Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzidziɖedzi Nyui le Ƒukpo Dzeani aɖe Dzi

Dzidziɖedzi Nyui le Ƒukpo Dzeani aɖe Dzi

Dzidziɖedzi Nyui le Ƒukpo Dzeani aɖe Dzi

ÐIKEKE aɖeke mele eme o be amesiwo ɖia tsa yia Taiwan la ƒe nu kuna le alesi gbedamawo xɔ ƒukpo bliboa dzii la ta. Ne mɔli fẽ, siwo dama nyuie, tsi va ƒu hena ŋeŋe la, woƒe amadede va nɔa abe sika tɔ ene. Avetsu dzeaniwo vu tsyɔ towo dzi. Alesi gbewo da ama nyuie le agblewo me kple le towo dzi la kpɔkpɔ doa dzidzɔ na ame wu alesi amewo sɔa gbɔ ɖe dugãwo me la kpɔkpɔ. Le nyateƒe me la, nusiae ʋã Ɣetoɖoƒetɔ gbãtɔ si de ƒukpo sia dzi la be wòna ŋkɔe be Ilha Formosa, alo “Ƒukpo Dzeani.”

Le nyateƒe me la, Taiwan nye ƒukpo sue dzeani aɖe—eƒe didime nye kilometa 390 ko, eye afisi wòkeke wu le la anɔ kilometa 160 lɔƒo. To kɔkɔwo xɔ ƒukpoa ƒe akpa gãtɔ dzi. Yü Shan-to (Morrison-to) la kɔ wu Fuji-to si le Japan alo Cook-to si le New Zealand. Gbadzaƒe siwo li tso to gãawo gbɔ yi ɖaɖo atsiaƒua nu la mekeke o, ke hã, woawo dzie Taiwan ƒukpoa dzi nɔla siwo wu miliɔn 22, eye wokpɔtɔ le dzidzim ɖe edzi la, ƒe akpa gãtɔ le.

Dzidziɖedzi Ƒomevi Bubu Aɖe

Ke hã, dzidziɖedzi ƒomevi bubu aɖe hã va le dzesi ɖem le Taiwan—eyae nye dzidziɖedzi si le vavam le Yehowa subɔsubɔdɔ me. Esia dzena le dzonɔameme si amewo, tsitsiawo kple ɖeviawo siaa, ɖena fiana ne Mawu vavã, Yehowa, ŋuti sidzedze vavãtɔ nya su wo si ko me. Le nyateƒe me la, awɔ dɔ ɖe dziwò ŋutɔ ne èkpɔ ame gbogbo siwo le dɔ wɔm dzonɔamemetɔe be yewoakpe ɖe ame bubuwo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu.

Dzidziɖedzia na wòva hiã be woakeke alɔdzedɔwɔƒe si le afima ɖe enu. Le December 1990 me la, woƒle anyigba be woatu Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si alolo wu tsãtɔ ɖe edzi. Alɔdzedɔwɔƒe si nɔ Taipei tsã la megava lolo akpɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖela 1,777 siwo nɔ Taiwan ɣemaɣi la ƒe dɔwo dzi o. Le esia taa, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo tso dutadukɔwo kple dukɔa ŋutɔ me, tsitsiawo kple ɖeviawo siaa, tsɔ moveviɖoɖo wɔ dɔ hena ƒe aɖewo, hetu alɔdzedɔwɔƒe yeye ɖe Hsinwu, eye wote ezazã le August 1994 me. Ɣemaɣi la, ame 2,515 ye nɔ gbeƒã ɖem Mawu ƒe Nya, Biblia, me nyanyuia. Fifia, si nye ƒe ewo kple edzivɔwo megbe la, xexlẽme sia dzi ɖe edzi wu eƒe teƒe eve. Wowu ame 5,500, eye ame 1,375 kloe ye wɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa ɣleti sia ɣleti. Amesiwo tɔ ɖe dzesi ŋutɔe nye ɖekakpui kple ɖetugbi siwo le abe “zãmu” si nana xexeame fana le ŋdime ene la.—Psalmo 110:3.

Ðeviwo Le Geɖe Wɔm le Yehowa Subɔsubɔdɔa Me

Nyanyuigbeƒãɖela veviedonulawo dometɔ geɖeawo nye ɖeviwo. Wo dometɔ aɖewo le gɔmedzesukuwo. Le kpɔɖeŋu me, le du aɖe si le Taiwan ƒe dziehe me la, wokpe atsu kple asi aɖe zi gbãtɔ be woava Teokrasi Subɔsubɔ Suku, si me Yehowa Ðasefowo srɔ̃a alesi woafia Biblia me nyateƒeawo amewoe le. Atsu kple asi sia ƒe nu ku esime wokpɔ ŋutsuvi sue aɖe, si ŋkɔe nye Weijun, nɔ nuƒola nɔƒea xlẽ Biblia nyuie ŋutɔ wu alesi ame tsitsi geɖewo xlẽnɛ. Emegbe, le kpekpe bubu siwo wogade me la, ɖevi siwo mekpɔ dze sukudede gɔme haɖe o ƒe nyaŋuɖoɖo nyuie wɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe. Atsu kple asi sia kafu nɔnɔme nyui siwo le ɖevi sue siwo le Fiaɖuƒe Akpata me si la ŋutɔ.

Nukatae ɖevi sue siawo lé fɔ ɖe Biblia me hehexɔxɔ ŋu vevie le dukɔ sia si me tɔ akpa gãtɔ nye Buddhatɔwo kple Taotɔwo la me ɖo? Elabena wo dzila Kristotɔwo wɔna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi eye wotu ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔ le, si nɔ te ɖe woa kple Yehowa dome ƒomedodo dzi la, ɖo. Esi wònye be Weijun dzilawo dzea agbagba be yewoana ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ kple gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ navivi ta la, efoa kple eda ya zu Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo xoxo. Weijun bia nyitsɔ laa be yeadze dutoƒogbeƒãɖeɖedɔa gɔme, eye dadaa gblɔ be magazine siwo eya ɖeka na le ɣleti ma me xoxo la sɔ gbɔ wu esi ƒomea me tɔ mamlɛawo katã na le ɣletia me. Edze ƒã be gbeƒãɖeɖe tso nyateƒea ŋu na amewo, nyaŋuɖoɖo le kpekpeawo me, kple nusi wòsrɔ̃ la gbɔgblɔ na amewo dzɔa dzi nɛ.

Ne Ðeviawo Le Tsitsim

Agbagba kawoe ɖevi siawo va dzena ne wole tsitsim? Wo dometɔ akpa gãtɔ gakpɔtɔ ɖea lɔlɔ̃ vavãtɔ fiaa Yehowa eye subɔsubɔdɔa hã wɔwɔ doa dzidzɔ na wo. Le kpɔɖeŋu me, Huiping nye sukuvi. Gbeɖeka la, woƒe nufiala gblɔ be subɔsubɔha aɖe me tɔwo medoa ʋu o, gake yemenya subɔsubɔha kae o. Esi wokpã la, ɖetugbi Kristotɔ sia na eƒe nufiala nya be woawoe nye Yehowa Ðasefowo, eye wòɖe nusitae womedoa ʋu o la hã me nɛ.

Huiping ƒe nufiala bubu aɖe hã ɖe video aɖe na wo ku ɖe nulɔdɔwo ŋu. Woyɔ Korintotɔwo I, 6:9 me nyawo le videoa me, gake nufiala la gblɔ be Biblia meƒo nu tsi tre ɖe ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔ ŋu o. Huiping gate ŋu ɖe Mawu ƒe nukpɔsusu le nya sia ŋu me na nufiala sia hã.

Esime Huiping ƒe sukuxɔmehati si ŋkɔe nye Shuxia nɔ sukudɔdasi aɖe wɔm ku ɖe ŋutasẽnu siwo yia edzi le ƒomewo me ŋu la, Huiping tsɔ November 8, 2001, ƒe Nyɔ! si ƒe tanyae nye “Kpekpeɖeŋu na Nyɔnu Siwo Woƒona” la nɛ, hegblɔ nɛ be wozã Biblia tsɔ ɖe nu me nyuie le nyatia ŋu le magazinea me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Shuxia va zu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ. Fifia, woa kple Huiping ye le nyanyuia gblɔm na amewo.

Agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu menɔa bɔbɔe na Kristotɔ geɖe siwo le suku dem, vevietɔ le kɔƒe nutowo kple du viwo me, o. Menɔ bɔbɔe na Zhihao kura o, elabena eƒe sukuhatiwo konɛ ɖe eƒe xɔse kple gbeƒãɖeɖedɔa ta. Egblɔ be: “Ne mele gbeadzi la, metɔtɔna le ɖokuinye me eye mevɔ̃na be mava do go nye sukuxɔmehatiwo. Ɣeaɖewoɣi la, wo dometɔ ewo kloe sɔna ɖe ŋunye ɖua fewu le ŋunye vevie!” Gbeɖeka la, Zhihao ƒe nufiala de dɔ asi nɛ be wòadzra nuƒo aɖe ɖo, ku ɖe eƒe subɔsubɔ ŋu, ava ƒo na eƒe sukuxɔmehatiwo katã. Zhihao gblɔ be: “Meɖoe be mazã Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔa ƒe ta gbãtɔ me nya aɖewo atsɔ adze nuƒoa gɔmee, eye màdzro nyabiase aɖewo me, abe: Amekae wɔ anyigba kple nusiwo katã le edzii? Aleke amegbetɔ wɔ va dzɔ? Esi mènya xlẽ mawunyakpukpui gbãtɔ ko la, wo dometɔ aɖewo tem koko be, ɖe wogblɔe de nu nam. Ke hã, meyi nuƒoa dzi hewu nuƒoa nu. Le nuƒoa megbe la, mete ŋu ɖo dze kple nye sukuxɔmehati aɖewo ku ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa kple míaƒe dzixɔsewo ŋu. Fifia, ne wokpɔm le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, womegaɖua fewu le ŋunye o!”

Zhihao yi edzi be: “Esi dzinyelawo nye Ðasefowo ta la, míedzroa gbesiagbe mawunyakpukpuia me ŋdi sia ŋdi. Míesrɔ̃a Biblia hedea kpekpewo hã edziedzi. Susu ma tae mate ŋu anɔ te ɖe amesiame si adi be yeaɖu fewu le ŋunye ne mele Biblia me nyateƒe, siwo faa akɔ na ame, gblɔm na amewo la nu.”

Tingmei dea nyɔnuviwo ƒe suku si me wosrɔ̃a asinudɔwo le. Gbeɖeka la, eƒe sukuxɔmehati aɖewo kpee be wòava ne yewoayi modzakaɖeƒe aɖe ɖekae kple ŋutsuvi siwo tso ŋutsuviwo ƒe suku aɖe. Ete ŋu kpɔ afɔku si anɔ teƒe ma yiyi me la dze sii eye wòɖoe be yemayi o. Togbɔ be edzroa Questions Young People Ask—Answers That Work ƒe agbalẽa * me nyati vevi aɖewo me kple eƒe sukuxɔmehatiawo hã la, wogakpɔtɔ kpenɛ be wòayi teƒe siawo kpli yewo. Nyɔnuvi siawo ɖu fewu le eŋu be tsigãdzitɔe wònye. Gake eteƒe medidi o, nunya si le Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ me va dze ƒã esime nyɔnuviawo dometɔ ɖeka fɔ fu heɖee. Tingmei gblɔ be: “Yehowa ƒe nudidiwo dzi wɔwɔ na be dzitsinya dzadzɛ le asinye. Le esia ta la, dzi dzɔam le ememe eye nye susu hã dze akɔ anyi.”

Nusiwo Xea Mɔ Na Dzidziɖedzi la Nu Tsitsi

Tingmei ƒe xɔlɔ̃ veviwo dometɔ ɖekae nye Ruiwen. Ƒe aɖewo do ŋgɔ la, Ruiwen bui be Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la nye nu sesẽ aɖe ŋutɔ. Gake esi wòva kpɔ vovototo si le lɔlɔ̃ akuaku si le woƒe hamea me tɔwo si nɛ kple xɔlɔ̃wɔwɔ afã kple afã si le woa kple eƒe sukuxɔmehatiwo dome dze sii la, eme va kɔ nɛ ƒãa be ele be yeawɔ asitɔtrɔ aɖewo le yeƒe agbe me. Ruiwen te gbeƒãɖeɖe na eƒe sukuhatiwo eye wòva de dzesi nane si wòkpɔ be ehiã be yeawɔ la kɔte. Ete kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ, si me wòzãa gaƒoƒo siwo wu 50 ɣleti sia ɣleti le, la wɔwɔ. Emegbe ete gbesiagbe mɔɖeɖedɔ, si me wòzãa gaƒoƒo 70 kple edzivɔ tsɔ ɖea gbeƒã ɣleti sia ɣleti le, la wɔwɔ. Ruiwen gblɔ be: “Mekpɔa ŋudzedze ɖe nusiwo Yehowa wɔna nam la ŋu ale gbegbe. Megblẽm ɖi kpɔ gbeɖe o. Togbɔ be mewɔ nusiwo medzɔ dzi nɛ o va yi hã la, egalɔ̃m kokoko. Danye kple hamea me tɔwo hã lɔ̃m vevie. Esi Biblia-nusrɔ̃vi atɔ̃ le asinye fifia ta la, mesena le ɖokuinye me be nye hã mele gome kpɔm le dɔ si naa dzidzeme ame wu ɖesiaɖe la wɔwɔ me.”

Le sekɛndrisuku aɖe si le du vi aɖe me la, wobia tso ŋutsuvi eve siwo nye Ðasefowo si be woaɖanɔ sukua teƒe le ɣeɖuɖu ƒe hoʋiʋliwɔna aɖe me. Esi wose nu tso hoʋiʋlia kple ɖoɖo si nu woawɔe ɖo ŋu la, sɔhɛ Ðasefo siawo kpɔe dze sii be gomekpɔkpɔ le eme awɔe be yewoƒe dzitsinya siwo yewotsɔ Biblia na hehee la ava ɖe fu na yewo. Esi woɖe alesi wose le wo ɖokui me le hoʋiʋlia ŋu gblɔ hebia be woaɖe yewo le eme la, nufialawo melɔ̃ o. Nufialawo gblɔ na wo boŋ be, esi wònye ɖe wotia wo be woayi aɖaʋli hoa ko la, ele be woayi godoo. Esi sɔhɛ Ðasefo siawo medi be yewoaɖaʋli hoa o ta la, woto internet dzi ŋlɔ lɛta ɖo ɖe sukuwo dzikpɔƒe si wɔ ɖoɖo ɖe hoʋiʋlia ŋu, eye woɖe woƒe kuxia me na wo. Togbɔ be dɔwɔƒea meɖo lɛta la ŋu na sɔhɛ siawo tẽ o hã la, eteƒe medidi o, woɖo mɔfiamewo ɖe sukua hebia tso nufialawo si be woagazii ɖe ame aɖeke dzi be wòakpɔ gome le hoʋiʋlia me o. Sɔhɛ siawo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be hehe si yewoxɔ tso Biblia me la wɔe be yewoƒe dzitsinya le agbe, eye wòna yewonɔ te sesĩe helé nu dzɔdzɔe wɔwɔ me ɖe asi goŋgoŋ.

Amesiwo nye nuwɔametɔwo gɔ̃ hã tsɔ dzidzɔ manyagblɔ le gome kpɔm le ŋugbedodo siwo le Biblia me la gbɔgblɔ na amewo me. Minyu ƒe lãme tu tso gbesigbe wodzi. Esi mete ŋu zãa asi tsɔ ʋua Biblia o ta la, eƒe aɖe ye wòtsɔna ʋunɛ kakaka kena ɖe mawunyakpukpui si dim wòle be yeaxlẽ ŋu. Ne Minyu le dɔ si wode asi nɛ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me wɔm le Fiaɖuƒe Akpataa me la, emlɔa aba si mekɔ fũ o la dzi, eye eƒe kpeɖeŋutɔ nɔa anyi ɖe zikpui kpui dzi heléa nuƒomɔ̃ ɖe asi nɛ. Agbagba siwo katã Minyu dzena le eƒe dɔdasiwo wɔwɔ me le sukua me la dea dzi ƒo na ame ale gbegbe!

Esi Minyu di be yeava zu Fiaɖuƒegbeƒãɖela la, nɔvinyɔnu aɖewo siwo le hamea me la srɔ̃ alesi woɖia ɖase le telefon dzi bene yewoatsɔ akpe ɖe eŋu. Minyu tsɔa eƒe aɖe tena ɖe telefon xexlẽdzesiawo dzi eye nɔviawo léa telefon la ɖe asi nɛ ne wole nu ƒom na amesi wòƒo kaa na. Nɔviawo wɔa eƒe ɖaseɖiɖi ŋuti nuŋlɔɖiwo hã nɛ. Gbeƒãɖeɖedɔa vivia enu ale gbegbe be eva zu kpekpeɖeŋu mɔɖela, eye wòzãa gaƒoƒo 50 va ɖo 60 ɣleti sia ɣleti tsɔ ɖoa dze kple amewo tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu le telefon dzi. Eke ɖe ame aɖewo siwo xɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ eye wolɔ̃ be wòanɔ ka ƒom na yewo ŋu. Fifia, ewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kple ame etɔ̃ siwo ŋu wòke ɖo to telefon dzi ɖaseɖiɖia dzi.

Ẽ, abe zãmu si nana xexeame fana miaa ene la, ɖekakpui kple ɖetugbi siwo le Yehowa Ðasefowo ƒe hame 78 me le Taiwan la le wo ɖokuiwo tsɔm na faa hele Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui si naa agbe ame la gblɔm na ame miliɔn geɖe, siwo gale dzidzim ɖe edzi, le ƒukpo sia dzi la dzonɔamemetɔe. Esia nye Biblia me nyagblɔɖi aɖe si le eme vam le xexeame katã la ƒe akpa sue aɖe ko. Nyagblɔɖia gblɔ be: “Wò dukɔ atsɔ eɖokui ake wò le wò aʋakpegbe, eye wò ɖekakpuiwo anɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me ado na wò abe zãmu tso agudzedze ƒe dɔ me ene.” (Psalmo 110:3) Aleke gbegbee sɔhɛ siawo nyea dzideƒotsoƒe na ame tsitsi siwo hã ɖea gbeƒãe nye si! Eye ƒo wo katã ta la, aleke gbegbee wole dzidzɔ dom na woƒe Dziƒofofo, Yehowa Mawu, enye si!—Lododowo 27:11.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 16 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

FIAÐUƑE AKPATA GEÐE HIÃ

Esi ame geɖe va le nyateƒea xɔm le Taiwan ta la, Fiaɖuƒe Akpata geɖe va hiã ŋutɔ, gake wo tutu mele bɔbɔe kura o. Nukatae? Anyigba nyui siwo asɔ na Fiaɖuƒe Akpatawo tutu kpɔkpɔ va le sesẽm ŋutɔ, negbe le kɔƒenutowo me ko. Tsɔ kpe ɖe eŋu hã la, anyigbawo xɔ asi ale gbegbe eye se siwo li ku ɖe nusiwo woɖo be woawɔ ɖe anyigbawo dzi ŋu hã le kpaɖii ŋutɔ. Le du gãwo me la, nusi woate ŋu awɔ koe nye be woaƒle ɔfis aɖewo agbugbɔ asi atrɔ le wo ŋu woazu Fiaɖuƒe Akpata. Ke hã, alesi ɔfis-awo dometɔ akpa gãtɔ mekɔ nyuie o, woƒe mɔnu mekeke o, wo dzadzraɖo abia ga gbogbo aɖewo zazã, kple kuxi bubuwo, wɔnɛ be womete ŋu ƒlea wo be woatrɔ asi le wo ŋu woazu Fiaɖuƒe Akpata o.

Gake le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, Fiaɖuƒe Akpata yeye aɖewo va su Yehowa Ðasefo siwo le Taiwan la si. Ðasefoawo yi edzi le teƒe siwo asɔ na Fiaɖuƒe Akpatawo la dim eye wole xɔtuɖaŋu geɖe siwo ahiã la hã srɔ̃m hedzɔa ga hã faa hena dɔa wɔwɔ.