Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míaƒe Ƒomea Wɔ Ðeka Mlɔeba!

Míaƒe Ƒomea Wɔ Ðeka Mlɔeba!

Agbemeŋutinya

Míaƒe Ƒomea Wɔ Ðeka Mlɔeba!

ABE ALESI SUMIKO HIRANO GBLƆE ENE

Meke ɖe agbenɔnɔmɔ nyuitɔ kekeake ŋu, eye medi be srɔ̃nyeŋutsu nakpɔ gome le eme kplim. Ƒe 42 sɔŋ va yi hafi wòva eme nenema.

MÍA kple srɔ̃nyeŋutsu míeɖe mía nɔewo le ƒe 1951 me, esime mexɔ ƒe 21. Le ƒe ene me la, míedzi ŋutsuvi eve, eye wòdze abe dzidzɔ sɔŋ koe yɔ nye agbe me ene.

Gbeɖeka le ƒe 1957 me la, nɔvinyenyɔnu tsitsitɔ gblɔ nam be nyɔnu aɖe si nye Yehowa Ðasefowo ƒe dutanyanyuigblɔla va nɔa ye srãm kpɔ. Togbɔ be Buddhatɔe nɔvinyenyɔnua nye hã la, elɔ̃ dutanyanyuigblɔla la te Biblia sɔsrɔ̃ kplii eye wòde dzi ƒo na nye hã be masrɔ̃ Biblia. Melɔ̃ ɖe edzi. Mesusui be esi medea Protestanttɔwo ƒe sɔleme ta la, mate ŋu aɖe vodada siwo mebu be ele Yehowa Ðasefowo ƒe nufiafiawo me la afiae.

Eteƒe medidi hafi meva de dzesii be nyemenya nu boo aɖeke tso Biblia ŋu o. Eva hiã be mabia dutanyanyuigblɔlaa be, “Amekae nye Yehowa?” Nyemese wozã ŋkɔ ma le nye sɔleme kpɔ o. Dutanyanyuigblɔla sia si ŋkɔe nye Daphne Cooke (emegbe Pettitt), he nye susu yi Yesaya 42:8 dzi, afisi gblɔe eme kɔ nyuie be Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkɔe nye Yehowa. Daphne tsɔ Biblia ɖo nye nyabiabiawo katã ŋu nam.

Mebia nya mawo ke míaƒe subɔsubɔnunɔla. Egblɔ nam be: “Nya biabia nye nuvɔ̃. Wò ya xɔ nusiwo wogblɔ na wò la dzi se ko.” Togbɔ be nyemekpɔe be nyawo biabia nye nugbegblẽ o hã la, meyia edzi dea sɔleme Kwasiɖa ŋdi ɖesiaɖe eye medea Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo ɣetrɔwo me hena ɣleti ade sɔŋ.

Alesi Wòkpɔ Ŋusẽ Ðe Nye Srɔ̃ɖeɖe Dzii

Nusiwo mesrɔ̃na le Biblia me doa dzidzɔ nam ale gbegbe, eye megblɔnɛ na srɔ̃nye Kazuhiko. Le nusɔsrɔ̃ kple kpekpe ɖesiaɖe megbe la, megblɔa nusiwo mesrɔ̃ la nɛ. Nusi do tso emee nye be kuxiwo va te mo dodo ɖa le mía kplii dome. Medi be mava zu Yehowa Ðasefo o. Gake Biblia sɔsrɔ̃ doa dzidzɔ nam ŋutɔ eye meyi nye nusɔsrɔ̃a kpakple hadede kple Ðasefoawo dzi.

Hafi madzo le aƒeme ayi kpekpe fiẽsiwo me la, meɖana Kazuhiko ƒe nuɖuɖu si doa dzidzɔ nɛ ŋutɔ la nɛ, gake ete nu ɖuɖu le gbɔme. Ne megbɔ tso kpekpeawo la, megakɔa mo ɖem o eye wògbea nu ƒoƒo nam. Ne ŋkeke eve alo etɔ̃ va yi la, egakɔa mo ɖem vie, gake kasia game gasuna na kpekpe bubu dede.

Le ɣeyiɣi mawo me la, yɔmekpe, si nye dɔléle si wu srɔ̃nye ƒe ƒometɔ geɖe xoxo la, va dze dzinye. Kazuhiko xa nu vevie eye wògblɔ nam bena, ne nye lãmea ka ɖe eme nam la, mate ŋu awɔ nusianu si medi. Nusi ko mebiae nye be, wòave nunye aɖe mɔ nam be made kpekpeawo kwasiɖa sia kwasiɖa. Elɔ̃ ɖe edzi.

Exɔ ɣleti ade hafi mehaya, eye le ɣeyiɣi mawo me la, medo vevie nu le Biblia sɔsrɔ̃ me. Media gbagbaƒewo le Ðasefowo ƒe nufiafiawo ŋuti, kple susu be madzudzɔ nua sɔsrɔ̃ ne menya ke ɖe vodada ɖeka pɛ ko ŋu. Nyemeke ɖe ɖeke ŋu o. Le ema teƒe la, Protestant Sɔlemeha ƒe vodadawo boŋue va nɔ dzedzem nam nyuie. Meva de dzesi Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple eƒe dzɔdzɔenyenye kple viɖe siwo dona tsoa agbe nɔnɔ le ɖekawɔwɔ me kple eƒe seawo me.

Esi mehaya vɔ la, srɔ̃nye wɔ eƒe ŋugbedodoa dzi, metsi tre ɖe nye kpekpeawo dede ŋu o. Meyi edzi nɔ tsitsim le gbɔgbɔ me, eye le May 1958 me la, mexɔ nyɔnyrɔ hezu Yehowa Ðasefo. Medi vevie be nye ƒomea nawɔ ɖeka kplim le Mawu vavã la subɔsubɔ me.

Gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu Nana Vinyewo

Vinyeŋutsuviawo dea kpekpeawo kplim henɔa nyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm kplim ɣesiaɣi, gake nanewo va dzɔ si na mekpɔe be vinyewo nɔ tsitsim le Biblia ŋuti sidzedze me. Gbeɖeka vinyeŋutsuvi Masahiko, si xɔ ƒe ade, nɔ fefem le gota. Mese nane ƒe ɖiɖi sesĩe, eye ame aɖe do ɣli. Aƒelika aɖe si du va ge ɖe nye aƒe me, nɔ ɣli dom be ʋu ƒo vinyeŋutsuvia. Mebiae be: “Ekua?” Medze agbagba lé ɖokuinye heɖe abla do go va xexe. Esi mekpɔ alesi eƒe kekea ŋlɔe la, nye lãme nɔ ƒoƒom, gake kasia mekpɔe wòzɔ gbɔna gbɔnye, eye abi vi aɖe ko wòxɔ. Esime wòku kplam la, egblɔ be, “Dada, Yehowa kpe ɖe ŋunye, alo?” Esi mekpɔe wòkpɔtɔ le agbe eye mese wògblɔ nya dodzidzɔname mawo la, ena mefa avi.

Le ŋkeke bubu dzi esi míele nyanyuia gblɔm la, míedo go ŋutsu tsitsi aɖe si do ɣli ɖe tanye gblɔ be: “Nukae nye si wɔm nèle hekplɔ ɖevi sue sia le tsatsamee alea? Eƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ.” Hafi maɖo nyaa ŋu la, vinyeŋutsuvi Tomoyoshi, si xɔ ƒe enyi, xɔ edzi gblɔ nɛ be: “Tɔgbui, dada mezi dzinye be maɖe gbeƒã o. Esi medi be masubɔ Yehowa tae meɖea gbeƒã ɖo.” Ðeko ame tsitsia kpɔe dũ, eye eƒe nu ku.

Le mawusubɔsubɔ gome la, tɔmanɔsitɔwoe vinyeŋutsuviawo nye. Ekpo ɖe gbɔnye be mafia Biblia me nyateƒea woamawo, togbɔ be ehiã be nye ŋutɔ masrɔ̃ nu geɖe hã. Metu nye xɔse, lɔlɔ̃ kple dzonɔameme ɖo eye medze agbagba be manye kpɔɖeŋu nyui na wo. Medaa akpe na Yehowa gbesiagbe le vinyewo ŋkume. Megblɔa nye gbeadzinuteƒekpɔkpɔwo na wo. Esia do ŋusẽ wo ale gbegbe. Esi wobia wo emegbe be woagblɔ nusitae wova nye mɔɖelawo, alo Yehowa Ðasefo siwo subɔna ɣeyiɣiawo katã la, woɖo eŋu be, “Míekpɔe be mía nɔ kpɔa dzidzɔ le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me, eye míawo hã míedi be míakpɔ dzidzɔ.”

Meɖɔ ŋu ɖo be nyemagblɔ gbɔɖiamenya aɖeke ɖe wo fofo alo hamea me tɔ aɖeke ŋu o. Mede dzesii be nya si medze o gbɔgblɔ ate ŋu agblẽ nu le vinyewo ŋu. Ate ŋu ana be woado kpo bubu dede amesi ŋu wogblɔ nya vɔ̃a ɖo kple amesi gblɔ nya vɔ̃a siaa ŋu.

Nusiwo Xea Mɔ na Ŋgɔyiyi Dzi Ðuɖu

Le ƒe 1963 me la, srɔ̃nye ƒe dɔwɔɖui va bia be ƒomea naʋu ayi Taiwan. Egblɔ nam be ne meɖe gbeƒã na Japantɔ siwo le afima la, ahe kuxiwo vɛ. Woagbugbɔ mí aɖo ɖe Japan, eye esia ahe kuxiwo vɛ na eƒe dɔwɔƒea. Eyata edi be yeaxe mɔ na mí be míagate ɖe Ðasefowo ŋu o.

Le Taiwan, afisi wowɔa kpekpeawo katã ɖe Chinagbe me le la, Ðasefoawo xɔ mí kple dzidzɔ. Meɖoe be masrɔ̃ Chinagbe ale be mate ŋu aɖe gbeƒã na gbe sia dolawo ke menye na Japantɔwo o. To mɔ sia nu la, mate ŋu aƒo asa na kuxi si ŋu nya srɔ̃nye gblɔ.

Míaƒe hadede kple Ðasefo siwo le Taiwan do ŋusẽ mí ŋutɔ. Dutanyanyuigblɔla atsu kple asi, siwo ƒe ŋkɔe nye Harvey kple Kathy Logan kpe ɖe mía ŋu geɖe ŋutɔ. Nɔviŋutsu Logan va zu gbɔgbɔmefofo na vinyeŋutsuviawo. Efia wo be Yehowa subɔsubɔ menye agbenɔnɔ kpaɖii si me dzidzɔkpɔkpɔ mele o. Mexɔe se be esime míenɔ Taiwan ye vinyewo tso nya me be yewoasubɔ Yehowa.

Tomoyoshi kple Masahiko wode Amerikatɔwo ƒe suku aɖe, afisi wosrɔ̃ Eŋlisigbe kple Chinagbe le. Nusiwo wosrɔ̃ le afima dzra wo ɖo ɖe Mawu vavã, Yehowa, subɔsubɔ le etsɔme ŋu. Meda akpe na Yehowa ŋutɔ be etrɔ nusi ate ŋu anye ɣeyiɣi sesẽ na mí hafi la, wòzu ɣeyiɣi si he yayra geɖe vɛ na mí. Ƒe etɔ̃ kple afã siwo míetsɔ nɔ Taiwan hafi trɔ gbɔ va Japan, nye ƒe siwo míaŋlɔ be akpɔ gbeɖe o.

Esime ŋutsuviawo va zu ƒewuiviwo la, wodze egɔme nɔ ablɔɖe geɖe dim. Medea ŋugble kpli wo gaƒoƒo geɖe le Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo ŋu, eye Yehowa kpe ɖe wo ŋu woto ɣeyiɣi sesẽ mawo me. Esi Tomoyoshi wu sekɛndrisuku nu la, edze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme. Ete ŋu kpe ɖe ame ene ŋu woɖe adzɔgbe xɔ nyɔnyrɔ le eƒe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe ƒe ʋɛ aɖewo ko me. Masahiko dze nɔvia ƒe kpɔɖeŋua yome hete mɔɖeɖedɔa wɔwɔ esime wòwu sekɛndrisuku nu teti ko. Ekpe ɖe sɔhɛ ene ŋu wova zu Ðasefo le eƒe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe ƒe ene gbãtɔawo me.

Emegbe Yehowa gayra ɖeviawo geɖe wu. Tomoyoshi srɔ̃ nu kple ŋutsu aɖe si srɔ̃ nye amesi ŋu mekpe ɖo wòsrɔ̃ Biblia me nyateƒea. Ŋutsu sia kple srɔ̃a ƒe vinyɔnu eveawo hã va zu Ðasefowo. Emegbe Tomoyoshi ɖe nyɔnuvi tsitsitɔ, si ŋkɔe nye Nobuko, eye Masahiko hã ɖe nyɔnuvi ɖevitɔ, si ŋkɔe nye Masako. Tomoyoshi kple Nobuko le subɔsubɔm fifia le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒe gã le Brooklyn, New York. Eye Masahiko kple Masako nye dutanyanyuigblɔlawo le Paraguay.

Tɔtrɔ Siwo Srɔ̃nye Wɔ Vivivi

Edze abe srɔ̃nye metsɔ ɖeke le míaƒe dzixɔsewo me le ƒe mawo me o ene, gake míede dzesi nanewo siwo ɖee fia be enɔ tɔtrɔ wɔm. Ne amewo tsi tre ɖe ŋunye la, eʋlia nye dzixɔsewo ta eye wòdea Biblia me nyateƒea dzi le manyamanya me. Ekpena ɖe Ðasefo siwo hiã tu ŋu. Le mía viŋutsuawo dometɔ ɖeka ƒe srɔ̃ɖeƒe la, egblɔ le nuƒo kpui aɖe me be: “Nufiafia amewo be woanɔ agbe le mɔ si sɔ nue nye dɔwɔwɔ nyuitɔ kekeake eye eyae nye sesẽtɔ kekeake hã. Vinyeŋutsuawo kple wo srɔ̃wo tia mɔ sia si nye sesẽtɔ kekeake la abe woƒe agbemedɔ ene. Meɖe kuku mikpe ɖe wo ŋu nam.” Nusiawo katã na mebuna be ava wɔ ɖeka kpli mí le Yehowa subɔsubɔ me godoo.

Mewɔ ɖoɖo be wòakpɔ gome le hadede kple hati Ðasefowo me le mía ƒeme. Mekpea srɔ̃nye Kazuhiko na Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple takpekpewo kpakple Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. Ne eƒe dɔa ɖe mɔ nɛ la, edena kpekpe siawo, gake menye tso dzime faa o. Zi geɖe la, mesusunɛ be alɔ̃ woasrɔ̃ Biblia kplii, eyata mekpena Kristotɔ hamemegãwo vaa míaƒe aƒeme. Gake egbe nua sɔsrɔ̃. Nyemenya nusi tututue nɔ fu ɖem nɛ o.

Meɖo ŋku apostolo Petro ƒe nya siawo dzi be: “Nenema ke, mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, bena ne ame aɖewo meɖo to nya la o la, nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔ la naɖe wo, esi wokpɔ miaƒe agbenɔnɔ dzadzɛ le vɔvɔ̃ me ɖa la.” (Petro I, 3:1, 2) Mekpɔe dze sii be nyemezɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi ɣesiaɣi o. Be mawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi bliboe la, ehiã be mana nye gbɔgbɔmemenyenye nanyo ɖe edzi.

Le ƒe 1970 me la, mete gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ kple taɖodzinu be matsi le xɔse me geɖe wu. Ƒe 10 va yi, emegbe ƒe 20 va yi. Gake nyemekpɔ tɔtrɔ aɖeke le srɔ̃nye me ɖe mawusubɔsubɔ ŋu o. Biblia-nusrɔ̃vi aɖe gblɔ nam kpɔ be: “Asesẽ ŋutɔ be nànɔ kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu esime màte ŋu akpe ɖe wò ŋutɔ srɔ̃wò gɔ̃ hã ŋu o.” Nya sia ɖe dzi le ƒonye ŋutɔ, gake nyemena ta o.

Le ƒe 1980-awo ƒe nuwuwu lɔƒo la, mía dzilawo nɔ woƒe agbe ƒe nuwuwu gogom. Beléle na wo kple nye agbanɔamedzi bubuawo gbɔ kpɔkpɔ sesẽ nam hetea ɖeɖi ŋunye ŋutɔ. Togbɔ be wotsi tre ɖe nye Yehowa dzixɔxɔse ŋu ƒe geɖe hã la, medzea agbagba ɖesiaɖe si mate ŋui be maɖe lɔlɔ̃ afia wo. Do ŋgɔ teti hafi nɔnye, si xɔ ƒe 96, naku la, egblɔ nam be, “Sumiko, ne wofɔm ɖe tsitre la, maɖo miaƒe subɔsubɔha me.” Mekpɔe dze sii be nye agbagbadzedzewo mezu dzodzro o.

Srɔ̃nye de dzesi nusiwo katã mewɔ na mía dzilawo. Be wòaɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia la, ete kpekpeawo dede edziedzi. Ewɔ esia ƒe geɖe gake mewɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi gobi aɖeke o. Meyi edzi nɔ agbagba dzem be mawɔ nusi dzea eŋu. Mekpea exɔlɔ̃wo kple eƒe asitsadɔwɔhati siwo tso duta be woava ɖu nu kpli mí le aƒeme. Mekpɔa gome kplii le modzakaɖeɖe me. Esime woɖe gaƒoƒo si wobia tso mɔɖelawo si be woatsɔ aɖe gbeƒãe ɣleti sia ɣleti dzi kpɔtɔ la, mete ŋu zãa ɣeyiɣi geɖe wu tsɔ nɔa egbɔ.

Dzudzɔ Xɔxɔ le Dɔme He Tɔtrɔwo Vɛ

Srɔ̃nye xɔ dzudzɔ le dɔme le ƒe 1993 me. Fifia, mebui be akpɔ ɣeyiɣi ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu azɔ. Gake egblɔ be anye bubumademade Mawu ŋu be yeasubɔe le esi ɣeyiɣi va su ye si ta. Egblɔ boŋ be, yeasubɔ Mawu ne yeƒe dzi ʋã ye be yeawɔ nenema, eye bena nyemegazii ɖe ye dzi o.

Gbeɖeka, Kazuhiko biam nenye be mele klalo azɔ be mazã nye agbemeŋkeke mamlɛawo ɖe ye ŋu mahã. Esia ve dɔme nam, elabena mewɔa nusianu si mate ŋui nɛ tso esime míeɖe mía nɔewo ke. Medze agbagba vevie be mana wòakpɔ dzidzɔ, gake ese le eɖokui me be mezãna nye ɣeyiɣi ƒe akpa gãtɔ ɖe Yehowa ŋu wu ye. Esi mede ŋugble le nyaa ŋu ɣeyiɣi aɖe la, megblɔ nɛ be nyemagate ŋu awɔ naneke wu esi wɔm mele nɛ o. Gake megblɔ nɛ be, ne ate ŋu ava wɔ ɖeka kplim le nusi wɔm mele me la, míate ŋu adze agbe yeye wɔnuku aɖe, si anɔ anyi tegbee ke menye na ƒe ʋɛ aɖewo ko o, la gɔme. Ŋkeke geɖewo va yi, ke hã srɔ̃nyeŋutsua meɖo nya aɖeke ŋu nam o. Mlɔeba la, ebiam be, “Ekema àlɔ̃ asrɔ̃ Biblia kplima?” Ɣesiaɣi si meɖo ŋku nya mawo dzi la, nye dzi glina kple dzidzɔ.

Gbã la, mewɔ ɖoɖo kple Kristotɔ hamemegã aɖe be wòava srɔ̃ nu kplii, gake egblɔ nam be, “Ame bubu aɖeke masrɔ̃ nu kplim tsɔ wu wò ŋutɔ o.” Eyata míedze egɔme srɔ̃a Biblia gbesiagbe. Esi wònye be hame si me wodoa Chinagbe le mee mele eye srɔ̃nye hã bi ɖe gbe ma dodo me ta la, míesrɔ̃a nua le Chinagbe me. Azɔ hã, mede ƒe ɖeka hafi mía kplii míexlẽ Biblia bliboa katã o.

Le ɣeyiɣi mawo me la, hamemegã aɖe si le Chinagbe hamea me kpakple srɔ̃a tsɔ ɖe le eme na mía kple srɔ̃nye vevie. Togbɔ be mía viwo tsi wu wo hã la, wova zu mía xɔlɔ̃ vavãwo. Ðasefo bubu geɖewo hã tsɔ ɖe le eme na srɔ̃nye vevie. Wowɔa amedzro na mí eye woɖoa dze kple Kazuhiko abe wo fofoe wònye ene. Esia doa dzidzɔ nɛ ŋutɔ.

Gbeɖeka woɖo srɔ̃ɖeɖe aɖe si woawɔ le hamea me ƒe amekpegbalẽvi si dzi woŋlɔ srɔ̃nye ƒe ŋkɔ ɖo ɖe mí. Bubu dede eyama ŋu abe ƒomea ƒe ta ene alea wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ, eye wòɖoe be yeayi. Eteƒe medidi o, eva te hadede faa kple Ðasefowo eye elɔ̃ Kristotɔ hamemegã aɖe te Biblia sɔsrɔ̃ kplii. Eƒe Biblia sɔsrɔ̃, kpekpewo dede, kple lɔlɔ̃ si hamea ɖena fianɛ la kpe ɖe eŋu wòwɔ ŋgɔyiyi le mawusɔbɔsubɔ me.

Ƒomea Wɔ Ðeka Mlɔeba

Le December 2000 me la, srɔ̃nye xɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe eƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi. Vinye ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo tso didiƒe ke va be yewoakpɔ “egbegbenukunu” sia teƒe. Ƒe 42 sɔŋ enye sia, gake míaƒe ƒomea va wɔ ɖeka mlɔeba.

Fifia, mí ame evea siaa míedzroa ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me hexlẽa Biblia ɖekae ŋdi sia ŋdi. Gbesiagbe, míekpɔa dzidzɔ le Biblia me dzeɖoɖowo me, hekpɔa gome le Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo me. Srɔ̃nye nye subɔsubɔdɔwɔla le míaƒe hamea me fifia, eye nyitsɔ laa la, eƒo Biblia me nuƒo aɖe le Chinagbe me. Meda akpe na Yehowa be ete mí ƒo ƒu ɖekae le eƒe tadedeagu me. Mele mɔ kpɔm be mayi edzi ado Yehowa ƒe ŋkɔ kple eƒe dziɖulanyenye ɖe dzi tegbee le ɖekawɔwɔ me kple nye ƒometɔ kplikplikpliwo kpakple xɔlɔ̃ veviwo.

[Anyigbatata si le axa 13]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

CHINA

DEMOCRATIC PEOPLE’S REPUBLIC OF KOREA

REPUBLIC OF KOREA

Japan Ƒu La

JAPAN

Tokyo

Ɣedzeƒe China Ƒu

TAIWAN

Taipei

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Mía kple míaƒe ƒomea le ƒe 1958 me, ƒe si me mexɔ nyɔnyrɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Xɔlɔ̃wo abe Harvey kple Kathy Logan ene do ŋusẽ mí le mawusubɔsubɔ me esime míeʋu tso Tokyo yi Taipei

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Egbea míaƒe ƒomea wɔ ɖeka le tadedeagu vavãtɔ me