Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ƒe Asieke Vi aɖe Ta Koe”

“Ƒe Asieke Vi aɖe Ta Koe”

“Ƒe Asieke Vi aɖe Ta Koe”

ƔESIAƔI si Yehowa Ðasefowo nya va Wiesława, si le Poland ƒe anyiehe, ƒe ʋɔtru nu ko la, edaa akpe na wo bubutɔe hegbea dzeɖoɖo kpli wo. Gake gbeɖeka la, Samuel si nye ƒe asieke vi aɖe kple dadaa wova eƒe ʋɔtru nu. Fifia ya la, Wiesława ɖoe be yease Biblia me gbedasia, eye exɔ magazine aɖe si ƒo nu tso anyigba si dzi Paradiso anɔ ŋu.

Esi wònye be Yesu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia nɔ aƒe tum ta la, Samuel di be yeakpe Wiesława na wɔna tɔxɛ sia. Eyata ena dadaa gakplɔe yi ɖasrã nyɔnua kpɔ, ke fifia la, etsɔ amekpegbalẽvi nɛ. Esi Wiesława de dzesii be ɖevia dzra ɖo nyuie la, edo taflatse, eye wòyi xɔme ɖadzra eɖokui ɖo nyuie. Esi wòtrɔ va la, eɖo to Samuel, exɔ amekpegbalẽvia, eye wòbiae be: “Ðe wòle be mía kple srɔ̃nye míava loo alo nye ɖeka?” Eye wògblɔ kpee be: “Ne srɔ̃nye meva o hã, nyea mava. Samuel, wò tae mele vava ge ɖo lo!” Samuel kpɔ dzidzɔ ŋutɔ, esi nyɔnua wɔ eƒe ŋugbedodoa dzi.

Le Ŋkuɖodzinuƒoa ƒoɣi la, Samuel nɔ Wiesława xa henɔ ŋɔŋlɔ siwo me dzrom wole la ʋum nɛ. Esia wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ. Ekpɔ dzidzɔ ɖe Ŋkuɖodzia ŋu ale gbegbe, eye ekpɔ ŋudzedze ɖe alesi wotsɔ nyagbe siwo gɔme sese le bɔbɔe ɖe susu siwo me goglo me la ŋu. Alesi hamea xɔe vividoɖeameŋutɔe kple alesi wonyo dɔme nɛ hã wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ. Tso ɣemaɣi la, Wiesława le ŋudzedze geɖe kpɔm ɖe Mawu ƒe nya ŋu, eye wòte hadede kple Yehowa Ðasefowo edziedzi. Egblɔ nyitsɔ laa be: “Ekpea ŋu nam ŋutɔ be tsã la, nyemexɔa mi ne mieva nye ʋɔtru nu o. Eye ne mato nyateƒe la, ƒe asieke vi aɖe ta koe meɖo to miaƒe gbedasia ɖo, Samuel tae.”

Abe Samuel si le Poland ene la, sɔhɛ Yehowa Ðasefo bubu geɖe le Mawu kafum kple woƒe nuyiwo kpakple woƒe agbenyuinɔnɔ. Ne sɔhɛ nènye la, wò hã, àte ŋu akpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu be woakpɔ ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu.