Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Asixɔxɔ si Amegbetɔ Dze Na Gomenɔamesi Si Dzi Wotua Afɔe Zi Geɖe

Asixɔxɔ si Amegbetɔ Dze Na Gomenɔamesi Si Dzi Wotua Afɔe Zi Geɖe

Asixɔxɔ si Amegbetɔ Dze Na Gomenɔamesi Si Dzi Wotua Afɔe Zi Geɖe

“Ne woagblɔ nu dziŋɔ siwo yi edzi le fuwɔamegaxɔwo me na wò tsitotsito la, manya se na wò o, ɖesiaɖe nye bubu kple asixɔxɔ koklo le ame ŋu si gbɔ eme.”—MAGDALENA KUSSEROW REUTER, AMESI TSI AGBE LE NAZITƆWO ƑE FUWƆAMEGAXƆ ME.

ALEKE kee fuwɔame siwo yi edzi le Nazitɔwo ƒe fuwɔamegaxɔwo me le Xexemeʋa II lia me dzi ŋɔe o, menye emae nye vlo dodo amegbetɔ ƒe asixɔxɔ si wòdze na ƒe gɔmedzedze alo eƒe nuwuwu o. Ne míelé ŋku ɖe nusiwo dzɔ le blema ŋkekewo me alo esiwo le dzɔdzɔm egbea ŋu la, nya ɖeka ma ke koe: “Bubu kple asixɔxɔ koklo le ame ŋu si gbɔ eme” nye nuwɔna si li tso gbaɖegbe ke.

Gake vlo dodo asixɔxɔ si le amegbetɔ ŋu mese ɖe ŋutasẽnuwɔna vɔ̃ɖi siwo dzɔ le amegbetɔ ƒe ŋutinya me ko dzi o. Zi geɖe la, gbɔɖiame nuwɔnawo yia edzi le nuwɔna siwo dzena nu tsɛe hã me. Bu ɖevi si ŋu woɖua fewu le, le esi wònye nuwɔametɔ ta ŋu kpɔ. Alo bu amedzro si woɖia gbɔe le eƒe dekɔnuwo ta ŋu kpɔ. Azɔ hã bu amesi ŋu womewɔa nu ɖo nyuie o le eƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede alo le dukɔ si me tɔ wònye ta ŋu kpɔ. Ðewohĩ vlodoamelawo ya abui fefenyae, gake veve si amesiwo woɖia gbɔe sena kple alesi wosena le wo ɖokui me be wodo vlo yewo la menyea nukonya kura o.—Lododowo 26:18, 19.

Nukae Nye Asixɔxɔ si Le Amegbetɔ Ŋu?

Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe asixɔxɔ sia gɔme be, enye ‘asixɔxɔnɔameŋu ƒe seselelãme, bubudedeameŋu, alo sese le ame ɖokui me be wode kpekpe ye ŋu.’ Eyata asixɔxɔ si le ame ŋu ku ɖe alesi míebua mía ɖokuii kple alesi amewo wɔa nu ɖe mía ŋui siaa ŋu. Togbɔ be nu vovovowo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe alesi míesena le mía ɖokui me dzi le go sia me hã la, alesi amewo bua mí alo wɔa nu ɖe mía ŋu kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe alesi míebua mía ɖokui kple asixɔxɔ si le mía ŋu le amewo dome dzi le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me.

Ame dahewo, wɔnamanɔŋutɔwo, kple amemanɔsitɔwo megbea du aɖeke me nɔnɔ o. Ke hã, nɔnɔme mawo me nɔnɔ meɖea bubu si le ame ŋu dzi kpɔtɔna kokoko o. Ke boŋ nɔnɔme si ame bubuwo ɖena fiana alo alesi wowɔa nu ɖe ame ŋu madzemadzee ye nana ame sena le eɖokui me be woklo bubu le ye ŋu. Nublanuitɔe la, amesiwo le nɔnɔme madeamedziwo me ƒe gomenɔamesi, si nye be woade asixɔxɔ wo ŋu, lae womebuna ɖe ɖeke me o, alo lɔ̃a vlo dodoe zi geɖe. Zi nenie míehesena wogblɔa nya siawo abe “ame gbɔlo,” “ame ɖigbɔ,” kple “ame maɖinu,” ene ɖe ame tsitsiwo, ame dahewo, tagbɔdɔlélawo, alo nuwɔametɔwo ŋu o!

Nukatae amewo doa vlo wo nɔewo? Ðe woava de asixɔxɔ si wòle be woade amegbetɔ ŋu la eŋu gbaɖegbea? Nyati si kplɔe ɖo ana ŋuɖoɖo dodzidzɔname si tso Mawu ƒe Nya, Biblia, me.