Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wò Susu Nenɔ Nu Nyui Siwo Yehowa Ƒe Habɔbɔa Wɔ La Dzi

Wò Susu Nenɔ Nu Nyui Siwo Yehowa Ƒe Habɔbɔa Wɔ La Dzi

Wò Susu Nenɔ Nu Nyui Siwo Yehowa Ƒe Habɔbɔa Wɔ La Dzi

“Míaɖu wò aƒe me nu nyuiwo aɖi ƒo.”​—PSALMO 65:5.

1, 2. (a) Vi kae subɔsubɔ siwo ayi edzi le gbedoxɔa me la aɖe na Mawu ƒe amewo? (b) Kpekpeɖeŋu kawoe Dawid na le gbedoxɔa tutu me?

AMEŊKUTA siwo ŋu woƒo nu tsoe le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la dometɔ ɖekae nye Dawid, amesi nɔ anyi le blema Israel. Amesia, si nye alẽkplɔla, hakpala, nyagblɔɖila, kple fia la, ɖo ŋu ɖe Yehowa Mawu ŋu tso eƒe dzi blibo me. Alesi Dawid ku ɖe Yehowa ŋu vevie la ʋãe be wòdi be yeatu xɔ nɛ. Xɔ, alo gbedoxɔ, sia ava zu afisi woanɔ tadedeagu vavãtɔ tsɔm na Mawu le, le Israel. Dawid nyae be subɔsubɔ siwo ayi edzi le gbedoxɔa me la ahe dzidzɔ kple yayrawo vɛ na Mawu ƒe amewo. Eyata Dawid dzi ha be: “Woayra amesi [wò, Yehowa] nètia, eye nèna be, wòava nɔ wò xɔxɔnuwo! Míaɖu wò aƒe me nu nyuiwo aɖi ƒo le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me.”—Psalmo 65:5.

2 Yehowa mena Dawid tu xɔa nɛ o. Ke boŋ, Etsɔ mɔnukpɔkpɔ sia na via Salomo. Dawid meli liʋiliʋi be wotsɔ mɔnukpɔkpɔ si yedi vevie la na ame bubu o. Nusi nɔ vevie nɛ wue nye be woatu gbedoxɔa. Ekɔ dzime, ɖe asi le xɔa ƒe tata si Yehowa tsɔ nɛ la ŋu na Salomo, tsɔ kpe asi ɖe eŋui. Gawu la, Dawid ma Lewi-vi akpe gbogboawo ɖe hatsotsowo me, hede dɔwo asi na wo eye wòna sika kple klosalo gbogbo aɖewo be woatsɔ atu gbedoxɔae.—Kronika I, 17:1, 4, 11, 12; 23:3-6; 28:11, 12; 29:1-5.

3. Nɔnɔme kae le Mawu subɔlawo si ɖe tadedeagu vavãtɔ ƒe ɖoɖo siwo li ŋu?

3 Israel-vi wɔnuteƒewo kpe asi ɖe ɖoɖo siwo wowɔ bene woade ta agu le nyateƒe me na Mawu le gbedoxɔa me la ŋu. Mí Yehowa subɔla siwo li egbea hã míekpea asi ɖe tadedeagu ƒe ɖoɖo siwo li, le Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi me, la ŋu. Míetoa esia me ɖenɛ fiana be susu si nɔ Dawid si la kee le míawo hã si. Míenye nyatoƒoetolawo o. Ke boŋ míaƒe susu nɔa nu nyui siwo Mawu ƒe habɔbɔa wɔ la dzi. Ðe nèbu nu nyui gbogbo siwo ta míate ŋu ada akpe ɖo vavã la ŋu kpɔa? Mina míade ŋugble le wo dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

Akpedada Ðe Amesiwo Le Ŋgɔ Xɔm la Ta

4, 5. (a) Aleke “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la le dɔ si wode esi la wɔmee? (b) Alekee Ðasefo aɖewo se le wo ɖokui me ku ɖe gbɔgbɔ me nuɖuɖu siwo woxɔna la ŋu?

4 Esɔ be míada akpe ɖe “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela,” si Yesu Kristo tia tsɔ ɖo eƒe nu siwo le anyigba dzi nu, la ta. Dɔla ƒe ha, si me tɔwo nye Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na, la xɔa ŋgɔ le gbeƒãɖeɖe nyanyuia, ɖoɖo wɔwɔ ɖe kpekpewo ŋu, kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo tata ɖe gbegbɔgblɔ 400 kple edzivɔwo me me. Ame miliɔn geɖe tsɔa akpedada xɔa gbɔgbɔ me ‘nuɖuɖu le ɣeyiɣi nyui dzi,’ le xexeame godoo. (Mateo 24:45-47) Susu aɖeke meli si tae woali liʋiliʋi ɖo o.

5 Ƒe geɖee nye sia si Yehowa Ðasefo tsitsi aɖe, si ŋkɔe nye Elfi, le akɔfafa kple kpekpeɖeŋu kpɔm tso Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo dɔla ƒe ha tana ɖe agbalẽwo me la me. Ŋudzedze deto si Elfi kpɔ ɖe wo ŋu la ʋãe wòŋlɔ bena: “Nukae mate ŋu awɔ Yehowa ƒe habɔbɔa manɔmee?” Ɣeyiɣi didi aɖee nye sia, si Peter kple Irmgard hã le Mawu subɔm. Irmgard da akpe ɖe ɖoɖo siwo katã “Yehowa ƒe habɔbɔ si lɔ̃a ame heléa be na ame” wɔ la ta. Agbalẽ siawo dometɔ aɖewo nye esiwo wowɔ na ŋkunɔwo kple video siwo wowɔ na tokunɔwo.

6, 7. (a) Aleke wokpɔa hame siwo le xexeame godoo la ƒe dɔwo dzii? (b) Nya kae ame aɖewo gblɔ tso Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la ŋu?

6 Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha, si me tɔwo nye ŋutsu amesiamina ʋɛ aɖewo siwo le dɔ wɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒe gã le Brooklyn, New York, lae le “dɔla nuteƒewɔla” la teƒe. Dziɖuha la tiaa Yehowa subɔla bibiwo be woawɔ dɔ le alɔdzedɔwɔƒewo bene woakpɔ hame 98,000 kple edzivɔ ƒe dɔwo dzi le xexeame katã. Wotia ŋutsu siwo ɖo Biblia ƒe nudidiwo gbɔ la be woanye hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo le hame siawo me. (Timoteo I, 3:1-9, 12, 13) Hamemegãwo xɔa ŋgɔ eye wokplɔa Mawu ƒe alẽha si wode wo si la lɔlɔ̃tɔe. Yayra ka gbegbee nye si wònye be míanɔ alẽha sia me ahanɔ gome kpɔm le lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ si le ‘nɔviwo ƒe habɔbɔ bliboa’ dome la me!—Petro I, 2:17; 5:2, 3.

7 Le esi teƒe be míanɔ nyatoƒoe tom la, míedaa akpe ɖe gbɔgbɔmemɔfiame siwo hamemegãwo nana mí lɔlɔ̃tɔe la ta boŋ. Le kpɔɖeŋu me, bu Birgit, amesi nye srɔ̃nyɔnu Kristotɔ si le eƒe ƒe 30-awo me, ŋu kpɔ. Esi wònye ƒewuivi la, edze xɔlɔ̃ gbegblẽwo eye wòde nu gbegblẽ wɔ ge kloe. Gake aɖaŋu si hamemegãwo nɔ te ɖe Biblia dzi ɖo nɛ eme kɔ nyuie, kple haxɔsetɔwo ƒe kpekpeɖeŋu kpe ɖe eyama ŋu be wòdo le nɔnɔme aɖe si ate ŋu ado afɔkui hafi la me. Aleke Birgit sena le eɖokui me fifia? Egblɔ be: “Meda akpe tso dzime ke be megakpɔtɔ le Yehowa ƒe habɔbɔ nyui sia me.” Ƒe 17-vi aɖe si ŋkɔe nye Andreas gblɔ be: “Yehowa ƒe habɔbɔe nye esia nyateƒe, eyae nye habɔbɔ nyuitɔ kekeake le xexeame.” Ðe mele be míada akpe ɖe nu nyui siwo Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la wɔna ta oa?

Ame Madeblibowoe Le Ŋgɔ Xɔm

8, 9. Alekee Dawid ŋɔlimetɔ aɖewo wɔ nu, eye alekee Dawid wɔ nu ɖe nuwɔna siawo ŋu?

8 Le nyateƒe me la, amesiwo wotia be woaxɔ ŋgɔ le tadedeagu vavãtɔ me la nye ame madeblibowo. Wo katã wodaa vo, eye gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖewo koŋ le wo dometɔ aɖewo ŋu siwo dzi wole agbagba dzem vevie be yewoaɖu. Ðe wòle be esia naɖe fu na mía? Ao. Elabena amesiwo woɖo ŋgɔnɔlawoe le blema Israel gɔ̃ hã wɔ vodada gãwo. Le kpɔɖeŋu me, esime Dawid gakpɔtɔ nye ɖekakpui la, wobia tso esi be wòava nɔ ha ƒom atsɔ anɔ dzi fam na Fia Saul, si dzi nu te ɖo la. Mlɔeba la, Saul di be yeawu Dawid, eye Dawid si dzo le egbɔ bene yemagaku o.—Samuel I, 16:14-23; 18:10-12; 19:18; 20:32, 33; 22:1-5.

9 Israel-vi bubuwo hã wɔ alakpanuwo. Le kpɔɖeŋu me, Dawid ƒe aʋafia Yoab wu Saul ƒe ƒometɔ Abner. Absalom ɖo nugbe be yeaxɔ fianyenyea le ye fofo, Dawid, si. Eye Dawid ƒe aɖaŋuɖola, Axitofel, si dzi wòkana ɖo la gbugbɔ le eyama yome. (Samuel II, 3:22-30; 15:1-17, 31; 16:15, 21) Ke hã, Dawid meto nyatoƒoe vevie le esiawo katã ŋu o; eye medzudzɔ nyateƒe tadedeagua hã o. Ke boŋ ewɔ nusi to vovo kuraa. Nɔnɔme sesẽawo ʋã Dawid be wòaku ɖe Yehowa ŋu vevie ahayi edzi anɔ nɔnɔme nyui si wòɖe fia esime wòsi le Saul nu la ɖem fia. Ɣemaɣie Dawid dzi ha be: “Ve nunye, Mawu, ve nunye; elabena gbɔwò meɣla ɖo, eye wò aʋala ƒe vɔvɔli te mebe ɖo, vaseɖe esime gbegblẽ la nu nayi!”—Psalmo 57:2.

10, 11. Nukae dzɔ ɖe Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Gertrud dzi le eƒe ɖetugbui me, eye nukae wògblɔ tso haxɔsetɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu?

10 Mele be míato nyatoƒoe le nu masɔmasɔ aɖeke ta le Mawu ƒe habɔbɔa me egbea o. Yehowa loo, mawudɔlawo loo, alo alẽkplɔla siwo wotsɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖo la, meɖea mɔ be alakpanuwɔla vɔ̃ɖiwo nanɔ Kristo-hamea me o. Ke hã, blibomademade—mía ŋutɔwo ƒe blibomademade kple Mawu subɔla bubuwo tɔ siaa—ɖea fu na mí katã.

11 Le Gertrud, amesi le Yehowa subɔm ɣeyiɣi didi aɖee nye sia, ƒe ɖetugbui me la, wotsɔ nya ɖe eŋu be enye ame baɖa, eye be ɖeko wònɔ amewo flum be ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖelae yenye. Aleke wòwɔ nui? Ðe Gertrud li liʋiliʋi le esia taa? Kpao. Hafi wòaku le ƒe 2003 me, esime wòxɔ ƒe 91 la, eyi ŋugble me le nusiwo me wòto le agbe me ŋu hegblɔ be: “Nusi mesrɔ̃ tso nusia kple esiwo me megava to emegbe me enye be vodada kawo kee amewo ɖawɔ o, Yehowae le mɔ fiam eƒe dɔ gã si le edzi yim, si me wòle mí amegbetɔ madeblibowo zãm le la.” Ne Mawu subɔla bubuwo ƒe blibomademade di be yeazu nukikli na Gertrud la, edoa gbe ɖa na Yehowa tso dzime le kuxia ŋu.

12. (a) Kpɔɖeŋu gbegblẽ kae ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖewo ɖo? (b) Nukawo ŋue wòle be míaƒe susu nanɔ?

12 Esi wònye be Kristotɔ wɔnuteƒe dovevienuwo gɔ̃ hã nye ame madeblibowo ta la, ne ame aɖe si woɖo ŋgɔxɔlae da vo la, mina míayi edzi ‘awɔ nuwo katã liʋiliʋilili manɔmee.’ (Filipitɔwo 2:14) Aleke wòanye nublanuinyae nye si be míasrɔ̃ ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea me tɔ ʋɛ aɖewo ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽa! Nusrɔ̃la Yuda gblɔ be aʋatsonufiala siwo nɔ anyi ɣemaɣi la ‘nɔ vlo dom aƒetɔnyenyewo, eye wonɔ busunyawo gblɔm ɖe ame kɔkɔewo ŋuti.’ Gawu la, nugbegblẽwɔla mawo nye “liʋiliʋililawo, amesiwo ŋu naneke medzena o.” (Yuda 8, 16) Mina míaƒo asa na liʋiliʋilila siwo nɔa nyatoƒoe tom la ƒe nuwɔnawo ahana míaƒe susu nanɔ nu nyui siwo míexɔna tsoa “dɔla nuteƒewɔla” gbɔ la ŋu. Mina nu nyui siwo Yehowa ƒe habɔbɔa wɔna na mí la nadze mía ŋu eye ‘míawɔ nuwo katã liʋiliʋilili manɔmee.’

“Esia Nye Nya Sesẽ”

13. Aleke ame aɖewo wɔ nu ɖe Yesu Kristo ƒe nufiafia aɖewo ŋui?

13 Esi ƒe alafa gbãtɔ me tɔ aɖewo li liʋiliʋi le ŋgɔxɔlawo ŋu la, bubuwo ya li liʋiliʋia le Yesu ƒe nufiafiawo ŋu. Abe alesi woŋlɔe ɖe Yohanes 6:48-69 ene la, Yesu gblɔ be: “Amesi ɖua nye ŋutilã, eye wònoa nye ʋu la, agbe mavɔ le esi.” Esi wonya se nya sia ko la, ‘eƒe nusrɔ̃lawo dome ame geɖe gblɔ bena: Esia nye nya sesẽ; ameka ate ŋu asee mahã?’ Yesu nyae be ‘yeƒe nusrɔ̃lawo le liʋiliʋi lim le esia ŋuti.’ Gawu la, “tso esia dzi la eƒe nusrɔ̃lawo dome ame geɖewo de megbe, eye womegazɔna kpakplii o.” Gake menye nusrɔ̃lawo dometɔ ɖesiaɖee li liʋiliʋia o. Se nusi dzɔ esime Yesu bia apostolo 12-awo be, “Alo miawo hã ɖe miele didim be, miadzo mahã?” la ɖa. Apostolo Petro ɖo eŋu bena: “Aƒetɔ, ameka gbɔ gɔ̃ míaʋu ayi mahã? Agbe mavɔ nyawo le asiwò. Eye míexɔe se, eye míedze sii bena, wòe nye Kristo, Mawu ƒe kɔkɔetɔ la.”

14, 15. (a) Nukatae Kristotɔwo ƒe nufiafia ƒe akpa aɖewo ɖea fu na ame ʋɛ aɖewo ɖo? (b) Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso ame aɖe si ŋkɔe nye Emanuel ƒe nyaa me?

14 Le egbeŋkekeawo me la, Kristotɔwo ƒe nufiafia ƒe akpa aɖewo ɖe fu na Mawu subɔla ʋɛ aɖewo si na be woli liʋiliʋi le Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la ŋu. Nukatae esia dzɔna ɖo? Nusi hea liʋiliʋilili sia vanɛ enye be, womesea alesi Mawu wɔa nuwoe la gɔme nyuie o. Wɔla la kloa nu le nyateƒea dzi na eƒe amewo vivivi. Eyata woanɔ asi trɔm le alesi míese Ŋɔŋlɔawo gɔmee la ŋu ne ɣeyiɣiawo va le yiyim. Yehowa subɔla akpa gãtɔ ya kpɔa dzidzɔ ɖe numekɔkɔ siawo ŋu. Wo dometɔ ʋɛ aɖewo zua ‘dzɔdzɔenyenye dila vivivowo’ hetsia tre ɖe tɔtrɔawo ŋu. (Nyagblɔla 7:16) Dada ate ŋu ana ame aɖewo nawɔ nu alea, eye ame aɖewo hã va tsɔa woa ŋutɔ ƒe susu nɔ nuwo dam kpɔe. Eɖanye nuka ke tae o, afɔku le liʋiliʋilili sia tɔgbe me, elabena ate ŋu ana míagbugbɔ ayi ɖe xexe sia kple eƒe nuwɔnawo me.

15 Le kpɔɖeŋu me, Emanuel nye Ðasefo aɖe si bui be vodada nɔ nane siwo wòxlẽ le “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe agbalẽwo me la ŋu. (Mateo 24:45) Esia na wòdzudzɔ míaƒe Kristotɔwo ƒe agbalẽwo xexlẽ eye wòva gblɔe na hame si me wònɔ la ƒe hamemegãwo be yemegadi be yeanye Yehowa Ðasefo o. Gake le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Emanuel va de dzesii be nyateƒe tomee Yehowa ƒe habɔbɔa nɔ hafi. Eyi ɖe Ðasefoawo gbɔ, lɔ̃ ɖe eƒe vodada dzi, eye wogbugbɔ xɔe ɖe Yehowa Ðasefowo dome. Esia wɔe be wògava nɔ dzidzɔ kpɔm ake.

16. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu ɖikeke le Kristotɔwo ƒe nufiafia aɖewo ŋu dzi?

16 Ke ne míedina be míali liʋiliʋi le nufiafia aɖewo siwo dzi Yehowa subɔlawo da asi ɖo, gake míawo ya míeka ɖe edzi tututu o ŋu ya ɖe? Ekema mina míagbɔ dzi ɖi. Ðewohĩ “dɔla nuteƒewɔla” la ava gblɔ nya aɖe tso eŋu, si aɖo míaƒe biabiawo ŋu ahaɖe ɖikeke si le mía me la ɖa. Anyo hã be míabia Kristotɔ hamemegãwo be woakpe ɖe mía ŋu. (Yuda 22, 23) Gbedodoɖa, ɖokuisinusɔsrɔ̃, kpakple hadede kple haxɔsetɔ siwo bi le gbɔgbɔ me hã ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe ɖikekewo ɖa eye ate ŋu ana míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Biblia me nyateƒe siwo doa ŋusẽ míaƒe xɔse, si Yehowa nana to amesiwo woɖo dzi, ŋu la nade to ɖe edzi.

Susu Nyui Nenɔ Asiwò

17, 18. Le esi teƒe be míanɔ liʋiliʋi lim la, nɔnɔme ka boŋue wòle be wòanɔ mía si, eye nukatae?

17 Míalɔ̃ ɖe edzi be nuvɔ̃wɔwɔ nɔa bɔbɔe na amegbetɔ madeblibowo, eye ame aɖewo hã adi vevie be yewoato nyatoƒoe siwo mesɔ o. (Mose I, 8:21; Romatɔwo 5:12) Gake ne liʋiliʋilili va zu numame na mí la, míele mía kple Yehowa Mawu dome ƒomedodo dem afɔku me. Eyata, ehiã be míaɖu liʋiliʋilili ƒe didi ɖesiaɖe si anɔ mía me la dzi.

18 Le esi teƒe be míanɔ liʋiliʋi lim le alesi nuwo le yiyim le hamea mee ŋu la, anyo boŋ be susu nyui nanɔ mía si eye míanɔ nusiwo ana míanɔ vevie dom nu, anɔ dzidzɔ kpɔm, anɔ Mawu srom ɖa, ada asɔ, ahalé xɔse la me ɖe asi sesĩe la wɔm. (Korintotɔwo I, 15:58; Tito 2:1-5) Yehowae le nusianu dzi kpɔm le eƒe habɔbɔa me, eye Yesu nya nusianu si yia edzi le hame ɖesiaɖe me, abe alesi wònyae le ƒe alafa gbãtɔa me ene. (Nyaɖeɖefia 1:10, 11) Nɔ Mawu kple Kristo, amesi nye hamea ƒe Ta la, sinu kpɔm dzigbɔɖitɔe. Woazã ŋgɔxɔla siwo dze atsɔ akpɔ nya siwo ŋu wòle be woatrɔ asi le la gbɔe.—Psalmo 43:5; Kolosetɔwo 1:18; Tito 1:5.

19. Hafi Fiaɖuƒea nava kpɔ ameƒomea ƒe nyawo gbɔ bliboe la, nuka ŋue wòle be míaƒe ŋku nanɔ vevie?

19 Eteƒe madidi o nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia nu ayi, eye Mesia Fiaɖuƒea ava kpɔ ameƒomea ƒe nyawo gbɔ bliboe. Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, ɖe manyo ŋutɔ be susu nyui nanɔ mía dometɔ ɖesiaɖe si oa? Esia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe haxɔsetɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo, tsɔ wu esi míanɔ ŋku kem ɖe woƒe vodadawo me. Ŋkuléle ɖe nu nyui siwo wowɔna ŋu ana míakpɔ dzidzɔ. Esia ade dzi ƒo na mí ahatu mí ɖo le gbɔgbɔ me, tsɔ wu be míana liʋiliʋilili nana agbe nati mí.

20. Yayra kawoe susu nyui si anɔ mía si la ana míaxɔ?

20 Susu nyui si anɔ mía si akpe ɖe mía ŋu hã be míanɔ ŋku ɖom yayra gbogbo siwo Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi me nɔnɔ nana míexɔna la dzi. Habɔbɔ sia koe nye habɔbɔ ɖeka kolia si le anyigba dzi si le nuteƒe wɔm na xexeame katã ƒe Dziɖulagã la. Aleke nèsena le ɖokuiwò me ku ɖe nyateƒenya sia kple mɔnukpɔkpɔ si su asiwò be nèle gome kpɔm le tadedeagu na Yehowa, Mawu vavã ɖeka kolia la, me ŋu? Neva eme be wò nɔnɔme nasɔ kple Dawid tɔ, amesi dzi ha be: “Èɖoa to gbedodoɖa, gbɔwòe ŋutilãwo katã woayi. Woayra amesi nètia, eye nèna be, wòava nɔ wò xɔxɔnuwo! Míaɖu wò aƒe me nu nyuiwo aɖi ƒo le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me.”—Psalmo 65:3, 5.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae wòle be míada akpe ɖe amesiwo le ŋgɔ xɔm le hamea me la ta?

• Alekee wòle be míawɔ nu ne amesiwo xɔa ŋgɔ la da vo?

• Alekee wòle be míabu asitɔtrɔ siwo wowɔna le alesi míese Ŋɔŋlɔawo gɔmee ŋu?

• Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu ɖikeke dzi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Dawid kɔ dzime tsɔ gbedoxɔa ƒe tata na Salomo eye wòkpe asi ɖe tadedeagu vavã ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Kristotɔ hamemegãwo naa gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu dzidzɔtɔe