Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Fafawo Anyi Anyigba la Dome

Ame Fafawo Anyi Anyigba la Dome

Ame Fafawo Anyi Anyigba la Dome

“Mele esusum be woava trɔ xexeame eye woagagbugbɔ nusianu aɖo eteƒe. . . . Menye le etsɔ ŋdi o, ke boŋ le keke etsɔme ʋĩ ke, esime woawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye aɖe.”—Jean-Marie Pelt, nutomeŋutinunyala bibi si tso France.

ESI WÒNYE be nutome kple hadome ƒe nɔnɔme siwo le anyigba dzi ɖea fu na ame geɖe ŋutɔ ta la, adzɔ dzi na wo be woakpɔ anyigba sia wòazu paradiso. Menye míaƒe ɣeyiɣia me ƒe drɔ̃e dzro aɖe koe didi vevi sia nye o. Tso tititi kee Biblia do ŋugbe be woava trɔ anyigbaa wòazu paradiso. Nya siwo Yesu gblɔ be “ame fafawo . . . anyi anyigba la ƒe dome,” kple be “woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene” la nye nya siwo ame geɖe nya nyuie le Ŋɔŋlɔawo me. (Mateo 5:5; 6:10) Gake ame ʋɛ aɖewo koe xɔ edzi se be anyigbaa ava zu paradiso eye ame fafawo anɔ edzi. Ame akpa gãtɔ siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la mexɔe se be anyigbaa ava zu paradiso o.

Magazine si nye La Vie, si wotana le France kwasiɖa sia kwasiɖa, ɖe nusitae Katolikotɔwo megava xɔ paradiso—eɖanye le dziƒo loo alo le anyigba dzi o—dzi se o la me ale: “Esi paradiso ŋuti nufiafia xɔ anyinɔ ɖe Katolikohaa me ƒe 1,900 ya teti vɔ megbe la, womegava ƒoa nu tso eŋu kuraa le woƒe gbedoɖaƒe wɔnawo, mawunya siwo wogblɔna le sɔleme kwasiɖagbewo, nusiwo wofiana le osɔfosukuwo kple le katekismowo me o.” Wotsɔ nyagbe, paradiso, la ŋutɔ gɔ̃ hã de “nya siwo gɔme womate ŋu ase o, kple nya manyatalenu” siwo me “do viviti” la dome. Mawunyagblɔla aɖewo gblɔ be “gɔmesese si le nyagbea ŋu la nana wòdzena be dzidzɔkpɔkpɔ ava nɔ anyigba dzi fũ akpa,” eye le esia ta, woɖoe koŋ gbe ezazã.

Frédéric Lenoir, amesi nye hadomegbenɔnɔŋutinunyala eye wògabi le mawusubɔsubɔ ŋuti nyawo hã me la, gblɔ be paradiso ŋuti nufiafiaa “ti tome na ame, eye gɔmesese aɖeke megava le eŋu o.” Jean Delumeau, amesi nye ŋutinyaŋlɔla eye wòŋlɔ agbalẽ geɖe ku ɖe paradiso ŋu la, hã susui be kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo sɔŋ koe Biblia me ŋugbedodowo nye. Eŋlɔ bena: “Le Kristotɔwo ƒe dzixɔse nu la, biabia si nye be: ‘Aleke Paradiso si ŋugbe wodo la ava emee?’ ƒe ŋuɖoɖoe nye be: Drɔ̃enya koe wòanye be to Ðela la ƒe tsitretsitsia dzi la, mí katã míava wɔ ɖeka gbeɖeka ahafa dzidzɔvi.”

Ðe wòsɔ be míaganɔ mɔ kpɔm na Paradisoa kokokoa? Aleke tututue etsɔme anɔ? Ðe míate ŋu agblɔ nya aɖe tso ameƒomea ƒe etsɔme ŋua, alo míate ŋui o? Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia siawo ŋu.