Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Asixɔxɔ si Amegbetɔ Dze Na Woadee Amesiame Ŋu

Asixɔxɔ si Amegbetɔ Dze Na Woadee Amesiame Ŋu

Asixɔxɔ si Amegbetɔ Dze Na Woadee Amesiame Ŋu

“Ele be míaɖo xexe yeye aɖe anyi—xexe si anyo ale gbegbe— si me woade bubu asixɔxɔ si amegbetɔ dze na la eŋu le.”—UNITED STATES ƑE DUKPLƆLA HARRY TRUMAN, SAN FRANCISCO, CALIFORNIA, U.S.A., APRIL 25, 1945.

ABE alesi ame geɖewo bui le ƒe siwo kplɔ Xexemeʋa II lia ɖo me ene la, Dukplɔla Truman xɔe se be, amegbetɔwo ate ŋu asrɔ̃ nu tso nusiwo dzɔ va yi me, eye woate ŋu aɖo “xexe yeye aɖe” si me amesiame ade bubu nɔvia ŋu le anyi. Nublanuitɔe la, nusiwo teƒe kpɔm míele egbea to vovo kura. Vlo dodo “asixɔxɔ si amegbetɔ dze na” kpɔtɔ le edzi yim, elabena kuxia ƒe agunu metso amegbetɔwo gbɔ o, ke boŋ amegbetɔ ƒe futɔ gãtɔ gbɔe wòtso.

Kuxia ƒe Dzɔtsoƒe

Biblia yɔ futɔ sia be Satana Abosam, amesi nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ si tsi tre ɖe Mawu ƒe gome si le esi be wòaɖu dzi la ŋu tso amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedzea me ke. Taɖodzinu si nɔ Satana si tso esime wòƒo nu kple Xawa le Eden-bɔa me lae nye be, yeaxe mɔ na amegbetɔwo be woagasubɔ wo Wɔla o. (Mose I, 3:1-5) Bu nusi gbegbe Adam kple Xawa ƒe to ɖoɖo Abosam ƒe amebeblea gblẽ le wo ŋu la ŋu kpɔ! Esi wogbe to ɖoɖo Mawu ƒe se, si nye be womegaɖu atikutsetsea o la, nusi do tso eme na wo enumake enye be ŋukpe lé wo ame evea siaa eye “woɣla wo ɖokui ɖe Yehowa Mawu.” Nukatae? Adam ʋu eme be: “Mevɔ̃; elabena mele amama, eye meɣla ɖokuinye.” (Mose I, 3:8-10) Ƒomedodo si nɔ Adam kple Fofoa si le dziƒowo dome gblẽ, eye alesi wòbua eɖokui hã trɔ. Ŋukpe lée, eye megavona le eɖokui me le Yehowa ŋku me o.

Nukatae Abosam adi be bubu si le Adam ŋu dzi naɖe kpɔtɔ? Elabena Mawu wɔ ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu, eye edzɔa dzi na Satana be yeakpɔ ame wòawɔ nu le mɔ si ahe ɖiƒoƒo va Mawu ƒe ŋutikɔkɔe si wòle be ame naɖe afia la dzi. (Mose I, 1:27; Romatɔwo 3:23) Esia kpe ɖe mía ŋu míese nusitae nuwɔna siwo ɖia gbɔ ame bɔ ɖe amegbetɔ ƒe ŋutinya me gɔme. Esi Satana nye “xexe sia me mawu” ta la, edo gbɔgbɔ sia ɖe ŋgɔ “le ɣeyiɣi, si me amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e la” me. (Korintotɔwo II, 4:4; Nyagblɔla 8:9; Yohanes I, 5:19) Ðe esia fia be amegbetɔwo ado kpo asixɔxɔ si dze la dede wo nɔewo ŋu tegbeea?

Yehowa Dea Asixɔxɔ Eƒe Nuwɔwɔwo Ŋu

Gabu alesi nuwo nɔ le Eden-bɔa me do ŋgɔ na Adam kple Xawa ƒe nuvɔ̃wɔwɔ ŋu kpɔ. Nuɖuɖu bɔ ɖe wo si, wowɔa dɔ si me dzidzeme le, eye mɔnukpɔkpɔ nɔ woa kple woƒe dzidzimeviwo si be woanɔ lãmesẽ me ɖaa. (Mose I, 1:28) Woƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple eƒe tameɖoɖo si ɖe asixɔxɔ si wòde ameƒomea ŋu fia la fia kɔte.

Ðe asixɔxɔ si Yehowa dea amegbetɔwo ŋu la dzi ɖe kpɔtɔ esi Adam kple Xawa wɔ nuvɔ̃a? Ao. Elabena esime ŋu kpe wo eye wose le wo ɖokui me be yewole amama hã la, eɖe ameŋububu fia wo. Lɔlɔ̃tɔe la, Mawu ‘tsɔ lãgbalẽwu do na wo’ ɖe aŋgba siwo woa ŋutɔwo tɔ hesa ɖe ali la teƒe. (Mose I, 3:7, 21) Esi teƒe be Mawu nagblẽ wo ɖe woƒe ŋukpea me la, ewɔ nu ɖe wo ŋu bubutɔe boŋ.

Emegbe esi Yehowa nɔ nu wɔm kple Israel-dukɔa la, eɖe veveseseɖeamenu fia tsyɔ̃eviwo, ahosiwo, kple amedzrowo—amesiwo nye ameƒomea me tɔ siwo wodoa vloe zi geɖe. (Psalmo 72:13) Le kpɔɖeŋu me, egblɔ na Israel-viwo be woagaxa woƒe nukuwo, amititsetsewo, kple weintsetsewo le woƒe agblewo me ƒiaƒiaƒia o. Mawu de se na wo boŋ be woagblẽ esiwo kpɔtɔ la ɖi na “amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosiwo.” (Mose V, 24:19-21) Ne wowɔ ɖe sedede siawo dzi la, ame aɖeke megabiaa nu hafi ɖuna o, eye enana dɔwɔwɔ si ŋu bubu le sua ame dahe kolikoliwo gɔ̃ hã si.

Yesu De Asixɔxɔ Amewo Ŋu

Esime Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, nɔ anyigba dzi la, ede asixɔxɔ amewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esime wònɔ Galilea la, ŋutsu aɖe si dze anyidɔ eteƒe didi la te ɖe eŋu. Le Mose ƒe Sea nu la, ele be anyidzela nanɔ ɣli dom be: “Busue! Busue!” ale be wòagana ame bubuwo naxɔ dɔa o. (Mose III, 13:45) Gake, esime ŋutsua nɔ tetem ɖe Yesu ŋu la, menɔ ɣli dom o. Ke boŋ, edze klo tsyɔ mo anyi, eye wòɖe kuku na Yesu bena: “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ ko la, àte ŋu aklɔ ŋutinye.” (Luka 5:12) Aleke Yesu wɔ nui? Yesu meka mo na amea be eda Sea dzi o, eye medo tokui loo alo te kpɔ be yeaƒo asa nɛ o. Ke boŋ ede bubu anyidzela la ŋu to asi kaka eŋu me hegblɔ be: “Melɔ̃, ŋutiwò nakɔ!”—Luka 5:13.

Le ɣeyiɣi bubuwo me la, Yesu ɖe ŋutete si le esi be yeate ŋu ada dɔ na amewo asi makamaka wo ŋui—ɣeaɖewoɣi, le didiƒe kura gɔ̃ hã—fia. Gake le nudzɔdzɔ sia me la, Yesu tiae be yeaka asi ŋutsua ŋu. (Mateo 15:21-28; Marko 10:51, 52; Luka 7:1-10) Esi wònye be ŋutsua ŋuti “yɔ fũ kple anyi” ta la, anya nɔ eme be ƒe geɖe enye esia si ame aɖeke megaka asi eŋu kpɔ o. Aleke gbegbe wòafa akɔ nɛ enye si be ame ƒe asi gaka ye ŋu! Nusi ko ŋutsua nɔ mɔ kpɔm na enye be woada yeƒe anyidɔa na ye. Ke hã, ɖikeke mele eme o be, si dzi Yesu to da dɔ na ŋutsua na be wògaɖo eɖokui me le mɔ bubu aɖe hã nu—be wode asixɔxɔ si amesiame dzena la ye ŋu. Ðe míate ŋu akpɔ mɔ ŋutɔŋutɔ be amewo atsɔ ɖe le asixɔxɔ dede ame bubuwo ŋu me le egbexexea mea? Ne míate ŋui la, ke aleke woawɔ aɖee afia?

Se si Dea Asixɔxɔ Ame Ŋu

Yesu gblɔ nya si ame geɖe buna be enye amegbetɔwo dome ƒomedodo ŋuti mɔfiamenya nyuitɔ kekeake si wogblɔ kpɔ, be: “Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12) Se sia si amewo lɔ̃a yɔyɔ be Sikasedede la, ʋãa ame be wòade bubu ehavi ŋu, eye wòakpɔ mɔ be woawɔ na ye hã nenema ke.

Abe alesi ŋutinya me nudzɔdzɔwo ɖee fia ene la, se sia dzi wɔwɔ mevana le eɖokui si o—nusi to vovo na ema koe dzɔna zi geɖe. Ŋutsu aɖe si míana ŋkɔe be Harold gblɔ be: “Le nyateƒe me la, edzɔa dzi nam be maɖi gbɔ amewo. Mete ŋu zãa nyagbe ʋɛ aɖewo ko nana ŋukpe léa amewo, wotɔtɔna le wo ɖokui me, eye ɣeaɖewoɣi wofaa avi kura gɔ̃ hã.” Gake nane va dzɔ si wɔe be Harold dzudzɔ alesi wòwɔa nu ɖe amewo ŋui. Egblɔ be: “Yehowa Ðasefo vovovowo te gbɔnye vava. Ne meɖo ŋku nya aɖewo siwo megblɔ ɖe wo ŋu kple alesi mewɔ nu ɖe wo ŋu ɣeaɖewoɣi dzi la, ŋu kpeam ŋutɔ. Gake, dzi meɖe le wo ƒo kpɔ gbeɖe o. Vivivi la, Biblia me nyateƒea va wɔ dɔ ɖe dzinye, eye wòʋãm mewɔ tɔtrɔ.” Egbea Harold nye hamemegã le Kristo-hamea me.

Harold ƒe ŋutinya nye kpeɖodzi ŋutɔŋutɔ be, “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la.” (Hebritɔwo 4:12) Ŋusẽ le Mawu ƒe Nya si be wòawɔ dɔ ɖe ame ƒe dzi dzi ahana wòatrɔ alesi wòbua tamee kple alesi wòwɔa nui. Esiae nye mɔ vevitɔ si dzi woato ade asixɔxɔ ame bubuwo ŋu—si nye didi vevie be woakpe ɖe ame ŋu ke menye be woawɔ nu vevii o, didi be woade bubu ame ŋu ke menye be woaɖi gbɔe o.—Dɔwɔwɔwo 20:35; Romatɔwo 12:10.

Woagade Asixɔxɔ si Ame Dze Na la Eŋu Ake

Didi vevi sia kee ʋãa Yehowa Ðasefowo be woaƒo nu tso Biblia me mɔkpɔkpɔ wɔnuku la ŋu na amewo. (Dɔwɔwɔwo 5:42) Mɔ nyuitɔ aɖeke megali wu esia si dzi woato ade bubu ame havi ŋu ahade asixɔxɔ eŋu wu ‘nane si nyo wu ŋuti nyanyui tsɔtsɔ yi nɛ’ o. (Yesaya 52:7) ‘Nane si nyo wu’ sia lɔ ‘amenyenye yeye’ la dodo ɖe eme, eye esia ‘awu’ míaƒe ‘didi gbegblẽ’ si nye be míaɖi gbɔ ame bubuwo la. (Kolosetɔwo 3:5-10) Esia lɔ Yehowa ƒe tameɖoɖo si nye be, yeaɖe nɔnɔme kple nuwɔna siwo kloa bubu si amegbetɔ dze na la ɖa le eŋu, kpakple Satana Abosam si le megbe na nusiawo katã la ɖa kpuie ɖe eme. (Daniel 2:44; Mateo 6:9, 10; Nyaɖeɖefia 20:1, 2, 10) Ɣemaɣi, esime ‘sidzedze Yehowa axɔ’ anyigba la dzi ko hafi amesiame ade asixɔxɔ nɔvia ŋu.—Yesaya 11:9.

Míele dzi dem ƒo na wò be nàsrɔ̃ nu tso mɔkpɔkpɔ wɔnuku sia ŋu. Ne ède ha kple Yehowa Ðasefowo la, àva kpɔe be Biblia me gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ nana wodea asixɔxɔ ame bubuwo ŋu. Azɔ hã, àte ŋu asrɔ̃ nu tso alesi eteƒe madidi o, Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe ‘xexe yeye aɖe si anyo sasasã wu’ la vɛ, xexe si me bubu dede “asixɔxɔ si amegbetɔ dze na” la eŋu ava eme bliboe le, afisi womagatu afɔ edzi le gbeɖe o.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]

Woƒe Nuteƒewɔwɔ Kpɔ Asixɔxɔ si Le Wo Ŋu la Ta

Le Xexemeʋa II lia me la, wode Yehowa Ðasefo siwo wu 2,000 Nazitɔwo ƒe fuwɔamegaxɔwo me le woƒe dzixɔsewo ta. Esi Gemma La Guardia Gluck, amesi nɔ Ravensbrück-gaxɔ me kpɔ la, de dzesi mɔ ɖedzesi si nu woɖe woƒe nuteƒewɔwɔ fia le la, egblɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye My Story me be: “Le ɣeyiɣi aɖe me la, Adzamekpovitɔwo ɖe gbeƒãe be yewoaɖe asi le Biblia Nusrɔ̃vi ɖesiaɖe si ade asi agbalẽ te atsɔ agbe nu le eƒe dzixɔsewo gbɔ la ŋu eye womagati eyome azɔ o.” Eŋlɔ le amesiwo gbe asi dede agbalẽa te ŋu be: “Wolɔ̃ be yewoayi edzi anɔ fu kpem ahanɔ yewoƒe ɖeɖekpɔkpɔ lalam.” Nukatae wowɔ tiatia ma? Fifia, Magdalena, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati gbãtɔa ƒe gɔmedzedze me, si le eƒe ƒe 80-awo me, gblɔ be: “Nuteƒewɔwɔ na Yehowa le vevie na mí wu agbagba dzedze be míatsi agbe to mɔ sia mɔ nu. Be asixɔxɔ nakpɔtɔ anɔ mía ŋu la, ebia be míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi.” *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 23 Kpɔ Yevugbe me Gbetakpɔxɔ, September 1, 1985 ƒe axa 10-15 hena Kusserow ƒomea ƒe ŋutinya bliboa xexlẽ.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Yesu de asixɔxɔ amesiwo wòda dɔ na ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yehowa Ðasefowo dea asixɔxɔ amewo ŋu to ‘nane si nyo wu ŋuti nyanyui’ tsɔtsɔ yi na wo me