Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawuvɔvɔ̃ ‘Nye Amehehe, si Nana Wodzea Nunya’

Mawuvɔvɔ̃ ‘Nye Amehehe, si Nana Wodzea Nunya’

Mawuvɔvɔ̃ ‘Nye Amehehe, si Nana Wodzea Nunya’

NUNYA vavã ɖo kplɔ̃ gã aɖe. Edɔ “eƒe dɔlanyɔnuwo ɖa, ne woado ɣli le dua ƒe kɔkɔƒewo be: ‘Mi bebewuwo, miva dze afii!’ Ele gbɔgblɔm na nunyalawo be: ‘Miva, ne miaɖu nye abolo, eye miano nye wein, si metɔtɔ la!’ Miɖe asi le bometsitsi ŋu, ne mianɔ agbe, eye milé gɔmesese ƒe mɔ tsɔ tẽ!”—Lododowo 9:1-6.

Nu ɖuɖu le nunya ƒe kplɔ̃ ŋu mehea gbegblẽ alo vɔ̃ aɖeke vaa ame dzi o. To ɖoɖo Mawu ƒe nunya siwo le lododo siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã woŋlɔ me kple lɔlɔ̃ ɖe wo dzi hea nyui vɛ na ame. Nya siwo me nunya le si dze le Lododowo 15:16-33 hã le eme. * To ɖoɖo aɖaŋuɖoɖo kpuikpui siwo dze le lododo siawo me akpe ɖe mía ŋu be nu sue si le mía si nadze mía ŋu, míanɔ ŋgɔyiyi wɔm, eye dzi adzɔ mí le agbe me. Esia wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu hã be míawɔ nyametsotso nyuiwo eye ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ agbemɔa dzi.

Esime Nunɔamesi Ʋɛ Dea Ame Dzi

Blema Israel-fia Salomo gblɔ be: “Nu vi nɔamesi, si ŋu Yehowa-vɔvɔ̃ kpe ɖo la, nyo wu kesinɔnu geɖe, si me dzimaɖeɖi le.” (Lododowo 15:16) Be woaŋlɔ Wɔla la be ahatsɔ ŋutilãmenudidi yome nɔnɔ aɖo dɔe le ame ƒe agbe me nye bometsitsi. Agbe sia tɔgbe nɔnɔ nye dagbadagba ɖe ya me eye wòyɔ fũ kple nuxaxa geɖe. Ŋukpe ka gbegbee nye esi wòanye na ame be wòava kpɔe le eƒe tsitsime be yeƒe agbenɔnɔ bliboa katã nye tofloko kple esi ŋu viɖe aɖeke mele o! Kɔ lili ŋutilãmenu geɖe si ŋu “dzimaɖeɖi” kpe ɖo nye nusi me nunya mele o nyateƒe. Aleke gbegbee wònyo wu be woasrɔ̃ alesi nu ʋɛ si le ame si nadze ame ŋu ahanɔ agbe ɖe enui enye si! Ŋudzedzekpɔkpɔ vavãtɔ ɖe nusi le ame si ŋu tsoa Yehowa-vɔvɔ̃—si nye mía kplii dome ƒomedodo—me, ke menye tso ŋutilãmenuwo ƒe ame si nɔnɔ me o.—Timoteo I, 6:6-8.

Esime Salomo nɔ gbe tem ɖe edzi be ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple amewo le vevie wu ŋutilãmenu geɖe ƒe ame si nɔnɔ la, egblɔ be: “Ama agba ɖeka, si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la, nyo wu nyitsu dami, si ŋu fuléle kpe ɖo.” (Lododowo 15:17) Ẽ, aƒe si me lɔlɔ̃ xɔ aƒe ɖo nyo wu esi me nuɖuɖu damiwo bɔ ɖo fũ. Le dzilaɖekɛƒomewo me la, anɔ eme be ŋutilãmenu ʋɛ aɖewo koe anɔ anyi. Le dukɔ aɖewo me la, nuɖuɖu dzaa koe woate ŋu akpɔ na ƒomea. Gake ƒomea me tɔwo ƒe dzi dzea eme le aƒe si me lɔlɔ̃ kple numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ xɔ aƒe ɖo me.

Ke hã, kuxiwo te ŋu doa mo ɖa le ƒome siwo me lɔlɔ̃ xɔ aƒe ɖo gɔ̃ hã me. Ate ŋu adzɔ be ƒomea me tɔ aɖe agblɔ nya alo awɔ nane si ado dziku na ƒomea me tɔ bubu. Aleke wòle be amesi dzi wodze agɔ ɖo nawɔ nui? Lododowo 15:18 gblɔ be: “Dɔmedzoetɔ dɔa avu, ke tufala tsia dzre nu.” Nyaŋuɖoɖo fafɛ, ke menye gbedaɖeamegbɔ o, doa ŋutifafa kple tomefafa ɖe ŋgɔ. Míate ŋu awɔ aɖaŋuɖoɖo si le lododo sia me ŋudɔ le agbe me nɔnɔme bubuwo hã me, si lɔ hamea me dɔwɔnawo kple dutoƒosubɔsubɔdɔa hã ɖe eme.

Esime ‘Mɔ Nyea Mɔ Tata’

Lododo si kplɔe ɖo te gbe ɖe vovototo si le amesiwo ɖoa to nunya kple amesiwo meɖoa toe o dome dzi. Fia nyanu la gblɔ be: “Kuviatɔ ƒe mɔ enye ŋukpɔ; ke nuteƒewɔlawo ƒe toƒe enye mɔ tata.”Lododowo 15:19.

Ŋukpɔ nye mɔxenu si tɔa ame. Kuviatɔ bua mɔxenu ƒomevi vovovowo ŋu tsɔ doa taflatse le eƒe kpo dodo dɔ aɖe gɔme dzedze ŋuti. Gake nuteƒewɔlawo ya mevɔ̃a kplamatsedonu siwo ate ŋu axe mɔ na wo o. Wodoa vevie nu eye woléa fɔ ɖe dɔ si dze ŋgɔ wo wɔwɔ ŋu. Ale wɔ woƒoa asa na kuxi siwo le abe ŋu ene, siwo ate ŋu ado kplamatse wo ne ɖe wowɔ alɔgblɔdɔ. Woƒe mɔ nye “mɔ tata,” si fia be eɖo ta ŋgɔgbe. Woɖea zɔ yia ŋgɔ le woƒe dɔwɔwɔ me eye wokpɔa dzidzɔ ɖe eƒe ŋgɔyiyi ŋu.

Le kpɔɖeŋu me, bu Mawu ƒe Nyaa me sidzedze vavãtɔ ƒe ame si susu kple ŋgɔyiyi ahatsi le gbɔgbɔ me ŋu kpɔ. Ehiã agbagbadzedze. Ame ate ŋu atsɔ eƒe suku mademade yi ŋgɔ, nu maxlẽmaxlẽ nyuie, alo ŋudzɔ manɔmanɔ le susu me ado taflatsee be nusiawoe na be yemete ŋu doa vevie nu le ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ me o. Ðe made mía dzi ŋutɔ ne míetsri nu mawo bubu be wonye mɔxenu na sidzedze ƒe mía si susu oa? Ne míebi ɖe nusiawo me o hã la, míate ŋu adze agbagba ana míaƒe nuxexlẽ ŋutete kple nusiwo míexlẽna gɔme sese nanyo ɖe edzi, ɖewohĩ to nyagɔmeɖegbalẽ zazã me ne ehiã. Nukpɔsusu nyui ƒe ame si nɔnɔ kpena ɖe ame ŋu be sidzedze sua esi eye wòwɔa ŋgɔyiyi le mawusubɔsubɔ me.

Esime ‘Dzi Dzɔa Vifofo’

Israel-fia la gblɔ be: “Vi nyanu doa dzidzɔ na fofoa; ke bometsila doa vlo dada.” (Lododowo 15:20) Ðe dzilawo mekpɔa dzidzɔ ne wo viwo wɔ nu nunyatɔe oa? Le nyateƒe me la, dzilawo ƒe hehenana kple mɔfiafia hiã hafi nu nyui siawo nate ŋu ado tso eme. (Lododowo 22:6) Aleke gbegbe vi nyanu ƒe ame si nɔnɔ doa dzidzɔ na dzilawoe nye si! Gake vi tsibome ya doa nuxaxa manyagblɔ geɖe na wo.

Esi fia nyanu la nɔ nyagbe “dzidzɔ” zãm le gɔmesese bubu nu la, egblɔ be: “Bometsitsi enye ame manyanuwo ƒe dzidzɔ; ke nugɔmesela toa mɔ dzɔdzɔe.” (Lododowo 15:21) Ame manyanuwo kpɔa dzidzɔ ɖe nukoko bometsitsitɔe kple aseyetsotso si me dzidzeme alo dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ aɖeke mele o ŋu. Gake nugɔmesela ya kpɔa bometsitsi si wònye be woanye amesi ‘lɔ̃a hadzedze wu esi wòalɔ̃ Mawu’ la dzea sii. (Timoteo II, 3:1, 4) Mawu ƒe gɔmeɖosewo me léle ɖe asi bliboe kpena ɖe eŋu wòyia edzi wɔa nu dzɔdzɔe eye wònana eƒe mɔwo dzɔna.

Esime ‘Tameɖoɖowo Dzea Edzi’

Agbe nɔnɔ ɖe mawumegɔmeɖosewo nu ɖea vi na mí le agbemenuwɔna bubuwo hã me. Lododowo 15:22 gblɔ be: “Afisi adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi; ke afisi adaŋudela geɖewo le la, edzea edzi.”

Adaŋudede fia ame nɔewo ɖeɖe dome nya veviwo gbɔgblɔ tso dzime faa. Woɖe Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “adaŋudede” gɔme le Psalmo 89:8 be, ‘woanɔ adaŋu me’ alo anɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple ame aɖe. Esia fia be woagblɔ ame ƒe dzime nyawo faa le dze ɖoɖo kple ame nɔewo me. Adaŋudede de ŋgɔ wu dzeɖoɖo ƒuƒlu, enye dzeɖoɖo si me woɖea ame ƒe tamesusuwo kple seselelãmewo gblɔna na ame nɔewo anukwaretɔe. Ne srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo kpakple dzilawo kple wo viwo ɖoa dze faa kple wo nɔewo alea la, ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nɔa wo dome. Gake afisi adaŋudede mele o la, enana nuxaxa kple kuxiwo nɔa ƒomea me.

Ne míele nyametsotso veviwo wɔm la, nunya le eme be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Afisi adaŋudela geɖewo le la, [tameɖoɖowo dzea] edzi.” Le kpɔɖeŋu me, ne míele atikewɔwɔ ŋuti nyametsotsowo wɔm la, ɖe nunya manɔ eme be míaxɔ aɖaŋuɖoɖo tso atikewɔla ɖeka, eve, etɔ̃ aɖewo gbɔ, vevietɔ ne elɔ nɔnɔme sesẽwo ɖe eme oa?

Adaŋudela geɖewo ƒe aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ gale vevie wu le mawusubɔsubɔ nyawo gbɔ kpɔkpɔ me. Ne hamemegãwo xɔ aɖaŋuɖoɖo tso wo nɔewo gbɔ heke ɖe nyawo gbɔ kpɔkpɔ mɔnu nyuitɔ ŋu la, enana ‘tameɖoɖowo dzea edzi.’ Gakpe ɖe eŋu la, mele be hamemegã yeyewo nahe ɖe megbe le aɖaŋuɖoɖo biabia tso hamemegã siwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe su gbɔ o, vevietɔ ne eku ɖe nya sesẽwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu.

Esime “Nu ƒe Nya Ŋuɖoɖo Doa Dzidzɔ” na Ame

Viɖe kae doa go tso nya si wogblɔ nunyatɔe me? Israel-fia la gblɔ be: “Ame ƒe nu ƒe nya ŋuɖoɖo doa dzidzɔ nɛ: eye aleke nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la, mehevivinae oa?” (Lododowo 15:23) Ðe dzi medzɔa mí ne wowɔ míaƒe nyawo alo aɖaŋuɖoɖowo dzi eye nu nyuiwo do tso eme oa? Gake hafi míaƒe aɖaŋuɖoɖowo naɖe vi la, ele be woaɖo nudidi eve aɖewo gbɔ.

Gbã la, ele be míatu aɖaŋuɖoɖoa ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia, dzi bliboe. (Psalmo 119:105; Timoteo II, 3:16, 17) Hekpe ɖe eŋu la, ele be míagblɔe le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Elabena nyateƒenya si wogblɔ le ɣeyiɣi si mesɔ o me ate ŋu agblẽ nu. Le kpɔɖeŋu me, aɖaŋu ɖoɖo na ame aɖe hafi ase amea ƒe numenya nye nusi me nunya mele o eye meɖea vi hã o. Aleke gbegbee wòle vevie be míaɖe ‘abla le nusese me, ahanɔ blewu le nuƒoƒo me’ enye esi!—Yakobo 1:19.

Nunyalawo ƒe “Agbemɔ Ðo Ta Dzi”

Lododowo 15:24 gblɔ be: “Nunyalawo ƒe agbemɔ ɖo ta dzi, ne woaƒo asa na tsiẽƒe le anyi me.” Amesi wɔa nu le nunya me la le mɔ si ƒo asa na tsiẽƒe, si nye ameƒomea ƒe yɔdo, la dzi. Eƒoa asa na nuwɔna siwo gblẽa nu le ame ŋu, siwo dometɔ aɖewoe nye ame vovovowo gbɔ dɔdɔ, atikevɔ̃ɖiwo zazã, kple ahamumu—eye ewɔnɛ be wòƒoa asa na kukpo. Eƒe mɔ ɖo ta agbe me.

Gake kpɔ alesi woƒo nu tso ame manyanuwo ya ƒe mɔ ŋui ɖa: “Yehowa gbãa dadalawo ƒe aƒe ɖa, ke edoa liƒo na ahosiwo. Tameɖoɖo vɔ̃ɖi enye ŋunyɔ na Yehowa; ke nya dzeto dzana le eŋku me. Amesi le zãnuxɔxɔ yome dim la, eƒe aƒe agblẽ; ke amesi lé fu adzɔxɔxɔ la, anɔ agbe.”Lododowo 15:25-27.

Esime Israel-fia la nɔ alesi míaƒo asa na mɔ̃ si ɖea ame geɖe bɔbɔe fiam mí la, egblɔ be: “Ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame, ne wòaɖo nya ŋu; ke vɔ̃ɖiwɔwɔ le dodom le ame vɔ̃ɖi nu gbẽgbẽgbẽ.” (Lododowo 15:28) Aleke gbegbee lododo sia me aɖaŋuɖoɖo xɔ asii enye si! Nya ŋu ɖoɖo tame mabumabutɔe si dona gbẽgbẽgbẽ le ame nu meɖea vi aɖeke o. Ne míebu nu vovovo siwo ate ŋu aku ɖe nya aɖe ŋuti, hekpe ɖe amewo ƒe seselelãme kple woƒe nɔnɔmewo ŋu la, ƒã hafi míagblɔ nya aɖe si ava ve mí emegbe.

Ekema, viɖe ka koŋue dona tsoa mawuvɔvɔ̃ kple lɔlɔ̃ ɖe eƒe amehehe dzi me? Fia nyanu la ɖo eŋu be: “Yehowa le adzɔge tso ame vɔ̃ɖiwo gbɔ, ke esea ame dzɔdzɔewo ƒe gbedodoɖa.” (Lododowo 15:29) Mawu vavã la le adzɔge tso ame vɔ̃ɖiwo gbɔ. Biblia gblɔ be: “Amesi ɖe to ɖa, be yemase se o la, eƒe gbedodoɖa ke hã nye ŋunyɔ.” (Lododowo 28:9) Amesiwo vɔ̃a Mawu eye wodzea agbagba be yewoawɔ nusi sɔ le eyama ŋkume la ate ŋu ate ɖe eŋu faa kple kakaɖedzi be aɖo to yewo.

Nusi “Doa Dzidzɔ na Dzi”

Esime Salomo zã nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo le mɔ si na wobua tame nu la, egblɔ be: “Mokɔkɔ doa dzidzɔ na dzi; nya nyui xɔxɔ dea ami ƒuto me.” (Lododowo 15:30) Ƒuto me “dea ami” ne ƒutomemi yɔ wo me fũ. Esia doa ŋusẽ ŋutilã bliboa katã eye wòdoa dzidzɔ na dzi. Eye dzi ƒe dzidzɔ kpɔkpɔ nana ame ƒe ŋku dzi klẽna. Dɔ sia gbegbee nya nyui xɔxɔ wɔna ɖe ame dzi!

Ðe Yehowa ƒe tadedeagu ƒe takeke le xexeame katã ŋuti nyatakakawo medoa ŋusẽ mí ŋutɔ oa? Le nyateƒe me la, nusiwo katã le dodom tso Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me nyanya doa ŋusẽ mí be míakpɔ gome geɖe wu le subɔsubɔdɔa me. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Amesiwo wɔ Yehowa woƒe Mawui hedzea nyateƒemɔa dzi zɔzɔ gɔme la ƒe agbemeŋutinyawo sese nana dzidzɔ yɔa míaƒe dzi me fũ. Eyata esi “nya nyui xɔxɔ tso duta” te ŋu doa ŋusẽ mí alea gbegbe ta la, ɖe mele vevie ŋutɔ be míana míaƒe gbeadzikɔntawo pɛpɛpɛ tso dzi blibo me oa?—Lododowo 25:25.

“Ðokuibɔbɔ Nye Xoxo na Bubu”

Esime fia nyanu la nɔ gbe tem ɖe alesi wòle vevie be woaxɔ amehehe, eɖanye mɔ ka nue woto nae o, dzi la, egblɔ be: “To, si sea mokaname agbetɔ la, nɔa nunyalawo dome. Amesi gbea amehehe la, edoa vlo eya ŋutɔ ɖokui; ke amesi sea mokaname la, adze nunya.” (Lododowo 15:31, 32) Mokaname, alo amehehe ɖoa ame ƒe dzi gbɔ heɖɔnɛ ɖo, eye wònana wòdzea nunya. Mewɔ nuku o be “ameƒoti” ye fea ‘bometsitsi ɖa le ŋutsuvi ƒe dzi ŋu’! (Lododowo 22:15) Amesi ɖoa to amehehe la ƒe dzi dzea nunya, si fia be susu nyuiwo nɔa esi. Gake toku dodo amehehe nye agbe malɔ̃malɔ̃.

Vavãe, nunya ƒe amehehe xɔxɔ le ɖokuibɔbɔ me kple dzidzɔ ɖea vi. Menye ɖeko ewɔwɔ alea nana ame ƒe dzi dzea eme, wòwɔa ŋgɔyiyi, kpɔa dzidzɔ hekpɔa dzidzedze o, ke enana bubu kple agbe hã sua esi. Lododowo 15:33 wu aɖaŋuɖoɖoa nu be: “Yehowa-vɔvɔ̃ enye amehehe, si kplɔa ame dea nunya me; ɖokuibɔbɔ nye xoxo na bubu.”

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Ne èdi be yeakpɔ Lododowo 15:1-15 ŋuti numedzodzro tsitotsito la, kpɔ July 1, 2006 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 13-16.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Aƒe si me lɔlɔ̃ xɔ aƒe ɖo nyo wu esi me nuɖuɖu damiwo bɔ ɖo fũ

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ne míaƒe ŋutetewo mede ŋgɔ o hã la, nukpɔsusu nyui ƒe mía si nɔnɔ akpe ɖe mía ŋu be sidzedze nasu mía si

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Adaŋudede nye dzeɖoɖo si me woɖea ame ƒe tamesusuwo kple seselelãmewo gblɔna le

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Ènya alesi “nya nyui xɔxɔ dea ami ƒuto me” na amea?