Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzidola Kple Nuteƒewɔlae Hiob Nye

Dzidola Kple Nuteƒewɔlae Hiob Nye

Dzidola Kple Nuteƒewɔlae Hiob Nye

“Èlé ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Elabena enye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi, eye ame aɖeke mede enu le anyigba dzi o.”—HIOB 1:8.

1, 2. (a) Afɔku kawoe dzɔ ɖe Hiob dzi le vome? (b) Ameka ƒomevie Hiob nye hafi afɔkuawo dzɔ ɖe edzi?

AME aɖe nɔ anyi kpɔ si si kesinɔnuwo, ɖoƒe si ŋu bubu le, lãmesẽ, kple ƒome kpɔdzidzɔ nɔ—míagblɔe ko be nusianu kloe nɔ esi. Gbeɖeka la, afɔku etɔ̃ dzɔ ɖe eyama dzi tsiã ɖe wo nɔewo nu. Eƒe kesinɔnuwo dome gblẽ. Emegbe ya ʋuduʋudu aɖe ƒo hewu viawo. Le esia megbe kpuie la, ƒoƒoe vɔ̃ɖiwo ƒo eyama tso tame vaseɖe afɔƒome. Ðewohĩ ànya zi ɖeka be Hiob, amesi koŋ ŋu woƒo nu tsoe le Biblia-gbalẽ si wotsɔ eƒe ŋkɔ na me lae míewɔnɛ.—Hiob, ta 1 kple 2.

2 Efa konyi be: “Oo, ɖe wòanɔ nam abe dzinu tsãtɔwo . . . ene.” (Hiob 3:3; 29:2) Ðe ame aɖe agblɔ be ne afɔku dzɔ ɖe ye dzi la, yemeɖoa ŋku gbaɖegbe dzi oa? Le Hiob gome la, enɔ agbe ɖɔʋu eye edze abe naneke meɖea fu nɛ o ene. Ame ŋkutawo dea bubu eŋu hebiaa aɖaŋuɖoɖo tso egbɔ. (Hiob 29:5-11) Kesinɔnuwo nɔ esi, gake ga mebiãa ŋu nɛ o. (Hiob 31:24, 25, 28) Ne ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo te ɖe eŋu la, ekpena ɖe wo ŋu. (Hiob 29:12-16) Eye ewɔa nuteƒe na srɔ̃a.—Hiob 31:1, 9, 11.

3. Alekee Yehowa bu Hiob?

3 Hiob nɔ agbe fɔmaɖimaɖitɔe elabena enye Mawu subɔla. Yehowa gblɔ be, “Ame aɖeke mede enu le anyigba dzi o,” eye be “enye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.” (Hiob 1:1, 8) Togbɔ be Hiob nye agbe ɖɔʋu nɔla hã la, afɔkuwo va gblẽ eƒe dzidzeme la me. Agbagba siwo katã wòdze le agbe me la dome gblẽ zi ɖeka, eye vevesese, nuxaxa, kple dziɖeleameƒo do eƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ.

4. Nukatae wòanyo be míade ŋugble le nublanuinya siwo dzɔ ɖe Hiob dzi la ŋu?

4 Le nyateƒe me la, menye Hiob ɖeka koe nye Mawu subɔla si ƒe nuwo dome gblẽ o. Nusiawo tɔgbe dzɔ ɖe Kristotɔ geɖewo hã dzi. Le esia ta, asɔ be míade ŋugble le nyabiase eve siawo ŋu be: Aleke ŋkuɖoɖo nublanuinya siwo dzɔ ɖe Hiob dzi la dzi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nui? Eye aleke woate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míase veve ɖe amesiwo le fu kpem la nui?

Nuteƒewɔwɔ Kple Fɔmaɖimaɖi ƒe Dodokpɔ La

5. Nukae Satana gblɔ be eyatae Hiob subɔa Mawu ɖo?

5 Hiob ƒe nya ya le vovo kuraa. Le Hiob ƒe manyamanya me la, Abosam tsɔ nya ɖe nusitae wòsubɔa Mawu ɖo la ŋu. Esi Yehowa ƒo nu tso Hiob ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu le mawudɔlawo ƒe takpekpe aɖe me le dziƒo la, Satana ɖo eŋu be: “Ðe menye wòe tɔ kpɔ ɖe eya ŋutɔ kple eƒe nuwo katã ŋu godoo oa?” Satana to nya sia dzi ɖee fia be nusiwo Mawu naa Hiob—kple Mawu subɔlawo katã hã—tae wosubɔnɛ ɖo. Egblɔ na Yehowa be: “Do asi ɖa, ne nàde asi nusiwo katã le esi la ŋu kpɔ, be magbe wò nya ɖe ŋkuwò me keŋ oa?”—Hiob 1:8-11.

6. Nya vevi kae Satana fɔ ɖe te?

6 Nya gã aɖee nye ma. Satana tsɔ nya ɖe alesi Yehowa ɖua eƒe nuwɔwɔwo dzii ŋu. Ðe Mawu ate ŋu aɖu xexeame katã dzi lɔlɔ̃tɔea? Alo, abe alesi Satana gblɔe ene la, ɖe wòava dze abe nusiwo Mawu naa amewo tae wosubɔnɛ ɖo enea? Esi Yehowa ka ɖe Hiob ƒe fɔmaɖimaɖi kple nuteƒewɔwɔ dzi la, eɖe mɔ na Satana be wòadoe kpɔ ne yewoakpɔ. Eyata Satana ŋutɔ he afɔkuwo va Hiob dzi tsya ɖe nu. Esi Satana mete ŋu kpe Hiob dzi le edzi dzedze gbãtɔawo me o la, ekplɔ dɔléle sesẽ aɖe ƒui. Abosam gblɔ be: “Ŋutigbalẽ ɖe ŋutigbalẽ teƒe, eye amegbetɔ atsɔ nusiwo katã le esi la, ana ɖe eƒe agbe ta.”—Hiob 2:4.

7. Mɔ kawo nu Mawu subɔlawo toa tetekpɔ siwo le abe Hiob tɔ ene me le egbea?

7 Togbɔ be Kristotɔ akpa gãtɔ mekpea fu egbea wòdea alesi Hiob kpee nu o hã la, wotoa xaxa ƒomevi vovovowo me. Yometiti alo ƒomekuxiwo ɖe kpe na wo dometɔ geɖe. Gakuxiwo alo lãmegbegblẽ te ŋu ɖea fu na wo dometɔ aɖewo. Wo dometɔ aɖewo ku le woƒe dzixɔsewo ta. Le nyateƒe me la, mele be míatsɔe be Satana ŋutɔe hea afɔku siwo katã dzɔna ɖe mía dzi la vɛ o. Elabena mía ŋutɔwo ƒe vodadawo loo alo míaƒe nuvɔ̃menyenye gɔ̃ hã ate ŋu akplɔ mí ade kuxi aɖewo me. (Galatiatɔwo 6:7) Tsitsi kple dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽa nu le mí katã ŋu. Biblia na eme kɔ ƒã be le ɣeyiɣi si me míele fifia me la, Yehowa metoa nukumɔ aɖeke nu tsyɔa nu esubɔlawo dzi be fuwɔame siawo nagadzɔ ɖe wo dzi o.—Nyagblɔla 9:11.

8. Aleke Satana adi be yeazã xaxa siwo me míetona lae?

8 Ke hã, Satana ate ŋu ato xaxa siwo me míato la dzi agblẽ nu le míaƒe xɔse ŋu. Apostolo Paulo gblɔ be ‘ŋù aɖe nɔ lãme na ye, si nye Satana ƒe dɔla’ si nɔ ‘ye ƒom kple kɔ.’ (Korintotɔwo II, 12:7) Dɔléle aɖe abe ŋkudɔ ene loo alo dɔ bubu aɖee esia ɖanye o, Paulo nyae be Satana ate ŋu ato dɔlélea kple veve si yease dzi agblẽ yeƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple nuteƒewɔwɔ me. (Lododowo 24:10) Egbea, Satana ate ŋu aƒoe ɖe ƒometɔwo, sukuhatiwo, kple dziɖuɖumegã ameteɖeanyilawo nu be woati Mawu subɔlawo yome le mɔ aɖe nu.

9. Nukata mele be nɔnɔme sesẽwo alo yometiti nawɔ nuku na mí fũ akpa o?

9 Aleke míawɔ anɔ te ɖe kuxi siawo nu dzidzedzetɔe? Eyae nye be míabu kuxiawo be wonye mɔnukpɔkpɔ na mí be míaɖee afia be míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa kple míaƒe ɖokuibɔbɔ ɖe eƒe dziɖulanyenye te la menye ameŋkumenuwɔwɔ o. (Yakobo 1:2-4) Nuka kee ɖale nuxaxa dom na mí o, ne míese susu si tae wòle vevie be míawɔ nuteƒe na Mawu ɖo gɔme la, akpe ɖe mía ŋu míayi edzi ada asɔ le gbɔgbɔ me. Apostolo Paulo ŋlɔ na Kristotɔwo bena: “Lɔlɔ̃tɔwo, migana . . . tetekpɔ [sesẽ], si va mia dzi hena mia dodokpɔ la, nawɔ yaa ɖe mi, abe nya aɖe ƒomevie va dzɔ ɖe mia dzi ene o.” (Petro I, 4:12) Eye Paulo ɖe eme be: “Amesiwo katã dina be, yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.” (Timoteo II, 3:12) Satana gakpɔtɔ le nya tsɔm ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu, abe alesi wòwɔe na Hiob ene. Le nyateƒe me la, Biblia ɖee fia be Satana gade dzo alesi wòle Mawu ƒe amewo yome timee la me le ŋkeke mamlɛ siawo me.—Nyaɖeɖefia 12:9, 17.

Ese Egɔme Bubui eye Woɖo Aɖaŋu Gbegblẽ Nɛ

10. Nukae Hiob menya o?

10 Míawo ya míenya nane si Hiob menya o. Menya nusitae afɔkuawo nɔ dzɔdzɔm ɖe edzi ɖo o. Eyata eƒo nya ta vodadatɔe be “Yehowae na, Yehowae gaxɔe.” (Hiob 1:21) Anɔ eme be Satanae ɖoe koŋ dze agbagba be yeana Hiob nabui be Mawue le fu wɔm ye.

11. Gblɔ alesi Hiob se le eɖokui me tso eƒe afɔkuawo ŋu.

11 Togbɔ be Hiob gbe be yemagbe Mawu, abe alesi srɔ̃a bia tso esi ene, o hã la, dzi ɖe le eƒo ŋutɔ. (Hiob 2:9, 10) Egblɔ be ‘ame vɔ̃ɖiwo tɔ ka ɖe eme wu ye tɔ.’ (Hiob 21:7-9) Anya bia eɖokui gɔ̃ hã be, ‘Nukatae Mawu le to hem na ye ɖo.’ Ɣeaɖeɣi va ɖo si wòdi be yeaku gɔ̃ hã. Egblɔ be: “Oo, ne naxaɣlam ɖe tsiẽƒe, eye nadzram ɖo, vaseɖe esime wò dɔmedzoe nu nafa . . . ɖe!”—Hiob 14:13.

12, 13. Aleke Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo ƒe nyawo te ɖe edzii?

12 Xɔlɔ̃ etɔ̃ aɖewo nɔ Hiob si siwo va srãe kpɔ, abe ɖe ‘wova fafa ge nɛ ahafa akɔ nɛ ene.’ (Hiob 2:11) Ke hã, “akɔfala ƒuƒluwo” ye wova zu. (Hiob 16:2) Ðe wòle be xɔlɔ̃ siawo nanye amesiwo Hiob nate ŋu aɖe eƒe kuxiawo agblɔ na hafi, gake ame etɔ̃ siawo na wògatɔtɔ ɖe edzi, eye dzi ɖe le eƒo ɖe edzi boŋ.—Hiob 19:2; 26:2.

13 Esɔ be Hiob nabia eɖokui be: ‘Nukae nye ya mewɔ si ta wòle be afɔku siawo katã nadzɔ ɖe dzinye?’ Exɔlɔ̃awo na ŋuɖoɖo siwo mesɔ kura o lae. Wobui be nuvɔ̃ gã aɖee Hiob wɔ tae wòle fu siawo katã kpem ɖo. Elifaz bia be: “Ameka dome gblẽ fɔmaɖimaɖii kpɔa? . . . Le nye nukpɔkpɔ nu la ame siwo ŋlɔa dzɔgbevɔ̃e hetsɔa agbagbadzedze ƒãna la, woawoe xanɛ hã.”—Hiob 4:7, 8.

14. Nukatae mele be míagblɔ be nugbegblẽwɔwɔ aɖe kokoko tae ame kpea fu ɖo o?

14 Ele eme baa be ne míeƒã nu ɖe ŋutilã me, le esi teƒe be míaƒãe ɖe gbɔgbɔ me la, kuxiwo ado mo ɖa ya. (Galatiatɔwo 6:7, 8) Ke hã, le nuɖoanyi sia me la, kuxiwo ate ŋu ado mo ɖa, metsɔ le alesi míewɔa nui me o. Gakpe ɖe eŋu la, womate ŋu agblɔ be afɔku aɖeke kura medzɔna ɖe ame maɖifɔ dzi o. Yesu Kristo, amesi nye “ame maƒoɖi, amesi ɖe eɖokui ɖa tso nuvɔ̃wɔlawo dome” gɔ̃ hã tsɔ vevesese kui ɖe fuwɔameti ŋu, eye apostolo Yakobo hã ku le eƒe dzixɔse ta. (Hebritɔwo 7:26; Dɔwɔwɔwo 12:1, 2) Elifaz kple exɔlɔ̃ eveawo ƒe nuŋububu gbegblẽ la wɔe be Hiob di be yeaʋli ye ɖokui kple yeƒe fɔmaɖimaɖi ta. Ke hã, alesi wonɔ etem ɖe Hiob dzi be nanee wòwɔ tae wòle fua kpem ɖo la anya gblẽ nu le alesi Hiob bua Mawu ƒe dzɔdzɔenyenyee ŋu.—Hiob 34:5; 35:2.

Afisi Míakpɔ Kpekpeɖeŋu Atsoe Ne Míeɖo Xaxa Me

15. Susu kae wòle be wòanɔ mía si, si akpe ɖe mía ŋu míado dzi le fukpekpewo me?

15 Ðe nusɔsrɔ̃ aɖe le esia me na mía? Míabu afɔkuwo, dɔléle, alo yometitiwo abe nusi mesɔ kura o ene. Ame aɖewo mato kuxi siawo me o. (Psalmo 73:3-12) Ɣeaɖewoɣi la, ahiã be míabia nya vevi siawo mía ɖokui be: ‘Ðe alesi melɔ̃ Mawui la ʋãam be masubɔe le nɔnɔme ɖesiaɖe mea? Ðe medi be mana Yehowa “nate ŋu aɖo nya ŋu na amesiwo le alɔme ɖem le eŋu” mahã?’ (Lododowo 27:11; Mateo 22:37) Mele be míaɖe mɔ nya siwo amewo gblɔna eŋu mabumabui la nana ɖikeke naɖo mía me ɖe míaƒe Dziƒofofoa ŋu gbeɖe o. Kristotɔ wɔnuteƒe aɖe si dɔléle aɖe ɖea fu na edziedzi hena ƒe geɖe la gblɔ ɣeaɖeɣi be: “Menyae be nusianu si ŋu Yehowa ɖe mɔ ɖo la, mate ŋu ato eme ado godoo. Menyae be ado ŋusẽm. Ewɔnɛ ɖaa hã.”

16. Aleke Mawu ƒe Nyaa kpena ɖe amesiwo le nɔnɔme sesẽwo me tom la ŋui?

16 Míawo ya míenya nanewo tso Satana ƒe ayemɔwo ŋu siwo Hiob menya o. ‘Míenya Satana ƒe tameɖoɖo vɔ̃wo keŋkeŋ.’ (Korintotɔwo II, 2:11) Gawu la, nunya vavãtɔ su mía si nyuie, si míate ŋu azã. Míate ŋu akpɔ ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo do dzi le nɔnɔme sesẽ ƒomevi vovovowo me la ŋuti nuŋlɔɖi le Biblia me. Apostolo Paulo, amesi kpe fu wu ame akpa gãtɔwo la, ŋlɔ bena: “Nusi ke woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta, bene míatsɔ ŋɔŋlɔawo ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ mɔkpɔkpɔ.” (Romatɔwo 15:4) Ðasefo aɖe si wode gaxɔ me le Europa le eƒe dzixɔse ta le xexemeʋa II lia me la tsɔ eƒe ŋkeke etɔ̃ ƒe nuɖuɖu na hexɔ Biblia. Egblɔ be: “Nu ɖɔliɖɔli sia ɖe vi nam ŋutɔ! Togbɔ be dɔ nɔ wuyem hã la, mekpɔ gbɔgbɔmenu si kpe ɖe mía kple ame bubuwo ŋu le míaƒe tetekpɔa me le ɣeyiɣi sesẽ mawo me. Biblia ma gakpɔtɔ le asinye va ɖo egbea.”

17. Nukae Mawu na mí si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi?

17 To vovo na akɔfaname si míate ŋu akpɔ tso Ŋɔŋlɔawo me la, Biblia-srɔ̃gbalẽ geɖewo le mía si, siwo ɖoa aɖaŋu nyuiwo na mí ku ɖe alesi míanɔ te ɖe kuxiwo nu ŋu. Ne èzã Watch Tower Publications Index la, àte ŋu akpɔ haxɔsetɔ aɖe si hã to tetekpɔ aɖe si sɔ kple tɔwò me la ƒe ŋutinya aɖe axlẽ. (Petro I, 5:9) Ðewohĩ anyo hã be nàɖo dze tso wò nɔnɔmea ŋu na hamemegã nugɔmesenamelawo loo alo Kristotɔ tsitsi bubuwo. Ƒo wo katã ta la, àte ŋu ado gbe ɖa na Yehowa ahaka ɖe edzi be ato eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi akpe ɖe ye ŋu. Aleke Paulo wɔ te ŋu nɔ te ɖe “kɔ” siwo Satana tsɔ nɔ ‘eƒom’ la nui? Edze agbagba ɖo ŋu ɖe Mawu ƒe ŋusẽ ŋu. (Korintotɔwo II, 12:9, 10) Eŋlɔ bena: “Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.”—Filipitɔwo 4:13.

18. Aleke haxɔsetɔwo ate ŋu ade dzi ƒo na mí geɖee?

18 Eyata míate ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu, eye mele be míahe megbelele kura le edidi me o. Lododowo ƒe agbalẽa gblɔ be: “Ne ègbɔdzɔ le xaxaɣi la, ekema ŋusẽ boo mele ŋuwò o.” (Lododowo 24:10) Abe alesi ko babawo te ŋu ɖua atixɔ kakaka wòmunae ene la, nenema kee gbɔdzɔgbɔdzɔ, alo dziɖeleameƒo, ate ŋu aɖe ke le míaƒe Kristotɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ te wòamui. Be míate ŋu akpe akɔ kple afɔku sia la, Yehowa toa mía nɔvi Mawu subɔlawo dzi kpena ɖe mía ŋu. Mawudɔla aɖe va do ŋusẽ Yesu le zã si wolée la me. (Luka 22:43) Esime wode ga Paulo kplɔ yina ɖe Roma eye nɔviawo va kpee le Apiforo kple Tretaberne la, “eda akpe na Mawu, eye wòlé dzi ɖe ƒo.” (Dɔwɔwɔwo 28:15) Ðasefo aɖe, si nye Germanytɔ, gakpɔtɔ ɖoa ŋku kpekpeɖeŋu si wòxɔ tso gbesigbe wokplɔe yi ɖade fuwɔamesaɖa me le Ravensbrück, esime wònye ƒewuivi si vɔ̃na ŋutɔ, la dzi. Egblɔ be: “Haxɔsetɔ aɖe kpɔm hexɔm alɔ evee. Nɔvinyɔnu wɔnuteƒe bubu lé be nam, eye wòva zu abe danye ene le gbɔgbɔ me.”

‘Nye Nuteƒewɔla’

19. Nukae kpe ɖe Hiob ŋu be wòtsi tre ɖe Satana ƒe agbagbadzedzewo ŋu?

19 Yehowa ɖɔ Hiob be enye amesi ‘lé eƒe dzɔdzɔenyenye me ɖe asi.’ (Hiob 2:3) Togbɔ be dzi ɖe le Hiob ƒo eye menya nusitae wòle fua kpem ɖo o hã la, vɔvɔ̃ meɖoe le nuteƒewɔwɔ ƒe nya si fɔ ɖe te la me o. Hiob ɖoe kplikpaa be nuka kee ɖadzɔ o, yeayi edzi awɔ nuteƒe. Ete tɔ ɖe edzi be, ‘yemasẽ nu le yeƒe fɔmaɖimaɖi ŋu vaseɖe esime yamia nu o.’—Hiob 27:5.

20. Nukatae viɖe le dzidodo ŋu ɖo?

20 Tameɖoɖo kplikpaa sia tɔgbe akpe ɖe mía ŋu míalé míaƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le nɔnɔme ɖesiaɖe me—eɖanye le tetekpɔ loo, tsitretsiɖeŋu loo, alo nɔnɔme sesẽ bubuwo me o. Yesu gblɔ na Smirna-hamea bena: “Megavɔ̃ fu siwo nava kpe la, ƒe ɖeke o. Kpɔ ɖa, Abosam latsɔ mia dome ame aɖewo ade gaxɔ me, bene woate mi akpɔ, eye miakpɔ xaxa ŋkeke ewo. Nanye nuteƒewɔla yiɖase ɖe ku me, eye mana agbefiakuku wò.”—Nyaɖeɖefia 2:10.

21, 22. Ne míele dzi dom le nɔnɔme sesẽ aɖe me la, nuka nyanyae ate ŋu afa akɔ na mí?

21 Le nuɖoanyi sia si dzi ɖum Satana le me la, woado míaƒe dzidodo kple nuteƒewɔwɔ akpɔ. Ke hã, Yesu ka ɖe edzi na mí be ne míaƒe ŋku le yayra siwo le ŋgɔ na mí dzi la, mahiã be míavɔ̃ kura o. Nusi le vevie enye be míanye nuteƒewɔlawo. Paulo gblɔ be ‘aɖabaƒoƒo ɖeka ƒe xaxa’ koe wònye, evɔ “ŋutikɔkɔe mavɔ” si ƒe ŋugbe Yehowa do be yeatsɔ aɖo eteƒe na mí la “nu sẽna ŋutɔ, eye wòƒoa nusianu ta sãsãsã.” (Korintotɔwo II, 4:17, 18) Ne míetsɔ ƒe gbogbo si Hiob tsɔ nɔ agbe dzidzɔtɔe do ŋgɔ na eƒe tetekpɔa kple emegbe la sɔ kple eƒe fuwɔamea la, míakpɔe be ɣeyiɣi kpui aɖe koe eƒe fuwɔamea xɔ.—Hiob 42:16.

22 Ke hã, ɣeyiɣi aɖewo ava ɖo le míaƒe agbe me esime wòadze abe ɖeko míaƒe tetekpɔwo tsya ɖe wo nɔewo nu, eye wòadze abe míegate ŋu anɔ te ɖe wo nu o ene. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míade ŋugble le dzidodo ŋuti nya bubu siwo míagate ŋu asrɔ̃ tso nusiwo dzɔ ɖe Hiob dzi me la ŋu. Míadzro mɔ siwo nu míate ŋu ado ŋusẽ amesiwo le fu kpem le la me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nya vevi kae Satana fɔ ɖe te tso Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu?

• Nukata mele be nɔnɔme sesẽwo nawɔ nuku na mí fũ akpa o?

• Aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu míedoa dzii?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Numekuku wɔwɔ, míaƒe kuxi gbɔgblɔ na Kristotɔ tsitsiwo, kple míaƒe dzimenyawo gbɔgblɔ le gbedodoɖa me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi