Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Etɔ̃lia Kple Enelia Me

Nya Vevi Siwo Tso Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Etɔ̃lia Kple Enelia Me

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Etɔ̃lia Kple Enelia Me

HAKPALA la bia Mawu le gbedodoɖa aɖe me be: “Ðe woaxlẽ wò amenuveve afia le yɔdo me kple wò nuteƒewɔwɔ le tsiẽƒea?” (Psalmo 88:12) Ŋuɖoɖoa koŋue nye ao. Ne míeku la, míagate ŋu akafu Yehowa o. Yehowa kafukafu tae míele agbe ɖo, eyata esi míele agbe la, ele be míakafui.

Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Etɔ̃lia kple Enelia, si nye Psalmo 73 vaseɖe 106, ɖe susu vovovo siwo ta wòle be míakafu Wɔla la, ahado eƒe ŋkɔ ɖe dzi la dometɔ geɖe me na mí. Ðikeke mele eme o be psalmo siawo me dzodzro adzi míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe “Mawu ƒe nya la” ŋu ɖe edzi eye wòaʋã mí be míakafu eyama geɖe wu. (Hebritɔwo 4:12) Mina míatsɔ didi vevie atrɔ ɖe Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Etɔ̃lia ŋu gbã.

“TETE ÐE MAWU ŊUE NYE NYE DZIDZƆ”

(Psalmo 73:1–89:53)

Asaf alo eƒemetɔwoe kpa ha siwo me nyawo woŋlɔ ɖe Psalmo 73 vaseɖe 83 lia me. Ha gbãtɔa ɖe nusi kpe ɖe Asaf ŋu be tame gbegblẽ si wònɔ bubum tsã la mekplɔe trae o me. Eva wɔ nyametsotso nyuitɔ mlɔeba. Edzi ha be: “Ke nye la, tete ɖe Mawu ŋue nye nye dzidzɔ.” (Psalmo 73:28, NW) Konyifafa ɖe Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu kplɔe ɖo le Psalmo 74 lia me. Psalmo 75, 76, kple 77 lia yɔ Yehowa be enye Ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe, hiãtɔwo ƒe Xɔla, kple gbedodoɖawo Sela. Psalmo 78 lia dzro Israel-viwo ƒe ŋutinya me tso Mose ƒe ŋkekea me vaseɖe Dawid tɔ me. Konyifafa ɖe gbedoxɔa ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋue le Psalmo 79 lia me. Esi kplɔe ɖoe nye gbedodoɖa na Mawu be wòagbugbɔ eƒe dukɔa aɖo te. Psalmo 81 lia nye nuxlɔ̃ame ku ɖe toɖoɖo Yehowa ŋu. Psalmo 82 kple 83 liawo nye gbedodoɖa na Mawu be wòadrɔ̃ toheʋɔnu ʋɔnudrɔ̃la gblẽkuwo kple Eƒe futɔwo.

Korax-viwo dzi ha be: “Yehowa ƒe xɔxɔnuwo le nye luʋɔ dzrom yi menye ke.” (Psalmo 84:3 Psalmo 85 lia nye kokoƒoƒo na Mawu be wòayra amesiwo gbɔ tso aboyo me la. Psalmo sia ɖee fia kɔte be asixɔxɔ le gbɔgbɔ me yayrawo ŋu sasasã wu ŋutilã me yayrawo. Le Psalmo 86 lia me la, Dawid bia Mawu be wòanye yeƒe mɔfiala kple nufiala. Wodzi ha ɖe Zion kple amesiwo wodzi le afima la ŋu le Psalmo 87 lia me, eye Psalmo 88 lia kplɔe ɖo kple gbedodoɖa na Yehowa. Psalmo 89 lia si Etan, amesi anya nye nunyala ene siwo nɔ anyi le Salomo ƒe ŋkekea me dometɔ ɖeka, ŋlɔ la te gbe ɖe Yehowa ƒe amenuveve si wòɖe fia to nubabla si wòwɔ kple Dawid me la dzi vevie.—Fiawo I, 4:31.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

73:9—Mɔ ka nue ame vɔ̃ɖiwo ‘doa woƒe nu ɖe dziƒo, eye woƒe aɖe le tsatsam le anyigba dzi’ le? Esi ame vɔ̃ɖiwo mebua amesiwo le dziƒo kple anyigba dzi siaa ɖe ɖeke me o ta la, woƒe nu tsɔtsɔ ado vlo Mawu metsoa dzika ƒo na wo o. Eye wotsɔa woƒe aɖewo hã gblẽa amewo ŋu le anyigba dzi.

74:13, 14—Ɣekaɣie Yehowa ‘gbã bosowo ƒe ta le tɔwo me eye wògbã lo ƒe ta’? Woyɔ “Egipte-fia Farao” be “lo gã, si tsyɔ akɔ ɖe Nil-tɔsisi titina.” (Xezekiel 29:3) Anye Farao ƒe ame sesẽwoe lo la tsi tre ɖi na. Anɔ eme be woƒe tawo gbagbã fia alesi Yehowa tsrɔ̃ Farao kple eƒe aʋakɔa heɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me le Egipte.

75:5, 6, 11—Nukae “dzo” la tsi tre ɖi na? Lãwo ƒe dzowoe nye woƒe ŋusẽ. Eyata, “dzo” si wozã le afisia nye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si fia ŋusẽ alo ŋutete. Yehowa naa eƒe amewo ƒe dzowo dea dzi, edoa woamawo ɖe dzi, evɔ ‘elãa ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzowo katã’ ya ɖa. Woxlɔ̃ nu mí be ‘mígakɔ míaƒe dzo ɖe dzi o’ le susua nu be mele be dada alo ɖokuidodoɖedzi ƒe gbɔgbɔ naɖo mía me o. Esi wònye be Yehowae doa ame ɖe dzi ta la, ele be míabu dɔdasi kple agbanɔamedzi siwo sua mía si le hamea me la be Yehowa gbɔe wotso.—Psalmo 75:8.

76:11—Aleke “Amegbetɔwo ƒe dɔmedzoe” anye kafukafu na Yehowae? Ne Mawu ɖe mɔ amegbetɔwo do dɔmedzoe ɖe mía ŋu le esi míenye esubɔlawo ta la, nu nyuiwo ate ŋu ado go tso eme. Fukpekpe ɖesiaɖe si ava mía dzi la ate ŋu ana hehe mí le mɔ aɖe nu. Yehowa ɖea mɔ ɖe fukpekpe aɖe tɔgbe ŋu vaseɖe afisi hehexɔxɔ sia asu mía si le. (Petro I, 5:10) ‘Mawu tsɔa amegbetɔwo ƒe dɔmedzoe susɔea blaa ali dzii.’ Ke ne míekpe fu yiɖase ku me ya ɖe? Esia hã ate ŋu anye kafukafu na Yehowa elabena amesiwo kpɔe be míedo dzi nuteƒewɔwɔtɔe la hã ate ŋu ate ŋutikɔkɔe tsɔtsɔ na Mawu.

78:24, 25—Nukatae woyɔ mana be “dziƒobli” kple “mawudɔlawo ƒe abolo” ɖo? Nya siawo dometɔ aɖeke mefia be mana nye mawudɔlawo ƒe nuɖuɖu o. Enye “dziƒobli” le gɔmesesea nu be dziƒoe wòtso. (Psalmo 105:40) Esi wònye dziƒoe “mawudɔlawo” le ta la, manaa yɔyɔ be “mawudɔlawo ƒe abolo” ate ŋu afia ko be Mawu, amesi le dziƒo lae tsɔe na wo. (Psalmo 11:4) Anɔ eme hã be Yehowa zã mawudɔlawo tsɔ na mana Israel-viwo.

82:1, 6—Amekawoe woyɔ be “mawuwo” kple “dziƒoʋĩtɔ la ƒe viwo”? Nya eveawo siaa tsi tre ɖi na ʋɔnudrɔ̃la siwo nɔ Israel. Esɔ be woayɔ wo nenema, elabena wonye Mawu ƒe nyanuɖelawo kple eteƒenɔlawo.—Yohanes 10:33-36.

83:3—Nukae ‘ta kɔkɔ dzi’ fia? Efia be ame le klalo hena ŋusẽ zazã alo hena nane wɔwɔ, vevietɔ hena hoʋiʋli, avuwɔwɔ, alo ameteteɖeanyi.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

73:2-5, 18-20, 28. Mele be míaʋã ŋu ame vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe nudzedziname ta ale be míava dze woƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ ƒe mɔwo dzi o. Ame vɔ̃ɖiwo le ɖiɖiƒe. ‘Woazu anyiglãgowo’ godoo. Gawua, esi wònye be amegbetɔ madeblibowo ƒe se aɖeke mate ŋu atsi vɔ̃ɖinyenye nu o ta la, nu gbɔlo koe wòanye míanɔ wɔwɔm ne míele agbagba dzem be míaɖee ɖa. Abe Asaf ene la, “tete ɖe Mawu ŋu” kple didi vevie be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ mía Kplii domee nye nunyanu si míawɔ atsɔ anɔ te ɖe vɔ̃ɖinyenye nu.

73:3, 6, 8, 27. Ele be míaƒo asa na adegbeƒoƒo, dada, alɔmeɖeɖe le amewo ŋu, kple ametafatafa. Ele be míatsri nusiawo ne edze abe ɖe wo wɔwɔ aɖe vi na mí ene gɔ̃ hã.

73:15-17. Ne míetɔtɔ le susu me la, ele be míaƒo asa na nya manyatalenuwo gbɔgblɔ le dutoƒo. Ðeko nya mawo ƒomevi gbɔgblɔ aɖe dzi le amewo ƒo. Ele be míade ŋugble le nusiwo ŋu míetsi dzi ɖo la ŋu ne míaƒe susu dze akɔ anyi, eye míaɖo dze tso wo ŋu ne míebɔ ha kple haxɔsetɔwo; esia ana míakpɔ wo gbɔ.—Lododowo 18:1.

73:21-24. ‘Dziku dodo’ le esi wòdze abe ɖe nu le edzi dzem na ame vɔ̃ɖiwo ene ta sɔ kple nu wɔwɔ abe lã si nunya mele tagbɔ na o ene. Esia anye nu wɔwɔ ɖe ame ƒe seselelãme ɖeɖe dzaa ko nu. Ðe esia teƒe la, ele be míawɔ ɖe Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi ahaka ɖe edzi bliboe be ‘alé míaƒe nuɖusi ɖe asi’ eye woakpe ɖe mía ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa ‘axɔ mí kple bubu,’ si fia be míanɔ ƒomedodo kplikplikpli me kplii.

77:7. Ðe tsɔtsɔ le nyateƒenya siwo ku ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu me vevie kple wo me dzodzro movevieɖoɖotɔe bia ɣeyiɣi hena nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede. Aleke gbegbe wòle vevie enye si be míaɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi koŋ hena nusiawo wɔwɔ le mía ɖokui si!

79:9. Yehowa sea míaƒe gbedodoɖawo, vevietɔ ne eƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ ŋue nusiwo míebia la ku ɖo.

81:14, 17. Yayra geɖe doa go tso toɖoɖo Yehowa kple zɔzɔ ɖe eƒe mɔwo dzi me.—Lododowo 10:22.

82:2, 5. Nu madzɔmadzɔwo wɔwɔ nana “anyigba ƒe agunuwo” ʋãna. Nusiwo medze o wɔwɔ nana nuwo tɔtɔna le xexeame.

84:2-5, 11-13. Alesi hakpalawo kpɔ asixɔxɔ si le Yehowa ƒe tadeaguƒe yiyi ŋu la dze sii kple alesi wokpɔ ŋudzedze ɖe subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ si su wo si ŋu la nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí.

86:5. Aleke míedaa akpee enye esi be Yehowa ‘lɔ̃a tsɔtsɔke’! Enɔa mɔ kpɔm be nugbegblẽwɔla natrɔ dzime ale be yeakpɔ nublanui nɛ.

87:5, 6. Ðe amesiwo anɔ agbe le Paradiso me le anyigba dzi la ava nya amesiwo wofɔ ɖe tsitre yi dziƒo la ƒe ŋkɔwoa? Mawunya kpukpui siawo ɖee fia be ate ŋu ava eme nenema.

88:14, 15. Ne Yehowa mele gbe siwo míedo ɖa nɛ tso kuxi aɖe ŋuti la ŋu ɖom kabakaba o la, anɔ eme be ɖe wòdi be míaɖe míaƒe nuteƒewɔwɔ ƒe vavãnyenye afia.

“MIDA AKPE NƐ, EYE MIKAFU EƑE ŊKƆ!”

(Psalmo 90:1–106:48)

Wò ya kpɔ susu vovovo siwo ta wole be míakafu Yehowa dzidzɔtɔe, siwo dze le psalmowo ƒe agbalẽa ƒe akpa eneliã me la ɖa. Mose ɖee fia le Psalmo 90 lia me be “fia mavɔmavɔtɔ” la mele abe mí amegbetɔ siwo ƒe agbe nu va yina kabakaba la ene o. (Timoteo I, 1:17) Le Psalmo 91:2 me la, Mose yɔ Yehowa be yeƒe ‘sitsoƒe kple mɔ̃ sesẽ’—Amesi nana yenɔa dedie. Psalmo ʋɛ siwo kplɔe ɖo la ƒo nu tso Mawu ƒe nɔnɔme nyuiwo, eƒe susu deŋgɔwo, kple eƒe dɔwɔwɔ wɔnukuwo ŋu. Hadzidziawo dometɔ etɔ̃ dze egɔme kple nya siawo be “Yehowa enye fia!” (Psalmo 93:1; 97:1; 99:1) Hakpalaa na míenya be esi Yehowae nye mía Wɔla ta la, ele be ‘miada akpe nɛ, eye míakafu eƒe ŋkɔ.’—Psalmo 100:4.

Aleke wòle be dziɖula si vɔ̃a Yehowa la naɖu dzii? Psalmo 101 lia, si Fia Dawid ŋlɔ la, ɖo biabia sia ŋu. Psalmo si kplɔe ɖo gblɔ na mí be Yehowa “atrɔ ɖe ame ɖeƒeƒlewo ƒe gbedodoɖa ŋu, eye mado vlo woƒe kukuɖeɖe o.” (Psalmo 102:18) Psalmo 103 lia he susu yi Yehowa ƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ dzi. Mawu ƒe nuwɔwɔ gbogbo siwo le anyigba dzi la wɔ nuku na hakpalaa ale gbegbe be wògblɔ be: “Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Èwɔ wo katã le nunya me.” (Psalmo 104:24) Agbalẽa ƒe Akpa Enelia ƒe hadzidzi eve mamlɛawo kafu Yehowa ɖe eƒe dɔwɔwɔ wɔnukuawo ta.—Psalmo 105:2, 5; 106:7, 22.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

91:1, 2—Nukae nye “dziƒoʋĩtɔ la ƒe bebeƒe,” eye aleke ‘míabɔbɔ nɔ’ afimae? Teƒe sia nye kpɔɖeŋu na gbɔgbɔ me dedienɔnɔ—ametakpɔkpɔ tso gbɔgbɔmefɔku me ƒe nɔnɔme. Enye bebeƒe le gɔmesesea nu be ele ɣaɣla ɖe amesiwo mexɔ Mawu dzi se o. Míewɔa Yehowa míaƒe nɔƒe to ŋuɖoɖo ɖe eŋu be eyae nye míaƒe sitsoƒe kple mɔ̃ sesẽ, to eyama kafukafu abe xexeame katã ƒe Dziɖula Gãtɔ ene, kple to gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒeŋutinya nyuia me. Míesena le mía ɖokui me be míele dedie le gbɔgbɔ me le esi míenyae be Yehowa le klalo ɣeawokatãɣi be yeakpe ɖe mía ŋu ta.—Psalmo 90:1.

92:13—Mɔ ka nue “Ame dzɔdzɔe la atu hlo abe deti ene” le? Deti te ŋu tsea ku nyuie ŋutɔ. Ame dzɔdzɔe le abe deti ene le susua nu be ele dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume eye wòyia edzi tsea “ku nyui,” si lɔ dɔ nyuiwo wɔwɔ ɖe eme.—Mateo 7:17-20.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

90:7, 8, 13, 14. Ɣesiaɣi si míewɔ nu gbegblẽ la, mía kple Mawu vavã la dome ƒomedodo me gblẽna. Nuvɔ̃ siwo wowɔ le ɣaɣlaƒe gɔ̃ hã nɔa nyanya nɛ godoo. Ke hã, ne míetrɔ dzime vavã hedzudzɔ nugbegblẽ wɔwɔ la, Yehowa akpɔ nublanui na mí eye ‘wòatsɔ eƒe amenuveve aɖi ƒo na mí.’

90:10, 12. Esi míaƒe agbenɔƒe le kpui ta la, ele be “míaxlẽ míaƒe ŋkekewo.” Aleke míawɔe? To nana be “dzi nyanu naɖo mía si,” si fia be míawɔ nu le nunya me ale be míagazã míaƒe agbea yakatsyɔe o, ke boŋ míazãe le mɔ si adze Yehowa ŋu la nu. Esia bia be míatsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ ahawɔ míaƒe ɣeyiɣiwo ŋu dɔ le nunya me.—Efesotɔwo 5:15, 16; Filipitɔwo 1:10.

90:17. Esɔ be míabia Yehowa be “wòana míaƒe asinudɔwo nali ke zã” eye wòayra ɖe agbagba siwo dzem míele le subɔsubɔdɔa me la dzi.

92:15, 16. Ne ametsitsiwo srɔ̃a Mawu ƒe Nya la movevieɖoɖotɔe hedea ha kple Yehowa ƒe amewo edziedzi la, “tsi anɔ wo me gugugu, eye woade ama”—ŋusẽ anɔ wo ŋu le gbɔgbɔ me—eye woanɔ vevie na hamea ŋutɔ.

94:19. Nuka kee ɖana ‘tamebubu’ mí o, ‘akɔfanya’ siwo le Biblia me la xexlẽ kple ŋugbledede le wo ŋu afa akɔ na mí.

95:7, 8. Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖowo xɔxɔ kple wo dzi wɔwɔ ana míaƒo asa na dzimesesẽ.—Hebritɔwo 3:7, 8.

106:36, 37. Mawunyakpukpui siawo tsɔ legba subɔsubɔ sɔ kple vɔ sasa na gbɔgbɔvɔ̃wo. Esia fia be gbɔgbɔvɔ̃wo va kpɔa ŋusẽ ɖe amesi zãa legbawo la dzi. Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le trɔ̃wo ŋuti!”—Yohanes I, 5:21.

“Mikafu Yehowa!”

Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Enelia ƒe Hadzidzi etɔ̃ mamlɛawo wu enu kple nuxlɔ̃amenya siawo be: “Mikafu Yehowa!” Nya mawo kee wotsɔ dze mamlɛtɔa gɔmee. (Psalmo 104:35; 105:45; 106:1, 48) Le nyateƒe me la, nyagbɔgblɔ “Mikafu Yehowa!” dze le Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Enelia me zi geɖe.

Susu geɖewo li si tae wòle be míakafu Yehowa ɖo. Psalmo 73 vaseɖe 106 lia ɖe susu siawo dometɔ geɖe siwo ŋu míade ŋugble le vevie la ɖe go hena míaƒe dziwo me yɔ fũ kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe míaƒe Dziƒofofo la ŋu. Ne míebu nusiwo Yehowa wɔ na mí xoxo kple nusiwo wòava wɔ na mí le etsɔme ŋu la, ɖe meʋãa mí be míatsɔ míaƒe ŋutetewo katã ‘akafui’ oa?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Abe Asaf ene la, míate ŋu anɔ te ɖe vɔ̃ɖinyenye nu to “tete ɖe Mawu ŋu” me

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Farao tsrɔ̃ le Ƒudzĩa me

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Ènya nusitae woyɔ mana be “mawudɔlawo ƒe abolo” ɖoa?

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Nukae akpe ɖe mía ŋu míaɖe míaƒe ‘tamebubuwo’ ɖa?