Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Miese Hiob Ƒe Dzidodo”

“Miese Hiob Ƒe Dzidodo”

“Miese Hiob Ƒe Dzidodo”

“Miese Hiob ƒe dzidodo, eye miekpɔ Aƒetɔ la ƒe nuwuwu bena, Aƒetɔ la yɔ fũ kple dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ.”—YAKOBO 5:11.

1, 2. Tetekpɔ kae va ŋutsu aɖe kple srɔ̃a dzi le Poland?

ESI Harald Abt zu Yehowa Ðasefo la, mede ƒe ɖeka hafi Hitler ƒe asrafowo xɔ Danzig, (si nye Gdańsk fifia), si le Poland ƒe dziehe gome la o. Emegbe nɔnɔmeawo va sesẽ, eye Kristotɔ vavã siwo nɔ afima la ƒe agbe ɖo afɔku me. Adzamekpovitɔwo dze agbagba be yewoazii ɖe Harald dzi be wòade asi agbalẽ aɖe te, si afia be egbe nu le eƒe dzixɔse gbɔ, gake egbe. Wode Harald gaxɔ me eye le kwasiɖa aɖewo megbe la, wokplɔe yi ɖe Sachsenhausen fuwɔamesaɖa me, afisi wodo ŋɔdzi nɛ heƒoe zi geɖe le. Asaɖaa dzikpɔlawo dometɔ ɖeka fia asi afisi amesiwo wotɔa dzoe ƒe dzudzɔ tona dona la na Harald, hegblɔ nɛ be, “Ne èlé wo dzixɔse me ɖe asi la, èle afima to ge ayi wò Yehowa la gbɔ hafi kwasiɖa eve nava yi.”

2 Esime wolé Harald la, srɔ̃a Elsa gakpɔtɔ nɔ no nam wo vi nyɔnuvi si xɔ ɣleti ewo. Gake adzamekpovitɔawo mekpɔ nublanui na Elsa o. Eteƒe medidi o, woxɔ vidzĩa le esi, eye wolée yi ɖade asaɖa si me wowua amewo le me, le Auschwitz. Ke hã, ete ŋu do dzi nɔ afima ƒe geɖe, abe alesi Harald hã wɔe ene. Àte ŋu akpɔ alesi wowɔ do dzi la ŋutinya axlẽ le April 15, 1980, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ me. Harald ŋlɔ bene: “Ne metsɔ ƒe siwo katã metsɔ nɔ fuwɔamesaɖawo kple gaxɔwo me le nye Mawu dzixɔse ta la ƒo ƒui la, ele ƒe 14. Wobiam be: ‘Ðe srɔ̃wò kpe ɖe ŋuwò be nète ŋu do dzi le esiawo katã mea?’ Le nyateƒe me la, ekpe ɖe ŋunye ŋutɔ! Menyae be mele asi ɖe ge le eƒe dzixɔsewo ŋu gbeɖegbeɖe o, eye esia nyanya lém ɖe te. Menyae be ne melé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi kakaka tsɔ kui wòkpɔ la, ema adzɔ dzi nɛ wu be wòase be magbe nu le nye dzixɔse gbɔ bene woaɖe asi le ŋunye. . . . Elsa do dzi le nɔnɔme geɖe me le ƒe geɖe siwo wòtsɔ nɔ Germanytɔwo ƒe fuwɔamesaɖawo me la me.”

3, 4. (a) Ameka ƒe kpɔɖeŋui ate ŋu ade dzi ƒo na Kristotɔwo be woado dzi? (b) Nukata Biblia dea dzi ƒo na mí be míadzro nusi me Hiob to la me?

3 Le nyateƒe me la, Ðasefo geɖewo alɔ̃ ɖe edzi edzi be dzi menya dona le nɔnɔme sesẽwo me o. Eyata Biblia ɖo aɖaŋu na Kristotɔwo katã be: “Mitsɔ nyagblɔɖila, siwo ƒoa nu le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me la, ƒe fukpekpewo kple woƒe dzigbɔgbɔ blewu wɔ miaƒe kpɔɖeŋu.” (Yakobo 5:10) Woti Mawu subɔla geɖe yome yakatsyɔ le ƒe alafa siwo va yi la me. Kpɔɖeŋu siwo “ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã” sia ɖo ɖi la ate ŋu ade dzi ƒo na mí be míayi edzi atsɔ dzidodo anɔ Kristotɔwo ƒe dudime si kem míele la dzi.—Hebritɔwo 11:32-38; 12:1.

4 Le Biblia me nuŋlɔɖiwo me la, Hiob ƒe dzidodoe nye esi ɖe dzesi wu. Yakobo ŋlɔ bena: “Kpɔ ɖa, míeyɔa amesiwo doa dzi keŋ la be yayratɔwo. Miese Hiob ƒe dzidodo, eye miekpɔ Aƒetɔ la ƒe nuwuwu bena, Aƒetɔ la yɔ fũ kple dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ.” (Yakobo 5:11) Nusi do tso eme na Hiob la nye alesi Yehowa ava yra nuteƒewɔlawoe la ƒe sue aɖe ko. Vevietɔ wu la, ena míeva se nyateƒenya siwo aɖe vi na mí ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom la gɔme. Hiob ƒe agbalẽa kpena ɖe mía ŋu míekpɔa ŋuɖoɖo na nyabiase siawo: Ne míeɖo tetekpɔwo me la, nukatae wòle be míase nya vevi si le toa me la gɔme ɖo? Nɔnɔme kple nuwɔna kawoe akpe ɖe mía ŋu míado dzi? Aleke míate ŋu ado ŋusẽ haxɔsetɔ siwo le fu kpem lae?

Nu Bliboa Gɔmesese

5. Nya vevi kae wòle be wòanɔ susume na mí ne míeɖo tetekpɔwo kple dodokpɔwo me?

5 Be míada asɔ le nɔnɔme sesẽwo me la, ele be míase nya vevi si le toa me la gɔme nyuie. Ne menye nenema o la, mía ŋutɔ míaƒe kuxiwo ana míaƒe gbɔgbɔmeŋkuwo dzi nava wɔ flukpee. Nuteƒewɔwɔ na Mawu ye le vevie wu. Míaƒe Dziƒofofoa ŋutɔ na nuxlɔ̃ame aɖe mí, si dzi mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ ɖo, be: “Vinye, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na amesiwo le alɔme ɖem le ŋunye.” (Lododowo 27:11) Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku kae nye si esia nye! Togbɔ be míenye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo kple ame madeblibowo hã la, míate ŋu ado dzidzɔ na mía Wɔla la ƒe dzi. Míewɔa esia ne míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa wɔe be míete ŋu nɔ te ɖe tetekpɔwo kple dodokpɔwo nu. Lɔlɔ̃ si le Kristotɔ vavãwo si la doa dzi le nuwo katã me. Enu metsina gbeɖe o.—Korintotɔwo I, 13:7, 8.

6. Aleke gbegbee Satana ɖea alɔme le Yehowa ŋui?

6 Hiob ƒe agbalẽa na wòdze ƒã be Satanae nye amesi le alɔme ɖem le Yehowa ŋu. Eɖe nɔnɔme gbegblẽ si le futɔ makpɔmakpɔ sia si kple alesi wòdi be yeagblẽ mía kple Mawu dome ƒomedodo me la hã fia. Abe alesi wòdze le Hiob ƒe nyaa me ene la, Satana nɔa Yehowa subɔlawo nu tsom vevie be nusiwo Yehowa nana wo la tae wosubɔnɛ ɖo eye wòdina vevie be yeaɖee afia be woate ŋu agbe nu le Mawu gbɔ. Ƒe akpe aɖewo enye sia si wòle alɔme ɖem le Mawu ŋu. Esi wonyã Satana ɖa le dziƒo la, gbe si ɖi le dziƒo la ɖɔ eyama be enye “mía nɔviwo nutsola,” eye gbeɖiɖia gblɔ kpee be enɔa wo nu tsom “le Mawu ŋku me zã kple keli.” (Nyaɖeɖefia 12:10) Ne míedo dzi nuteƒewɔwɔtɔe la, míate ŋu aɖee afia be eƒe nutsotsoawo nye alakpa.

7. Aleke míate ŋu anɔ te ɖe ŋutilãmegbɔdzɔgbɔdzɔwo nui?

7 Ele be míaɖo ŋku edzi be Abosam adi be yeadze agbagba ato xaxa ɖesiaɖe si ava mía dzi la dzi bene yeatsɔ aɖe mí ɖa le Yehowa ŋu. Ɣekaɣie wòte Yesu kpɔ? Esime Yesu tsi nu dɔ ŋkeke geɖe, eye dɔ nɔ ewum lae. (Luka 4:1-3) Gake ŋusẽ si nɔ Yesu ŋu le gbɔgbɔ me la kpe ɖe eŋu wòte ŋu ɖoe kplikpaa gbe nusiwo Abosam tsɔ tee kpɔ la. Aleke gbegbee wòle vevie enye si be míatsɔ gbɔgbɔmeŋusẽ si anɔ mía ŋu la aɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ ɖesiaɖe—eɖanye dɔléle alo tsitsi o—dzii! Togbɔ be “míaƒe gotame gblẽna hã la,” míenaa ta o, elabena “míaƒe ememe la zua yeye gbesiagbe.”—Korintotɔwo II, 4:16.

8. (a) Aleke nuteɖeamedziwo ate ŋu agblẽ nu le ame ŋui? (b) Nɔnɔme kae nɔ Yesu si?

8 Gakpe ɖe eŋu la, nuteɖeamedziwo ate ŋu agblẽ ame ƒe gbɔgbɔmemenyenye me. Ame aɖe abia be, ‘Nukatae Yehowa ɖe mɔ ɖe esia ŋu ɖo?’ Ameŋumabumabu nuwɔna aɖe ate ŋu ana amea aɖe nabia be, ‘Nukatae wòle be nɔvi nawɔ nu ɖe ŋunye alea ɖo?’ Seselelãme siawo ate ŋu ana míaŋe aɖaba aƒu nya vevi si fɔ ɖe te la dzi, eye míava nɔ mía ŋutɔ mía ɖokuiwo dzaa ko ŋu bum. Alesi dzi ɖe le Hiob ƒo ɖe exɔlɔ̃ etɔ̃ siwo nɔ nɔnɔme si me wònɔ la gɔme sem bubui ta la anya gblẽ nu le eƒe seselelãme ŋu abe alesi ko eƒe dɔlélea hã gblẽ nu le eƒe ŋutilã ŋui ene. (Hiob 16:20; 19:2) Nenema kee apostolo Paulo ɖee fia be dzikudodo ɣeyiɣi didi ate ŋu ‘ana mɔ [alo, mɔnukpɔkpɔ] Abosam.’ (Efesotɔwo 4:26, 27) Le esi teƒe be Kristotɔwo nado dɔmedzoe alo dziku ɖe wɔ nɔewo ŋu, alo ana be numadzɔmadzɔ si woawɔ ɖe wo ŋu la nave wo kaɖikaɖi la, wodzea agbagba be yewoasrɔ̃ Yesu le ‘etsɔtsɔ ade asi na, Yehowa Mawu, amesi drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la boŋ’ me. (Petro  I, 2:21-23) Yesu ƒe “tamesusu” ƒe amesinɔnɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ŋutɔ be míakpe akɔ kple Satana ƒe amedzidzedze.—Petro I, 4:1.

9. Kakaɖedzinya kae Biblia gblɔ na mí tso agba siwo wòahiã be míatsɔ loo alo tetekpɔ siwo ava mía dzi la ŋu?

9 Ƒo wo katã ta la, mele be míabu kuxiwo be wonye kpeɖodzi be Mawu megale ŋudzedze kpɔm ɖe mía ŋu o. Ebubu alea ɖe dzi le Hiob ƒo esime akɔfala ƒuƒlu siwo va egbɔ la ƒe dzivenyawo nɔ etɔm vevie. (Hiob 19:21, 22) Biblia gblɔ kakaɖedzinya siawo na mí be: “Womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea ame aɖeke kpɔna o.” (Yakobo 1:13) Ke ha, Yehowa do ŋugbe be yeakpe ɖe mía ŋu míatsɔ agba ɖesiaɖe si adze mía dzi la, eye yeana míato tetekpɔ ɖesiaɖe si ava mía dzi la me ado dedie. (Psalmo 55:22; Korintotɔwo I, 10:13) Ne míete ɖe Mawu ŋu le xaxaɣiwo me la, míate ŋu akpɔ nya vevi si le toa me la nyuie eye míatsi tre ɖe Abosam ŋu dzidzedzetɔe.—Yakobo 4:7, 8.

Nusiwo Akpe Ðe Mía Ŋu Míado Dzi

10, 11. (a) Nukae kpe ɖe Hiob ŋu wòdo dzi? (b) Aleke dzitsinya nyui ƒe amesinɔnɔ kpe ɖe Hiob ŋui?

10 Togbɔ be Hiob ƒe nu wɔ nublanui—eye “akɔfala” siwo va egbɔ la ƒe nyawo gbã dzi nɛ, evɔ eya ŋutɔ menya nusi tututu tae afɔku siawo nɔ dzɔdzɔm ɖe yedzi ɖo o—hã la, eyi edzi wɔ nuteƒe. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe dzidodoa me? Ðikeke aɖeke mele eme o be, nusi koŋ na wòto eme do didie enye eƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa. ‘Enye mawuvɔ̃la eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.’ (Hiob 1:1) Mawuvɔ̃lae wònye tso gbaɖegbe ke. Togbɔ be Hiob menya nusitae nuwo trɔ kpata nenema ɖo o hã la, egbe be yemagbe nu le Yehowa gbɔ o. Hiob bui be ele be yeasubɔ Mawu le nɔnɔme nyuiwo kple vɔ̃awo siaa me.—Hiob 1:21; 2:10.

11 Dzitsinya nyui ƒe amesinɔnɔ hã fa akɔ na Hiob. Esime wòtsi ku amegã heyina kuku ge la, enyanya be yedze agbagba kpe ɖe amewo ŋu alesi yeate ŋui, be yewɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo dzi, eye be yeƒo asa na alakpasubɔsubɔ ƒomevi ɖesiaɖe la, na eƒe dzi dze eme.—Hiob 31:4-11.

12. Aleke Hiob xɔ kpekpeɖeŋu si Elihu nɛ lae?

12 Le esiawo katã me hã la, nya la gakpɔtɔ li be ehiã be woakpe ɖe Hiob ŋu wòaɖɔ eƒe tamesusu ɖo le go aɖewo me. Ebɔbɔ eɖokui xɔ kpekpeɖeŋu ma, si hã nye nu bubu si na wòdo dzi dzidzedzetɔe. Hiob ɖo to Elihu ƒe aɖaŋuɖoɖoa bubutɔe, eye wòxɔ ɖɔɖɔɖo nyui siwo katã Yehowa nae la. Elɔ̃ ɖe edzi be yegblɔ nya, siwo gɔme yemese o. Yemegblɔe nyuie o, eyata yetrɔ dzime le ke kple afi me. (Hiob 42:3, 6) Togbɔ be dɔ si wòdze la gakpɔtɔ nɔ eŋu hã la, dzi dzɔe be tɔtrɔ si yewɔ le yeƒe tamesusu ŋu la te ye ɖe Mawu ŋu. Egblɔ be: “Azɔ menyae be, [wò, Yehowa,] àte ŋu awɔ nuwo katã.” (Hiob 42:2) Esi Yehowa ɖe eƒe gãnyenye me na Hiob vɔ la, ɖoƒe si eya ŋutɔ le le Wɔla la ŋkume me gava kɔ nɛ ɖe edzi.

13. Aleke nublanui si Hiob kpɔ na ameawo la kpe ɖe eŋui?

13 Mlɔeba, Hiob ɖo nublanuikpɔkpɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi. Yeaɖi akɔfalaawo gbã dzi nɛ vevie, ke hã, esi Yehowa bia tso esi be wòado gbe ɖa ɖe wò ta la, edoe ɖa. Emegbe Yehowa da gbe le Hiob ŋu. (Hiob 42:8, 10) Esia na eme kɔ ƒã be dzikudodo makpe ɖe mía ŋu míado dzi o, ke lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ya akpe ɖe mía ŋu míadoe. Asiɖeɖe le dziku ŋu naa míaƒe dzi dzea eme le gbɔgbɔ me, eye enye nuwɔna si dzi Yehowa yrana ɖo.—Marko 11:25.

Aɖaŋu Nyui Ðola Siwo Kpena Ðe Mía Ŋu Míedoa Dzi

14, 15. (a) Nɔnɔme kawoe akpe ɖe aɖaŋuɖola ŋu be wòafa akɔ na amewo? (b) Gblɔ nusi na Elihu te ŋu kpe ɖe Hiob ŋu dzidzedzetɔe.

14 Nu bubu si hã míate ŋu asrɔ̃ tso Hiob ƒe nuŋlɔɖia mee nye aɖaŋu nyui ɖolawo ƒe vevienyenye. Amesiawo tɔgbe ‘trɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.’ (Lododowo 17:17) Gake abe alesi Hiob ƒe nuteƒekpɔkpɔa ɖee fia ene la, aɖaŋuɖola aɖewo gbãa dzi na ame tsɔ wu esi woafa akɔ na ame. Ehiã be aɖaŋu nyui ɖolawo nase veve ɖe ame nu, ade bubu ame ŋu, ahanye dɔmenyolawo, abe alesi Elihu wɔe ene. Ahiã be hamemegãwo kple Kristotɔ tsitsi bubuwo naɖɔ nɔvi siwo dzi kuxiwo le tetem ɖo la ƒe tamesusuwo ɖo, eye aɖaŋuɖola siawo ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Hiob ƒe agbalẽa me, le esia wɔwɔ me.—Galatiatɔwo 6:1; Hebritɔwo 12:12, 13.

15 Míate ŋu asrɔ̃ nu nyui geɖe tso alesi Elihu kpɔ nyaa gbɔe me. Egbɔ dzi ɖi se nyawo ɣeyiɣi didi aɖe hafi trɔ ɖe vodada si wɔm Hiob kple exɔlɔ̃wo le la ŋu. (Hiob 32:11; Lododowo 18:13) Elihu yɔ Hiob ƒe ŋkɔ xɔlɔ̃wɔwɔtɔe hafi ƒo nu nɛ. (Hiob 33:1) Elihu mebui be yenye ame dzɔdzɔe wu Hiob, abe alesi yeaɖi akɔfala etɔ̃awo wɔe ene, o. Elihu gblɔ be: “Tsue woka me nye hãe.” Mezã ameŋumabunyawo tsɔ do nuxaxa na Hiob ɖe edzi o. (Hiob 33:6, 7; Lododowo 12:18) Le esi teƒe be Elihu nahe nya ɖe Hiob ŋu le nusiwo wòanya wɔ va yi ta la, ekafui ɖe eƒe nudzɔdzɔewɔwɔ ta boŋ. (Hiob 33:32) Vevietɔ wu la, Elihu nɔ nuawo ŋu bum abe alesi Mawu bui ene, eye wòkpe ɖe Hiob ŋu wòanyae be Yehowa mawɔ numadzɔmadzɔ gbeɖe o. (Hiob 34:10-12) Ede dzi ƒo na Hiob be wòakpɔ Yehowa sinu, tsɔ wu esi wòanɔ agbagba dzem be yeaʋli ye ŋutɔ yeƒe dzɔdzɔenyenye ta. (Hiob 35:2; 37:14, 23) Anyo be Kristotɔ hamemegãwo kple ame bubuwo nasrɔ̃ nu tso esiawo me.

16. Aleke wòdzɔe be ame etɔ̃ siwo va akɔ fa ge na Hiob la zu va Satana ƒe dɔlawoe?

16 Aɖaŋu nyui siwo Elihu ɖo la to vovo na Elifaz, Bildad, kple Zofar ƒe dzigbãnyawo kura. Yehowa gblɔ na wo be: “Mieƒo nu nyui aɖeke le ŋunye . . . o.” (Hiob 42:7) Ne wogblɔ gɔ̃ hã be menye vɔ̃ dzie yewole o hã la, wowɔ nu abe Satana ƒe dɔlawo ene tsɔ wu esi woanye xɔlɔ̃ veviwo. Wo ame etɔ̃a katã bui le gɔmedzedzea me be Hiob ŋutɔe wɔ nane si tae wòdze na tohehe siawo ɖo. (Hiob 4:7, 8; 8:6; 20:22, 29) Elifaz ƒe nyawo fia be míeɖanye nu dzɔdzɔe wɔlawo loo alo míeɖanyee o, Mawu meka ɖe esubɔlawo dzi o. (Hiob 15:15; 22:2, 3) Elifaz bu fɔ Hiob ɖe nuvɔ̃ siwo mewɔ o gɔ̃ hã ta. (Hiob 22:5, 9) Gake Elihu ya kpe ɖe Hiob ŋu le gbɔgbɔ me, si nyea taɖodzinu si nɔa aɖaŋuɖola lɔ̃ame si ɣesiaɣi.

17. Ne míeɖo tetekpɔ me la, nukae wòle be wòanɔ susume na mí?

17 Nu bubu aɖe hã li si míate ŋu asrɔ̃ tso Hiob ƒe agbalẽa me. Mía Mawu lɔ̃ame la kpɔa nɔnɔme si me míele eye ele klalo be yeakpe ɖe mía ŋu le mɔ vovovowo nu, eye wòate ŋu awɔe hã. Míese nusi me Elsa Abt to la le nyati sia ƒe gɔmedzedze. De ŋugble le nya siwo wòva gblɔ la ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Hafi woava lém la, mexlẽ nɔvinyɔnu aɖe ƒe lɛta aɖe si me wògblɔ le be ne èɖo dodokpɔ sesẽ aɖe me la, Yehowa ƒe gbɔgbɔa nana akɔfaname ƒomevi aɖe ame. Mebui be ɖee wònɔ ami ɖem ɖe eƒe nyawo. Gake esi nye ŋutɔ meto tetekpɔawo me la, mekpɔe be nyateƒe tomee wònɔ. Nenema tututue wòdzɔe. Ne medzɔ ɖe dziwò o la, màte ŋu ase egɔme o. Ke hã, edzɔ ɖe dzinye ŋutɔŋutɔ. Yehowa kpena ɖe ame ŋu ŋutɔ nyateƒe.” Menye nusi Yehowa te ŋu wɔ le Hiob ŋɔli le ƒe akpe siwo va yi me la ƒe nya gblɔmee Elsa nɔ o. Míaƒe ɣeyiɣia me ƒe nyawo gblɔmee wòle. Ẽ, “Yehowa kpena ɖe ame ŋu ŋutɔ nyateƒe”!

Dzidzɔtɔe Nye Amesi Doa Dzi

18. Viɖe kawoe Hiob kpɔ tso dzidodo me?

18 Mía dometɔ ʋɛ aɖewo ato tetekpɔ sesẽwo, abe Hiob tɔ ene, me. Gake tetekpɔ ka kee nuɖoanyi sia ahe va mía dzi o, susu nyui geɖe li siwo tae wòle be míayi edzi awɔ nuteƒe, abe alesi Hiob wɔe ene, ɖo. Le nyateƒe me la, dzidodo na Hiob ƒe agbe ganyo ɖe edzi. Ena wòzu ame blibo. (Yakobo 1:2-4) Ena woa kple Mawu dome ƒomedodo me gasẽ ɖe edzi. Hiob lɔ̃ ɖe edzi be: “Wogblɔ nya le ŋuwò mese; ke azɔ la nye ŋkuwo kpɔ wò.” (Hiob 42:5) Satana zu alakpatɔ le susua nu be mete ŋu gblẽ Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ me o. Le ƒe alafa geɖe megbe la, Yehowa gayɔ esubɔla Hiob tsɔ wɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kpɔɖeŋui. (Xezekiel 14:14) Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ kple dzidodo doa ŋusẽ Mawu ƒe amewo egbea hã.

19. Nukata nèse le ɖokuiwò me be viɖe le dzidodo me?

19 Esime Yakobo nɔ nu ŋlɔm na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo tso dzidodo ŋu la, egblɔ dzidzeme si dzidodo hena vɛ. Eye ezã Hiob ƒe kpɔɖeŋua tsɔ ɖo ŋku edzi na wo be Yehowa yraa esubɔla wɔnuteƒewo geɖe. (Yakobo 5:11) Hiob 42:12 gblɔ be: “Yehowa yra Hiob fifia wu tsã.” Mawu ɖo nusiwo bu na Hiob la teƒe nɛ eveve, eye wònɔ agbedidi, si me dzidzɔ nɔ. (Hiob 42:16, 17) Nenema kee wòava ɖe veve siwo míase, fu siwo míakpe, kple dzigbãnya siwo míase le nuɖoanyi sia me la ɖa eye míaŋlɔ wo be kura le Mawu ƒe xexe yeyea me. (Yesaya 65:17; Nyaɖeɖefia 21:4) Míese Hiob ƒe dzidodo, eye míeɖoe kplikpaa be, le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míasrɔ̃ Hiob ƒe kpɔɖeŋua. Biblia do ŋugbe be: “Woayra ŋutsu, si doa dzi le tetekpɔ me la; elabena ne eva li ke la, akpɔ agbefiakuku, si ŋugbe Aƒetɔ la do na amesiwo lɔ̃nɛ la.”—Yakobo 1:12.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke nàte ŋu ado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzii?

• Nukata mele be míaƒo nya ta be míaƒe kuxiwo nye kpeɖodzi be Mawu megale ŋudzedze kpɔm ɖe mía ŋu o?

• Nukawoe kpe ɖe Hiob ŋu wòte ŋu do dzi?

• Aleke míate ŋu asrɔ̃ Elihu, ne míele ŋusẽ dom haxɔsetɔwoe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Aɖaŋu nyui ɖola sea veve ɖe ame nu, dea bubu ame ŋu, henyea dɔmenyola

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Elsa kple Harald Abt