Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Le Anyigba dzi, Sigbe Alesi Wowɔna le Dziƒo Ene”

“Le Anyigba dzi, Sigbe Alesi Wowɔna le Dziƒo Ene”

“Le Anyigba dzi, Sigbe Alesi Wowɔna le Dziƒo Ene”

“Le Katolikotɔwo ƒe dzixɔse nu la, Nu Ene Mamlɛawoe nye: Ku, Ʋɔnudɔdrɔ̃, Dzomavɔ, Dziƒo.”—Catholicism, si George Brantl ŋlɔ.

DE DZESII be womeyɔ anyigbaa kpe ɖe nu ene siwo le ameƒomea lalam la ŋu o. Esia mewɔ nuku kura o, elabena Katolikohaa kple subɔsubɔha bubuwo fiaa nu be woava tsrɔ̃ anyigbaa gbeɖeka. Woɖe esia me nyuie le tanya si nye “Xexeame ƒe Nuwuwu” me, le nyagɔmeɖegbalẽ si nye Dictionnaire de Théologie Catholique me, be: “Katolikoha la xɔe se, eye wòfiaa nu hã be míaƒe xexeame, si Mawu wɔ eye wòli fifia la, manɔ anyi ɖaa o.” Edze le Katolikotɔwo ƒe katekismo aɖe me nyitsɔ laa be: “Míaƒe xexeame . . . ava bu vĩ.” Ne anyigbaa ava bu vĩ ŋutɔŋutɔ la, ke aleke Biblia me ŋugbedodo si ku ɖe paradisonyigba ŋu la awɔ ava emee?

Biblia gblɔe eme kɔ nyuie be anyigbaa ava zu paradiso. Le kpɔɖeŋu me, nyagblɔɖila Yesaya gblɔ tso anyigbaa kple edzinɔlawo ŋu be: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o; elabena nye dukɔ atsi, abe alesi ati tsinae ene, eye nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo.” (Yesaya 65:21, 22) Yudatɔ, siwo se Mawu ƒe ŋugbedodo sia gbã la, ka ɖe edzi be ameƒomea ava nɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi.

Psalmo 37 lia te gbe ɖe mɔkpɔkpɔ sia dzi. Afima xlẽ be: “Ame [fafawo] anyi anyigba la dome.” (Psalmo 37:11) Menye ɣeyiɣi aɖe ƒe dzidzeme si Israel-viwo kpɔ le Ŋugbedodonyigbaa dzi la ŋu nya ko gblɔmee mawunyakpukpui sia le o. Psalmo ma ke ɖe nu me be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) * De dzesii be Psalmo sia ɖee fia be agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi anye teƒeɖoɖo na “ame fafawo.” Fransegbe me Biblia aɖe ƒe etenuŋɔŋlɔ ƒo nu tso mawunyakpukpui sia ŋu be: “Gɔmesese si le nya ‘ame fafawo’ ŋu la keke ta sasasã wu alesi woɖea egɔmee; efia ame ɖihiãwo, amesiwo wowɔa fu alo tia wo yome le Yahweh ta, kple amesiwo bɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu te tso woƒe dzime.”

Anyigba Dzie loo, alo Dziƒoea?

Le Yesu ƒe todzimawunyaa me la, edo ŋugbe aɖe, si ɖoa ŋku ŋɔŋlɔ siwo míeyɔ va yi la dzi na mí, be: “Woayra amesiwo nye ame fafawo la; elabena woawoe anyi anyigba la ƒe dome.” (Mateo 5:5) Ẽ, anyigbaa ava nye afisi nuteƒewɔlawo anɔ tegbee. Gake Yesu na eme kɔ nyuie na eƒe apostolowo be, yele teƒe dzram ɖo ɖi na wo le ‘ye Fofo ƒeme’ eye be woanɔ dziƒo kple ye. (Yohanes 14:1, 2; Luka 12:32; Petro I, 1:3, 4) Ke aleke míase yayra siwo ŋugbe wodo ku ɖe anyigbaa ŋu la gɔmee? Ðe wòsɔ be míaganɔ mɔ kpɔm na ŋugbedodo mawo egbea, eye amekawo ŋue wòku ɖo?

Biblia ŋutinunyala vovovowo gblɔ be “anyigba” si Yesu yɔ le eƒe Todzimawunyaa me kple esi dze le Psalmo 37 lia me gɔ̃ hã nye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ dzro aɖe ko. F. Vigouroux gblɔ le Bible de Glaire me be anyigba si wozã le kpukpui siawo me la “nye kpɔɖeŋu na dziƒo kple na Sɔlemeha la.” M. Lagrange, amesi nye Biblia ŋuti numekula, si tso France, hã gblɔ be, “ŋugbedodo sia mefia be ame fafawo anyi anyigba si dzi wole la ƒe dome, eɖanye le fifi nuɖoanyi sia me loo, alo le nuɖoanyi aɖe si ade blibo wu la me o, ke boŋ enye teƒe si nye dziƒofiaɖuƒea, metsɔ le afisi wòanɔ me o.” Le numekula bubu hã ƒe nya nu la, “nu nyui siwo wogblɔ be ava nɔ anyigba dzi la nye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si ku ɖe dziƒo ŋu.” Numekula bubuwo hã gblɔ be: “Le gbɔgbɔ me gɔmesese nu la, Kanaan, si nye ŋugbedodonyigba la, tsi tre ɖi na nɔƒe si le dziƒo, Mawufiaɖuƒe la, afisi wodzra ɖo ɖi na ame fafawo. Gɔmesese ma kee le nya si dze le Psalmo 37 lia me, kple teƒe bubuwo la hã ŋu.” Gake ɖe wòsɔ be míatsɔ dzitsitsi atso nya me be Mawu ƒe ŋugbedodowo dometɔ aɖeke meku ɖe anyigbaa ŋu oa?

Tameɖoɖo Mavɔ aɖe na Anyigba La

Le gɔmedzedzea me la, Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be anyigbaa nanye amegbetɔwo tɔ. Hakpala la ŋlɔ bena: “Dziƒo enye dziƒo na Yehowa, ke etsɔ anyigba na amegbetɔviwo.” (Psalmo 115:16) Eyata tameɖoɖo si nɔ Mawu si le gɔmedzedzea mee nye be ameƒomea nanɔ anyigbaa dzi, ke menye dziƒo o. Yehowa de dɔ asi na atsu kple asi gbãtɔa be woakeke abɔ si nɔ Eden la ɖe enu wòava xɔ anyigba bliboa katã dzi. (Mose I, 1:28) Menye ɣeyiɣi aɖe ko ƒe tameɖoɖoe esia nye o. Yehowa ɖee fia kɔte be anyigbaa anɔ anyi yi ɖe mavɔmavɔ me. Eƒe Nya gblɔ be: “Dzidzime nu yina, eye bubu vana; ke anyigba ya li tegbee.”—Nyagblɔla 1:4; Kronika I, 16:30; Yesaya 45:18.

Mawu ƒe ŋugbedodowo metsia akpo dzi gbeɖe o, enana wovaa eme godoo, elabena eyae nye Dziƒoʋĩtɔ la. Biblia zã tsidzadza tsɔ wɔ kpɔɖeŋui hetsɔ ɖe eme be naneke mate ŋu axe mɔ na Mawu ƒe ŋugbedodowo me vava o. Egblɔ be: “Alesi tsidzadza kple sno dzana tso dziƒo, eye megagbugbɔna yina o, ke boŋ wòdea tsi anyigba wònana wòmiea nu heʋãa nu . . . la, nenema ke nye nya [Mawu ƒe nya], si do tso nye nu me la anɔ: Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.” (Yesaya 55:10, 11) Mawu do ŋugbe geɖe na amegbetɔwo. Ɣeyiɣi gbogbo aɖewo ate ŋu ava yi hafi ŋugbedodo mawo nava eme ya, gake womatsi akpo dzi gbeɖe o. Nya siwo katã wògblɔ la dometɔ aɖeke “magbugbɔ” ayi egbɔ ne mekpɔ va eme keŋkeŋ o.

Le nyateƒe me la, ‘edze’ Yehowa ŋu be yewɔ anyigbaa na ameƒomea. Esime wòwu nuwo wɔwɔ nu vɔ la, ekpɔe be nusianu “nyo ŋutɔ.” (Mose I, 1:31) Anyigbaa tɔtrɔ wòazu paradiso mavɔ, nye Mawu ƒe tameɖoɖo siwo meva eme haɖe o la dometɔ ɖeka. Ke hã, Mawu ƒe ŋugbedodowo ‘magbugbɔ yi egbɔ ƒuƒlu o.’ Ŋugbedodo siwo katã ku ɖe agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi, le ŋutifafa kple dedienɔnɔ me, ŋu ava eme godoo.—Psalmo 135:6; Yesaya 46:10.

Mawu ƒe Tameɖoɖo Ava Eme Godoo

Nuvɔ̃ si mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, wɔ la na be tame si Mawu ɖo le gɔmedzedzea me be anyigbaa nanye paradiso la meva eme enumake o. Le esi wogbe toɖoɖo Mawu ta la, wonya wo ɖa le abɔa me. Eyata woawo ya womagakpɔ gome le tame si Mawu ɖo be amegbetɔ deblibowo nanɔ paradiso me le anyigba dzi la me o. Ke hã, Mawu wɔ ɖoɖo be yeƒe tameɖoɖoa nava eme na ame bubuwo. Alekee?—Mose I, 3:17-19, 23.

Nusi dzɔ le Eden-bɔa me la sɔ kple alesi ko ŋutsu aɖe adze aƒe tsotso gɔme ɖe teƒe nyui aɖe. Esi wònya ɖo aƒea ƒe gɔmeɖokpewo anyi vɔ teti ko la, ame aɖe va gbã wo. Le esi teƒe be ŋutsua naɖe asi le aƒea tsotso ŋu la, eɖe afɔ siwo hiã hewu enu. Togbɔ be gɔmeɖokpeawo gbugbɔgaɖo abia ɣeyiɣi kple ga geɖe zazã hã la, ema mena dɔ si wòwɔ gbã la zu dzodzro o.

Nenema kee Mawu hã wɔ ɖoɖo be yeana yeƒe tameɖoɖo nava eme. Le mía dzila gbãtɔawo ƒe nuvɔ̃wɔwɔ megbe teti ko la, egblɔ be woƒe dzidzimeviwo akpɔ mɔ na “dzidzime” aɖe si ava dzra nusi gblẽ la ɖo. Le nyagblɔɖi sia ƒe mevava me la, Mawu ƒe vi, Yesu, si va tsɔ eƒe agbe sa vɔ le anyigba dzi hena ameƒomea ɖeɖe lae nye dzidzime sia ƒe akpa vevitɔ. (Galatiatɔwo 3:16; Mateo 20:28) Wofɔ Yesu ɖe tsitre yi dziƒo be wòanye Fiaɖuƒe aɖe ƒe Fia. Eya koŋ, kple nuteƒewɔla siwo wotia, eye woafɔ wo tso ame kukuwo dome ayi dziƒoe ale be woaɖu dzi kplii le Fiaɖuƒe sia me, lae nye ame fafa siwo tɔ anyigba la zu. (Psalmo 2:6-9) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dziɖuɖu sia ava kpɔ anyigba dzi nyawo gbɔ ale be tame si Mawu ɖo le gɔmedzedzea me be anyigbaa nanye paradiso la nava eme. Ame miliɔn gbogbo aɖewo “anyi anyigba la dome” le susua nu be Fiaɖuƒe sia, si dzi ɖum Yesu Kristo kple ehati dziɖulawo le la, aɖe vi na wo.—Mose I, 3:15; Daniel 2:44; Dɔwɔwɔwo 2:32, 33; Nyaɖeɖefia 20:5, 6.

“Le Anyigba dzi, Sigbe Alesi Wowɔna le Dziƒo Ene”

Woɖe xɔxɔ ƒe mɔkpɔkpɔ eve siawo, dziƒo tɔ kple anyigba dzi tɔ, fia apostolo Yohanes le ŋutega aɖe me. Ekpɔ fia siwo wotia tso Kristo ƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒewo dome la le fiazikpuiwo dzi le dziƒo. Biblia gblɔ ku ɖe Kristo ƒe zɔhɛ siawo ŋu tẽ be, “woaɖu fia le anyigba la dzi.” (Nyaɖeɖefia 5:9, 10) De dzesii be mɔ eve nue Mawu ƒe tameɖoɖoa ava eme le—Fiaɖuƒe si woɖo anyi le dziƒo, si me Yesu Kristo kple eƒe hadomenyilawo le, kple anyigba si woagbugbɔ adzra ɖo, si anɔ Fiaɖuƒea ƒe mɔfiafia te. Mawu ato ɖoɖo siawo, siwo wòwɔ la dzi ana anyigbaa nazu paradiso mlɔeba abe alesi wòɖoe le gɔmedzedzea me ene.

Le Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖaa me la, efia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu “le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:9, 10) Ðe gɔmesese aɖe anɔ nya siawo ŋu nenye be anyigbaa magava nɔ anyi kura o, alo be ɖeko wotsɔe wɔ kpɔɖeŋu na dziƒoa? Ðe susu anɔ eme ne ame dzɔdzɔewo katã adzo ayi dziƒoa? Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na anyigbaa dze le Ŋɔŋlɔawo me nyuie, tso Mose ƒe agbalẽ gbãtɔa dzi vaseɖe Nyaɖeɖefia dzi. Anyigbaa ava zu paradiso, abe alesi Mawu ɖoe ene. Emae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si ƒe ŋugbe eya ŋutɔ do. Nuteƒewɔla siwo le anyigba dzi la doa gbe ɖa be eƒe lɔlɔ̃nu ma nava eme.

Agbe mavɔe Wɔla la, Mawu si ‘metrɔna o,’ ɖo ɖe tame le gɔmedzedzea me be wòanɔ anyigbaa dzi. (Maleaxi 3:6; Yohanes 17:3; Yakobo 1:17) Ƒe 100 kple edzivɔe nye esia si Gbetakpɔxɔ magazine, abe esi xlẽm nèle fifia ene, le mɔ eve siawo siwo nu Mawu ƒe tameɖoɖo ava eme le la gɔme ɖem. Esia kpena ɖe mía ŋu míesea anyigbaa dzadzraɖo ƒe ŋugbedodo siwo le Ŋɔŋlɔawo me la gɔme nyuie. Míele kpewòm be nàdi nya sia ŋuti numeɖeɖe bubuwo, to dze ɖoɖo kple Yehowa Ðasefowo loo, alo agbalẽ ŋɔŋlɔ na magazine sia talawo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Togbɔ be woɖe Hebrigbe me nya ’eʹrets gɔme le Biblia geɖe me be “du” le esi teƒe be wòanye “anyigba” hã la, susu aɖeke meli si tae míagblɔ be ’eʹrets, si wozã le Psalmo 37:11, 29 la, fia du siwo wotsɔ na Israel-viwo o. Agbalẽ aɖe si William Wilson ŋlɔ la ɖe ’eʹrets gɔme be, “anyigba bliboa, eƒe akpa siwo amewo le kple akpa siwo amewo mele o siaa; hafi wòate ŋu afia du alo anyigba ƒe akpa aɖe ko la, ke ele be woatsɔ nyagbe aɖe akpee.” (Old Testament Word Studies) Eyata Hebrigbe me nyaa ƒe gɔmeɖeɖe ŋutɔŋutɔe nye anyigba bliboa.—Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, January 1, 1986, axa 31.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Biblia gblɔe eme kɔ nyuie be anyigbaa ava zu paradiso

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ðe gɔmesese aɖe anɔ Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖaa ŋu nenye be anyigbaa magava nɔ anyi oa?