple ɖeviawo siaa, subɔe le esi wolɔ̃e ta. Amesi ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi le lɔlɔ̃ faa be yeawɔ Yehowa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu mee nye eƒe Tenuvi si ŋu wògblɔ le be: “Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!” (Mateo 3:17) Vi sia, si ganye eƒe Ŋgɔgbevi, gblɔ na Fofoa be: “Nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔ enye nye dzidzɔ, eye wò se la le nye dzi me.”—Psalmo 40:9; Hebritɔwo 10:9, 10.

10. Nukae ana míaƒe subɔsubɔ nadze Yehowa ŋu?

10 Yehowa di be amesiwo le subɔsubɔm le ye Via ƒe mɔfiafia te hã nalɔ̃ faa awɔ yeƒe lɔlɔ̃nu nenema ke. Hakpala la dzi ha aɖe si me nyawo nye nyagblɔɖi, be: “Wò dukɔ atsɔ eɖokui ake wò le wò aʋakpegbe, eye wò ɖekakpuiwo anɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me ado na wò abe zãmu tso agudzedze ƒe dɔ me ene.” (Psalmo 110:3) Yehowa ƒe habɔbɔ bliboa katã, eƒe akpa si le dziƒo kple akpa si le anyigba dzi siaa, le ŋgɔ yim le esi eme nɔlawo bɔbɔa wo ɖokui hewɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ta.

11. Tiatia kae le sɔhɛ siwo dzilawo nye Kristotɔwo la ŋgɔ?

11 Eyata nènɔ susu me na mi sɔhɛwo be mia dzilawo loo alo Kristotɔ hamemetsitsiwo mazi mia dzi be miaxɔ nyɔnyrɔ o. Mia ŋutɔwoe atiae be yewoasubɔ Yehowa. Yosua gblɔ na Israel-viwo be: “[Misubɔ Yehowa] blibo le nyateƒe me . . . Mitia, amesi subɔ ge miala, egbea.” (Yosua 24:14-22) Nenema kee mia ŋutɔwoe atiae be yewoaɖe adzɔgbe na Yehowa ahawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le miaƒe agbe me katã.

Nya Agba si Le Dziwò

12. (a) Togbɔ be dzilawo ate ŋu ahe wo viwo hã la, nukae womate ŋu awɔ na wo o? (b) Ɣekaɣie Yehowa bua sɔhɛwo be agba le wo dzi le nyametsotso siwo wowɔna me?

12 Ɣeyiɣi aɖe va ɖona si me mia dzilawo ƒe nuteƒewɔwɔ meganyea takpɔkpɔ na mi sɔhɛwo o. (Korintotɔwo I, 7:14) Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ be: “Eyataŋuti la, amesi ke nya nu nyui wɔwɔ, eye mewɔnɛ o la, enye nuvɔ̃ nɛ.” (Yakobo 4:17) Dzilawo mate ŋu asubɔ Mawu ɖe wo viwo nu o, abe alesi ɖeviwo hã mate ŋu asubɔ Mawu ɖe wo dzilawo nu o ene. (Xezekiel 18:20) Ðe miesrɔ̃ nu tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋua? Ðe mietsi nyuie ate ŋu ase nusi srɔ̃m miele la gɔme ahana ƒomedodo nanɔ mía kple eyama domea? Ekema ɖe susu manɔ eme be míagblɔ be Mawu abui be mietsi atso nya me be miasubɔ ye oa?

13. Nya kawoe wòle be sɔhɛ maxɔnyɔnyrɔwo nabia wo ɖokui?

13 Sɔhɛ maxɔnyɔnyrɔ si dzilawo nye mawuvɔ̃lawoe nènyea, eye ɖe nèdea Kristotɔwo ƒe kpekpewo hekpɔa gome le gbeƒã ɖeɖe Fiaɖuƒenyanyuia me gɔ̃ hãa? Ne nenemae la, bia ɖokuiwò anukwaretɔe be: ‘Nukata mele esia wɔm ɖo? Ðe medea kpekpeawo kple gbeadzi le esi dzinyelawo di be mayii taa, alo esi medi be madze Yehowa ŋu taea?’ Ðe nèdzro “nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo” la me kpɔ heka ɖe edzia?—Romatɔwo 12:2.

Nukatae Nèle Hehem Ðe Megbe le Nyɔnyrɔxɔxɔ Ŋu?

14. Biblia me kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be mele be míanɔ nyɔnyrɔxɔxɔ hem ɖe megbe dzodzro o?

14 ‘Nukae xe mɔ na nye nyɔnyrɔxɔxɔ?’ Esi Etiopia-ŋutsu aɖe srɔ̃e be Yesu nye Mesia vɔ teti koe wòbia nya ma nyanyuigblɔla Filipo. Gake Etiopia-ŋutsua nya Ŋɔŋlɔawo, si kpe ɖe eŋu wòkpɔe be ele be yeaɖee afia le gaglãgbe enumake be yedi be yeanɔ Kristo-hamea me asubɔ Yehowa, eye esia wɔwɔ na wòkpɔ dzidzɔ geɖe. (Dɔwɔwɔwo 8:26-39) Nenema kee nyɔnu aɖe, si ŋkɔe nye Lidia, “amesi ƒe dzi Aƒetɔ la ʋu bena, wòlé to ɖe nya, siwo gblɔm Paulo le” ŋu la xɔ nyɔnyrɔ enumake, eya kple eƒe aƒemetɔwo. (Dɔwɔwɔwo 16:14, 15) Nenema kee gaxɔdzikpɔla aɖe si nɔ Filipi la ɖo to Paulo kple Sila esi “wogblɔ Aƒetɔ ƒe nya la nɛ,” eye “[wonyrɔ] eya kple etɔwo katã enumake.” (Dɔwɔwɔwo 16:25-34) Eyata, ne èsrɔ̃ nu veviwo tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu, èdi vevie be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu, ŋkɔ nyui le ŋuwò le hamea me, eye nèdea kpekpewo ɣesiaɣi hekpɔa gome le gbeƒã ɖeɖe Fiaɖuƒeŋutinya nyuia me ko la, nukatae nàhe ɖe megbe le nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu?—Mateo 28:19, 20.

15, 16. (a) Nukpɔsusu masɔmasɔ kawoe ate ŋu ana sɔhɛ aɖewo nanɔ hehem ɖe megbe le nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu? (b) Aleke adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ kpɔa sɔhɛwo tae?

15 Ðe wòanye be èle afɔ vevi sia ɖeɖe hem ɖe megbe le vɔvɔ̃ be woahe to na ye ne ɖewohĩ yeva wɔ nu gbegblẽ aɖea? Ne susu ma tae la, ke bu nya sia ŋu kpɔ: Ðe nàgbe be yemaɖo ʋu gbeɖe o le esi ʋuwo dzea afɔku taa? Ao ɖe! Nenema kee mele be nàhe ɖe megbe le nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu ne èdze o. Le nyateƒe me la, ne èɖe adzɔgbe na Yehowa helɔ̃ ɖe edzi be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la, esia aʋã wò be nàwɔ nusianu si nàte ŋui atsi tre ɖe nugbegblẽwɔwɔ ŋu. (Filipitɔwo 4:13) Sɔhɛwo, anyo be wòanɔ susu me na mi be, miaƒe nyɔnyrɔxɔxɔ hehe ɖe megbe mawɔe be Mawu mabia akɔnta mi o. Ne ènya tsi ya ko la, èxɔ nyɔnyrɔ o, mèxɔ nyɔnyrɔ o, Yehowa abia akɔnta wò godoo le alesi nènɔa agbee ŋu.—Romatɔwo 14:11, 12.

16 Ðasefo siwo le xexeame dometɔ geɖe kpɔe be esi yewoxɔ nyɔnyrɔ le yewoƒe sɔhɛmenɔɣi la, ekpe ɖe yewo ŋu geɖe ŋutɔ. Bu Ðasefo ƒe 23 vi aɖe si le Ɣetoɖoƒe Europa ŋu kpɔ. Egblɔ be yexɔ nyɔnyrɔ esi yexɔ ƒe 13, eye be ema ʋã ye be yekpɔ ye ɖokui dzi nyuie be “ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo” nagakplɔ ye atrae o. (Timoteo II, 2:22) Tso eƒe sɔhɛmenɔɣi kee wòɖoe be yeawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Ele subɔsubɔm fifia dzidzɔtɔe le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe. Yayra geɖewoe asu sɔhɛ siwo katã tiae be yewoasubɔ Yehowa la si, eye woate ŋu asu wò hã asiwò.

17. Go kawo mee wòhiã be míayi edzi adze si nusi nye ‘Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu’ le?

17 Ne míeɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ ko la, míedze agbenɔnɔ aɖe, si bia be míawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu le nusianu me la, gɔme. Agbe nɔnɔ ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖea nu bia be ‘míaƒle ɣeyiɣi.’ Aleke míaƒlee? To ɣeyiɣi siwo míezãna ɖe nusiwo ŋu viɖe mele o ŋu la zazã azɔ ɖe Biblia sɔsrɔ̃ veviedodotɔe, kpekpewo dede edziedzi, kple gome kpɔkpɔ bliboe le gbeƒã ɖeɖe “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia” me dzi. (Efesotɔwo 5:15, 16; Mateo 24:14) Míaƒe adzɔgbeɖeɖe kple didi be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu aɖe vi na mí le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa, abe le modzakaɖeɖe, nuɖuɖu kple nunono, kple ha siwo míesena alo ƒona ene me. Ðe manyo be nàtia modzakaɖeɖe si aɖe vi na wò tegbee oa? Sɔhɛ Ðasefo akpe geɖe agblɔ na wò be mɔ geɖe li siwo dzi nàto akpɔ dzidzɔ, evɔ nàkpɔtɔ ayi edzi anɔ “Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu” wɔm.—Efesotɔwo 5:18, 19.

“Míayi Kpli Mi”

18. Nya kae wòle be sɔhɛwo nabia wo ɖokui?

18 Tso ƒe 1513 D.M.Ŋ. vaseɖe ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, Yehowa tia dukɔ aɖe me tɔwo koŋ le anyigba dzi be woasubɔ ye ahanye yeƒe ɖasefowo. (Yesaya 43:12) Israel-vi siwo wodzi ɖe dukɔ ma me la zua emetɔwo. Gake tso Pentekoste-ŋkekea dzi la, “dukɔ” yeye aɖe va le Yehowa si le anyigba dzi, si nye gbɔgbɔ me Israel, ‘si ŋu eƒe ŋkɔ le.’ (Petro I, 2:9, 10; Dɔwɔwɔwo 15:14; Galatiatɔwo 6:16) Apostolo Paulo gblɔ be Kristo kɔ “dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti” na eɖokui. (Tito 2:14) Mi sɔhɛwo ŋutɔe adi amesiwo dukɔ ma nye. Amekawoe nye “dukɔ dzɔdzɔe, si dzraa nyateƒe ɖo,” siwo nɔa agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu, siwo nye Yehowa ƒe Ðasefo wɔnuteƒewo, eye woɖea gbeƒãe be eƒe Fiaɖuƒea koe nye amegbetɔwo ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia? (Yesaya 26:2-4) Kpɔ Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo kple subɔsubɔha bubuwo me ɖa, eye nàtsɔ woƒe agbenɔnɔ asɔ kple nusi Biblia di tso Mawu subɔla vavãwo si kpɔ.

19. Nuka dzie anyigba dzi nɔla miliɔn geɖe va lɔ̃ ɖo?

19 Xexea me nɔla miliɔn geɖe, siwo dome sɔhɛwo le, va lɔ̃ ɖe edzi be Yehowa Ðasefowo ƒe amesiamina susɔeawoe nye “dukɔ dzɔdzɔe” ma. Wogblɔna na gbɔgbɔ me Israel-vi siawo be: “Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.” (Zaxarya 8:23) Míele mɔ kpɔm, eye míele gbe dom ɖa be mi sɔhɛwo miatiae be yewoanɔ Mawu ƒe amewo dome, eye miato esia dzi ‘atia agbe’—agbe mavɔ le Yehowa ƒe xexe yeyea me.—Mose V, 30:15-20; Petro II, 3:11-13.

Numetoto

• Nukae nuxɔxlɔ̃ fia?

• Subɔsubɔ ka ƒomevie dzea Yehowa ŋu?

• Tiatia kae wotsɔ ɖo sɔhɛ siwo katã dzilawo nye Kristotɔwo la ŋku me?

• Nukatae mehiã be ame nahe nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe megbe dzodzroe o?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Amekae nàɖo toe?

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Aleke adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ ate ŋu akpɔ tawòe?

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Nukae le mɔ xem na wò nyɔnyrɔxɔxɔ?