Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Màte Ŋu Adae Ði Hena Zazã O Eyata Wɔ Eŋudɔ Nyuie

Màte Ŋu Adae Ði Hena Zazã O Eyata Wɔ Eŋudɔ Nyuie

Màte Ŋu Adae Ði Hena Zazã O Eyata Wɔ Eŋudɔ Nyuie

ƔEYIƔI la gae. Esia nye nya nyanyɛ aɖe si amewo lɔ̃a gbɔgblɔ. Le nyateƒe me la, ɣeyiɣi to vovo na ga alo nunɔamesi bubu ɖesiaɖe. Màte ŋu ada ɣeyiɣi ɖi hena zazã ɣebubuɣi abe alesi nàte ŋu ada ga, nuɖuɖu, mɔ̃memi, alo nu bubuwo ɖi ene o. Ne mèwɔ ɣeyiɣi aɖe ŋudɔ o ko la, ke enu yi enye ma. Nukae adzɔ ne èdɔ alɔ̃ gaƒoƒo enyi eye mètsɔ ŋkekea ƒe ɣeyiɣi susɔea wɔ nanakee o, kple susu be yeava wɔ eŋudɔ emegbe? Le ŋkekea ƒe nuwuwu la, gaƒoƒo siwo ŋudɔ mèwɔ o la, nu yi tegbee.

Woate ŋu atsɔ ɣeyiɣi asɔ kple tɔ gã aɖe ƒe sisi. Ŋgɔ koe wòsina yina ɖaa. Màte ŋu ana wòatɔ ɖi o, nenema ke màte ŋu azã tsigege toŋtoŋ ɖesiaɖe si tsa va yi xoxo la o. Ƒe alafa geɖewo enye sia va yi la, amewo tua mɔ̃ aɖewo siwo nɔa abe kekefɔti gã aɖe ene, ɖe tɔwo to siwo tɔ ƒe sisi trona. Wotoa kekefɔti siawo ƒe totro le tsi me dzi kpɔa ŋusẽ si hiã be woatsɔ atro té gãwo, atitsomɔ̃wo, tsidumɔ̃wo, kple gatumɔ̃ sesẽwo. Nenema ke wò hã àte ŋu awɔ ɣeyiɣi ŋudɔ nyuie to ezazã atsɔ awɔ dɔ nyuiwoe me, ke menye to edada ɖi me o. Gake be nàwɔe alea la, ele be nàʋli sesĩe aƒo asa na nu vevi eve siwo gblẽa ɣeyiɣi dome, woawoe nye—megbelelehehe kple kɔlilinuɖi alo nuwo gbegblẽ ɖi nyamaa. Gbã, mina míade ŋugble tso megbelelehehe ŋu.

Ƒo Asa Na Megbelelehehe

Zi geɖe wogblɔna be, Mele ge mele ge, ɖie wotsina, tsɔ dea dzi ƒo na amewo be woatso ɖe nusi wòle be woawɔ ŋu bla. Gake ame geɖewo trɔa nya sia gblɔna be, Mègatsi dzi ɖe nusi nàte ŋu alala awɔ le kwasiɖa ɖeka megbe la wɔwɔ ŋu le ŋufɔke o. Ne amesiawo tɔgbe dze ŋgɔ dɔ si bia agbagbadzedze geɖe la, wodia mɔnu bɔbɔetɔ si nye megbelelehehe tsɔ sina le enu. Be woahe megbelele fia be, woahe nusi wòle be woawɔ la wɔwɔ ɖe megbe, kple be nɔnɔme sia nazu numame na ame. Nu hehe ɖe megbe va zua numame na amesi hea megbelele. Ne nuwo va le kɔ lim ɖe edzi la, eɖea asi le wo ŋu, hewɔa “vovoɣi” si wòkpɔ la ŋudɔ tsɔ ɖina ɖe eme—vaseɖe esime dɔa wɔwɔ ƒe ɣeyiɣi va lili nɛ, evɔ ɣeyiɣi boo aɖeke meganɔa esi na ewɔwɔ o.

Ɣeaɖewoɣi la, ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ kple alesi míesena le mía ɖokui me ate ŋu abia be míahe míaƒe dɔ aɖewo alo wo katã kura gɔ̃ hã wɔwɔ ɖe megbe. Azɔ hã, ehiãna na amesiame be wòadzudzɔ eƒe gbesiagbedɔ wɔwɔ ɣeaɖewoɣi. Enɔ na Mawu ƒe Vi la kura gɔ̃ hã nenema. Yesu nɔa dɔ dzi ɣesiaɣi le eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me, ke hã edia ɣeyiɣi si woa kple eƒe nusrɔ̃lawo woatsɔ aɖi ɖe eme. (Marko 6:31, 32) Ðiɖiɖeme sia tɔgbe nyo. Gake megbelelehehe ya nye nya bubu kura; elabena egblẽa nu le ame ŋu. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ.

Esusɔ kwasiɖa etɔ̃ na sɔhɛ sukuvi aɖe be wòatsɔ adzra ɖo ɖe akɔntabubu dodokpɔ aɖe ŋu. Ele nɛ be wòadzro nuŋlɔɖi kple agbalẽ geɖe me do ŋgɔ. Tsotso ɖe eŋu enumake zu agba nɛ. Gake ese le eɖokui me be yealala vie, eye megbelelehehe ƒe mɔ̃ la ɖee. Le esi teƒe be wòasrɔ̃ nu la, television koe wònɔa kpɔkpɔm. Enɔ nusi le nɛ be wòawɔ akpɔ dzidzedze le dodokpɔa me la hem ɖe megbe tso ŋkeke yi ŋkeke. Mlɔeba le zã si do ŋgɔ na dodokpɔa me la, dɔ siwo katã wòhe ɖe megbe la va dze ŋgɔe azɔ. Enɔ anyi ɖe kplɔ̃ ŋu eye wòdze eƒe nuŋlɔɖiwo kple agbalẽwo me toto gɔme.

Gaƒoƒo geɖe va yi. Esime ƒomea me tɔ bubuwo le alɔ̃ dɔm la, enɔ agbagba dzem be yealé akɔnta sesẽ ƒomevi vovovowo ƒe ŋuɖoɖo didi ƒe mɔnu geɖe ɖe susu me. Esi wòyi sukua le ŋufɔke la, edze agbagba vevie be yeaɖo nyabiase vovovo siwo ŋu eƒe susu si ŋu ɖeɖi te mele klalo na o ŋu. Dzeside si wòxɔ le dodokpɔa me mede edzi kura o, ege le dodokpɔa me. Etsi sukuxɔ ma me eye wòle nɛ be wòagbugbɔ asrɔ̃ nu mawo ke.

Megbelelehehe gblẽ nu le sukuvi sia ŋu vevie ŋutɔ. Gake Biblia me gɔmeɖose aɖe li si ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu be woaƒo asa na nusi dzɔ ɖe edzi. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mikpɔ nyuie be, miazɔ pɛpɛpɛ; menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, amesiwo [ƒlea ɣeyiɣi nyuitɔ na wo ɖokui].” (Efesotɔwo 5:15, 16) Paulo nɔ dzi dem ƒo na Kristotɔwo be woazã woƒe ɣeyiɣiwo le nunya me le Kristotɔwo ƒe dɔwo gbɔ kpɔkpɔ me, ke hã gɔmeɖose sia ate ŋu akpe ɖe ame ŋu le agbemedɔ bubu geɖewo hã me. Esi wònye be zi geɖe la, míete ŋu tsoa nya me le ɣeyiɣi si míawɔ dɔ aɖe ŋu ta la, ne míetiae be míadze dɔa gɔme le “ɣeyiɣi nyuitɔ” alo esi ade mía dzi wu me la, míakpɔ dzidzedze eye míawu dɔa nu kaba. Aleae “nunyalawo” wɔa nui, abe alesi mawunyakpukpuia ɖee fia ene.

Ɣekaɣie anye “ɣeyiɣi nyuitɔ” na sɔhɛ sukuvia be wòasrɔ̃ nu atsɔ adzra ɖo ɖe akɔntabubu dodokpɔa ŋu? Ðewohĩ ate ŋu atsɔ miniti 15 alo esi wu nenema anɔ nusiwo wòasrɔ̃ la me tom vivivi fiẽ sia fiẽ. Ne ewɔe alea la, anye ne mava hiã be wòavu ɖe nu gbogbo aɖewo sɔsrɔ̃ ŋu le zã si do ŋgɔ na dodokpɔa, le ɣeyiɣi si me wòle be wòadɔ alɔ̃, me o. Ŋusẽ geɖe anɔ eŋu eye wòanɔ dzadzraɖo ɖi nyuie le dodokpɔa ƒe ŋkekea dzi, eye anɔ bɔbɔe be wòaxɔ dzeside nyui aɖe.

Eyata, ne wode dɔ aɖe asi na wò be nàwɔ la, di “ɣeyiɣi nyuitɔ” si sɔ eye nàwɔe. Ekema àƒo asa na megbelelehehe ƒe mɔ̃ la kple nusiwo wògblẽna le ame ŋu. Dzi hã adzɔ wò ɖe dɔ wɔwɔ nyuie dzidzedzetɔe ŋu. Esia le vevie ŋutɔ nenye be dɔa nye esiwo nàwɔ wòaɖe vi na ame bubuwo, abe alesi wòle le Kristo-hamea me dɔdasiwo gome ene.

Ƒo Asa Na Kɔ Lili Nuwo Ði alo Wo Gbegblẽ Ði Nyama

Abe alesi míegblɔe va yi ene la, nu vevi evelia si wòle be míaƒo asa na be míazã míaƒe ɣeyiɣi, si nye nu xɔasi, nyuie lae nye kɔlilinuɖi. Míenyae be, nuwo gbɔ kpɔkpɔ, wo ɖoɖo ɖe ɖoɖo nu, wo zazã, beléle na wo woanɔ dzadzɛ, wo dzadzra ɖo ɖi, kple keke ɖe wo ŋu ne wole wo dim la, xɔa ɣeyiɣi geɖe. Alesi nuwo sɔ gbɔe la, nenema kee wobiana ɣeyiɣi geɖe hãe. Dɔ wɔwɔ le xɔ alo aƒe si me nuwo le nyama la gblẽa ɣeyiɣi geɖe eye wòtea ɖeɖi ame ŋu wu dɔwɔwɔ le xɔ siwo me mɔ le eye nuwo mekaka ɖi o me. Gakpe ɖe eŋu la, ne woli kɔ nuwo ɖi fũ la, exɔa ɣeyiɣi geɖe hafi wokena ɖe nusi dim wole ŋu.

Aƒemedzraɖola bibiwo gblɔ be, amewo gblẽa woƒe ɣeyiɣi ƒe afã kloe “tsɔ nɔa nuwo tem ɖa, nɔa xlã ƒom wo, nɔa nusiwo kaka ɖi la ɖem le afɔtoƒe.” Anɔ eme be, nenema wòle le agbemedɔ bubuwo hã gome. Eyata ne èdi be yeawɔ wò ɣeyiɣia ŋudɔ nyuie la, ke lé ŋku ɖe alesi nuwo le le afisi nèle ŋu. Ðe nuwo li kɔ ɖi, xɔ teƒewo keŋ, xe afɔtoƒe, eye vɔ̃ɖitɔea, wogblẽa ɣeyiɣi na wòa? Ne nenemae la, ke ɖe nusiwo li kɔ ɖi dzi kpɔtɔ.

Ðewohĩ, asi ɖeɖe le nusiwo li kɔ ɖi siwo mègahiã boo o ŋu manɔ bɔbɔe o. Nusiwo dzɔa dzi na wò evɔ womegahiã wò o tsɔtsɔ ƒu gbe ate ŋu asesẽ na wò ŋutɔ—ɖeko wòle abe alesi nàbu xɔlɔ̃ vevi aɖe ene. Ke aleke nàwɔ anya ne yeadzra nane ɖo loo alo yeatsɔe aƒu gbe? Ame aɖewo zãa mɔfiame sia si nye: ne mègazã nane kpɔ o wòde ƒe ɖeka la, ke tsɔe ƒu gbe. Ke ne le ƒe ɖeka megbe etsɔtsɔ ƒu gbe te ɖe dziwò kokoko ɖe? Ke dzrae ɖo ɖe teƒe aɖe ɣleti ade bubu. Ne le ƒe ɖeka kple afã megbe, mèzãe o la, ɖewohĩ anɔ bɔbɔe na wò be nàtsɔ nu mawo aƒu gbe azɔ. Eɖanye aleke ke wòle o, taɖodzinua koŋue nye be nàɖe nusiwo li kɔ ɖi la dzi kpɔtɔ—be nàwɔ wò ɣeyiɣiwo ŋudɔ nyuie wu.

Menye aƒeme alo dɔwɔƒe koe nuwo lia kɔ ɖo o. Yesu ƒo nu tso “xexeame ƒe agbagbadzedze kple kesinɔnuwo ƒe beble” ŋu be, woate ŋu ‘avu tsyɔ Mawu ƒe nya la dzi,’ eye ame natsi ku “matsematse” le nyanyuia gome. (Mateo 13:22) Ame ƒe dɔwɔnawo kple nusiwo yome wòtina vevie ate ŋu avu atsyɔ eƒe agbenɔnɔ dzi ale gbegbe be, ɣeyiɣi kpɔkpɔ ɖe Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo, siwo nye nusiwo le vevie wu, ŋu ahada asɔ le wo me asesẽ nɛ. Nusi ado tso emee nye be ate ŋu agbɔdzɔ le gbɔgbɔ me eye mlɔeba gege ɖe xexe yeye si ŋugbe Mawu do, afisi ɣeyiɣi geɖe asu ame si le be wòawɔ nusi hea dzidzeme kple dzidzɔ vavãtɔ vɛ la, abɔe kura.—Yesaya 65:17-24; Petro II, 3:13.

Ðe nède dzesii be yenɔa ʋiʋlim ɣesiaɣi be yeawɔ nusiwo katã nèkpɔ be ehiã be yeawɔ—eɖanye esiwo do ƒome kple wò dɔwɔɖui, aƒe, ʋu, modzakaɖeɖe, mɔzɔzɔ, kamedede edziedzi, hadomewɔnawo, alo nu bubu ɖesiaɖe si le vevie na wò o—le ɣeyiɣi ʋɛ aɖe mea? Ne nenemae la, ɖewohĩ anyo be nàbu nusiawo siwo do agba na wò akpa dzi ɖeɖe kpɔtɔ ŋu.

Wogblɔna hã be, Ɣeyiɣi medzɔa ame o. Le nyateƒe me la, ɣeyiɣi ɖea zɔ abe alesi ko tɔsisi nɔa sisim ene. Womate ŋu agbugbɔe va megbee loo alo adae ɖi na zazã emegbe o, ne eva yi ko la, enu yi tegbee. Biblia ƒe gɔmeɖose aɖewo tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me kple afɔ aɖewo ɖeɖe akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ɣeyiɣi si míazã ɖe ‘nusiwo le vevie wu,’ ŋu hena míaƒe viɖe mavɔ kpɔkpɔ kple “hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple kafukafu.”—Filipitɔwo 1:10, 11.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Abe alesi wote ŋu wɔa tɔsisi ŋudɔ nyuie ene la, woate ŋu awɔ ɣeyiɣi hã ŋudɔ nyuie

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Ɣekaɣie nye “ɣeyiɣi nyuitɔ” nɛ be wòasrɔ̃ nu atsɔ adzra ɖo ɖe dodokpɔa ŋu?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Dɔ wɔwɔ le teƒe si nuwo le nyama gblẽa ɣeyiɣi geɖe eye wòtea ɖeɖi ame ŋu