Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Ðe woate ŋu aɖe ame le Kristo-hamea me ɖe makɔmakɔnyenye ta abe alesi wònɔna le matrewɔwɔ alo hadzegbenɔnɔ gome enea?
Ẽ, woate ŋu aɖe ame le hamea me ne ewɔa matre loo, kpɔa gome le makɔmakɔnyenye ƒomevi aɖewo me loo, alo nɔa hadzegbe dzimematrɔmatrɔe. Apostolo Paulo yɔ nuvɔ̃ etɔ̃ siawo katã kpe ɖe nuwɔna bubu siwo ta woate ŋu aɖe ame le hamea me la ŋu, esime wòŋlɔ bena: ‘Ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo dze ƒã keŋ, esiwo nye: Matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, hadzedze. Megblɔe ɖi na mi xoxo bena, amesiwo wɔ ale nusiawo la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.’—Galatiatɔwo 5:19-21.
Matrewɔwɔ (Helagbe, por·neiʹa) nye amesiwo meɖe wo nɔewo wòsɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o la ƒe gbɔdɔdɔ nuwɔnawo. Elɔ ahasiwɔwɔ, gbolowɔwɔ, kple amesiwo meɖe wo nɔewo o ƒe gbɔdɔdɔ, vidzinuwo ƒoƒo ɖe nume kple meƒime, kpakple asi lili amesi menye ame srɔ̃ o ƒe vidzinuwo ŋu ɖe eme. Amesi wɔa matre dzimematrɔmatrɔe la, medze anɔ Kristo-hamea me o.
Hadzedze (Helagbe, a·selʹgei·a) fia “yakagbenɔnɔ; gbɔdɔdɔnuwɔna nyɔŋuwo dzi maɖumaɖu; nusiwo do ƒome kple gbɔdɔdɔ la wɔwɔ ŋumakpemakpetɔe; gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro gbegblẽwo nyɔnyɔ ɖe ame me.” The New Thayer’s Greek-English Lexicon ɖe Helagbe me nya sia gɔme be “gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo nu malémalé, . . . nugbɔmewɔwɔ, ŋumakpemakpe, agbeƒaƒãnɔnɔ.” Nyagɔmeɖegbalẽ bubu hã ɖe hadzedze gɔme be enye nuwɔna si “mewɔ ɖeka kple hadomenuwɔna siwo dzi woda asi ɖo la, le go aɖeke me o.”
Abe alesi woɖe egɔmee ene la, “hadzedze” lɔ nu eve aɖewo koŋ ɖe eme: (1) Nuwɔna la ŋutɔ nye Mawu ƒe sewo dzi dada ŋutɔŋutɔ, eye (2) nugbegblẽwɔla la ɖea amemabumabu kple aglãdzedze ƒe nɔnɔme fiana.
Eyata menye nugbegblẽ suesuesuewoe “hadzedze” nye o. Eku ɖe nuwɔna siwo nye Mawu ƒe sewo dzi dada, si nye ŋkubiãnya, si me ame tsɔa aglãdzedze alo dzi titri nɔa agbe nyɔŋuwo nɔm la ŋu—si nye nuwɔna si ɖea bubumademade ŋusẽtɔwo, sewo, kple dzidzenuwo ŋu loo alo wo mabumabu ɖe naneke me o fiana. Paulo yɔ hadzedze tɔ ɖe ahasiwɔwɔ nu. (Romatɔwo 13:13, 14) Esi wònye be Galatiatɔwo 5:19-21 yɔ hadzedze kpe ɖe nuvɔ̃ siwo ana ame manyi Mawu Fiaɖuƒea dome o ŋu ta la, enye nusi tae woaka mo na ame, alo aɖee le Kristo-hamea me kura gɔ̃ hã ɖo.
Makɔmakɔnyenye (Helagbe, a·ka·thar·siʹa) ya lɔ nu geɖe ɖe eme wu “matrewɔwɔ” kple “hadzedze.” Elɔ nu makɔmakɔ ƒomevi ɖesiaɖe ɖe eme—le gbɔdɔnyawo me, le nuƒoƒo me, le nuwɔna me, kple le gbɔgbɔ me. Eyata “makɔmakɔnyenye” lɔ nuvɔ̃ gã gbogbo aɖewo ŋutɔ ɖe eme.
Le Korintotɔwo II, 12:21 la, Paulo ƒo nu tso amesiwo “wɔ nuvɔ̃ tsã, eye wometrɔ le woƒe dzi me le makɔmakɔnyenye kple ahasiwɔwɔ kple hadzedze, siwo wowɔ ŋuti o la ta” ŋu. Esi woyɔ “makɔmakɔnyenye” kpe ɖe “ahasiwɔwɔ kple hadzedze” ŋu ta la, edze be woaɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti ɖe makɔmakɔnyenye ƒomevi aɖewo ŋu. Gake menye makɔmakɔnyenyewo katã ko ŋue wòahiã be woaɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti ɖo o. Abe alesi ko aƒeme ate ŋu ƒoa ɖi vie ko alo aƒo ɖi trikpatrikpa ene la, nenema kee makɔmakɔnyenye aɖewo hã nyɔa ŋu wu ɖewoe.
Paulo gblɔ le Efesotɔwo 4:19 be ame aɖewo ƒe “dzitsinya ku atri” eye be “wotsɔ wo ɖokui na hadzedze, bene woanɔ makɔmakɔnyenye katã dzi le ŋukeklẽ me.” Eyata Paulo tsɔ “makɔmakɔnyenye . . . le ŋukeklẽ me” kple hadzegbenɔnɔ de agba ɖeka me. Ne nyɔnyrɔxɔla aɖe ‘wɔa nu makɔmakɔ ŋukeklẽtɔe’ hegbe dzimetɔtrɔ la, woate ŋu aɖee le hamea me ɖe makɔmakɔnyenye sia si gbɔ eme ta.
Tsɔe be amesiwo le srɔ̃ɖeŋugbedodo me la nɔa teƒeteƒewo lém na wo nɔewo kakaka wòva nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe wo me zi geɖe. Hamemegãwo ate ŋu agblɔ be togbɔ be amesiawo meɖe dzimesesẽ ƒe nɔnɔme si aɖo kpe edzi be enye hadzedze fia o hã la, ŋukeklẽ aɖe ƒomevi dze le woƒe nuwɔna la me. Eyata hamemegãwo ate ŋu aɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti ɖe nuwɔna sia ta elabena enye makɔmakɔnyenye si gbɔ eme. Woate ŋu anɔ te ɖe makɔmakɔnyenye si gbɔ eme hã dzi adrɔ̃ nya na ame aɖe si ɖoa dze tso gbɔdɔdɔ ŋu le telefon dzi kple ame aɖe enuenu, vevietɔ ne woɖo aɖaŋu nɛ tso eŋu kpɔ.
Ehiã be hamemegãwo nabu nuwo ŋu nyuie le nya siawo gbɔ kpɔkpɔ me. Hafi woanya ne ehiã be woaɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti la, ele be woalé ŋku ɖe nusi wowɔ la kple alesi gbegbe wòde ŋgɔe la ŋu nyuie. Menye fɔbubu ame aɖe si mewɔna ɖe Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖo dzi o be enye hadzegbenɔla ye nye nya o; eye menye zi neni si ame aɖe wɔ nuvɔ̃ aɖe hã dzie woanɔ te ɖe atso nya me be ehiã be woaɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti o. Ele be hamemegãwo natsɔ gbedodoɖa ada nudzɔdzɔawo dometɔ ɖesiaɖe kpɔ nyuie ahanya nusi tututu dzɔ kple zi gbɔ zi neni si wòdzɔ, nɔnɔme si me wòdzɔ le kple nugbegblẽwɔwɔa ƒe to dede, nusitae nugbegblẽwɔlaa wɔe ɖo kple susu si le megbe nɛ.
Menye nuvɔ̃ siwo ku ɖe gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo ŋu koe nye makɔmakɔnyenye si gbɔ eme o. Le kpɔɖeŋu me, ɖekakpui xɔnyɔnyrɔ aɖe no sigaret ati ʋɛ aɖewo le ŋkeke aɖewo ko me eye wòɖee gblɔ na edzilawo. Eɖoe kplikpaa be yemaganoe ake o. Nuwɔna sia nye makɔmakɔnyenye ya, gake meyi ŋgɔ ɖo afisi woayɔe be makɔmakɔnyenye Korintotɔwo II, 7:1) Ne ɖekakpuia gbe dzimetɔtrɔ la, woaɖee le hamea me.
si gbɔ eme loo alo “makɔmakɔnyenye . . . le ŋukeklẽ me” o. Ŋɔŋlɔawo si hamemegã ɖeka alo eve atsɔ aɖo aɖaŋu nɛ, kpakple kpekpeɖeŋu si edzilawo anɛ la ɖeɖe asu. Gake ne ɖekakpuia noa atama edziedzi la, esia anye eɖoɖo koŋ aƒo ɖi ŋutilã la eye woaɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti ɖe eŋu le makɔmakɔnyenye si gbɔ eme ta. (Kristotɔ aɖewo ƒo wo ɖokui ɖe amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ me. Esia nye agɔdzedze le Mawu dzi, eye awɔ mo yaa na hamemegãwo be haxɔsetɔ aɖe wɔa nusia. Gake menye amamaɖeɖenuwɔnawo katãe ne ame kpɔ la, wòahiã be woaɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti ɖe eŋu o. Le kpɔɖeŋu me, nɔvi aɖe kpɔ amamaɖeɖenuwɔna vivivi aɖewo enuenu. Esia te ɖe edzi, wòɖee gblɔ na hamemegã aɖe, eye wòɖoe be yemagakpɔe ake o. Hamemegãa ate ŋu agblɔ be nɔvia ƒe nuwɔna meyi ŋgɔ ɖo afisi woate ŋu ayɔe be “makɔmakɔnyenye . . . le ŋukeklẽ me” o; eye amea meɖe dzimesesẽ ƒe nɔnɔme fia, si aɖo kpe edzi be enye hadzedze hã o. Togbɔ be womaɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti ɖe eŋu o hã la, ahiã be woatsɔ Ŋɔŋlɔawo aɖo aɖaŋu nɛ kple ŋkubiã le makɔmakɔnyenye ƒomevi sia ta eye ɖewohĩ ahiã be hamemegãwo nayi edzi anɔ kpekpem ɖe eŋu.
Gake tsɔe be Kristotɔ aɖe kpɔa amamaɖeɖenuwɔna nyɔŋu, siwo me gbɔdɔdɔnuwɔna dzakaɖawo le, le adza me ƒe geɖe hedze agbagba ɖesiaɖe tsyɔ nu nuvɔ̃ sia dzi alesi wòate ŋui. Woɖea ame gbogbowo ƒe ame gbɔ dɔdɔ sesẽe, ameléle alo ebabla ɖi adɔ egbɔ sesẽe, ame gbɔ dɔdɔ ŋutasesẽtɔe, ŋutasesẽ le nyɔnuwo ŋu, alo ɖeviwo gbɔ dɔdɔ le amamaɖeɖenuwɔna siawo me. Esi wova lée la, ekpe ŋu nɛ ŋutɔ. Amea meɖe dzi titri ƒe nɔnɔme fia o ya, gake hamemegãwo ate ŋu agblɔ be ‘etsɔ eɖokui na’ nuwɔna nyɔŋu sia eye ‘wowɔ nu makɔmakɔ si me ŋukeklẽ le,’ si fia makɔmakɔnyenye si gbɔ eme. Woaɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti ɖe eŋu elabena enye makɔmakɔnyenye si gbɔ eme. Woaɖe nugbegblẽwɔlaa le hamea me ne meɖe dzimetɔtrɔ vavãtɔ fia heɖoe kplikpaa be yemagakpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo azɔ o. Ne ekpea amewo vaa eƒe aƒeme wova kpɔa amamaɖeɖenuwɔna siawo—si fia be ele edom ɖe ŋgɔ la—esia aɖo kpe edzi be enye dzimesesẽ ƒe nuwɔna si nye hadzegbenɔnɔ.
Le Ŋɔŋlɔawo nu la, nusi nyagbe “hadzedze” fiana la kuna ɖe nuvɔ̃ gã, si lɔa gbɔdɔdɔnuwɔnawo ɖe eme zi geɖe la, ŋu ɣesiaɣi. Eyata hafi hamemegãwo nanya ne nuwɔna aɖe nye hadzedze la, ele be woakpɔe ɖa be ɖe dzimesesẽ, gbɔdɔdɔnuwɔna nyɔŋuwo dzi maɖumaɖu, nugbɔmewɔwɔ, nusiwo do ƒome kple gbɔdɔdɔ la wɔwɔ ŋumakpetɔe, kple nusi nyɔa ŋu na amewo ŋutɔ la dze le eme mahã? Ke hã, ne “ŋukekle” dze le Yehowa ƒe sewo dzi dada ƒe nuwɔna aɖe, si ame aɖe si meɖea dzimesesẽ fiana o wɔna me la, ele be woanɔ te ɖe makɔmakɔnyenye si gbɔ eme dzi akpɔ nya siawo tɔgbe gbɔ.
Be woanya ne ame aɖe wɔ nu wòɖo afisi woate ŋu agblɔ be eɖi makɔmakɔnyenye si gbɔ eme alo hadzedze ƒe fɔ la nye ŋkubiãnya gã aɖe, elabena elɔ amewo ƒe agbe ɖe eme. Ele be amesiwo adrɔ̃ ʋɔnu le nya siawo ŋu la nado gbe ɖa le ewɔwɔ me, abia Mawu be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, nuŋububu nyuie, kple nugɔmesese yewo. Ehiã be hamemegãwo nakpɔ egbɔ be hamea le dzadzɛ, eye ele be woatu woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃a ɖe Mawu ƒe Nya kpakple “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe mɔfiafia dzi. (Mateo 18:18; 24:45) Eye le ŋkeke vɔ̃ siawo me la, egahiã vevie wu be nya siawo nanɔ susu me na hamemegãwo be: “Miɖo ŋku anyi le nusi ke miewɔna la me, elabena menye amegbetɔwo miedrɔ̃a ʋɔnu na o, ke boŋ Yehowa ye.”—Kronika II, 19:6.