Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Woawɔ Ate Ðe ‘Gbedodoɖasela’ La Ŋu

Alesi Woawɔ Ate Ðe ‘Gbedodoɖasela’ La Ŋu

Alesi Woawɔ Ate Ðe ‘Gbedodoɖasela’ La Ŋu

“Èɖoa to gbedodoɖa, gbɔwòe ŋutilãwo katã woayi.”—PSALMO 65:3.

1. Nukae na amegbetɔwo to vovo kura tso anyigbadzinuwɔwɔ bubuawo katã gbɔ, eye mɔnukpɔkpɔ kae esia ʋuna ɖi na mí?

LE NUWƆWƆ akpe nane siwo katã li dome la, amegbetɔwo ko sie ŋutete le be woade ta agu na Wɔla la. Amegbetɔwo koe kpɔe be ehiã be yewoade ta agu na Mawu eye wodina vevie be yewoaɖi kɔ na didi sia. Esia ʋua mɔnukpɔkpɔ, si wɔ nuku la, ɖi na mí be míeva nɔa ƒomedodo nyui me kple mía Fofo si le dziƒo.

2. Aleke gbegbe nuvɔ̃ gblẽ nu le amegbetɔ kple Ewɔla dome ƒomedodo ŋui?

2 Mawu wɔ amegbetɔ hena ŋutetee be wòate ɖe Ewɔla ŋu aƒo nu kplii. Wowɔ Adam kple Xawa nuvɔ̃ aɖeke menɔ wo ŋu o. Eyata woate ŋu ate ɖe Mawu ŋu faa abe alesi ɖevi tena ɖe fofoa ŋui ene. Gake woƒe nuvɔ̃ si wowɔ na be wobu mɔnukpɔkpɔ gã ma. Adam kple Xawa gbe toɖoɖo Mawu eye esia wɔe be ƒomedodo kplikplikpli si nɔ woa kple Mawu dome la me gblẽ. (Mose I, 3:8-13, 17-24) Ðe esia fia be Adam ƒe dzidzimevi madeblibowo mate ŋu aƒo nu kple Mawu oa? Menye nenemae o. Yehowa gakpɔtɔ ɖe mɔ na wo be woate ɖe ye ŋu ne wonyaɖo nudidi aɖewo gbɔ ko. Nukawoe nye nudidi mawo?

Nusiwo Hiã Hena Tete Ðe Mawu Ŋu

3. Aleke wòle be amegbetɔ nuvɔ̃mewo nate ɖe Mawu ŋui, eye esia ƒe kpɔɖeŋu aɖe enye ka?

3 Nudzɔdzɔ aɖe si ku ɖe Adam viŋutsu eve ŋu kpe ɖe mía ŋu míekpɔ nusi Mawu dina tso amegbetɔ madeblibo si di be yeate ɖe eyama ŋu la si. Kain kple Habel siaa sa vɔ na Mawu tsɔ te kpɔ be yewoate ɖe eyama ŋu. Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe Habel ƒe vɔsaa ŋu gake mekpɔ ŋudzedze ɖe Kain tɔ ya ŋu o. (Mose I, 4:3-5) Nukatae? Hebritɔwo 11:4 gblɔ be: “Le xɔse me [Habel] tsɔ numeme, si nyo wu Kain tɔ la, na Mawu, [xɔse si] me woto ɖi ɖase nɛ be, ame dzɔdzɔe wònye.” Eyata eme kɔ ƒã be, xɔse nye nudidi aɖe si hiã hena tete ɖe Mawu ŋu. Nudidi bubu aɖe hã dze le Yehowa ƒe nya siwo wògblɔ na Kain me, be: “Alo menye ale wòle oa? Ne èwɔ nyui la, wò ŋku me akɔ.” Nyateƒee, ne ɖe Kain wɔ nyui la, anye ne Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe afɔ siwo wòɖe be yeate ɖe eyama ŋu la ŋuti. Ke hã, Kain gbe wɔwɔ ɖe Mawu ƒe nuxlɔ̃amea dzi, eye wòwu Habel, ale wɔ wòva zu amesi wonyã ɖa wòzu tsatsala. (Mose I, 4:7-12) Eyata wona wòdze ƒã tso gɔmedzedzea me ke be xɔse kple dɔ nyui wɔwɔ le vevie le tete ɖe Mawu ŋu me.

4. Nuka dzie wòle be míalɔ̃ ɖo ne míedi be míate ɖe Mawu ŋu?

4 Lɔlɔ̃ ɖe edzi be míenye nuvɔ̃mewo le vevie ne míedi be míate ɖe Mawu ŋu. Amegbetɔwo katã nye nuvɔ̃mewo, eye nuvɔ̃ xea mɔ na wo le tete ɖe Mawu ŋu me. Nyagblɔɖila Yeremya ŋlɔ le Israel-viwo ŋu be: “Míawo míedze aglã, . . . Èɣla ɖokuiwò ɖe alilikpo me, ale be gbedodoɖa aɖeke meɖi go ɖe egodo o.” (Konyifahawo 3:42, 44) Togbɔ be ele alea hã la, le ameƒomea ƒe ŋutinya katã me la, Mawu lɔ̃na faa ɖoa to amesiwo tena ɖe eŋu le xɔse me, amesiwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le, eye wowɔna ɖe eƒe sededewo dzi la ƒe gbedodoɖawo. (Psalmo 119:145) Amesiawo dometɔ aɖewo ɖe, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso woƒe gbedodoɖawo me?

5, 6. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Abraham te ɖe Mawu ŋui me?

5 Amesiawo dometɔ ɖekae nye Abraham. Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe agbagba si Abraham dze be yeate ɖe eyama ŋu la ŋu, elabena Mawu yɔe be “xɔ̃nye.” (Yesaya 41:8) Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Abraham te ɖe Mawu ŋui me? Blemafofo wɔnuteƒe sia bia Yehowa be amekae anyi yeƒe dome mahã, esime wògblɔ be: “Esi vikoe le wɔyem . . . la, nuka gɔ̃ natsɔ nama?” (Mose I, 15:2, 3; 17:18) Le ɣebubuɣi la, edi vevie be yeanya amesiwo atsi agbe ne Mawu he ʋɔnudɔdrɔ̃ va ame vɔ̃ɖi siwo nɔ Sodom kple Gomora dzi. (Mose I, 18:23-33) Abraham ɖe kuku ɖe ame bubuwo hã ta. (Mose I, 20:7, 17) Eye abe alesi wònɔ le Habel gome ene la, Abraham saa vɔ na Yehowa ɣeaɖewoɣi ne edi be yeate ɖe Mawu ŋu.—Mose I, 22:9-14.

6 Le esiawo katã me la, Abraham ƒo nu na Yehowa tso dzime faa. Togbɔ be eƒo nu kple Ewɔla faa alea hã la, ewɔe le ɖokuibɔbɔ me. Se bubudeameŋunya siwo wògblɔ le Mose I, 18:27 ɖa: “Kpɔ ɖa, nye amesi nye anyi kple afi ko la, medo dzi be, maƒo nu kpli wò, Aƒetɔ!” Nɔnɔme nyui ka gbegbee nye si wòle be míasrɔ̃!

7. Nya vovovo kawo ŋue blemafofowo do gbe ɖa na Yehowa le?

7 Blemafofowo do gbe ɖa na Yehowa le nya vovovowo ŋu, eye wòkpɔ ŋudzedze ɖe woawo ŋu heɖo to woƒe gbedodoɖawo. Yakob do gbe aɖe ɖa wònye adzɔgbeɖeɖe. Esi wòbia Mawu be nekpe ɖe ye ŋu vɔ la, edo ŋugbe tso dzime be: “Matsɔ nusianu, si nanam la ƒe ewolia na wò kokoko.” (Mose I, 28:20-22) Emegbe esi Yakob yina nɔvia kpe ge la, eɖe kuku na Yehowa be nekpɔ ye ta hegblɔ be: “Meɖe kuku, ɖem tso nɔvinye si me, tso Esau si me; elabena mele evɔ̃m.” (Mose I, 32:10-13) Blemafofo Hiob hã doa gbe ɖa na Yehowa ɖe eƒe ƒomea ta, hesaa vɔ ɖe wo ta. Esi Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo wɔ nuvɔ̃ le nya siwo wogblɔ me la, Hiob do gbe ɖa ɖe wo ta, eye “Yehowa kpɔ Hiob ŋku me” alo ese eƒe gbedodoɖa. (Hiob 1:5; 42:7-9) Nuŋlɔɖi siawo kpena ɖe mía ŋu be míanya nusiwo ŋu míate ŋu ado gbe ɖa le na Yehowa. Míekpɔe hã be, Yehowa lɔ̃na be yease amesiwo tena ɖe eŋu le mɔ si sɔ nu la ƒe gbedodoɖawo.

Le Se ƒe Nubabla la Te

8. Aleke wotsɔa nyawo ɖoa Yehowa ŋkume ɖe dukɔa ta le Se ƒe nubablaa te?

8 Esi Yehowa ɖe Israel dukɔa tso Egipte megbe la, etsɔ Se ƒe nubabla la na wo. Sea gblɔ ɖoɖo si dzi woato ate ɖe Mawu ŋu, si nye to nunɔla siwo wòɖo dzi. Woɖo Lewi-vi aɖewo be woasubɔ abe nunɔlawo ene na dukɔa. Ne nya aɖe si lɔ dukɔ bliboa ɖe eme do mo ɖa la, dukɔa teƒenɔla aɖe—ɣeaɖewoɣi la, enyea fia alo nunɔla aɖe—tsɔa nya la ɖoa Mawu ŋkume le gbedodoɖa me. (Samuel I, 8:21, 22; 14:36-41; Yeremya 42:1-3) Le kpɔɖeŋu me, Fia Salomo te ɖe Yehowa ŋu hedo gbe ɖa nɛ tso dzime le gbedoxɔa ŋu kɔɣi. Yehowa hã ɖee fia be yese Salomo ƒe gbedodoɖaa le esi wòna Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔa me, eye wògblɔ be: “Nye towo anɔ te ɖe gbe, si woado ɖa le teƒe sia la ŋu.”—Kronika II, 6:12–7:3, 15.

9. Nukae wodi tso nunɔlawo si be woawɔ hafi ate ɖe Yehowa ŋu le kɔkɔeƒea le mɔ si sɔ nu?

9 Le Se si wotsɔ na Israel me la, Yehowa gblɔ nudidi si hiã hena tete ɖe eyama ŋu le mɔ si sɔ nu le kɔkɔeƒe la. Nukae nudidi sia nye? Ŋdi sia ŋdi kple fiẽ sia fiẽ la, wobia tso nunɔlagã la si be wòado dzudzɔ ʋeʋẽe le Yehowa ŋkume tsɔ kpe ɖe lãwo tsɔtsɔ sa vɔe ŋu. Emegbe la, nunɔlateviwo hã va wɔa subɔsubɔdɔ sia, negbe le Avuléŋkekea dzi ko. Ne nunɔlawo mede bubu Yehowa ŋu alea o la, makpɔ ŋudzedze ɖe woƒe subɔsubɔdɔa ŋu o.—Mose II, 30:7, 8; Kronika II, 13:11.

10, 11. Kpeɖodzi kawoe li be Yehowa ɖoa to ame ɖekaɖekawo ŋutɔ ƒe gbedodoɖawo?

10 Le blema Israel la, amesiwo Mawu ɖo ko dzie wotona hafi te ŋu tena ɖe eŋua? Ao, Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be edzɔa dzi na Yehowa be yeaɖo to ame ɖekaɖekawo ŋutɔ ƒe gbedodoɖawo hã. Le gbe si Salomo do ɖa le gbedoxɔa ŋu kɔɣi me la, eƒo koko na Yehowa be: “[Ne] ame aɖe alo Israel-dukɔ blibo la . . . ke eƒe abɔwo me ɖo ɖe xɔ sia dzi la, ekema nàsee le nɔwòƒe le dziƒo.” (Kronika II, 6:29, 30) Luka ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be esime Zaxarya, Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa fofo, nɔ dzudzɔ ʋeʋẽe dom le kɔkɔeƒea la, Yehowa subɔla siwo menye nunɔlawo o ƒe ha aɖe nɔ “gbe dom ɖa le gota.” Edze ƒã be, eva zu kɔnu na ameawo be woaƒo ƒu anɔ gbe dom ɖa le gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu esime wole dzudzɔ ʋeʋẽe dom na Yehowa le sikavɔsamlekpuia dzi.—Luka 1:8-10.

11 Eyata ne wote ɖe Yehowa ŋu le mɔ si sɔ nu la, elɔ̃na faa ɖoa to dukɔa teƒenɔla alo ame ɖekaɖeka siwo di be yewoate ɖe eyama ŋu la ƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒowo. Egbea míegale Se ƒe nubablaa te o. Ke hã, míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso gbedodoɖa ŋu le mɔ siwo dzi blema Israel-viwo tona tena ɖe Mawu ŋu me.

Le Kristotɔwo ƒe Ðoɖoa Te

12. Ðoɖo kae wowɔ na Kristotɔwo si dzi woato ate ɖe Yehowa ŋu?

12 Kristotɔwo ƒe ɖoɖoa tee míele fifia. Gbedoxɔ si wokpɔna kple ŋku, si me nunɔla siwo nɔa Mawu ƒe amewo teƒe subɔna le alo si ŋu wòle be míatrɔ ɖo ado gbe ɖa na Mawu, megali egbea o. Ke hã, Yehowa gawɔ ɖoɖo aɖe na mí si dzi míato ate ɖe eyama ŋu. Ðoɖo kae? Esime wosi ami na Kristo le ƒe 29 M.Ŋ. me heɖoe Nunɔlagãe la, gbɔgbɔmegbedoxɔ aɖe te dɔwɔwɔ. * Gbɔgbɔmegbedoxɔ siae nye ɖoɖo yeye si dzi woato ate ɖe Yehowa ŋu le tadedeagu me to Yesu Kristo ƒe avulévɔsa la dzi.—Hebritɔwo 9:11, 12.

13. Gblɔ nusi sɔ kple wo nɔewo le Yerusalem gbedoxɔa kple gbɔgbɔmegbedoxɔa ŋu ku ɖe gbedodoɖa ŋuti.

13 Nu geɖe siwo wowɔna le Yerusalem gbedoxɔa me sɔ ɖe gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe ɖoɖo vovovo siwo dome esiwo ku ɖe gbedodoɖa ŋu hã le nu. (Hebritɔwo 9:1-10) Le kpɔɖeŋu me, nukae atike ʋeʋẽe si wotsɔ doa dzudzɔ ŋdi kple fiẽ le dzudzɔdovɔsamlekpui la dzi le gbedoxɔa ƒe Kɔkɔeƒea tsi tre ɖi na? Le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒe nya nu la, ‘atike ʋeʋẽe la nye ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo.’ (Nyaɖeɖefia 5:8; 8:3, 4) Gbɔgbɔ ʋã Dawid wòŋlɔ bena: “Nye gbedodoɖa nenɔ ŋkuwò me abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene.” (Psalmo 141:2) Eyata esɔ nyuie be, atike ʋeʋẽe la ƒe ʋeʋẽ lililia tsi tre ɖi na gbedodoɖa kple kafukafu siwo dzea Yehowa ŋu le Kristotɔwo ƒe ɖoɖoa me.—Tesalonikatɔwo I, 3:10.

14, 15. Nukae míate ŋu agblɔ tso tete ɖe Yehowa ŋu (a) le Kristotɔ amesiaminawo gome? (b) le ‘alẽ bubuawo’ gome?

14 Amekawoe ate ŋu ate ɖe Mawu ŋu le gbɔgbɔmegbedoxɔ sia me? Le gbedoxɔ si wokpɔna me la, mɔnukpɔkpɔ su nunɔlawo kple Lewi-viwo si be woasubɔ le xɔxɔnu emetɔa me, gake nunɔlawo koe yina ɖe Kɔkɔeƒe la. Kristotɔ amesiamina siwo si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ le la le gbɔgbɔmenɔnɔme tɔxɛ aɖe me, si xɔxɔnu emetɔ kple Kɔkɔeƒea tsi tre ɖi na, si nana be wote ŋu doa gbe ɖa na Mawu hekafunɛ.

15 Ke ‘alẽ bubu’ siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le ya ɖe? (Yohanes 10:16) Nyagblɔɖila Yesaya ɖee fia be dukɔ geɖe me tɔwo ava de ta agu na Yehowa “le ŋkeke mamlɛawo me.” (Yesaya 2:2, 3) Eŋlɔ hã be ‘amedzroviwo’ ava subɔ Yehowa. Mawu ɖee fia be ne wote ɖe ye ŋu la yeaxɔ wo, esi wògblɔ be: “Mado dzidzɔ na wo le nye gbedoxɔ me.” (Yesaya 56:6, 7) Nyaɖeɖefia 7:9-15 na numekɔkɔ bubuwo, esi wòƒu nu tso “ameha gã” siwo tso “dukɔ sia dukɔ” me ŋu, amesiwo ƒo ƒu dea ta agu na Mawu hedoa gbe ɖa nɛ “zã kple keli” esime wole tsitre ɖe gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe xɔxɔnu xexetɔ. Nya fakɔname ka gbegbee nye si be Mawu subɔlawo katã ate ŋu ate ɖe eyama ŋu egbea faa kple kakaɖedzi be Mawu aɖo to yewoƒe gbedodoɖa!

Gbedodoɖa Kawoe Dzea Mawu Ŋu?

16. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Kristotɔ gbãtɔwo gbɔ le gbedodoɖa ŋu?

16 Kristotɔ gbãtɔwo nye amesiwo doa gbe ɖa vevie. Nukawo ŋue wodoa gbe ɖa le? Kristotɔ hamemetsitsiwo doa gbe ɖa biaa mɔfiafia le ŋutsu siwo anɔ dɔwo nu le hamea me tiatia me. (Dɔwɔwɔwo 1:24, 25; 6:5, 6) Epafra do gbe ɖa ɖe haxɔsetɔwo ta. (Kolosetɔwo 4:12) Amesiwo nɔ Yerusalem hamea me do gbe ɖa ɖe Petro ta esime wònɔ gaxɔ me. (Dɔwɔwɔwo 12:5) Kristotɔ gbãtɔwo bia Mawu be wòana yewo dzideƒo ne yewoado dzi le tsitretsiɖeŋu me, esi wodo gbe ɖa be: “Aƒetɔ, kpɔ woƒe ŋɔdzidodowo ɖa, eye nàna be, wò dɔlawo nagblɔ wò nya la kple dzideƒo katã.” (Dɔwɔwɔwo 4:23-30) Nusrɔ̃la Yakobo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woado gbe ɖa na Mawu abia nunya ne tetekpɔ va wo dzi. (Yakobo 1:5) Ðe wò hã nèdoa gbe ɖa tsoa nusiawo tɔgbe ŋu na Yehowa?

17. Amekawo ƒe gbedodoɖae Yehowa ɖoa toe?

17 Mawu meɖoa to gbedodoɖawo katã o. Ke aleke míado gbe ɖa kple kakaɖedzi be Mawu aɖo to míaƒe gbedodoɖawo? Nuteƒewɔla siwo ƒe gbedodoɖa Mawu ɖo toe le blema la te ɖe eyama ŋu kple dzi ƒe nɔnɔme nyui le anukware me. Xɔse nɔ wo si eye wotsɔ dɔwɔna nyuiwo ɖo kpe woƒe xɔsea dzi. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aɖo to amesiwo tena ɖe eyama ŋu le mɔ ma ke nu egbea.

18. Be Mawu naɖo to Kristotɔwo ƒe gbedodoɖawo la, nudidi ka gbɔe wòle be woaɖo?

18 Nudidi bubu aɖe hã li. Apostolo Paulo ƒo nu tso eŋu ale: “Eyama ke me . . . míekpɔ mɔnu le [gbɔgbɔ] ɖeka me heyina Fofo la gbɔ.” Amekae Paulo wɔnɛ esi wògblɔ be, “eyama ke me”? Yesue wòwɔnɛ. (Efesotɔwo 2:13, 18) Nyateƒee, Yesu ɖeka ko dzie míate ŋu ato ate ɖe Fofo la ŋu tso dzime faa.—Yohanes 14:6; 15:16; 16:23, 24.

19. (a) Ɣekaɣie dzudzɔ ʋeʋẽe si wodona na Yehowa le Israel la va nyɔ ŋu nɛ? (b) Aleke míawɔ aka ɖe edzi be míaƒe gbedodoɖawo le abe atike ʋeʋẽe ƒe ʋeʋẽ lilili ene na Yehowa?

19 Abe alesi míegblɔe va yi ene la, atike ʋeʋẽe si Israel nunɔlawo tsɔ doa dzudzɔ ʋeʋẽe la tsi tre ɖi na Mawu subɔla vavãwo ƒe gbedodoɖa siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo. Gake ɣeaɖewoɣi la, dzudzɔ ʋeʋẽe si Israel-viwo dona nyɔa ŋu na Yehowa. Aleae wònɔ esime Israel-viwo nɔ dzudzɔ ʋeʋẽe dom le gbedoxɔa me eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wonɔ ta dem agu na legbawo. (Xezekiel 8:10, 11) Nenema kee egbea hã, amesiwo gblɔna be yewonye Yehowa subɔlawo, evɔ le ɣeyiɣi ma ke me, wowɔa nusiwo tsi tre ɖe eƒe seawo ŋu la ƒe gbedodoɖawo nɔna nɛ abe atike siwo ʋẽna kũ ene. (Lododowo 15:8) Eyata mina míayi edzi anɔ dzadzɛ le míaƒe nuwɔna ɖesiaɖe me be míaƒe gbe siwo míedona ɖa na Mawu nanɔ nɛ abe atike si ʋẽna lilili ene. Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe amesiwo zɔna ɖe eƒe mɔ dzɔdzɔewo nu la ƒe gbedodoɖawo ŋu. (Yohanes 9:31) Ke hã, nyabiase aɖewo gakpɔtɔ li. Aleke wòle be míado gbe ɖae? Nukawo ŋue wòle be míado gbe ɖa le? Eye aleke Mawu ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋui? Míadzro biabia siawo kple bubuwo me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Aleke amegbetɔ madeblibowo ate ŋu ate ɖe Mawu ŋu le mɔ si dzea eŋu nu?

• Aleke míate ŋu asrɔ̃ blemafofowo ne míele gbe dom ɖa?

• Nukawoe míesrɔ̃ tso Kristotɔ gbãtɔwo ƒe gbedodoɖawo me?

• Ɣekaɣie míaƒe gbedodoɖawo nɔna abe atike ʋeʋẽe ƒe ʋeʋẽ lilili ene na Mawu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Nukata Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe Habel ƒe vɔsaa ŋu gake mekpɔ ŋudzedze ɖe Kain tɔ ya ŋu o?

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

“Nye amesi nye anyi kple afi ko”

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

‘Matsɔ woƒe ewolia na wò kokoko’

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ðe wò gbedodoɖawo le abe atike ʋeʋẽe ƒe ʋeʋẽ lilili ene na Yehowa?