Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wodzi Wo Ðe Dukɔ Si Mawu Tia La Me

Wodzi Wo Ðe Dukɔ Si Mawu Tia La Me

Wodzi Wo Ðe Dukɔ Si Mawu Tia La Me

“Yehowa, wò Mawu, tia wò . . . bena nanye eya ŋutɔ ƒe dukɔ.”​—MOSE V, 7:6.

1, 2. Ŋusẽdɔ gã kawoe Yehowa wɔ ɖe eƒe amewo ta, eye ƒomedodo kae va nɔ Mawu kple Israel-viwo dome?

LE ƑE 1513 D.M.Ŋ. me la, Yehowa na ƒomedodo yeye aɖe va ɖo woa kple esubɔla siwo nɔ anyigba dzi la dome. Le ƒe ma me la, eɖi gbɔ dziɖula sẽŋu aɖe eye wòɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me. Eto esia wɔwɔ me va zu wo Ðela eye dukɔa va zu Etɔ. Hafi Mawu naɖe wo la, egblɔ na Mose bena: “Gblɔ na Israel-viwo bena: Nyee nye Yehowa! Makplɔ mi le dɔ sesẽ, si wɔm miele na Egiptetɔwo la nu, eye mana miavo atso miaƒe kluvidɔ la me, eye mado nye alɔ ɖa atsɔ ŋusẽ gã aɖe mi. Mawɔ mi mianye nye dukɔ, eye manye miaƒe Mawu.”—Mose II, 6:6, 7.

2 Esi Israel-viwo ʋu tso Egipte teti la, woge ɖe nubabla aɖe me kple woƒe Mawu, Yehowa. Tso ɣemaɣi la, Yehowa magawɔ nu kple ame ɖekaɖekawo, ƒomewo, alo to aɖewo me tɔwo o, ke boŋ awɔ nu kple dukɔ aɖe koŋ le anyigba dzi. (Mose II, 19:5, 6; 24:7) Ena se siwo akplɔ wo le woƒe gbesiagbegbenɔnɔ kple vevietɔ le woƒe subɔsubɔ me la wo. Mose gblɔ na wo be: “Dukɔ gã kae li, si ƒe mawuwo tsɔ ɖe egbɔ, abe alesi Yehowa, mía Mawu, tsɔ ɖe mía gbɔ ene, ne míenya yɔe ko? Eye dukɔ gã kae li, si ƒe ɖoɖowo kple sewo to mɔ ɖeka abe se, siwo katã meɖo mia ŋku me egbea ene?”—Mose V, 4:7, 8.

Wo Dzilawo Nye Ðasefowo

3, 4. Susu vevi ka tae wotia Israel dukɔa?

3 Ƒe alafa geɖewo megbe la, Yehowa to nyagblɔɖila Yesaya dzi ɖo ŋku nu vevi si ta wòtia Israel-viwo wonye dukɔ la dzi na wo. Yesaya gblɔ be: “Ale Yehowa, amesi wɔ wò Yakob, eye wòmè wò Israel la, gblɔ esi: Megavɔ̃ o, elabena meɖe wò, metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò be: Tɔnye nènye. Elabena nye Yehowa enye wò Mawu, nye Israel ƒe kɔkɔetɔ la enye wò xɔnametɔ. . . . Kplɔ vinyeŋutsuwo tso didiƒe vɛ kple vinyenyɔnuwo tso anyigba ƒe mlɔenu, amesiwo katã ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo, amesiwo mewɔ hena nye bubu, memè wo, eye mewɔ wo. Yehowa be: Miawoe nye nye ɖasefowo kple nye dɔla, si metia . . . Dukɔ, si mewɔ na ɖokuinye la, axlẽ nya afia le nye kafukafu ŋu.”—Yesaya 43:1, 3, 6, 7, 10, 21.

4 Esi Yehowa ƒe ŋkɔ le Israel-viwo ŋu ta la, woaɖi ɖase tso eƒe dziɖulanyenye ŋu le dukɔwo katã ŋkume. Yehowa ‘wɔ wo hena eya ŋutɔ ƒe bubu.’ Ele be ‘woaxlẽ Yehowa ƒe kafukafu afia,’ aƒo nu tso mɔ wɔnuku siwo dzi wòtona ɖea ame ŋu, ale be esia nanye bubu na eƒe ŋkɔ kɔkɔea. Kpuie ko la, ɖasefowoe dukɔa anye na Yehowa.

5. Gɔmesese ka nue Israel nye dukɔ ɖeadzɔgbe le?

5 Le ƒe alafa 11 lia D.M.Ŋ. me la, Fia Salomo gblɔ be Yehowa tia Israel-dukɔa, eye wòɖee ɖe vovo tso dukɔwo ŋu. Egblɔ le gbe si wòdo ɖa na Yehowa me be: “Wò ŋutɔe ɖe wo tso anyigba dzi dukɔwo katã dome, bena woanye wò domenyinu.” (Fiawo I, 8:53) Ƒomedodo tɔxɛ nɔ Israel-vi aɖewo hã kple Yehowa dome. Do ŋgɔ la, Mose gblɔ na wo be: “Viwo mienye; . . . elabena dukɔ kɔkɔe nènye na Yehowa, wò Mawu la.” (Mose V, 14:1, 2) Eyata mehiã be ɖevi siwo wodzi le Israel la naɖe adzɔgbe na Yehowa o. Wodzi wo ɖe dukɔ si ɖe adzɔgbe na Mawu xoxo la me. (Psalmo 79:13; 95:7) Wofia Yehowa ƒe se dzidzime yeye ɖesiaɖe, eye wobia tso wo si be woawɔ ɖe seawo dzi le nubabla si nɔ Israel kple Yehowa dome ta.—Mose V, 11:18, 19.

Woa Ŋutɔwoe Atiae

6. Tiatia kae wòle be Israel-viwo dometɔ ɖesiaɖe nawɔ?

6 Togbɔ be wodzi Israel-viwo ɖe dukɔ si ɖe adzɔgbe me hã la, ele na wo dometɔ ɖesiaɖe be wòatso nya me be yeasubɔ Mawu. Hafi woage ɖe Ŋugbedodonyigba dzi la, Mose gblɔ na wo be: “Meta dziƒo kple anyigba na mi be: Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe, eye nalɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, ɖo to eƒe gbe, eye naku ɖe eŋu, elabena eya nye wò agbe, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo be, yeatsɔ na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob la dzi.” (Mose V, 30:19, 20) Eyata ele na Israel-viwo dometɔ ɖesiaɖe be wòatiae be yealɔ̃ Yehowa, aɖo to eƒe gbe, ahalé ɖe eyama ŋu. Esi tiatiawɔblɔɖe nɔ Israel-viwo si ta la, woa ŋutɔwoe atsɔ woƒe nyametsotsowo me tsonuwo ƒe agba.—Mose V, 30:16-18.

7. Nukae va dzɔ esi amesiwo katã nɔ anyi le Yosua ŋɔli la ku?

7 Nusiwo dzɔ le Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ɣeyiɣiwo me la ɖe nusi nuteƒewɔwɔ kple nuteƒemawɔmawɔ me tsonuwo anye ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe fia. Do ŋgɔ teti na Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ɣeyiɣia la, Israel-viwo dze kpɔɖeŋu nyui si Yosua ɖo la yome, eye woyra wo ɖe eta. Biblia gblɔ be: “Dukɔ la subɔ Yehowa, ŋkeke alesi Yosua nɔ agbe kple ŋkeke alesi ame tsitsi, siwo nɔ agbe le Yosua megbe, amesiwo kpɔ nu gã, siwo katã Yehowa wɔ na Israel teƒe la, le agbe.” Gake le Yosua ƒe ku megbe la, “dzidzime bubu va dzɔ le wo megbe, amesiwo medze si Yehowa o, eye womenya naneke le nusiwo katã wòwɔ na Israel la ŋu o. Tete Israel-viwo wɔ nusi medze Yehowa ŋu o.” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:7, 10, 11) Anye be dzidzime yeye siwo va emegbe la mede asixɔxɔ alesi wonye dukɔ ɖeadzɔgbe me tɔwo, amesiwo ta woƒe Mawu, Yehowa, wɔ nukunu geɖe ɖo le blema la ŋu o.—Psalmo 78:3-7, 10, 11.

Agbe Nɔnɔ Wòasɔ ɖe Woƒe Adzɔgbeɖeɖe Nu

8, 9. (a) Ðoɖo kawoe wowɔ si dzi Israel-viwo ato aɖee afia be yewoɖe adzɔgbe na Yehowa ŋutɔŋutɔ? (b) Viɖe kae amesiwo wɔa lɔlɔ̃nu faa vɔsawo la kpɔna?

8 Yehowa wɔ ɖoɖo siwo akpe ɖe eƒe amewo ŋu be woanɔ agbe wòasɔ ɖe woƒe adzɔgbeɖeɖea nu. Le kpɔɖeŋu me, Se si wòtsɔ na wo bia be woasa vɔwo; vɔsa siawo dometɔ aɖewo hiã godoo, gake woa ŋutɔwoe alɔ̃ faa asa bubuwo ya. (Hebritɔwo 8:3) Vɔsa siawo dometɔ aɖewoe nye numevɔsa, nuɖuvɔsa, kple akpedavɔsa siwo nye lɔlɔ̃nu faa vɔsawo—wonye vɔsa siwo wowɔna be woatsɔ ada akpe na Yehowa eye be wòakpɔ ŋudzedze ɖe ame ŋu.—Mose III, 7:11-13.

9 Lɔlɔ̃nu faa vɔsa mawo dze Yehowa ŋu. Wogblɔ tso numevɔsa kple akpedavɔsa ŋu be wonye vɔsa siwo “ʋẽna lilili ɖe Yehowa.” (Mose III, 1:9; 2:2) Wotsɔa lã si wotsɔ wɔ akpedavɔsae la ƒe ʋu kple amiawo nana Yehowa, eye nunɔlawo kple amesi sa vɔa ŋutɔ ɖua susɔea. Eyata enyea kpɔɖeŋu nuɖuɖu si fia be ƒomedodo nyui le amea kple Yehowa dome. Sea gblɔ be: “Ne miesa akpedavɔ na Yehowa la, miwɔe ale be, miadze eŋu.” (Mose III, 19:5) Togbɔ be Israel-viwo katã nyea amesiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa tso wo dziɣi ke hã la, amesiwo wɔa lɔlɔ̃nu faa vɔsawo tsɔ ɖoa kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe dzi la ‘dzea Mawu ŋu,’ eye eyrana wo geɖe.—Maleaxi 3:10.

10. Aleke Yehowa ɖee fia le Yesaya kple Maleaxi ƒe ŋkekeawo me be yemekpɔ ŋudzedze ɖe vɔ siwo sam wonɔ ŋu o?

10 Gake enuenu la, Israel-dukɔ ɖeadzɔgbe la mewɔ nuteƒe na Yehowa o. Yehowa to eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi gblɔ na wo be: “Mètsɔ wò alẽviwo sa numevɔ nam o, eye mètsɔ wò akpedavɔsawo de bubu ŋunye o. Nyemetsɔ wò nuɖuvɔsawo do agba na wò o.” (Yesaya 43:23) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa mekpɔa ŋudzedze ɖe nunana siwo metso dzime o la ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, ƒe 300 le Yesaya megbe, le nyagblɔɖila Maleaxi ƒe ŋkekeawo me la, Israel-viwo tsɔ lã lédɔwo sa vɔe. Eyata Maleaxi gblɔ na wo be: “Miaƒe nu medze ŋunye o, eye nyemele vɔsanu aɖeke dim tso mia si o, Yehowa Zebaot ye gblɔe. . . . Mietsɔ adzonuwo, lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã lédɔwo va sa vɔe. Ðe mele esia dim tso mia si mea? Yehowa ye gblɔe.”—Maleaxi 1:10, 13; Amos 5:22.

Yehowa Gbe be Womaganye Yeƒe Dukɔ O

11. Mɔnukpɔkpɔ kae wona Israel-viwo?

11 Esime Israel-viwo zu dukɔ ɖeadzɔgbe na Yehowa la, edo ŋugbe na wo be: “Ne miaɖo to nye gbe, eye mialé nye nubabla me ɖe asi la, ekema mianye tɔnye koŋ le dukɔwo katã dome, elabena anyigba blibo la tɔnyee. Eye mianye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe nam!” (Mose II, 19:5, 6) Woawo domee Mesia si ŋugbe wodo la atso eye mɔnukpɔkpɔ asu wo si gbã be woava zu Mawu Fiaɖuƒea me tɔwo. (Mose I, 22:17, 18; 49:10; Samuel II, 7:12, 16; Luka 1:31-33; Romatɔwo 9:4, 5) Gake Israel-viwo dometɔ akpa gãtɔ mewɔ ɖe adzɔgbe si woɖe la dzi o. (Mateo 22:14) Wogbe nu le Mesia la gbɔ eye wowui mlɔeba.—Dɔwɔwɔwo 7:51-53.

12. Yesu ƒe nya kawoe ɖee fia be Yehowa gbe Israel be meganye dukɔ ɖeadzɔgbe na ye o?

12 Ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, egblɔ na Yuda subɔsubɔhakplɔlawo be: “Alo miexlẽ le ŋɔŋlɔawo me kpɔ bena: ‘Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke trɔ zu dzogoekpe; Aƒetɔ la gbɔ esia tso, eye wònye nukunu le míaƒe ŋkuwo me’ o mahã? Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ, si atse ku la.” (Mateo 21:42, 43) Esi Yesu di be yeana woanya be Yehowa gbe nu le wo gbɔ be womeganye dukɔ ɖeadzɔgbe na ye o la, egblɔ be: “Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòfɔ kpe ƒu amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie medi bena, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala te ene, gake mielɔ̃ o! Kpɔ ɖa, woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒedoe.”—Mateo 23:37, 38.

Dukɔ Ðeadzɔgbe Yeye Aɖe

13. Nya kae Yehowa gblɔ ɖi le Yeremya ƒe ŋkekea me?

13 Le nyagblɔɖila Yeremya ƒe ŋkekea me la, Yehowa gblɔ nu yeye aɖe si ku ɖe eƒe amewo ŋu la ɖi. Míexlẽ le afima be: “Ŋkeke li gbɔna, eye mabla nu yeye kple Israel ƒe aƒe kpakple Yuda ƒe aƒe. Manɔ abe nusi mebla kple wo fofowo le gbesigbe melé woƒe alɔnu, be makplɔ tso Egipte-nyigba dzi, nubabla si wotu, eye nye hã megbe wo la ene o, Yehowa ye gblɔe; ke boŋ nu si mele babla ge kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe la, enye esi: Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ, Yehowa ye gblɔe.”—Yeremya 31:31-33.

14. Ɣekaɣie Yehowa ƒe dukɔ ɖeadzɔgbe yeye la va dzɔ, eye aleke woɖoe? Dukɔ kae nye dukɔ yeye ma?

14 Woɖo nubabla sia anyi esime Yesu ku eye emegbe wòtsɔ eƒe ʋu si wòkɔ ɖi la ƒe asixɔxɔ yi na Fofoa le ƒe 33 M.Ŋ. me. (Luka 22:20; Hebritɔwo 9:15, 24-26) Gake esi wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe nusrɔ̃lawo dzi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi, si na wova dzi dukɔ yeye aɖe, si nye “Mawu ƒe Israel” ko hafi nubabla yeyea te dɔ wɔwɔ. (Galatiatɔwo 6:16; Romatɔwo 2:28, 29; 9:6; 11:25, 26) Apostolo Petro ŋlɔ na Kristotɔ amesiaminawo be: “Miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbeƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia, mi amesiwo menye dukɔ tsã o; ke azɔ la mienye Mawu ƒe dukɔ.” (Petro I, 2:9, 10) Ƒomedodo tɔxɛ si nɔ Yehowa kple ŋutilã me Israel dome la wu enu. Le 33 M.Ŋ. me la, Yehowa gbe ŋutilã me Israel, eye wòva xɔ gbɔgbɔ me Israel, si nye Kristo-hame si nye ‘dukɔ, si tsea Mesia Fiaɖuƒea ƒe kuwo.’—Mateo 21:43.

Ame Ŋutɔ ƒe Adzɔgbeɖeɖe

15. Nyɔnyrɔ ka ƒomevie Petro xlɔ̃ nu eƒe nyaselawo be woaxɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi?

15 Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea megbe la, eva hiã be Yudatɔwo alo Trɔ̃subɔlawo ŋutɔ naɖe adzɔgbe na Mawu eye woaxɔ nyɔnyrɔ le “Fofo la kple Vi la kpakple [gbɔgbɔ] kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me.” * (Mateo 28:19) Apostolo Petro gblɔ na Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔ siwo ɖo toe le Pentekoste-ŋkekea dzi be: “Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mia dome amesiame [naxɔ nyɔnyrɔ] ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me hena miaƒe nuvɔ̃wo ƒe keke, eye miaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe wòanye nunana.” (Dɔwɔwɔwo 2:38) Menye kpe ɖoɖo edzi be yewoɖe adzɔgbe na Yehowa ta koe wòhiã be Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo naxɔ nyɔnyrɔ ɖo o, woƒe nyɔnyrɔxɔxɔa nye kpeɖodzi hã be woxɔ Yesu dzi se be eya dzie Yehowa ato atsɔ yewoƒe nuvɔ̃wo ake yewo. Ehiã be woalɔ̃ ɖe edzi be eyae nye Nunɔlagã si Yehowa ɖo, eye be eyae nye yewo Kplɔla kple Kristo-hamea ƒe Ta.— Kolosetɔwo 1:13, 14, 18.

16. Aleke Yudatɔ kple Trɔ̃subɔla dzinyuitɔwo wɔ va zu gbɔgbɔ me Israel-viwo le Paulo ƒe ŋkekea me?

16 Apostolo Paulo gblɔ le ƒe aɖewo megbe be: “Megblɔe fia Damaskotɔwo gbã, kple amesiwo le Yerusalem kple Yudea nutometɔwo katã kpakple trɔ̃subɔlawo hã, bena woatrɔ le woƒe dzi me, eye ne woagbugbɔ ava Mawu gbɔ, ne woawɔ dɔ, siwo dze dzimetɔtrɔ.” (Dɔwɔwɔwo 26:20) Esi Paulo na ameawo—Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo—xɔe se be Yesue nye Kristo si nye Mesia, vɔ la, ekpe ɖe wo ŋu woɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ. (Dɔwɔwɔwo 16:14, 15, 31-33; 17:3, 4; 18:8) Esi nusrɔ̃la yeye mawo trɔ ɖe Mawu ŋu ta la, wova zu gbɔgbɔ me Israel-viwo.

17. Amewo nu tetre dɔ kae le eƒe nuwuwu gogom?

17 Eteƒe magadidi hafi woatre gbɔgbɔ me Israel-vi mamlɛawo nu vɔ o. Ne wotre wo nu vɔ la, ekema woaɖe mɔ na “mawudɔla ene” siwo lé “xaxa gã la” ƒe tsɔtsrɔ̃ ƒe yawo ɖe asi la be woaɖe asi le wo ŋu. Hafi ɣemaɣi naɖo la, wole “ameha gã” si me tɔwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi la nu ƒom ƒu kple ŋkubiã. ‘Alẽ bubu’ siawo ŋutɔe tiae be yewoaxɔ “alẽvi la ƒe ʋu la” dzi ase, eye woanyrɔ yewo wòanye yewoƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe dzesi. (Nyaɖeɖefia 7:1-4, 9-15; 22:17; Yohanes 10:16; Mateo 28:19, 20) Wo dometɔ geɖewo nye sɔhɛ siwo dzilawo nye Kristotɔwo. Ne sɔhɛ siawo dometɔ ɖekae nènye la, ekema nyati si kplɔe ɖo xexlẽ ado dzidzɔ na wò.

[Etenuŋɔŋlɔ]

Numetoto

• Nukatae mehiã be Israel-vi siwo nye ɖeviwo naɖe adzɔgbe na Yehowa o?

• Aleke Israel-viwo aɖee afia be yewonɔa agbe ɖe yewoƒe adzɔgbeɖeɖe nu?

• Nukatae Yehowa gbe Israel-dukɔ si ɖe adzɔgbe nɛ la, eye dukɔ kae va xɔ ɖe eteƒe?

• Tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, nukae wòle be Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo nawɔ be woava zu gbɔgbɔ me Israel-viwo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Vi siwo wodzina le Israel la nye adzɔgbeɖelawo tso dzɔdzɔme

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ele be Israel-vi ɖesiaɖe ŋutɔ natiae be yeasubɔ Mawu

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Lɔlɔ̃nu faa vɔsawo naa mɔnukpɔkpɔ Israel-viwo be woaɖe woƒe lɔlɔ̃ na Yehowa afia

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea megbe la, ele be Kristo yomedzela ɖesiaɖe ŋutɔ naɖe adzɔgbe na Mawu ahatsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ aɖo kpe edzi