Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Miganɔ Liʋiliʋi Lim O’

‘Miganɔ Liʋiliʋi Lim O’

‘Miganɔ Liʋiliʋi Lim O’

“Miwɔ nuwo katã liʋiliʋilili . . . manɔmee.”​—FILIPITƆWO 2:14.

1, 2. Aɖaŋu kae apostolo Paulo ɖo na Kristotɔ siwo nɔ Filipi kple Korinto, eye nukatae?

APOSTOLO PAULO kafu ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hame si nɔ Filipi la me tɔwo le eƒe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe wo la me ŋutɔ. Ekafu haxɔsetɔ siwo nɔ du ma me la ɖe alesi wokɔa dzi me naa nu, kple alesi wotsɔa dzo ɖe dɔ ŋu la ta, eye wòkpɔ dzidzɔ ɖe dɔ nyui siwo wowɔna la ŋu. Ke hã, Paulo ɖo ŋku edzi na wo be ‘woawɔ nuwo katã liʋiliʋilili manɔmee.’ (Filipitɔwo 2:14) Nukatae apostoloa xlɔ̃ nu wo alea ɖo?

2 Paulo nya nusi liʋiliʋilili te ŋu gblẽna. Ƒe ʋɛ aɖewo do ŋgɔ la, eɖo ŋku edzi na hame si nɔ Korinto be liʋiliʋilili te ŋu doa afɔku ame. Paulo na wokpɔe be esime Israel-viwo nɔ gbeadzi la, wodo dziku na Yehowa enuenu. Le mɔ ka nu? To nu vɔ̃ɖi dzodzro, trɔ̃subɔsubɔ kple ahasiwɔwɔ, Yehowa tete kpɔ, kple liʋiliʋilili me. Paulo de dzi ƒo na Korintotɔwo be woasrɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu siawo me. Eŋlɔ bena: “Migali liʋiliʋi, abe alesi wo dome ame aɖewo li liʋiliʋi, eye nugblẽla tsrɔ̃ wo ene la o.”—Korintotɔwo I, 10:6-11.

3. Nukata wòle be míatsi dzi ɖe liʋiliʋilili ƒe nyaa ŋu egbea?

3 Mí Yehowa subɔla siwo li egbea la, míeɖea nɔnɔme si nɔ Filipi hamea me tɔwo si la tɔgbe fiana. Míetsɔa dzo ɖe dɔ nyuiwo wɔwɔ ŋu eye lɔlɔ̃ le mía dome. (Yohanes 13:34, 35) Gake le nusi liʋiliʋilili gblẽ le Mawu ƒe amewo ŋu le blema ta la, ade mía dzi ŋutɔ be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: ‘Miwɔ nuwo katã liʋiliʋilili manɔmee.’ Mina míadzro nya si wogblɔ tso liʋiliʋilili ŋu le Biblia me la me gbã. Emegbe míatrɔ ɖe nusiwo míate ŋu awɔ be liʋiliʋilili nagagblẽ nu le mía ŋu egbea o la ŋu.

Ha Vɔ̃ɖi aɖe Li Liʋiliʋi le Yehowa Ŋu

4. Alekee Israel-viwo li liʋiliʋi le gbeadzi?

4 Esime wonɔ nu ƒom tso nusiwo dzɔ le ƒe 40 siwo Israel-viwo tsɔ nɔ gbeadzi me ŋu lae wozã Hebrigbe me nya si gɔmee nye be “woali liʋiliʋi, awɔ nyadɔe, ato nyatoƒoe, alo ado dziku vevie” la le Biblia me. Nɔnɔme si me Israel-viawo nɔ la va ti wo ale gbegbe be woɖee fia to liʋiliʋilili me. Le kpɔɖeŋu me, le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe, esime woɖe wo tso kluvinyenye me le Egipte la, “Israel-viwo ƒe ha blibo la lĩ Mose kple Aron ŋu.” Woto nyatoƒoe le nuɖuɖu ŋu be: “Ðe Yehowa na míeku le Egipte-nyigba dzi, afisi míebɔbɔ nɔ míaƒe lãzewo dome, eye míeɖua abolo ɖia ƒo la, ne nyo wu esi miekplɔ mí va gbe sia dzi, bena dɔ nawu ameha blibo sia woaku!”—Mose II, 16:1-3.

5. Esi Israel-viwo nɔ nyatoƒoe tom la, ameka koŋ ŋu limee wonɔ?

5 Le nyateƒe me la, Yehowa na nuɖuɖu kple tsi si Israel-viawo hiã le gbeadzi la wo lɔlɔ̃tɔe. Naneke meli si fia be dɔ awu Israel-viawo kakaka woava ku le gbeadzi o. Gake esi wònye esia medze wo ŋu o ta la, wonɔ nyatoƒoe tom le woƒe nɔnɔmea ŋu kakaka wòva zu liʋiliʋilili. Togbɔ be Mose kple Aron ŋue woto nyatoƒoea le hã la, Yehowa ya nyae be ye ŋutɔ ŋue wonɔ nyatoƒoea tom le. Mose gblɔ na Israel-viawo bena: “Yehowa se liʋĩliʋĩ, si mielĩ ɖe eŋu la, ke míawo la amekawo míenye? Menye mía ŋu mielĩ o, ke boŋ Yehowa ŋue mielĩ.”—Mose II, 16:4-8.

6, 7. Abe alesi wòdze le Mose IV, 14:1-3 ene la, aleke Israel-viwo ƒe nɔnɔme va trɔe?

6 Eteƒe medidi o, Israel-viawo gali liʋiliʋi ake. Mose dɔ ame 12 be woaɖatsa ŋku le Ŋugbedodonyigbaa dzi. Wo dometɔ ewo tsɔ nyatakaka madedziƒonamewo gbɔe. Nukae dzɔ? “Ha blibo la do ɣlikpɛ, eye dukɔ la fa avi le zã ma me. Eye Israel-viwo katã lĩ Mose kple Aron ŋu, eye ha blibo la gblɔ na wo bena: Oo, ɖe míeku le Egipte-nyigba dzi boŋ, ɖe míeku le gbe sia dzi boŋ la, ne nyo wu! Nukata gɔ̃ Yehowa kplɔ mí va [Kanaan-nyigba] sia dzi, bena míatsi yi nu, eye mía srɔ̃wo kple mía viwo nazu aboyonu? Ne míagbugbɔ ayi Egipte la, ɖe manyo na mí awu oa?”—Mose IV, 14:1-3.

7 Israel-viwo ƒe nɔnɔme trɔ loo! Esi woɖe wo tso Egipte hekplɔ wo tso Ƒudzĩa la, dzi dzɔ wo ale gbegbe be wodzi kafukafuhawo na Yehowa. (Mose II, 15:1-21) Gake esi gbeadzi ƒe nɔnɔmewo meva de wo dzi o eye wovɔ̃ Kanaantɔwo ta la, ŋudzedzemakpɔmakpɔ va xɔ ɖe akpedada ƒe nɔnɔme si nɔ Mawu ƒe ameawo si la teƒe. Le esi teƒe be woada akpe na Mawu ɖe ablɔɖe si wòna wo ta la, wobu fɔe ɖe nusi woawo ya wobu vodadatɔe be enye nɔnɔme madeamedzi la ta. Liʋiliʋilili sia fia ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe Yehowa ƒe nunanawo ŋu. Eyata mewɔ nuku o be Yehowa gblɔ be: “Zi nenie gɔ̃ ha vɔ̃ɖi sia alĩ ŋunye?”—Mose IV, 14:27; 21:5.

Liʋiliʋilili le Ƒe Alafa Gbãtɔa Me

8, 9. Gblɔ liʋiliʋilili ŋuti kpɔɖeŋu siwo le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la dometɔ aɖewo.

8 Kpɔɖeŋu siwo do ŋgɔ la ku ɖe ame hahoo siwo ɖe woƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe nanewo ŋuti gblɔ la ŋu. Gake esi Yesu Kristo yi Agbadɔŋkekenyui ɖu ge le Yerusalem le ƒe 32 M.Ŋ. me la, ‘liʋiliʋilili sɔ gbɔ le amehawo dome le eŋuti.’ (Yohanes 7:12, 13, 32) Amewo nɔ dalĩ dom na wo nɔewo tso eyama ŋu, ame aɖewo be ame nyui wònye, ame aɖewo hã be menye ame nyui ye o.

9 Ɣebubuɣi la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖadze nudzɔla, alo adzɔxɔla, Lewi, si wogayɔna be Mateo, gbɔ. “Farisitɔwo kple woƒe agbalẽfialawo li liʋiliʋi ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋuti gblɔ bena: Nukaŋuti mieɖua nu, eye mienoa nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã?” (Luka 5:27-30) Emegbe le Galilea la, “Yudatɔwo li liʋiliʋi le [Yesu ŋuti]; elabena egblɔ bena: Nyee nye abolo, si ɖi tso dziƒo va.” Yesu ƒe nya sia ve dɔme na eyomedzela aɖewo gɔ̃ hã, eye wote liʋiliʋi lili le eŋu.—Yohanes 6:41, 60, 61.

10, 11. Nuka ŋue Yudatɔ Helagbedolawo li liʋiliʋi le, eye nukae Kristotɔ hamemegãwo ate ŋu asrɔ̃ tso alesi wokpɔ kuxia gbɔe me?

10 Ke hã, nu nyui ye do tso liʋiliʋi si amewo li le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea megbe kpuie ya me. Haxɔsetɔ siwo le Yudea la nɔ amedzro wɔm na nusrɔ̃la yeye siwo tso duta dukɔwo me va Israel la, gake alesi wonɔ nuwo mamee la de ʋiʋli wo dome. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Liʋiliʋi ɖo Helatɔwo dome ɖe Hebritɔwo ŋu, elabena wosaa woawo ƒe ahosiwo ɖi le gbesiagbe dzikpɔkpɔ la me.”—Dɔwɔwɔwo 6:1.

11 Liʋiliʋilili sia to vovo na esi Israel-viwo li le gbeadzi. Yudatɔ Helagbedolawo metsɔ ɖokuitɔdidi to nyatoƒoe le alesi wonɔ nu wɔm ɖe wo ŋui la ŋu o. Alesi womeva nɔ ahosi aɖewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔm na wo o la ŋue woƒo nu tsoe. Gawu la, liʋiliʋilila siawo mewɔ nu abe nyadɔewɔlawo ene henɔ ɣli dom ɖe Yehowa ta o. Wotsɔ woƒe nyaa yi na apostoloawo, eye apostoloawo wɔ ɖoɖo be woakpɔ kuxia gbɔ enumake le esi nyatoƒoetoto la le eteƒe ta. Kpɔɖeŋu nyui kae nye si apostoloawo ɖo na Kristotɔ hamemegãwo egbea! Gbɔgbɔmelẽkplɔla siawo kpɔa egbɔ be yewo ‘mexe nu to me ɖe ame dahewo ƒe ɣlidodo o.’—Lododowo 21:13; Dɔwɔwɔwo 6:2-6.

Minɔ Ŋudzɔ ɖe Nusi Liʋiliʋilili Gblẽna Ŋu

12, 13. (a) Wɔ alesi liʋiliʋilili gblẽa nui la ƒe kpɔɖeŋu. (b) Nukae ate ŋu ana ame nali liʋiliʋi?

12 Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu siwo me míedzro la ƒe akpa gãtɔ ɖee fia be liʋiliʋilili gblẽ nu geɖe le Mawu ƒe amewo ŋu le blema. Eyata anyo be míayi ŋugble me nyuie le alesi wòate ŋu agblẽ nu egbeae ŋu. Mina míawɔ eƒe kpɔɖeŋu. Ga ƒomevi geɖe nyunyɔna. Ne wokpɔe be gaa te ɣebialéle gake womewɔ naneke le eŋu o la, ate ŋu ava nyunyɔ ale gbegbe be viɖe aɖeke magava nɔ eŋu o. Ʋu gbogbo aɖewo tsi to dzi, menye le esi womagate ŋu azɔ o ta o, ke boŋ le esi wo nyunyɔ ale gbegbe be wo me nɔnɔ ado afɔku ame tae. Aleke míate ŋu atsɔ kpɔɖeŋu sia asɔ kple liʋiliʋililii?

13 Abe alesi ko ga aɖewo te ŋu nyunyɔnae ene la, nyatoƒoe nya tona na ame madeblibowo ale gbegbe. Ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe nɔnɔme sia ƒe dzesiwo ŋu. Abe alesi ko tsi kple dze te ŋu nana ga nyunyɔna kabakabae ene la, nenema kee kuxiwo wɔnɛ be míedina be míali liʋiliʋi. Nuteɖeamedzi ate ŋu ana numaɖinu aɖe nazu dzikunya gã aɖe. Esi wònye gbegblẽm koe nuwo le ɖe edzi le nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me ta la, nusiwo ana míato nyatoƒoe la adzi ɖe edzi godoo. (Timoteo II, 3:1-5) Esia ana Yehowa subɔla ava nɔ liʋiliʋi lim le nɔvia ŋu. Ðewohĩ nu sue aɖe, abe ame aɖe ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, ŋutetewo, alo subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo ene, koe ahee vɛ.

14, 15. Nukatae wòle be míalé nyatoƒoetoto ƒe didi si le mía me la nu ɖo?

14 Nuka kee ɖado dziku na mí o, ne míekpɔ nyuie le alesi míetoa nyatoƒoe ŋu o la, ate ŋu ana be naneke magava nɔ mía ŋu dzem o eye wòana míazu liʋiliʋililawo. Le nyateƒe me la, liʋiliʋilili ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu le gbɔgbɔ me keŋkeŋ. Esi Israel-viwo li liʋiliʋi le alesi nuwo nɔ le gbeadzi ŋu la, woƒe fɔbubua yi ɖatɔ Yehowa ke hã. (Mose II, 16:8) Negadzɔ gbeɖe be míawɔ nu nenema o!

15 Woate ŋu aɖe ga ƒe nyunyɔnyunyɔ dzi akpɔtɔ to aŋɔ sisi nɛ kpakple eƒe afisiwo lé ɣebia la ƒɔƒlɔ kple ami sisi ɖe teƒea me. Nenema kee ne míede dzesii be nyatoƒoetoto ƒe didi ɖo mía me la, míate ŋu alé enu ne míebu nyaa ŋu gbedodoɖatɔe enumake. Aleke míawɔe?

Bu Nuwo Ŋu abe Alesi Yehowa Bua Wo Ŋui Ene

16. Aleke míate ŋu aɖu nusiwo ate ŋu ana míato nyatoƒoe la dzii?

16 Liʋiliʋilili wɔnɛ be míaƒe susuwo dzona le yayra siwo Yehowa Ðasefo nyenye nana míexɔna la dzi va nɔa mía ɖokui kple míaƒe kuxiwo dzaa ko dzi. Be míaɖu nusiwo ate ŋu ana míato nyatoƒoe dzi la, ehiã be míana yayra siawo nanɔ ŋku dzi na mí ɖaa. Le kpɔɖeŋu me, mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye be Yehowa ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ le mía ŋu. (Yesaya 43:10) Míate ŋu anɔ ƒomedodo kplikplikpli me kplii, eye míate ŋu aƒo nu na eya, amesi nye ‘Gbedodoɖasela’ la, ɣesiaɣi. (Psalmo 65:3; Yakobo 4:8) Viɖe le míaƒe agbe ŋu elabena míese nya si wotsɔ ɖe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ŋu gɔme eye míeɖoa ŋku edzi be mɔnukpɔkpɔe wònye na mi be míayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu. (Lododowo 27:11) Míate ŋu akpɔ gome le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒeŋutinya nyuia me edziedzi. (Mateo 24:14) Yesu Kristo ƒe tafe vɔsaa dzixɔxɔse kpena ɖe mía ŋu be dzitsinya nyui nɔa mía si. (Yohanes 3:16) Esiawo nye yayra siwo míekpɔna eɖanye nuka ke mee wòle be míato o.

17. Ne esɔ be míato nyatoƒoe le nɔnɔme aɖe me gɔ̃ hã la, nukata wòle be míadze agbagba vevie be míabu nuwo ŋu abe alesi Yehowa bua wo ŋui ene ɖo?

17 Mina míadze agbagba abu nuwo ŋu abe alesi Yehowa bua wo ŋui ene, ke menye abe alesi míawo ŋutɔ míebunɛ ene o. Hakpala Dawid dzi ha be: “Yehowa, ɖe wò mɔwo fiam, eye nafia wò toƒewom!” (Psalmo 25:4) Ne esɔ be míato nyatoƒoe le nɔnɔme aɖe me gɔ̃ hã la, Yehowa nya. Ate ŋu akpɔ nyaa gbɔ enumake. Gake nukatae wòɖea mɔ ɣeaɖewoɣi nɔnɔme sesẽawo nɔa anyi ɖo? Anye kple susua be yeakpe ɖe mía ŋu míatu nɔnɔme nyoameŋuwo abe dzigbɔɖi, dzidodo, xɔse, kple dzigbɔgbɔ blewu ene ɖo.—Yakobo 1:2-4.

18, 19. Gblɔ alesi dzidodo le nɔnɔme madeamedziwo me nyatoƒoematomatoe ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe amewo dzi la ƒe kpɔɖeŋu aɖe.

18 Menye ɖeko míaƒe dzidodo le nɔnɔme madeamedziwo me nyatoƒoematomatoe kpena ɖe mía ŋu be míaƒe amenyenye ganyona ɖe edzi ko o, ke boŋ ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe amesiwo le mía kpɔm la hã dzi. Le ƒe 2003 me la, Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ɖo bɔs tso Germany yina ɖe takpekpe le Hungary. Ʋua kula menye Yehowa Ðasefo o, eye menye eƒe didie wònye hã be yeanɔ Ðasefoawo dome ŋkeke ewo sɔŋ o. Gake kaka woayi agbɔ la, etrɔ eƒe susu kuraa. Nukatae?

19 Nu geɖe metsɔ afɔ nyuie le mɔa zɔzɔ me o. Gake Ðasefoawo meto nyatoƒoe kura o. Ʋua kula gblɔ be woawoe nye ame nyuitɔ kekeake si yekɔ kpɔ! Le nyateƒe me la, edo ŋugbe be ne Ðasefowo gava ye ƒeme la, yeaxɔ wo ahaɖo to wo nyuie. Kpɔɖeŋu nyui kae nye si Ðasefoawo ɖo le esi ‘wowɔ nuwo katã liʋiliʋilili manɔmee’ ta!

Tsɔtsɔke Hea Ðekawɔwɔ Vɛ

20. Nukatae wòle be míatsɔ ake mía nɔewo ɖo?

20 Ke ne nya aɖe le mía si ɖe haxɔsetɔ aɖe ŋu ya ɖe? Ne enye ŋkubiãnya la, ekema ele be míazɔ ɖe gɔmeɖose si le Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Mateo 18:15-17 me dzi. Ke hã, esia mahiã ɣesiaɣi o elabena dziku suesuesuewo koe wo dometɔ akpa gãtɔ nyena zi geɖe. Ðe manyo be nàtsɔe be nusi dzɔ la nye mɔnukpɔkpɔ na ye be yeaɖe tsɔtsɔke afia oa? Paulo ŋlɔ bena: “Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti la, alesi [Yehowa] hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke! Ke hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la mido lɔlɔ̃, si nye blibonyenye la ƒe nublanu.” (Kolosetɔwo 3:13, 14) Ðe míate ŋu atsɔ ake tso dzimea? Ðe Yehowa hã mate ŋu atsɔ nya ɖe mía ŋu hafi oa? Ke hã, ekpɔa nublanui na mí hetsɔna kea mí edziedzi.

21. Nukae liʋiliʋilili ate ŋu ana amewo nawɔ?

21 Nuka kee ɖado dziku na mí o, liʋiliʋilili makpɔ nyaa gbɔ o. Hebrigbe me nya si gɔmee nye be “woali liʋiliʋi” la ate ŋu afia hã be “woado dziku vevie.” Ðewohĩ nyatoƒoetola gbɔ menya nɔna na mí o eye míedzea agbagba be míaƒo asa nɛ. Nenema kee ne míawo hã míato nyatoƒoe, alo ado dziku vevie la, amesiwo anɔ mía ŋkɔ sem hã magadi be yewoade ha kple mí o. Nusitae nye be woade vovo ge le wo ɖokui me do kpoe ale gbegbe be woadi be yewoanɔ asa ƒom na mí! Dzikudodo heliheli ana amewo nanɔ mía kpɔm ya, gake mana amewo nade mía dzi gbeɖe o.

22. Nya kae nyɔnuvi aɖe gblɔ tso Yehowa Ðasefowo ŋu?

22 Tsɔtsɔke nana ɖekawɔwɔ—si Yehowa ƒe amewo buna nu xɔasii la—nɔa wo dome. (Psalmo 133:1-3) Le Europa-dukɔ aɖe me la, nyɔnuvi Katolikotɔ aɖe si xɔ ƒe 17 ŋlɔ lɛta ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le afima tsɔ ɖe alesi wòkpɔ ŋudzedze ɖe Ðasefowo ŋui fia. Egblɔ be: “Eya koe nye habɔbɔ si menya be fuléle, ŋubiabiã, nazãbubuɖeameŋu, ɖokuitɔdidi, alo ɖekamawɔmawɔ mema emetɔwo dome o.”

23. Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

23 Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbɔgbɔmeyayra siwo katã míexɔna, le esi míenye Yehowa, Mawu vavã la, subɔlawo ta, ŋu akpe ɖe mía ŋu be ɖekawɔwɔ nanɔ mía dome eye míaƒo asa na liʋiliʋilili le amewo ŋu le mía kpli wo dome nya viviviwo ta. Nyati si kplɔe ɖo la aɖe alesi mawusosroɖa ƒe nɔnɔmewo ate ŋu aɖo asi mía dzi be míagaƒo mía ɖokui ɖe liʋiliʋilili si vɔ̃ɖi wu—si nye liʋiliʋilili le Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi ŋu—me o, la me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukae nye liʋiliʋilili?

• Alesi liʋiliʋilili gblẽa nui ƒe kpɔɖeŋu kae míate ŋu awɔ?

• Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu didi be míali liʋiliʋi dzi?

• Alekee didi be míatsɔ ake faa akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na liʋiliʋilili?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Yehowa ŋutɔ ŋue Israel-viawo li liʋiliʋi le!

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Ðe nèdzea agbagba be yeabu nuwo ŋu abe alesi Yehowa bua wo ŋui enea?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Tsɔtsɔke nana ɖekawɔwɔ nɔa Kristotɔwo dome