Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

V Yehowa—Be Nàkpɔ Dzidzɔ!

V Yehowa—Be Nàkpɔ Dzidzɔ!

Vɔ̃ Yehowa​—Be Nàkpɔ Dzidzɔ!

“Woayra ŋutsu, si vɔ̃a Yehowa.”​—PSALMO 112:1.

1, 2. Nukae ate ŋu ado tso Yehowa-vɔvɔ̃ me na mí?

MELE bɔbɔe be woanye dzidzɔkpɔla o. Dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ nɔa te ɖe nyametsotso nyuiwo wɔwɔ, nusi le eteƒe wɔwɔ, kple ame ɖokui ɖeɖe ɖa tso nu vɔ̃ɖi wɔwɔ gbɔ, dzi. Mía Wɔla, Yehowa, na eƒe Nya, Biblia, mí be wòatsɔ afia alesi míanɔ agbe si me dzidzɔ vavãtɔ le la mí. Ne míedia Yehowa ƒe mɔfiame hewɔna ɖe wo dzi, si nye mawuvɔvɔ̃ vavãtɔ ɖeɖe fia la, míate ŋu akpɔ dzidzeme kple dzidzɔ vavãtɔ.—Psalmo 23:1; Lododowo 14:26.

2 Le nyati sia me la, míadzro Biblia me kpɔɖeŋu kple egbegbe tɔ siwo ɖee fia be mawuvɔvɔ̃ vavãtɔ doa ŋusẽ ame be wòanɔ te ɖe nuvɔ̃ ƒe dzodzrowo nu, eye wònana hã be wowɔa nusi le eteƒe. Míava kpɔe le nyati sia me be, mawuvɔvɔ̃ nana míekpɔa dzidzɔ to alesi wòkpena ɖe mía ŋu míewɔa ɖɔɖɔɖo ne míeɖe afɔ gbegblẽ aɖe, abe alesi wònɔ na Fia Dawid ene. Míava kpɔe hã be Yehowa-vɔvɔ̃ nye domenyinu xɔasi aɖe si dzilawo ate ŋu ana wo viwo. Le nyateƒe me la, Mawu ƒe Nya la na kakaɖedzi mí be: “[Dzidzɔtɔe nye] ŋutsu, si vɔ̃a Yehowa.”—Psalmo 112:1.

Dzidzɔ si Bu Ðe Ame Kpɔkpɔ Ake

3. Nukae kpe ɖe Dawid ŋu wòtrɔ tso eƒe nuvɔ̃wo me?

3 Abe alesi míedzro eme le nyati si va yi mee ene la, Dawid do kpo mawuvɔvɔ̃ si sɔ ɖeɖe fia zi etɔ̃ sɔŋ hewɔ nuvɔ̃. Ke hã, alesi wòwɔ nu ɖe Yehowa ƒe tohehe ŋu ɖee fia be enye amesi vɔ̃a Mawu ŋutɔ. Eƒe Mawu vɔvɔ̃ kple bubu deto dede eyama ŋu ʋãe wòlɔ̃ ɖe edzi be yewɔ nuvɔ̃, heɖɔ eƒe afɔɖeɖe gbegblẽa ɖo, eye wòɖe afɔ siwo na woa kple Yehowa dome ƒomedodoa gaɖɔ ɖo. Togbɔ be eƒe vodadawo he fukpekpe va woa kple ame bubuwo dzi hã la, alesi wòtrɔ dzime bliboe wɔe be Yehowa gakpe ɖe eŋu heyrae. Dawid ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu ade dzi ƒo na Kristotɔ siwo adze nuvɔ̃ gãwo me egbea hã.

4. Aleke mawuvɔvɔ̃ ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be wòagakpɔ dzidzɔ ake?

4 Bu Sonja ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. * Togbɔ be Sonja nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla hã la, eƒo eɖokui ɖe hadede vɔ̃ me, eye wòva nɔ agbe si medze na Kristotɔ o, eye woɖee le Kristo-hamea me. Esi Sonja va nyɔ le eɖokui me la, ewɔ nusianu si hiã tsɔ ɖɔ woa kple Yehowa dome ƒomedodoa ɖo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wogaxɔe ɖe hamea me. Le nusiawo katã me la, didi si nɔ Sonja me be yeasubɔ Yehowa nu metsi o. Mlɔeba, egava te gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ. Emegbe eva ɖe Kristotɔ hamemegã kpɔɖeŋunyuiɖola aɖe, eye woa kplii wole subɔsubɔm fifia ɖekae le woƒe hamea me. Togbɔ be Sonja sea veve be yetra ɖa ɣeyiɣi aɖe tso Kristotɔwo ƒe mɔa dzi hã la, dzi dzɔe be yeƒe mawuvɔvɔ̃ wɔe be ƒomedodo nyui gava ɖo ye kple Yehowa dome.

Fukpekpe Nyo Wu Nuvɔ̃wɔwɔ

5, 6. Gblɔ alesi Dawid gbe Saul wuwu zi eve sɔŋ kple nusitae wògbe ɖo.

5 Gake enyo sasasã be míana mawuvɔvɔ̃ nakpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na nuvɔ̃ wɔwɔ, wu be míawɔ nuvɔ̃a vɔ hafi atrɔ dzime. Esia nye nyateƒe le Dawid gome. Gbeɖeka, esi Saul tsɔ aʋakɔ si me asrafo akpe etɔ̃ nɔ ti Dawid yome la, eyi ɖe agado aɖe me—afisi tututu Dawid kple eƒe amewo be ɖo. Dawid ƒe amewo ƒoe ɖe enu be wòawu Saul. Menye ɖe Yehowa tsɔ amesi nɔ Dawid ƒe ku dim la de asi nɛ enye ma oa? Dawid wɔ dzaa te ɖe Saul ŋu helã eƒe awu ʋlaya nu. Esi wònye be Dawid vɔ̃a Mawu ta la, nusia ɖeɖe dzaa ko wɔwɔ hã ɖe fu na eƒe dzitsinya vevie. Dawid gbe nya na eƒe amewo gblɔ bena: “Nede megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be, mawɔ nusia ɖe nye aƒetɔ, si nye Yehowa ƒe amesiamina la ŋu ahade asi eŋu, elabena Yehowa ƒe amesiamina wònye.” *Samuel I, 24:1-7.

6 Ɣebubuɣi la, Saul kple eƒe aʋakɔa ƒu asaɖa anyi le zã me, eye ‘Yehowa na wodɔ alɔ̃ yi eme ʋĩ.’ Dawid kple eƒe nyruiyɔvi Abisai, si nye kalẽtɔ, wɔ dzaa ge ɖe asaɖa la me yi ɖe eƒe titina ke heva tɔ ɖe Saul gbɔ tututu wònɔ alɔ̃ dɔm. Abisai di be yeawui zi ɖeka ko nevɔ. Gake Dawid gbe na Abisai hebiae be: “Ameka ade eƒe asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu, eye woagbe tohehe nɛa?”—Samuel I, 26:9, 12.

7. Nukae kpe ɖe Dawid ŋu wòƒo asa na nuvɔ̃ wɔwɔ?

7 Nukatae Dawid gbe Saul wuwu togbɔ be mɔnukpɔkpɔ su esi zi eve sɔŋ hafi? Elabena evɔ̃a Yehowa wu alesi wòvɔ̃a Saul. Mawuvɔvɔ̃ vavãtɔ na be Dawid nɔ klalo be yeakpe fu ne ehiã tsɔ wu be yeawɔ nuvɔ̃. (Hebritɔwo 11:25) Eka ɖe alesi Yehowa léa be na Eƒe amewo kple alesi wòléa be na eyama ŋutɔ hã dzi bliboe. Dawid nya be toɖoɖo Mawu kple ŋuɖoɖo ɖe eyama ŋu ana yeakpɔ dzidzɔ ahakpɔ yayra geɖe, gake tomaɖomaɖo Mawu awɔe be makpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu o. (Psalmo 65:5) Dawid nya hã be Mawu awɔ eƒe ŋugbe si wòdo be yeaɖo ye fiae la dzi eye aɖe Saul ɖa le Eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi kple mɔ si sɔ nɛ dzi.—Samuel I, 26:10.

Mawuvɔvɔ̃ Hea Dzidzɔ Vɛ

8. Aleke alesi Dawid wɔ nui le nɔnɔme sesẽwo me nye kpɔɖeŋu na míi?

8 Esi míenye Kristotɔwo ta la, míate ŋu akpɔ mɔ be woaɖu fewu le mía ŋu, ati mía yome, eye tetekpɔ bubuwo ate ŋu ava mía dzi. (Mateo 24:9; Petro II, 3:3) Ɣeaɖewoɣi la, nɔnɔme sesẽ siwo me míato ate ŋu atso mía hati tadeagulawo gbɔ. Ke hã, míenya be Yehowa kpɔa nuwo katã, esea míaƒe gbedodoɖawo, eye akpɔ nyawo gbɔ le ɣeyiɣi si sɔ me le eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu nu. (Romatɔwo 12:17-21; Hebritɔwo 4:16) Eyata le esi teƒe be míavɔ̃ amesiwo tsia tre ɖe mía ŋu la, míevɔ̃a Mawu eye míekpɔa mɔ nɛ be wòaɖe mí. Abe Dawid ene la, míebiaa hlɔ̃ na mía ɖokui loo alo ɖea asi le gɔmeɖose dzɔdzɔewo ŋu be míaƒo asa na fukpekpe o. Mlɔeba la, ehea dzidzɔ vɛ. Gake le mɔ ka nu?

9. Gblɔ alesi mawuvɔvɔ̃ ate ŋu ahe dzidzɔ vɛ togbɔ be woati mía yome hã ƒe kpɔɖeŋu ɖeka.

9 Dutanyanyuigblɔla aɖe si subɔ le Afrika ɣeyiɣi didi aɖe la gblɔ be: “Mebua vidada aɖe kple vianyɔnuvi, amesiwo gbe be yewomaƒle dunyahehamenɔnɔ ƒe dzesidegbalẽvi o, le woƒe Kristotɔwo ƒe akpa aɖeke dzi mademade ta, la ŋu. Ŋutsuwo ƒe ha aɖe ƒo wo vevie heɖe asi le wo ŋu be woayi aƒeme. Esi wodzo yina la, vinɔa te kpɔ be yeafa akɔ na vianyɔnuvi, si nɔ avi fam, le esi mese nusitae nusia dzɔ ɖe wo dzi ɖo gɔme o ta. Le ɣemaɣi la, dzi medzɔ wo o, gake dzitsinya nyui nɔ wo si. Emegbe dzi dzɔ wo vevie be yewoɖo to Mawu. Ne ɖe woƒle agbalẽviawo la, anye ne ameha la akpɔ dzidzɔ ŋutɔ. Ameawo ana wo ahaviviwo ahakplɔ wo kple ɣeɖuɖu ayi aƒemee. Gake anye ne nyɔnuvia kple dada ya, esi woanyae be yewogbe nu le yewoƒe xɔse gbɔ ta la, yewoe nye amesiwo ƒe nu wɔ nublanui wu le xexeame.” Gake woƒe mawuvɔvɔ̃ kpe ɖe wo ŋu be woƒo asa na dzitsinya ƒe fuɖename mawo.

10, 11. Nu nyui kawoe do tso nyɔnu aɖe ƒe mawuvɔvɔ̃ me?

10 Mawuvɔvɔ̃ ɖeɖe fia hea dzidzɔkpɔkpɔ vɛ ne míele akɔ kpem kple tetekpɔ siwo do ƒome kple bubudede agbe ƒe nu kɔkɔenyenye ŋu. Esi Mary fɔ eƒe vi etɔ̃lia ƒe fu la, eƒe ɖɔkta ƒoe ɖe enu vevie be wòaɖe fua. Ðɔktaa gblɔ nɛ be, “Wò agbe le afɔku me. Dɔ sesẽ ate ŋu adze dziwò ɣesiaɣi eye nàku le ŋkeke ɖeka ko me. Viwòa hã aku kpli wò. Eɖanye aleke kee nuwo va yii o, kakaɖedzi aɖeke meli be vidzĩa anɔ nyuie o.” Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kple Mary gake mekpɔ xɔ nyɔnyrɔ o. Mary gblɔ be: “Togbɔ be ele alea hã, metiae be masubɔ Yehowa eye meɖoe kplikpaa be maɖo to eyama eɖanye nukae adzɔ o.”—Mose II, 21:22, 23.

11 Le Mary ƒe fufɔɣia la, eyi edzi lé fɔ ɖe Biblia sɔsrɔ̃ kple beléle na eƒe ƒomea ŋu. Mlɔeba la, eva dzi via. Mary gblɔ be: “Vidzidzi sia sẽ nam vie wu eve gbãtɔawo, gake nɔnɔme sesẽ aɖeke medo mo ɖa o.” Mawuvɔvɔ̃ kpe ɖe Mary ŋu be wòlé dzitsinya nyui me ɖe asi eye eteƒe medidi o eva xɔ nyɔnyrɔ. Esi ɖevi ma tsi la, eya hã srɔ̃ Yehowa-vɔvɔ̃ eye wòle subɔsubɔm fifia le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo dometɔ ɖeka.

‘Tsɔ Yehowa Do Ŋusẽ Ðokuiwò’

12. Aleke mawuvɔvɔ̃ do ŋusẽ Dawid?

12 Menye ɖeko Yehowa-vɔvɔ̃ kpe ɖe Dawid ŋu wòƒo asa na nuvɔ̃ wɔwɔ o, ke eɖe vi bubu geɖe hã nɛ. Edo ŋusẽe be wòawɔ nu kpata nunyatɔe le nɔnɔme sesẽwo me. Dawid kple eƒe amewo yi ɖaɣla wo ɖokui le Ziklag, le Filistitɔwo ƒe anyigba dzi tso Saul nu ƒe ɖeka kple ɣleti ene sɔŋ. (Samuel I, 27:5-7) Gbeɖeka, esi Dawid kple eƒe amewo menɔ aƒe o la, Amalekitɔwo ƒe adzohawo va tɔ dzo dua hekplɔ ŋutsuawo srɔ̃wo katã kple ɖeviwo kpakple lãhawo dzoe. Esi Dawid kple eƒe amewo gbɔ va kpɔ nusi dzɔ la, wofa avi vevie. Kasia woƒe nuxaxaa trɔ zu dziku, eye Dawid ƒe amewo di be yewoaƒu kpe eyama. Togbɔ be Dawid nɔ nu xam hã la, mebu mɔkpɔkpɔ o. (Lododowo 24:10) Eƒe mawuvɔvɔ̃ ʋãe be wòtrɔ ɖe Yehowa ŋu eye ‘wòtsɔ eƒe Mawu, Yehowa, do ŋusẽ eɖokui.’ Le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, Dawid kple eƒe ameawo yi ɖatu Amalekitɔawo le mɔa dzi eye wogbugbɔ nusianu xɔ le wo si.—Samuel I, 30:1-20.

13, 14. Aleke mawuvɔvɔ̃ kpe ɖe Kristotɔ aɖe ŋu wòwɔ nyametsotso nyuiwo?

13 Mawusubɔla siwo li egbea hã doa go nɔnɔme sesẽ siwo me wòhiãna le be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ahawɔ nu kpata dzideƒotɔe. Bu Kristina ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Yehowa Ðasefowo srɔ̃ Biblia kple Kristina esime wònye sɔhɛ. Gake edi be yeava zu saŋkuƒola le fefewɔƒewo, eye wòwɔ ŋgɔyiyi geɖe le go sia me. Gawu la, ekpea ŋu nɛ be wòawɔ nyanyuigbɔgblɔdɔa eye le esia ta, enɔ vɔvɔ̃m na agbanɔamedzi siwo nyɔnyrɔxɔxɔ ada ɖe edzi. Esi Kristina yi Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ dzi la, eva le dzesi dem eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi. Enɔ alesi wòavɔ̃ Yehowae srɔ̃m, eye eva de dzesii be Yehowa dina tso esubɔlawo si be woalɔ̃ ye kple woƒe dzi, tamesusu, luʋɔ, kple ŋusẽ blibo. (Marko 12:30) Esia ʋãe be wòtsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ.

14 Kristina bia Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu yeawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi. Kristina gblɔ be: “Menyae be ebiana be fefewɔla siawo nanɔ mɔ zɔm edziedzi eye amewo ate ŋu ahaya mí zi 400 sɔŋ le ƒea me. Le esia ta metso nya me be manye nufiala boŋ ale be wòakpe ɖe ŋunye le nye ganyawo gbɔ kpɔkpɔ me, be mate ŋu asubɔ abe ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla ene.” Le ɣemaɣi la, wokpe Kristina xoxo be wòava ƒo saŋku zi gbãtɔ le dukɔa ƒe fefewɔƒe gã. Egblɔ be: “Nye saŋku ƒoƒo le fefewɔƒe zi gbãtɔ sia ye nye gbãtɔ kple mamlɛtɔ.” Emegbe Kristina va ɖe Kristotɔ hamemegã aɖe. Woa kplii wole subɔsubɔm fifia le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo dometɔ ɖeka. Ekpɔ dzidzɔ be Yehowa do ŋusẽ ye be yewɔ nyametsotso nyuitɔ, eye be yeate ŋu azã yeƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ katã le eyama subɔsubɔ me azɔ.

Domenyinu Xɔasi Aɖe

15. Domenyinu kae Dawid di be yeana viawo, eye aleke wòwɔ esiae?

15 Dawid ŋlɔ bena: “Viwo, miva, milé to ɖe ŋunye, ne mafia Yehowa-vɔvɔ̃ mi!” (Psalmo 34:12) Abe vifofo ene la, Dawid di be yeana domenyinu xɔasi aɖe—si nye Yehowa-vɔvɔ̃ vavãtɔ—nasu ye viwo si. Dawid to nya kple nuwɔna me ɖee fia be Yehowa nye Fofo si lɔ̃a ame, léa be na ame, tsɔ nuvɔ̃ kena via siwo le anyigba dzi, ke menye amesi dia nusi wua ame ƒe ŋutete tso ame si o, eye menye Mawu si doa ŋɔdzi na ame alo nɔa ŋudzɔ be yeahe to na ame le eƒe se ɖesiaɖe si dzi woada ta o. Dawid bia be, ‘Dzidadawo la, amekae ate ŋu anɔ ŋku lém ɖe wo ŋu?’ Eye esi wònɔ eɖem fia be yeka ɖe edzi be Yehowa menɔa adeklo dzi nɔa ŋku lém ɖe míaƒe vodadawo ŋu tsitotsito o la, egblɔ kpee be: “Tso nam le dzidada ɣaɣlawo me!” To vovo na ema la, Dawid ka ɖe edzi be ne yewɔ yeƒe ŋutete ɖesiaɖe le nu nyui wɔwɔ me la, yeƒe nyagbɔgblɔwo kple tamesusuwo adze Yehowa ŋu.—Psalmo 19:13, 15.

16, 17. Aleke dzilawo ate ŋu afia Yehowa-vɔvɔ̃ wo viwoe?

16 Dawid nye kpɔɖeŋu na dzilawo egbea. Ralph, amesi kple nɔviaŋutsu wole subɔsubɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe la, gblɔ be: “Mía dzilawo nyi mí le mɔ si wɔe be nyateƒea me nɔnɔ doa dzidzɔ na mí la nu. Esime míenɔ ɖevime la, woɖea mɔ míeɖoa dze kpli wo ku ɖe hamea ƒe dɔwɔnawo ŋu, eye ena míekpɔa dzidzɔ le nyateƒea ŋu abe woawo ke ene. Wonyi mí le mɔ si wɔe be míexɔe se be míate ŋu awɔ nu nyuiwo le Yehowa subɔsubɔ me la nu. Le nyateƒe me la, míaƒe ƒomea nɔ dukɔ aɖe si me wohiã Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo le vevie la me, eye míekpe asi ɖe hame yeyewo ɖoɖo ŋu.

17 “Nusi kpe ɖe mía ŋu míelé nuteƒewɔwɔ me ɖe asie nye enyanya be mía dzilawo kpɔ kakaɖedzi be Yehowa nye ame ŋutɔŋutɔ, amesi nyoa dɔme eye wònyo ale gbegbe, ke menye ɖe mía dzilawo de se sesẽ gbogbo aɖewo na mí tae o. Wodi be yewoanya Yehowa nyuie wu ahadze eŋu, eye míesrɔ̃ nu tso woƒe mawuvɔvɔ̃ vavãtɔ kple alesi wolɔ̃e me. Ne míewɔ nu gbegblẽ aɖe kura gɔ̃ hã la, mía dzilawo menana míesena le mía ɖokui me be Yehowa megalɔ̃ mí azɔ o; eye womedoa dziku xea mɔ na mí le nanewo ŋu madzemadzee o. Zi geɖe la, wonana míenɔa anyi eye woƒoa nu na mí, ɣeaɖewoɣi la, aɖatsi nɔa mo na Dada esime wònɔa agbagba dzem be yeaɖo míaƒe dzi gbɔ. Eye eƒe agbagbadzedzea mezu dzodzro o. Míesrɔ̃e tso mía dzilawo ƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo me be Yehowa-vɔvɔ̃ nye nu nyui aɖe, eye, be woanye eƒe Ðasefo nye nusi nana wokpɔa dzidzɔ hesea vivi, ke menye agbae o.”—Yohanes I, 5:3.

18. Nukawoe míakpɔ tso Mawu vavã la vɔvɔ̃ me?

18 Míexlẽe le “Dawid ƒe nya mamlɛawo” me be: “Amesi ɖu amegbetɔwo dzi dzɔdzɔe kple amesi ɖu dzi le mawuvɔvɔ̃ me la, le abe alesi ŋdi kɔna, ne ɣe dze ene.” (Samuel II, 23:1, 3, 4) Edze ƒã be Dawid vi, Salomo, amesi va ɖu fia ɖe eyome, kpɔ nunya si le nya sia me dze sii, elabena ebia Yehowa be wòana “dzi nyanu” kple ŋutete ye be yeate ŋu ade “vovo nyui kple vɔ̃ dome.” (Fiawo I, 3:9) Salomo de dzesii be Yehowa-vɔvɔ̃e nye mɔ si me nunya le kple esi nana wokpɔa dzidzɔ. Emegbe eƒo Nyagblɔla ƒe agbalẽa ta kple nya siawo be: “Mina míase nyaawo katã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ! Elabena Mawu le nuwɔwɔwo katã, siwo ɣla la, he ge ava ʋɔnui, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.” (Nyagblɔla 12:13, 14) Ne míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi la, míakpɔe le nyateƒe me be “fetu [si míakpɔ] tso ɖokuibɔbɔ kple Yehowa-vɔvɔ̃ me” menye nunya kple dzidzɔkpɔkpɔ ɖeɖeko o, ke boŋ “kesinɔnu, bubu kple agbe” hãe.—Lododowo 22:4.

19. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase “Yehowa-vɔvɔ̃” gɔme?

19 Míekpɔe tso Biblia me kpɔɖeŋuwo kple egbegbetɔwo me be, mawuvɔvɔ̃ si sɔ ɖea vi na Yehowa subɔla vavãwo. Menye ɖeko vɔvɔ̃ sia tɔgbe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na nusi madze mía Fofo si le dziƒo la ŋu wɔwɔ o, ke boŋ ate ŋu ana dzideƒo mí ne míedo go tsitretsiɖeŋulawo, eye ate ŋu ado ŋusẽ mí be míado dzi le dodokpɔwo kple nɔnɔme sesẽwo me dzidzedzetɔe. Eyata, mina mí katã, tsitsiawo kple ɖeviwo siaa, míayi edzi ado vevie nu le Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃, ŋugble dede le nusi míesrɔ̃ ŋu, kple tete ɖe Yehowa ŋu edziedzi le gbedodoɖa me, me. Ne míewɔe alea la, menye ɖeko “sidzedze Mawu” asu mía si o, ke boŋ míase “Yehowa-vɔvɔ̃” hã gɔme.—Lododowo 2:1-5.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Míetrɔ ŋkɔawo.

^ mm. 5 Esia ate ŋu anye nusiwo dzɔ ɖe Dawid dzi dometɔ ɖeka si ʋãe wòŋlɔ Psalmo 57 kple 142 lia.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

Aleke mawuvɔvɔ̃

• akpe ɖe ame ŋu be wòatrɔ dzime tso nuvɔ̃ gãwo me?

• nana wokpɔa dzidzɔ le tetekpɔ kple yometiti me gɔ̃ hã?

• doa ŋusẽ mí be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nui?

• anye domenyinu xɔasi aɖe na mía viwo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Yehowa-vɔvɔ̃ kpe ɖe Dawid ŋu be mewu Fia Saul o

[Nɔnɔmetata siwo le axa 29]

Mawuvɔvɔ̃ nye domenyinu xɔasi si dzilawo ate ŋu ana wo viwo