Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Le dodokpɔ mamlɛ si woawɔ le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu megbe la, ɖe amewo agate ŋu awɔ nuvɔ̃ ahakua?

Mawunyakpukpui eve aɖewo le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me, siwo ƒo nu tso nya sia ŋu. Gbãtɔ gblɔ be: “Wotsɔ ku kple tsiẽƒe ƒu gbe ɖe dzota la me. Dzota sia enye ku evelia.” (Nyaɖeɖefia 20:14) Eveliae nye: “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:4.

De dzesi ɖoɖo si nu nuawo adzɔ ɖo. Ne wodrɔ̃ ʋɔnu amesiwo tso Harmagedon, ame kuku siwo wofɔ ɖe tsitre, kple amesiwo wodzi le Harmagedon megbe, ɖe “nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo” me, si anye nusiwo Yehowa adi tso anyigba dzi nɔlawo katã si le ƒe akpe ɖeka la me, nu vɔ megbee woatsɔ “ku kple tsiẽƒe” aƒu gbe ɖe dzota la me. (Nyaɖeɖefia 20:12, 13) Ke apostolo Yohanes ƒe ŋutega si le Nyaɖeɖefia ta 21 lia me ya ava eme le Yesu Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me. Gake ŋutega ma ava eme bliboe keŋkeŋ le ƒe akpe ɖeka Ʋɔnudrɔ̃gbea ƒe nuwuwu. Ɣemaɣie Yehowa anɔ anyi kple ameƒomea bliboe, nyaxɔɖeakɔla aɖeke manɔmee, le esime Yesu hã trɔ Fiaɖuƒea na Fofoa vɔ megbe. Yehowa anɔ nyi kple “eƒe dukɔ” ɖaa, le gbɔgbɔmegɔmesese nu. Ne woto Kristo ƒe tafevɔsaa dzi na ameƒomea de blibo keŋkeŋ la, “ku maganɔ anyi” kura o.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Eyata ku si ƒe nya wogblɔ le ŋɔŋlɔ siwo woyɔ ɖe etame me la nye ku si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ, si Kristo ƒe tafevɔsaa aɖe ɖa. (Romatɔwo 5:12-21) Ne wonya ɖe ku si ƒe dome ameƒomea nyi tso ame gbãtɔ, Adam, gbɔ ɖa ko la, amegbetɔwo anɔ abe alesi tututu Adam nɔ esime wowɔe la ene. Adam nye ame deblibo, gake ema mefia be mate ŋu aku o. Yehowa gblɔ na Adam be wòagaɖu ‘ati si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la ƒe tsetse aɖeke o,’ eye wògblɔ kpee be: “Gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku.” (Mose I, 2:17) Ema nye ku si ame aku ɖe nuvɔ̃ si wòɖo koŋ wɔ ta. Le dodokpɔ mamlɛ si woawɔ le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu megbe la, tiatiawɔblɔɖe agakpɔtɔ anɔ amegbetɔwo si. (Nyaɖeɖefia 20:7-10) Mɔnukpɔkpɔ agakpɔtɔ anɔ wo si be woatiae be yewoayi edzi asubɔ Yehowa loo alo yewomasubɔe o. Eyata ame aɖeke mate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be ame aɖeke magadze aglã ɖe Mawu ŋu, abe alesi Adam wɔe ene, o.

Ke nukae adzɔ ɖe amesi atiae be yeadze aglã le dodokpɔ mamlɛa megbe, esime ku alo tsiẽƒe aɖeke megali o, la dzi? Ɣemaɣi la, ku si Adam ƒe nuvɔ̃a he vɛ megali o. Eye tsiẽƒe, si nye yɔdo si me woɖia ame ɖo kple susu be woagafɔe ɖe tsi tre ake, hã megali o. Ke hã, Yehowa ate ŋu atsrɔ̃ aglãdzela ɖesiaɖe ɖa le dzota la me, eye womagakpɔ mɔ be woava fɔ amea ɖe tsitre gbaɖekegbe o. Ema asɔ kple ku si Adam kple Xawa ku la, ke menye ku si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ la o.

Ke hã, susu aɖeke meli si tae míabu be ame aɖe ava dze aglã ɖo o. Amesiwo to dodokpɔ mamlɛa me do dedie la ato vovo na Adam le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Wodo wo kpɔ bliboe. Míate ŋu aka ɖe edzi be le dodokpɔ mamlɛa me la, Yehowa ado amewo kpɔ nyuie le goawo katã me elabena enya alesi wodoa ame kpɔnae ƒitsoƒitso. Míate ŋu aka ɖe edzi be amesiame si ate ŋu ava zã tiatiawɔblɔɖe si wòava kpɔ la ɖe mɔ gbegblẽ nu la mato dodokpɔ mamlɛa me ado o. Eyata togbɔ be amesiwo ato dodokpɔ mamlɛa me la ate ŋu ava dze aglã ɖe Mawu ŋu eye wòatsrɔ̃ wo hã la, asesẽ ŋutɔ hafi nusia tɔgbe nadzɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Le dodokpɔ mamlɛa megbe la, gɔmesese ka nue ameƒomea asɔ kple Adam le?