Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dze Nunya—vɔ̃ Mawu!

Dze Nunya—vɔ̃ Mawu!

Dze Nunya—vɔ̃ Mawu!

“Yehowa-vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto.”—LODODOWO 9:10.

1. Nukatae nukpɔsusu si nye be woavɔ̃ Mawu gɔme sese sesẽna na ame geɖe?

ƔEAÐEƔI va yi la, enyea kafukafu na ame ne wogblɔ nɛ be enye mawuvɔ̃la. Gake egbea, ame geɖe bua mawuvɔvɔ̃ ƒe nukpɔsusua be enye tsigãdzinya si gɔme sese sesẽ. Wogblɔna be, ‘Ne Mawu nye lɔlɔ̃ la, ke nukata wòle be mavɔ̃e?’ Le amesiawo gome la, nyagbe vɔvɔ̃ mesɔa to me na wo o, eɖea fu na wo kura gɔ̃ hã. Gake mawuvɔvɔ̃ vavãtɔ lɔ nu geɖe ɖe eme, eye abe alesi míele ekpɔ gee ene la, mekuna ɖe seselelãme dzro aɖe ko ŋu o.

2, 3. Nukawoe mawuvɔvɔ̃ vavãtɔ lɔ ɖe eme?

2 Le Biblia me la, wozãa nya mawuvɔvɔ̃ wòdoa ƒome kple nusi nyoa ame ŋu. (Yesaya 11:3) Enye vɔvɔ̃ kple bubu deto tsɔtsɔ na Mawu, enye didi vevie be woaƒo asa na nusi medzea eŋu o wɔwɔ. (Psalmo 115:11) Esia lɔ ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo ŋu kple wɔwɔ ɖe wo dzi pɛpɛpɛ, kpakple didi be woanɔ agbe wòasɔ ɖe nusi Mawu gblɔ be enyo alo menyo o nu, ɖe eme. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be vɔvɔ̃ sia si sɔ la ɖea “nɔnɔme vevi si le ame si ɖe Mawu ŋu fiana, eye esia nana wònɔa agbe nyui heƒoa asa na nuvɔ̃ ƒomevi ɖesiaɖe wɔwɔ.” Eyata esɔ nyuie be Mawu ƒe Nya la gblɔ na mí be: “Yehowa-vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto.”—Lododowo 9:10.

3 Le nyateƒe me la, mawuvɔvɔ̃ lɔ amegbetɔ ƒe nɔnɔme kple nuwɔna geɖe ɖe eme. Menye ɖe koe mawuvɔvɔ̃ nana wodzea nunya o, ke ehea dzidzɔ, ŋutifafa, nudzedziname, agbenɔnɔ didi, kple mɔkpɔkpɔ vɛ, henana dzideƒo, kple kakaɖedzi sua ame si. (Psalmo 2:11; Lododowo 1:7; 10:27; 14:26; 22:4; 23:17, 18; Dɔwɔwɔwo 9:31) Edo ƒome kplikplikpli kple xɔse kpakple lɔlɔ̃. Le nyateƒe me la, elɔ nusianu si ku ɖe míaƒe ƒomedodo me nɔnɔ kple Mawu kpakple mía haviwo ɖe eme. (Mose V, 10:12; Hiob 6:14; Hebritɔwo 11:7) Mawuvɔvɔ̃ lɔ kaka ɖe edzi bliboe be, mía Fofo si le dziƒo léa be na mí, eye wòdina be yeatsɔ míaƒe dzidadawo ake mí ɖe eme. (Psalmo 130:4) Ame vɔ̃ɖi siwo gbea dzime tɔtrɔ koe wòle na be Mawu ƒe ŋɔdzi nalé. *Hebritɔwo 10:26-31.

Srɔ̃ Alesi Nàvɔ̃ Yehowae

4. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ‘míanya alesi míavɔ̃ Yehowae’?

4 Esi wònye be mawuvɔvɔ̃ le vevie be ame nate ŋu awɔ nyametsotso nyuiwo eye wòaxɔ Mawu ƒe yayrawo ta la, alekee míawɔ ‘anya alesi míavɔ̃ Yehowa’ le mɔ nyuitɔ nu? (Mose V, 17:19) Woŋlɔ nyɔnu kple ŋutsu mawuvɔ̃lawo ƒe kpɔɖeŋu geɖewo ɖe Ŋɔŋlɔawo me “le míaƒe nufiafia ta.” (Romatɔwo 15:4) Be míase nusi mawuvɔvɔ̃ fia ŋutɔŋutɔ gɔme la, mina míade ŋugble le amesiawo dometɔ ɖeka, si nye blema Israel-fia Dawid, ŋu.

5. Aleke alẽwo kpɔkplɔ kpe ɖe Dawid ŋu wòsrɔ̃ alesi wòavɔ̃ Yehowae?

5 Yehowa gbe Israel-fia gbãtɔ, Saul, le esi wòvɔ̃ amewo, eye wòdo kpo Mawu vɔvɔ̃ ta. (Samuel I, 15:24-26) Le go bubu me la, Dawid ƒe agbenɔnɔ kple eƒe ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Yehowa ɖee fia be, enye mawuvɔ̃la vavã. Tso Dawid ƒe ɖevime ke la, ekplɔa fofoa ƒe alẽwo yia gbedzi edziedzi. (Samuel I, 16:11) Alẽwo kpɔkplɔ le zã siwo me ɣletiviwo klẽ nyuie kple ŋugble dede le dziƒonu siawo ŋu, anya kpe ɖe Dawid ŋu wòse Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme. Togbɔ be yamenutome gbahoo sia ƒe akpa sue aɖe ko ŋue Dawid te ŋu lé ŋku ɖo hã la, eƒo nya ta wòsɔ be—Mawu dze na míaƒe bubu kple subɔsubɔ. Eŋlɔ emegbe be: “Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔ, ɣleti kple ɣletiviwo, siwo nèwɔ la, nuka nye amegbetɔ, be nèɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi, be nèléa ŋku ɖe eŋu?”—Psalmo 8:4, 5.

6. Aleke Dawid se le eɖokui me esi wòkpɔ Yehowa ƒe gãnyenye dze sii?

6 Esɔ nyuie be, esi Dawid tsɔ alesi eya ŋutɔ le sue sɔ kple dziŋgɔli si me ɣletiviwo yɔ fũ la, ewɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ. Le esi nusiwo wòkpɔ nado ŋɔdzi nɛ teƒe la, eʋãe boŋ wòkafu Yehowa hegblɔ be: “Dziƒowo le Mawu ƒe bubu xlẽm fia, eye dziŋgɔli le gbeƒã ɖem eƒe asinudɔwɔwɔ.” (Psalmo 19:2) Bubu deto sia si le Dawid si na Mawu te eyama ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli, eye eʋãe wòdi be yeasrɔ̃ Yehowa ƒe mɔ debliboawo ahazɔ wo dzi. Kpɔ alesi Dawid anya se le eɖokui mee ɖa le susu me, esime wòdzi ha na Yehowa be: “Elabena èlolo, eye nèwɔa nukunuwo; wò ɖeɖe koe nye Mawu. Yehowa, fia wò mɔm, ne mazɔ le wò nyateƒe la me; tsɔ nye dzi ɖo nu ɖeka kolia ŋu, ne mavɔ̃ wò ŋkɔ!”—Psalmo 86:10, 11.

7. Aleke mawuvɔvɔ̃ kpe ɖe Dawid ŋu wòwɔ aʋa kple Goliat?

7 Esime Filistitɔwo va ƒo ɖe Israel-nyigba dzi la, woƒe ame dzɔtsu, Goliat, si kɔkɔ meta 3 kloe nɔ fewu ɖum le Israel-viwo ŋu henɔ nya siawo gblɔm be: ‘Miɖe ŋutsu ɖeka tso mia dome ne wòakpe kplim! Ne eɖu dzinye la, míanye dɔlawo na mi.’ (Samuel I, 17:4-10) Ŋɔdzi lé Saul kple eƒe aʋakɔ blibo la katã—gake Dawid ya mevɔ̃ o. Enyae be Yehowae wòle be woavɔ̃, ke menye amegbetɔ o, eɖanye aleke kee amea tri akɔe o. Dawid gblɔ na Goliat be: “Nye la megbɔna gbɔwò le Yehowa Zebaot, . . . ƒe ŋkɔ me. . . . Eye ameha blibo sia nadze sii bena, Yehowa metsɔa yi alo akplɔ ɖea ame o; elabena aʋa enye Yehowa tɔ.” Dawid tsɔ eƒe akafo kple kpe ɖeka pɛ ko wu ame dzɔtsu sia—le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me.—Samuel I, 17:45-47.

8. Nukae mawuvɔ̃la siwo ƒe kpɔɖeŋu woŋlɔ ɖe Biblia me la fia mí?

8 Anɔ eme be míawo hã míele akɔ kpem kple kuxi alo futɔ sesẽ siwo le abe esiwo Dawid dze ŋgɔe ene. Nukae míate ŋu awɔ? Míate ŋu anɔ te ɖe wo nu abe alesi Dawid kple nuteƒewɔla bubu siwo nɔ anyi le blema wɔe ene—le mawuvɔvɔ̃ me. Mawuvɔvɔ̃ ate ŋu ana woaɖu amegbetɔvɔvɔ̃ dzi. Mawusubɔla wɔnuteƒe Nexemya de dzi ƒo na ehati Israel-viwo, amesiwo nɔ akɔ kpem kple tsitretsiɖeŋulawo ƒe ŋɔdzidodo, be: “Migavɔ̃ wo o; miɖo ŋku Aƒetɔ gã dziŋɔ la dzi.” (Nexemya 4:8) To Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, Dawid, Nexemya, kple mawusubɔla wɔnuteƒe bubuwo te ŋu wɔ dɔ siwo Mawu de wo si la de goe. Mawuvɔvɔ̃ ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu míakpɔ dzidzedze.

Te Nɔnɔ Ðe Kuxiwo Nu le Mawuvɔvɔ̃ Me

9. Nɔnɔme kawo mee Dawid ɖe mawuvɔvɔ̃ fia le?

9 Esi Dawid wu Goliat vɔ megbe la, Yehowa kpe ɖe eŋu wògakpɔ aʋadziɖuɖu geɖe. Gake fia Saul, ŋuʋãla la, te kpɔ be yeawu Dawid—gbã la, ewɔ nu alesi ko wòse le eɖokui me, emegbe eto ayemenuwɔwɔ dzi, eye mlɔeba eho ɖe eŋu kple asrafowo. Togbɔ be Yehowa na kakaɖedzi Dawid be anye fia hã la, ele na Dawid be wòasi, wòawɔ aʋa, ahakpɔ Yehowa si nu ƒe geɖe, be wòaɖo ye fiae le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi. Le esiawo katã me la, Dawid ɖee fia be yevɔ̃a Mawu vavã la.—Samuel I, 18:9, 11, 17; 24:3.

10. Aleke Dawid ɖe mawuvɔvɔ̃ fia esime eƒe agbe ɖo afɔku me?

10 Ɣeaɖeɣi la, Dawid si yi fia Axis gbɔ le Filistitɔwo ƒe du si nye Gat me, si nye du si me Goliat tso. (Samuel I, 21:11-16) Fia ƒe dɔlawo ɖe Dawid gɔme be enye yewoƒe dukɔa ƒe futɔ. Aleke Dawid wɔ nu le nɔnɔme dziŋɔ ma mee? Edo gbe ɖa vevie na Yehowa. (Psalmo 56:2-5, 12-14) Togbɔ be Dawid wɔ eɖokui tsukunɔ tsɔ ɖe eƒe agbee hã la, enya be Yehowa koŋue ɖe ye, le esi wòna yeƒe agbagbadzedzewo dze edzi ta. Alesi Dawid ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe kple eƒe kaka ɖe eyama dzi ɖee fia be Dawid nye mawuvɔ̃la vavã.—Psalmo 34:5-7, 10-12.

11. Abe alesi Dawid wɔe ene la, aleke míate ŋu aɖe mawuvɔvɔ̃ afia ne tetekpɔwo va mía dzi?

11 Abe Dawid ene la, míate ŋu aɖe mawuvɔvɔ̃ afia to ŋu ɖoɖo ɖe eƒe ŋugbedodo be yeakpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe míaƒe kuxiwo nu me. Dawid gblɔ be: “Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa dzi, eye naɖo ŋu ɖe eŋu, ekema awɔe ade goe.” (Psalmo 37:5) Esia mefia be míagblẽ míaƒe kuxiwo ɖe Yehowa si me, ade asi atame, agbe nusi míate ŋu awɔ la wɔwɔ, ahanɔ mɔ kpɔm be akpe ɖe mía ŋu o. Menye ɖeko Dawid do gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu hede asi atame o. Ke boŋ ewɔ ŋusẽ kple tamebubu ŋutete si Yehowa nɛ la ŋudɔ tsɔ kpɔ kuxia gbɔ. Ke hã, Dawid nyae be womate ŋu anɔ te ɖe amegbetɔ ƒe agbagbadzedze ɖeɖe dzaa ko dzi akpɔ dzidzedze o. Nenema kee wòle be wòanɔ le míawo hã gome. Ne míewɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe la, ele be míagblẽ susɔe ɖe Yehowa si me. Le nyateƒe me, zi geɖe la, naneke meli míawɔ wu be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu o. Nɔnɔme siawo mee wòva hiãna be míaɖe míaƒe mawuvɔvɔ̃ afia le. Nya siawo siwo Dawid gblɔ tso dzi me ate ŋu afa akɔ na mí, egblɔ be: “Yehowa bɔa ha kple amesiwo vɔ̃nɛ la.”—Psalmo 25:14.

12. Nukatae wòhiã be míana gbe dodo ɖa nanɔ vevie na mí, eye nɔnɔme kae mele be wòanɔ mía si o?

12 Eyata, ele be gbe dodo ɖa na Mawu kple mía kplii dome ƒomedodo nanɔ vevie na mí. Ne míete ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me la, ele be ‘míaxɔe ase be, Mawu li, eye wònye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.’ (Hebritɔwo 11:6; Yakobo 1:5-8) Eye ne ekpe ɖe mía ŋu la, ele be ‘míada akpe nɛ,’ abe alesi apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na míi ene. (Kolosetɔwo 3:15, 17) Mele be míaɖi amesiwo ŋu Kristotɔ amesiamina kpɔnuteƒe aɖe ƒo nu tsoe o, egblɔ le wo ŋu be: “Wobua Mawu abe subɔvi aɖe si le dziƒo ene. Eye be ne yewohiã nane la, kaka yewoamia asii ko la, wòava enumake awɔe na yewo. Eye ne nusi dim wole nya ka wo si ko la, wodina be netrɔ dzo.” Ebubu nenema fia be mawuvɔvɔ̃ mele wo me o.

Ne Mawuvɔvɔ̃ me Gbɔdzɔ

13. Ɣekaɣie Dawid do kpo bubu dede Mawu ƒe Sea ŋu?

13 Esi Dawid de dzesi alesi Yehowa kpe ɖe eŋu le xaxawo me la, ena eƒe mawuvɔvɔ̃ kple eƒe kaka ɖe eyama dzi me gasẽ ɖe edzi. (Psalmo 31:23-25) Gake Dawid ƒe mawuvɔvɔ̃ me va gbɔdzɔ zi etɔ̃ sɔŋ eye esiawo gblẽ nu le eŋu vevie. Gbãtɔ dzɔ esime wòwɔ ɖoɖo be woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka aɖo tasiaɖam dzi ayi Yerusalem, le esi teƒe be Lewi-viwo natsɔe ɖe abɔta abe alesi Mawu ƒe Sea gblɔe ene. Esime Usa, si nɔ tasiaɖam la kplɔm do asi ɖa lé Aɖakaa be megamu o la, eku enumake le eƒe ‘bubumademade Mawu ŋu’ ta. Nyateƒee, nuvɔ̃ si nye ŋkubianyae Usa wɔ, gake ne míagblɔe koŋ la, esi Dawid do kpo bubu si dze dede Mawu ƒe Sea ŋu tae afɔku gã ma dzɔ ɖo. Be woavɔ̃ Mawu fia be woawɔ nuwo wòasɔ ɖe eƒe mɔwo nu.—Samuel II, 6:2-9; Mose IV, 4:15; 7:9.

14. Nukae do tso Dawid ƒe Israel-viwo xexlẽ me?

14 Emegbe, Satana ble Dawid wòxlẽ Israel ƒe aʋawɔlawo. (Kronika I, 21:1) Esia ɖee fia be Dawid ƒe mawuvɔvɔ̃ me gbɔdzɔ eye nusi do tso emee nye be Israel-vi 70,000 sɔŋ ku. Togbɔ be Dawid trɔ dzime heɖe kuku na Yehowa hã la, woa kple eŋutimewo kpe fu geɖe ŋutɔ—Samuel II, 24:1-16.

15. Nukae na Dawid ge ɖe nuvɔ̃ si nye gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me?

15 Ɣeyiɣi bubu si me Dawid ƒe mawuvɔvɔ̃ me gbɔdzɔ enye esime wònɔ agbegbegblẽ kple Bat-Seba, si nye Uriya srɔ̃. Dawid nyae be ahasiwɔwɔ alo be amehavi srɔ̃ nadzro ame gɔ̃ hã nye nuvɔ̃. (Mose II, 20:14, 17) Kuxi sia do mo ɖa esime Dawid ƒe ŋku kli Bat-Seba wònɔ tsi lem. Ðe wòle be mawuvɔvɔ̃ si sɔ naʋã Dawid wòaɖe ŋku ɖa enumake ahatsɔ susu aɖo nu bubu dzi hafi. Le ema teƒe la, edze ƒã be Dawid ‘yi edzi nɔ’ nyɔnua ‘kpɔm’ vaseɖe esime dzodzro nyɔ ɖe eyama me eye wòdo kpo Mawu vɔvɔ̃. (Mateo 5:28; Samuel II, 11:1-4) Dawid ƒe ŋku dzo le alesi woa kple Yehowa dome ƒomedodo le vevie le eƒe agbe mee dzi.—Psalmo 139:1-7.

16. Nukawoe dzɔ ɖe Dawid dzi le eƒe nuvɔ̃ si wòwɔ ta?

16 Dawid kple Bat-Seba ƒe agbegbegblẽnɔnɔa na wodzi ŋutsuvi. Esia megbe kpuie la, Yehowa dɔ eƒe nyagblɔɖila Natan be wòaʋu go Dawid ƒe nuvɔ̃a. Esi Dawid nyɔ le eɖokui me la, egado ŋusẽ eƒe mawuvɔvɔ̃ ake eye wòtrɔ dzime. Eɖe kuku na Yehowa be megatsɔ ye ƒu gbe alo axɔ Eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea le ye si o. (Psalmo 51:9, 13) Yehowa tsɔ Dawid ƒe nuvɔ̃a kee heɖe eƒe tohehea dzi kpɔtɔ, gake mekpɔ Dawid ta tso eƒe nuwɔnaa me tsonu vɔ̃awo katã me o. Ŋutsuvi si wodzi na Dawid la ku, eye dzigbãnya kple hlɔ̃nu geɖe va eƒe ƒomea dzi tso ɣemaɣi. Nuka gbegbee nye esi dona tsoa mawuvɔvɔ̃ si me gbɔdzɔ me!—Samuel II, 12:10-14; 13:10-14; 15:14.

17. Gblɔ dzigbãnya si doana tsoa nuvɔ̃gbenɔnɔ me ƒe kpɔɖeŋu ɖeka.

17 Egbea hã, Mawu mavɔ̃mavɔ̃ le agbenyuinɔnɔ nyawo gome ate ŋu ahe emetsonu vɔ̃ siwo agblẽ nu le ame ŋu vevie ɣeyiɣi didi vɛ nenema ke. Bu vevesese si gbegbe wòanye na srɔ̃nyɔnu aɖe esi wòse be, ye srɔ̃ŋutsu si nye Kristotɔ, si nɔ dɔ wɔm le duta la, nɔ agbegbegblẽ la ŋu kpɔ. Srɔ̃nyɔnua bɔbɔ tsyɔ asi mo hewó avi le nuxaxa ta. Aleke gbegbee wòasesẽ na srɔ̃ŋutsu sia be wòana srɔ̃a nagaka ɖe edzii enye esi! Woate ŋu aƒo asa na emetsonu vɔ̃ siawo tɔgbe to Mawu vɔvɔ̃ anukwaretɔe me.—Korintotɔwo I, 6:18.

Mawuvɔvɔ̃ Nana Míeƒoa Asa Na Nuvɔ̃ Wɔwɔ

18. Nukae nye Satana ƒe taɖodzinu, eye mɔnu kawo ŋudɔ wòwɔna?

18 Satana le ameƒomea ƒe agbenyuinɔnɔ me gblẽm alɔ tsɔtsɔe, eye Kristotɔ vavãwo koŋ ƒe nuteƒewɔwɔ mee wòdina be yeagblẽ. Be wòaɖo taɖodzinu sia gbɔ la, ewɔa míaƒe sidzenuwo—vevietɔ ŋku kple to—ŋudɔ tẽ tsɔ ɖoa míaƒe dzi kple susu gbɔ. (Efesotɔwo 4:17-19) Aleke nàwɔ nui ne wò ŋku kli amamaɖeɖefotowo, ame gblẽkuwo ƒe nuwɔna tɔŋkuwo, alo nèse nya ƒaƒã siwo medze to o le vome?

19. Aleke mawuvɔvɔ̃ kpe ɖe Kristotɔ aɖe ŋu wòɖu tetekpɔ aɖe dzi?

19 Bu nusi dzɔ ɖe André * si nye vifofo kple Kristotɔ hamemegã, eye wònye ɖɔkta le Europa dukɔ aɖe me, dzi ŋu kpɔ. Esime wòɖo André dzi be wòanɔ dɔ wɔm le kɔdzi zã me la, eƒe dɔwɔhati nyɔnuwo nɔ ahiãnyawo ŋlɔm ɖe agbalẽ kakɛ—siwo dzi lɔlɔ̃dzesiwo le—dzi va dana ɖe eƒe suɖui dzi. Woto mɔ sia dzi nɔa gbɔgblɔm nɛ be wòadɔ kpli yewo. André tɔ afɔ to sesĩe gbe wɔwɔ ɖe woƒe ahiãnyawo dzi. Gawu la, be wòaɖe eɖokui ɖa tso nɔnɔme gbegblẽ siawo me la, eyi ɖadi dɔ le afi bubu. Mawuvɔvɔ̃ nana wodzea nunya eye wòhea yayrawo vɛ, elabena fifia André nye ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔwɔla le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le woƒe dukɔa me.

20, 21. (a) Aleke mawuvɔvɔ̃ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na nuvɔ̃ wɔwɔ? (b) Nuka me míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

20 Ne ame aɖe nana eƒe susu nɔa nu gbegblẽwo dzi la, ate ŋu akplɔe de nɔnɔme aɖe si me wòadi be yeaɖɔli ƒomedodo xɔasi si le woa kple Yehowa dome la kple nane si mesɔ be wòawɔ o la me. (Yakobo 1:14, 15) Gake ne míevɔ̃a Yehowa la, míaƒo asa na—alo míatsri—modzakaɖeɖe, ame gblẽkuwo, teƒe siwo mesɔ míayi o, kple nuwɔna siwo ate ŋu ana míaƒe ŋudzɔnɔnɔ me nagbɔdzɔ. (Lododowo 22:3) Aleke kee wòaɖe fu na míi alo nuka kee wòahiã be míatsɔ asa vɔe o, womeɖi naneke o ne míetsɔ wo sɔ kple nusi Mawu ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe ame ŋu agblẽ le mía ŋu. (Mateo 5:29, 30) Le nyateƒe me la, be míavɔ̃ Mawu bia be míaɖoe koŋ be míaƒo mía ɖokui ɖe nuwɔna makɔmakɔ aɖeke, siwo dometɔ aɖewoe nye amamaɖeɖe nuwɔna ƒomeviwo katã, me gbeɖe o, ke boŋ ele be míaɖe míaƒe “ŋku ɖa le nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu.” Ne míewɔe alea la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ‘alé míaƒe agbe ɖe te,’ eye ana míaƒe nuhiahiã vevi ɖesiaɖe mí.—Psalmo 84:12; 119:37.

21 Vavãe, nu wɔwɔ le mawuvɔvɔ̃ me anukwaretɔe nye nusi me nunya le, si medoa ŋukpe ame gbeɖe o. Azɔ hã, enye nusi hea dzidzɔ vavãtɔ vɛ. (Psalmo 34:10) Míakɔ nya sia me nyuie le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Kpɔ nyati si nye “Biblia ƒe Nukpɔsusu: Aleke Nàvɔ̃ Lɔlɔ̃ ƒe Mawu Lae?” si dze le January 8, 1998 ƒe Nyɔ! si Yehowa Ðasefowo ta me.

^ mm. 19 Míetrɔ ŋkɔa.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Kritstotɔwo ƒe nɔnɔme kawoe mawuvɔvɔ̃ lɔ ɖe eme?

• Aleke mawuvɔvɔ̃ nana woɖua amegbetɔvɔvɔ̃ dzi?

• Aleke míate ŋu aɖee afia be gbedodoɖa ŋuti nukpɔsusu nyuitɔ le mía si?

• Aleke mawuvɔvɔ̃ ana míaƒo asa na nuvɔ̃ wɔwɔ?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Dawid srɔ̃ mawuvɔvɔ̃ to ŋkuléle ɖe Yehowa ƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]

Ne nɔnɔme si ate wò kpɔ va tu wò le vome la, nukae nàwɔ?