Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ekema kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

• Alekee Yesu axɔ na ame dahewo abe alesi wogblɔe ɖi le Psalmo 72:12 ene?

Le eƒe dziɖuɖu te la, woatso afia dzɔdzɔe na amesiame, eye nufitifitiwɔwɔ maganɔ anyi o. Aʋawɔwɔwo gbɔe ahedada si xɔ aƒe ɖe xexea me la ƒe akpa gãtɔ tsona, gake Kristo ana ŋutifafa naxɔ aƒe ɖe anyigba bliboa dzi. Ame ƒe nu wɔa nublanui nɛ eye ana amewo katã azu ƒome ɖeka, eye wòakpɔ egbɔ be nuɖuɖu bɔ na ameƒomea. (Psalmo 72:4-16)—5/1, axa 7.

• Go kawo mee míate ŋu ‘aƒo nu kple dzideƒo,’ abe Kristotɔwo ene, le? (Timoteo I, 3:13; Filemon 8; Hebritɔwo 4:16)

Míate ŋu awɔ esia to nyanyuia gbɔgblɔ veviedodotɔe, nufiafia kple aɖaŋu nyui ɖoɖo kaba, kpakple míaƒe dzimenyawo gbɔgblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me kple kakaɖedzi be aɖo to mí eye wòawɔ míaƒe didiwo dzi na mí me.—5/15, axa 14-16.

• Nukatae Mose ƒe Sea gblɔ be vidzinuwo ƒe dɔwɔwɔ aɖewo ana ‘ame ŋu makɔ o’?

Se siwo wode ku ɖe nusiwo nana ame ŋu mekɔna o abe ŋutsu ƒe tsinyenye, nyɔnu ƒe gbɔtotsitsi, kple vidzidzi ene ŋu la na dzadzɛnyenye kple lãmesẽnyawo nyo ɖe edzi, eye wote gbe ɖe ʋu ƒe nu kɔkɔenyenye dzi, hena alesi wòhiã be woalé avu ɖe nuvɔ̃wo ta la dze ƒãa.—6/1, axa 31.

Ne ame aɖe di be yeakpɔ dzidzɔ la, nukatae wòanyo be wòanɔ Psalmowo ƒe agbalẽa xlẽm ɖo?

Amesiwo ŋlɔ Psalmowo nyae kɔte be ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawue nana wokpɔa dzidzɔ. (Psalmo 112:1) Wona eme kɔ ƒãa be ame nɔewo dome ƒomedodo, ŋutilãmenunɔamesiwo, kple nusiwo ame ŋutɔ te ŋu wɔ la dometɔ aɖeke mate ŋu ana woakpɔ dzidzɔ si “dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye” la me tɔ nyenye nana wokpɔna la o. (Psalmo 144:15)—6/15, axa 12.

• Ƒomedodo tɔxɛ kae nɔ Yehowa kple blema Israel-viwo dome?

Le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me la, Yehowa wɔ nubabla aɖe kple Israel-viwo, si na ƒomedodo yeye aɖe va ɖo wo dome. (Mose II, 19:5, 6; 24:7) Le ema megbe la, Yehowa tia Israel-viwo be woanye dukɔ ɖe adzɔgbe na ye. Ke hã, ele na Israel-vi ɖesiaɖe be eya ŋutɔ natiae be yeasubɔ Mawu.—7/1, axa 21-2.

• Nukata wòle be míawɔ nuwo katã ‘liʋiliʋilili manɔmee’? (Filipitɔwo 2:14)

Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu geɖewo ɖee fia be liʋiliʋilili gblẽ nu le Mawu ƒe amewo ŋu. Eyata anyo be míade ŋugble nyuie le alesi wòate ŋu agblẽ nu egbeae ŋu. Nyatoƒoe nya tona na ame madeblibowo bɔbɔe, eyata ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe nɔnɔme sia ƒe dzesi ɖesiaɖe ŋu ahatsrii.—7/15, axa 16-17.

• Aleke míewɔ nya be menye aɖaŋu si nɔa tagbɔ na ame ye nunya si ƒe nya wogblɔ le Lododowo 8:22-31 la nye o?

‘Wowɔ’ nunya sia wònye Yehowa ƒe mɔwo ƒe gɔmetoto. Mawu li tso tititi ke eye nunya hã le esi xoxoxo; menye nuwɔwɔe eƒe nunya nye o. Nunya si ƒe nya wogblɔ le Lododowo 8:22-31 la nɔ Mawu gbɔ abe “dɔnunɔla” ene, eyata gbɔgbɔmeme si va zu Yesu, amesi wɔ dɔ kplikplikpli kple Mawu le nuwo wɔwɔ me la, ƒe nya gblɔmee wole. (Kolosetɔwo 1:17; Nyaɖeɖefia 3:14)—8/1, axa 31.