Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ðea Amesi Le Fu Kpem

Yehowa Ðea Amesi Le Fu Kpem

Yehowa Ðea Amesi Le Fu Kpem

“Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ, ke Yehowa ɖenɛ tsoa wo katã me.”​—PSALMO 34:20.

1, 2. Kuxi ka mee Kristotɔ wɔnuteƒe aɖe to, eye nukatae etɔgbe ate ŋu ava ɖe míawo hã dzi?

ƑE BLAEVE kple edzivɔ enye sia si ɖetugbi aɖe si ŋkɔe nye Keiko * nye Yehowa Ðasefo. Ewɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa, hena ɣeyiɣi aɖe. Dzi dzɔe ɖe mɔnukpɔkpɔ ma ŋu ale gbegbe. Gake eteƒe medidi o, mɔkpɔkpɔmanɔamesi kple akogotsitsi ƒe seselelãme va ɖe kpe na Keiko vevie ŋutɔ. Egblɔ be: “Avifafa dzi ko menɔna.” Be Keiko nate ŋu aɖu nuteɖeamedzi ƒe seselelãme sia dzi la, edzi eƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ ɖe edzi. Egblɔ be: “Esia hã mekpɔ nye kuxia gbɔ o. Eva ɖo afi aɖe la, ku koe dzrom.”

2 Ðe mɔkpɔkpɔbuɖeame ƒe seselelãme sia tɔgbe wɔa fu wò hã? Esi nènye Yehowa Ðasefo ta la, susu gbogbo aɖewo li si ta wòle be dzi nadzɔ wò ɖo elabena “agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li” na wò ɖe wò mawusosroɖa la ta. (Timoteo I, 4:8) Èle gbɔgbɔmeparadiso aɖe me fifia gɔ̃ hã! Gake ɖe ema fia be èvo tso fukpekpewo katã si mea? Kpao! Biblia gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ.” (Psalmo 34:20) Esia mewɔ nuku o, elabena “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ [Satana Abosam] me.” (Yohanes I, 5:19) Satana ƒe ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe xexeame dzi gblẽa nu le mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu le mɔ aɖe nu kokoko.—Efesotɔwo 6:12.

Ŋusẽ si Fukpekpe Kpɔna ɖe Ame Dzi

3. Mawu subɔlawo dometɔ kawo dzie Biblia gblɔ be nu te ɖo vevie?

3 Fu kpekpe ɣeyiɣi didi ate ŋu ana míaƒe ameti bliboa natrɔ. (Lododowo 15:15) Bu nudzɔdzɔewɔla Hiob ŋu kpɔ. Tetekpɔ sesẽ aɖe ƒoe ɖe enu wògblɔ be: “Amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ.” (Hiob 14:1) Dzi aɖeke megava nɔ Hiob dzɔm kura o. Ewɔnɛ ɣeaɖeɣi gɔ̃ hã be Yehowa gblẽ ye ɖi. (Hiob 29:1-5) Menye Hiob koe nye Mawu subɔla si kpe fu kutɔkutɔe o. Biblia gblɔ na mí be Xana ƒe kotsitsi wɔe be wònɔ “nu xam vevie.” (Samuel I, 1:9-11) Ƒome kuxi aɖe wɔ fu Rebeka ale gbegbe be wògblɔ be: “Agbenɔnɔ tim.” (Mose I, 27:46) Esi Dawid ƒe susu yi eƒe nuvɔ̃wo dzi la, egblɔ be: “Meƒo ɖi le yiyim ŋkekeawo katã.” (Psalmo 38:6) Kpɔɖeŋu ʋɛ siawo na eme kɔ ƒã be ŋutsu kple nyɔnu Mawuvɔ̃la siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo la to nuteɖeamedzi ƒe nɔnɔme sesẽwo me.

4. Nukata mewɔ nuku be “dzikatsoƒoetɔwo” le Kristotɔwo dome egbea o?

4 Ke Kristotɔwo ya ɖe? Apostolo Paulo kpɔe be ehiã be yeagblɔ na Tesalonikatɔwo be ‘woafa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo.’ (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Numekugbalẽ aɖe gblɔ be Helagbe me nya si gɔme woɖe be “dzikatsoƒoetɔwo” la ate ŋu afia amesiwo “agbemekuxiwo ɖe kpe na vevie hena ɣeyiɣi aɖe.” Paulo ƒe nyawo ɖee fia be nu te ɖe amesiamina aɖewo dzi le Tesalonika hamea me. Dzikatsoƒoetɔwo le egbe Kristotɔwo hã dome. Gake nukatae nu te ɖe wo dzi ɖo? Mina míadzro nu etɔ̃ aɖewo siwo tae la me.

Míaƒe Nuvɔ̃menyenye Ate Ŋu Aɖe Fu na Mí

5, 6. Aleke Romatɔwo 7:22-25 ate ŋu afa akɔ na míi?

5 To vovo na ame gblẽku siwo ƒe “dzitsinya ku atri la,” etena ɖe Kristotɔ vavãwo ya dzi be yewonye nuvɔ̃mewo. (Efesotɔwo 4:19) Woate ŋu anɔ sesem le wo ɖokui me abe alesi Paulo hã se le eɖokui me ene, esime wògblɔ be: “Mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋuti le ememe la gome; ke mekpɔ se bubu, si le aʋa wɔm kple se, si le nye nyasã me la, le nye ŋutinuwo me, eye wòlém aboyo le nuvɔ̃ ƒe se, si le nye ŋutinuwo me la me.” Paulo do ɣli nuteɖeamedzitɔe be: “O, nye nublanuitɔ!”—Romatɔwo 7:22-24.

6 Ðe wò hã nèse le ɖokuiwò me abe alesi Paulo se le eɖokui mee ene kpɔa? Menye nu gbegblẽe wònye be nàtsi dzi ɖe wò blibomademade ŋu o, elabena esia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ alesi gbegbe nuvɔ̃ gblẽa nui, eye wòate ŋu ado ŋusẽ wò be nàɖoe kplikpaa be yeaƒo asa na nugbegblẽwɔwɔ. Gake mehiã be blanuiléle nazu dɔ nàdze ɖe wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta o. Paulo gblɔ kpe ɖe nublanuinya siwo míeyɔ va yi fifi laa ŋu be: “Meda akpe na Mawu to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ, la dzi!” (Romatɔwo 7:25) Ẽ, Paulo ka ɖe edzi be Yesu ƒe ʋu si wokɔ ɖi la ate ŋu aɖe ye tso nuvɔ̃ si ƒe dome yenyi la me.—Romatɔwo 5:18.

7. Nukae ate ŋu akpe ɖe ame aɖe ŋu be wòaganɔ nu xam le eƒe nuvɔ̃menyenye ta o?

7 Ne èsenɛ le ɖokuiwò me be yeƒe nuvɔ̃menyenye zu agba le ye kpem la, ekema na apostolo Yohanes ƒe nya siawo nafa akɔ na wò be: “Ne ame aɖe wɔ nuvɔ̃ la, nyaxɔɖakɔla le mía si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la. Eye eya kee nye avuléle le míaƒe nuvɔ̃wo ŋuti; ke menye le mía tɔ ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ le xexe blibo la katã hã tɔ ŋuti.” (Yohanes I, 2:1, 2) Ne èxaa nu ɖe wò nuvɔ̃menyenye ta la, ɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be nuvɔ̃wɔlawo tae Yesu ku ɖo, ke menye ɖe ame deblibowo ta o. Nya la ŋutɔe nye be ‘amewo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim.’—Romatɔwo 3:23.

8, 9. Nukata wòle be míatsri fɔbubu mía ɖokui?

8 Gake tsɔe be yewɔ nuvɔ̃ gã aɖe va yi. Ðikeke mele eme o be èʋu eme na Yehowa le gbedodoɖa me zi geɖe. Kristotɔ hamemegãwo hã na gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu wò. (Yakobo 5:14, 15) Ètrɔ dzime nyateƒe eye esia na nègakpɔtɔ le hamea me. Alo tsɔe be yedo le Mawu ƒe habɔbɔa me kpɔ, gake emegbe nètrɔ dzime eye nèkɔ ɖokuiwò ŋu hetrɔ gbɔ va hamea me. Le go eveawo siaa me la, àte ŋu anɔ ŋku ɖom nuvɔ̃ si nèwɔ va yi la dzi eye wòate ɖe dziwò. Ne edzɔ alea la, ɖo ŋku edzi be Yehowa tsɔna dzimetrɔlawo ƒe nuvɔ̃wo kea wò “geɖe.” (Yesaya 55:7) Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa medi be nàse le ɖokuiwò me be viɖe aɖeke mele ye ŋu o. Ema ana Satana nado alɔ ɖe dzi. (Korintotɔwo II, 2:7, 10, 11) Esi Abosam ava kpɔ etɔ sinua le tsɔtsrɔ̃ me godoo ta la, edi be wò hã nàsee le ɖokuiwò me be yele tsɔtsrɔ̃ ge. (Nyaɖeɖefia 20:10) Mègana Satana naɖu dzi le tame si wòɖo be yeagblẽ wò xɔse dome la me o. (Efesotɔwo 6:11) Ke boŋ ‘tsi tre sesĩe ɖe eyama ŋuti’ le go sia hã me, abe alesi nèle ewɔm le go bubuwo me ene.—Petro I, 5:9.

9 Woyɔ Satana le Nyaɖeɖefia 12:10 be “mía nɔviwo [Kristotɔ amesiaminawo] nutsola.” Enɔa “wo nu tsom le Mawu ƒe ŋku me zã kple keli.” Ŋugbledede le mawunyakpukpui ma ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔe be ne èle nya tsɔm ɖe ɖokuiwò ŋu hele fɔ bum ɖokuiwò la, dzi anɔ Satana, amenutsola alakpatɔ la, dzɔm, togbɔ be manɔ alea le Yehowa ya gbɔ o hã. (Yohanes I, 3:19-22) Nukatae wòle be nàkpɔtɔ anɔ veve sem ɖe wò kpododonuwo ta ale gbegbe be wòayi wɔwɔ ge na wò be yeaku gɔ̃ hã ɖo? Mègana Satana nagblẽ ƒomedodo si le wò kpakple Mawu dome la me o. Mègana Abosam natsyɔ asi mo na wò be màgakpɔ nyateƒenya si wònye be Yehowa nye ‘nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve sɔ gbɔ’ la dze sii o.—Mose II, 34:6.

Míaƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔwo Ate Ŋu Aɖe Dzi le Mía Ƒo

10. Mɔ kawo nue míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo aɖe dzi le míaƒo le?

10 Dzi ɖe le Kristotɔ aɖewo ƒo le esi woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo wɔe be woƒe Mawu subɔsubɔdɔa dzi ɖe kpɔtɔ ta. Nenemae wòle le wò hã gowò mea? Ðewohĩ dɔléle sesẽ aɖe, tsitsi, alo nɔnɔme bubuwo wɔe be mègate ŋu le ɣeyiɣi geɖe zãm le subɔsubɔdɔa me abe alesi nèwɔnɛ tsã ene o. Nyateƒee, wodea dzi ƒo na Kristotɔwo be woaƒle ɣeyiɣi atsɔ awɔ Mawu ƒe subɔsubɔdɔae. (Efesotɔwo 5:15, 16) Ke ne vavãe wònye be gbɔdzɔgbɔdzɔwo na be, mète ŋu le geɖe wɔm le subɔsubɔdɔa me o, eye esia le dzi ɖem le ƒowò ya ɖe?

11. Alekee aɖaŋu si Paulo ɖo le Galatiatɔwo 6:4 la ate ŋu aɖe vi na mí?

11 Biblia xlɔ̃ nu mí be míaganye kuviatɔwo o, ke boŋ míanye “amesiwo toa xɔse kple dzigbɔgbɔ blewu me nyia ŋugbedodowo ƒe dome la, srɔ̃lawo.” (Hebritɔwo 6:12) Míate ŋu awɔ esia ne míelé ŋku ɖe kpɔɖeŋu nyui si amesiawo ɖo la ŋu hedze agbagba be míasrɔ̃ woƒe xɔse. Gake ne míetsɔa mía ɖokui sɔna kple amewo madzemadzee heƒoa nya ta be míele agbagba dzem o la, made mía dzi o. Le esia ta, anyo be míawɔ ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo be “amesiame nado ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ akpɔ, ekema akpɔ nu aƒo adegbe le ye ŋutɔ ɖokui ɖeɖeko me, eye menye le ame bubu me o” la dzi.—Galatiatɔwo 6:4.

12. Nukatae míate ŋu akpɔ dzidzɔ le subɔsubɔ si tsɔm míele na Yehowa me?

12 Kristotɔwo ate ŋu akpɔ dzidzɔ, ne edzɔ be dɔléle sesẽ aɖe na be womegate ŋu wɔa geɖe o hã. Biblia ka ɖe edzi na mí be: ‘Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ míaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si míeɖe fia le eƒe ŋkɔ ta la be o.’ (Hebritɔwo 6:10) Ðewohĩ nɔnɔme sesẽ siwo ƒo go wò la wɔe be mègate ŋu le wò subɔsubɔdɔa wɔm abe alesi nèwɔnɛ tsã ene o. Gake, le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, àte ŋu awɔ Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖewo, abe ɖaseɖiɖi le telefon dzi kple to lɛta ŋɔŋlɔ me ene, nyuie wu. Àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa Mawu ayra wò ɖe alesi nèle esubɔm tso dzi blibo me, kpakple alesi nèlɔ̃ eyama kple hawòviwoe la ta.—Mateo 22:36-40.

“Ɣeyiɣi Vɔ̃wo” Ate Ŋu Ana Nu Nati Kɔ Na

13, 14. (a) Mɔ kawo nue ‘ɣeyiɣi vɔ̃’ siawo ate ŋu awɔ fu mí le? (b) Aleke ame malɔ̃malɔ̃ de du egbeae?

13 Togbɔ be míele mɔ kpɔm be míava nɔ agbe le Mawu ƒe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ me hã la, fifia ya míele “ɣeyiɣi vɔ̃wo” me gbɔ. (Timoteo II, 3:1) Enyanya be nu donuxaxaname siwo le dzɔdzɔm la le eɖem fia be míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ tu aƒe la ate ŋu afa akɔ na mí. Ke hã, nusiwo le dzɔdzɔm míele kpɔkpɔm la gblẽa nu le mía ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne woɖe asi le ŋuwò le dɔme ɖe? Dɔ kpɔkpɔ le sesẽm, eye le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, ava nɔ ɖokuiwò biam be ɖe Yehowa le yeƒe kuxia kpɔm loo alo le yeƒe gbedodoɖawo sem mahã? Alo ɖewohĩ womegabua wò ɖe naneke me o alo wowɔa nu madzɔmadzɔ ƒomevi aɖe ɖe ŋuwò. Ŋku dada ɖe nyadzɔdzɔgbalẽwo me gɔ̃ hã ate ŋu ana nàxa nu, abe alesi hadzegbenɔla siwo dome ame dzɔdzɔe Lot nɔ la na ‘wòxa nu vevie’ ene.—Petro II, 2:7.

14 Ŋkeke mamlɛawo ƒe nudzɔdzɔ aɖe koŋ ya li si nu míate ŋu asi le o. Biblia gblɔe ɖi be ame geɖe ‘malɔ̃ ame ƒe nya o.’ (Timoteo II, 3:3) Le aƒe geɖe me la, lɔlɔ̃ si anɔ ƒometɔwo dome la bu kura. Susu ma tae agbalẽ si nye Family Violence gblɔ be: “Nudzɔdzɔwo le eɖem fia be amewo ƒe ƒometɔwoe ate ŋu awu wo, ade abi wo ŋu, ado nuxaxa na wo, alo adɔ wo gbɔ sesẽe, tsɔ wu ame bubuwo. Afisi wòle be woaɖe lɔlɔ̃ afia amewo le ahana woase le wo ɖokui me be yewo le dedie le la va zu afɔkuteƒe gãtɔ kekeake na ame tsitsi kple ɖevi aɖewo.” Dzimaɖitsitsi kple dziɖeleameƒo ate ŋu ava nɔ fu ɖem na amesiwo nɔ ƒome madeamedzi siawo tɔgbe me tsi la, le ƒe aɖewo megbe. Nenemae wòle le gowò mea?

15. Aleke Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ƒo amegbetɔ ɖesiaɖe tɔ tae?

15 Hakpala la dzi ha be: “Ne fofonye kple danye woagblẽm ɖi la, Yehowa ya axɔm.” (Psalmo 27:10, NW) Aleke gbegbee enyanya be Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ƒo dzila ɖesiaɖe tɔ ta la faa akɔ na míi enye si! Togbɔ be dziwòla aɖe ƒe nugbegbeleamegbɔ, ŋlɔmiwɔwɔleameŋu, alo amegbegblẽɖi aɖe fu na wò vevie hã la, manyɔ fu aɖeke le alesi gbegbe Yehowa tsɔa ɖe le eme na wòe la ŋu o. (Romatɔwo 8:38, 39) Ðo ŋku edzi be amesiwo Mawu lɔ̃ lae wòhena ɖe eɖokui ŋu. (Yohanes 3:16; 6:44) Aleke kee amegbetɔwo ɖawɔ nu ɖe ŋuwòe o, Fofowò si le dziƒo ya lɔ̃ wò!

Nusiwo Nàte Ŋu Awɔ Atsɔ Anɔ Te ɖe Mɔkpɔkpɔbuɖeame Nu

16, 17. Ne mɔkpɔkpɔ bu ɖe ame la, nukae wòate ŋu awɔ be ŋusẽ nanɔ eŋu le gbɔgbɔ me?

16 Àte ŋu anɔ nanewo wɔm atsɔ anɔ te ɖe mɔkpɔkpɔbuɖeame nu. Le kpɔɖeŋu me, wɔ ɖoɖo nyui ɖe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔwo ŋu eye nànɔ zɔzɔm ɖe edzi. De ŋugble le Mawu ƒe Nya la ŋu, vevietɔ ne edze abe dziɖeleameƒoa nu le sesẽm ɖe edzi ene. Hakpala la dzi ha be: “Ne mele gbɔgblɔm be, nye afɔ le ʋaʋãm la, Yehowa, wò amenuveve léam ɖe asi. Mele ŋugble geɖe dem le nye dzi me, ke wò akɔfaname doa dzidzɔ na nye luʋɔ.” (Psalmo 94:18, 19) Biblia xexlẽ edziedzi awɔe be akɔfanya siwo léa ame ɖe te la axɔ susu me na wò.

17 Gbedodoɖa hã le vevie. Ne màte ŋu aɖe alesi tututu nèsena le ɖokuiwò me agblɔ kaŋ o hã la, Yehowa ya nya nusi nèdi be yeagblɔ. (Romatɔwo 8:26, 27) Hakpala la gblɔ kakaɖedzinya sia be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; emana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.”—Psalmo 55:23.

18. Nukawoe amesi léa blanui la ate ŋu awɔ?

18 Blanuiléle si gbɔ ɖɔktawo ko ate ŋu kpɔ la wɔnɛ be mɔkpɔkpɔ buna ɖe ame aɖewo. * Ne aleae wòle le gowò me la, dze agbagba nànɔ Mawu ƒe xexeme yeyea, si me “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o” la, kpɔm le susu me ɖaa. (Yesaya 33:24) Ne menye ɣeaɖewoɣi koe mɔkpɔkpɔ buna ɖe wò o, ke boŋ edi be yeazu dɔléle kura la, anyo be nayi kɔdzi. (Mateo 9:12) Ele vevie be nànɔ be lém na ɖokuiwò. Nu nyui ɖuɖu kple kamedede aɖewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Ɣesiaɣi si wòahiã be nàɖi ɖe eme ko la, ɖi ɖe eme. Meganɔ television kpɔm kakaka zã natsi o, eye megaƒo ɖokuiwò ɖe modzakaɖeɖe siwo ana ɖeɖi nate ŋuwò belibeli eye nàde vovo ge do kpoe la me o. Ƒo wo katã ta la, yi edzi nànɔ Mawu subɔsubɔdɔwo wɔm! Togbɔ be ɣeyiɣi mekpɔ de be Yehowa ‘natutu aɖatsi sia aɖatsi’ ɖa o hã la, akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi.—Nyaɖeɖefia 21:4; Korintotɔwo I, 10:13.

“Mawu ƒe Asi Sesẽ la Te” Nɔnɔ

19. Nuka ƒe ŋugbee Yehowa do na amesiwo le fu kpem?

19 Biblia ka ɖe edzi na mí be togbɔ be ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ hã la, “Yehowa ɖenɛ tsoa wo katã me.” (Psalmo 34:19) Alekee Mawu wɔa esia? Esi apostolo Paulo do gbe ɖa na Yehowa enuenu be wòaɖe ‘ŋù si le yeƒe ŋutilã me’ ɖa la, Yehowa gblɔ nɛ be: “Nye ŋusẽ zu blibo le gbɔdzɔgbɔdzɔ me.” (Korintotɔwo II, 12:7-9) Nuka ƒe ŋugbee Yehowa do na Paulo, eye ŋugbe kae wòdo na wò hã? Menye fifi laa ƒe gbedada o, ke boŋ ŋusẽ si hiã hena dzidodo.

20. Tetekpɔ ka kee ɖale fu wɔm mí o, nuka dzie Petro I, 5:6, 7 ka ɖo na mí?

20 Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, bene wòakɔ mi ɖe dzi le ɣeyiɣi, si wòɖo ɖi la dzi. Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi.” (Petro I, 5:6, 7) Esi Yehowa léa be na wò ta la, magblẽ wò ɖi o. Tetekpɔ ka ke me tomee nèɖale o, akpe ɖe ŋuwò. Nenɔ susu me na wò be Kristotɔ wɔnuteƒewo le “Mawu ƒe asi sesẽ la te.” Esi míeyi edzi le Yehowa subɔm la, ado ŋusẽ mí míado dzi. Ne míeyi edzi wɔ nuteƒe nɛ la, naneke mate ŋu agblẽ nu le mía ŋu le gbɔgbɔ me o. Eyata, mina míayi edzi anɔ nuteƒe wɔm na Yehowa, ale be míate ŋu ava nɔ agbe mavɔ le xexe yeye si ƒe ŋugbe wòdo la me eye míakpɔ eteƒe gbemagbe, esime wòaɖe amesi le fu kpem la tegbee!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 1 Míetrɔ ŋkɔa.

^ mm. 18 Blanuiléle si gbɔ ɖɔktawo ko ate ŋu akpɔ, si ya de ŋgɔ wu dziɖeleameƒo la, nye dɔléle si nana be ame ƒe blanuiléle nu nɔa sesẽm ɖe edzi madzudzɔmadzudzɔe. Àte ŋu akpɔ eŋuti nyatakaka le Gbetakpɔxɔ, September 1, 1996, axa 30-1, kple Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ October 15, 1988, axa 25-9; November 15, 1988, axa 21-4 me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae Yehowa subɔlawo hã kpea fu ɖo?

• Nusiwo ate ŋu ana mɔkpɔkpɔ nabu ɖe Mawu ƒe amewo la dometɔ aɖewo ɖe?

• Aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu be míanɔ te ɖe dzimaɖitsitsiwo nui?

• Mɔ ka nue míele “Mawu ƒe asi sesẽ la te” le?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

Togbɔ be Yehowa ƒe amewo le tetekpɔwo me tom hã, woate ŋu akpɔ dzidzɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Ðaseɖiɖi le telefon dzi nye mɔ ɖeka si dzi nàte ŋu ato atsɔ wò nu nyuitɔ ana Yehowa