Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Aleke míewɔ nya be alesi woɖɔ nunya le Lododowo 8:22-31 la ku ɖe Yesu Kristo ŋu le eƒe anyinɔnɔ do ŋgɔ na eƒe amegbetɔ zuzu me?

Alesi woɖɔ nunya le gbɔgbɔ ƒe mɔfiafia te le Lododowo ƒe agbalẽa me la xlẽ be: “Yehowa wɔm menye eƒe mɔ ƒe gɔmetoto, eƒe nuwɔwɔwo ƒe gbãtɔ tso blema ke. . . . Wodzim, hafi ne woava ɖi towo ɖe agu me; medo ŋgɔ na togbɛwo. . . . Mele eteƒe, hafi wòwɔ dziƒo, . . . menye dɔnunɔla le egbɔ, nye dzeme kɔ gbesiagbe, eye mewɔ dɔ abe fefe ene le eŋku me ɣeawokatãɣi; . . . eye mekpɔ dzidzɔ le amegbetɔviwo ŋu.”

Mate ŋu anye Mawu ŋutɔ ƒe nunya alo susu me nunya dzro ko ƒe nya gblɔmee mawunyakpukpui siawo le o. Nukatae? Elabena wogblɔ le nunya si woɖɔ le afisia ŋu be ‘wowɔe,’ wònye Yehowa ƒe mɔwo ƒe gɔmetoto. Yehowa Mawu li tegbee eye wònye nunyala hã tegbee. (Psalmo 90:1, 2) Gɔmedzedze meli na eƒe nunya o; eye menye ɖe wowɔe hã o. Eye menye ɖe ‘wodzii’ hã o. Gakpe ɖe eŋu la, wogblɔ le nunya sia ŋu be eƒoa nu hewɔa nu, nusiwo nye ame ƒe nuwɔna.—Lododowo 8:1.

Lododowo ƒe agbalẽa gblɔ be nunya sia nɔ Yehowa, Wɔla la, gbɔ abe “dɔnunɔla” ene tso keke gbaɖegbe ʋĩ ke. Ðikekemanɔmee la, Yesu ŋue nya siawo ku ɖo. Ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe anyigba dzi vava la, ewɔ dɔ kplikplikpli kple Yehowa ale gbegbe be Mawu ƒe Nya la gblɔ le eyama ŋuti be: “Eyama tre dzɔdzɔ na nuwo katã, eye nuwo katã nɔa anyi le eyama me.”—Kolosetɔwo 1:17; Nyaɖeɖefia 3:14.

Mawu ƒe Vi la ɖɔɖɔ abe nunya ene la sɔ, elabena eyae nye Amesi ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo kple sedede siwo me nunya le la fia. Do ŋgɔ na Yesu ƒe amegbetɔ zuzu la, enye Mawu ƒe Nya, alo eƒe Nyanuɖela. (Yohanes 1:1) Woɖɔe be enye “Mawu ƒe ŋusẽ kple Mawu ƒe nunya.” (Korintotɔwo I, 1:24, 30) Aleke gbegbe woɖɔ Mawu ƒe Vi, amesi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ɖe amegbetɔviwo ŋu ʋãe wòtsɔ eɖokui na tafee ɖe wo ta, la wònya see nye si!—Yohanes 3:16.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

“Wodzim, hafi ne woava ɖi towo ɖe agu me”