Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawusubɔsubɔ Si Aɖe Vi Na Wò

Mawusubɔsubɔ Si Aɖe Vi Na Wò

Mawusubɔsubɔ Si Aɖe Vi Na

HAKPALA Asaf gblɔ be, “Nye la, Mawu ƒe gbɔnyenɔnɔ enye nye dzidzɔ.” Edzroe be yeaɖu agbe abe alesi amesiwo megatsɔa ɖeke le mawusubɔsubɔ me o la wɔnɛ ene. Gake emegbe Asaf bu viɖe siwo wokpɔna tsoa tete ɖe Mawu ŋu me la ŋu, eye wòƒo nya ta be tete ɖe Mawu ŋu ɖea vi na ye. (Psalmo 73:2, 3, 12, 28) Ðe mawusubɔsubɔ vavãtɔ ɖea vi na wò hã egbea? Aleke wòate ŋu aɖe vi na wòe?

Mawu vavã la subɔsubɔ akpe ɖe ŋuwò nànɔ agbe si nyo sasasã wu ɖokuiŋudzedze ƒe agbenɔnɔ. Amesiwo dia woa ŋutɔwo ɖokui tɔ ko la mate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ gbeɖe o, le alesi ‘lɔlɔ̃ Mawu la’ wɔ míi ta. (Korintotɔwo II, 13:11) Yesu fia nyateƒe vevi aɖe ku ɖe amegbetɔ ƒe nɔnɔme ŋu esime wògblɔ be: “Nana enye yayra wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Eyatae míekpɔa dzidzɔ ne míena nu mía xɔlɔ̃wo kple míaƒe ƒometɔwo ɖo. Gake míekpɔa dzidzɔ gãtɔ kekeake tsoa nuwo wɔwɔ na Mawu me. Edze be míalɔ̃ Mawu wu ame bubu ɖesiaɖe. Ameƒomevi vovovo miliɔn geɖe va de dzesii be, Mawu subɔsubɔ to nusiwo wòbia tso ame si wɔwɔ me nana dzi dzɔa ame ale gbegbe.—Yohanes I, 5:3.

Enana Tameɖoɖo Nɔa Ame ƒe Agbe Ŋu

Subɔsubɔ vavãtɔ ate ŋu aɖe vi na wò elabena ana hã be tameɖoɖo nanɔ wò agbe ŋu. Ðe nède dzesii be dzi dzɔa ame zi geɖe ne ese le eɖokui me be yele nane si ŋu viɖe le la wɔma? Taɖodzinuwo le ame akpa gãtɔ si le agbe me, siwo ate ŋu aku ɖe woƒe ƒomea, xɔlɔ̃wo, asitsatsa loo alo modzakaɖeɖe ŋu. Gake nuwo ƒe ke malimali le agbe me wɔe be, zi geɖe la, nu siawo menana wokpɔa dzidzɔ o. (Nyagblɔla 9:11) Gake subɔsubɔ vavãtɔ ya akpe ɖe ŋuwò be taɖodzinu si kɔkɔ wu, si nana woyia edzi nɔa dzidzɔ kpɔm ne agbe me nu bubuwo do kpo nusi wokpɔ mɔ na hehe vɛ gɔ̃ hã, la nasu asiwò.

Mawusubɔsubɔ vavãtɔ bia be woanya Yehowa ahasubɔe nuteƒewɔwɔtɔe. Amesiwo subɔa Mawu alea la tena ɖe eŋu kplikplikpli. (Nyagblɔla 12:13; Yohanes 4:23; Yakobo 4:8) Ðewohĩ asesẽ na wò be nàxɔe ase be yeate ŋu anya Mawu ale gbegbe be wòava nɔ na ye abe xɔlɔ̃ ene. Gake ne èdea ŋugble le eƒe asinudɔwɔwɔwo kple nusiwo woŋlɔ ɖi ku ɖe alesi wòwɔ nu kple amewoe ŋu la, àde dzesi eƒe amenyenye ƒe akpa vovovowo. (Romatɔwo 1:20) Gawu la, ne èxlẽa Mawu ƒe Nyaa la, àte ŋu ase nusita míele afisia ɖo, nusita Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo, kple alesi wòaɖe fukpekpe ɖae la gɔme; eye esi gawɔ nuku wue nye be, àva se alesi wò ŋutɔ hã nàte ŋu awɔ akpa vevi aɖe le nusi wɔm Mawu le fifia me la gɔme. (Yesaya 43:10; Korintotɔwo I, 3:9) Gɔmesese mawo ate ŋu ade dzo yeye mewò le agbe me!

Enana Wozua Ame Ðɔʋu

Mawusubɔsubɔ vavãtɔ aɖe vi na wò, elabena akpe ɖe ŋuwò be nàva zu ame ɖɔʋu wu. Ne èle gome kpɔm le tadedeagu vavãtɔa me la, ànɔ nɔnɔme siwo nana wokpɔa dzidzɔ geɖe wu le ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple amewo me tum ɖo. Ànɔ alesi wowɔa nu anukwaretɔe, alesi woƒoa nu na ame tufafatɔe, kple alesi wonɔa agbe ɖɔʋui srɔ̃m tso Mawu kple Via gbɔ. (Efesotɔwo 4:20–5:5) Ne èva nya Mawu nyuie helɔ̃e vevie la, aʋã wò be nàsrɔ̃ eyama. Biblia gblɔ be: “Mizu mawusrɔ̃lawo abe lɔlɔ̃viwo ene, eye mizɔ le lɔlɔ̃ me.”—Efesotɔwo 5:1, 2.

Ðe amesiwo srɔ̃a Mawu ƒe lɔlɔ̃ la dome nɔnɔ mado dzidzɔ na wò ŋutɔ oa? Dzidzɔtɔe la, Mawu vavã la subɔsubɔ menye nusi ame ɖeka ko awɔ le eɖokui si o. Enana wodea ha kple amesiwo lɔ̃a nusi nyo kple nusi le dzɔdzɔe. Ke hã, ɖewohĩ hadede kple subɔsubɔha aɖe si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo madzɔ dzi na wò o. Gake, abe alesi míekpɔe le nyati si va yi me ene la, le subɔsubɔha akpa gãtɔ gome la, menye esi wole ɖoɖo nue nye kuxia o, ke esi womele ɖoɖo nu le mɔ si sɔ nu o, eye taɖodzinu nyuiwo mele wo si o tae. Subɔsubɔha geɖe ƒe taɖodzinuwo mesɔ na Kristotɔwo o. Yehowa ŋutɔe ɖo eƒe amewo le ɖoɖo nu hena taɖodzinu vevi aɖe gbɔ ɖoɖo. Biblia gblɔ be: “Mawu menye nyamanyamawɔwɔ ƒe Mawu o, ke ŋutifafa ƒe Mawu boŋ.” (Korintotɔwo I, 14:33) Abe alesi wòle le ame miliɔn bubu geɖe gome ene la, àva kpɔe be hadede kple Kristotɔ siwo le ɖoɖo nyui nu kpɔa ŋusẽ nyui aɖe ɖe ame ƒe nɔnɔme dzi.

Enana Etsɔme Mɔkpɔkpɔ Ame

Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ɖee fia be Mawu le tadeagula vavãwo nu ƒom ƒu ale be woate ŋu atsi agbe le fifi nuɖoanyia ƒe nuwuwu eye woanyi anyigba yeye aɖe “si me dzɔdzɔenyenye anɔ” la dome. (Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 7:9-17) Eyata mawusubusubɔ si aɖe vi na wòe nye esi ana be mɔkpɔkpɔ si le vevie hena dzidzɔkpɔkpɔ nasu asiwò. Ame aɖewo tua woƒe etsɔme mɔkpɔkpɔ ɖe dziɖuɖuwo ƒe kelili, asitsamɔnuwo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ, alo ɖe lãmesẽ nyui me nɔnɔ kple dzudzɔxɔɣi si me dzidzeme anɔ dzi. Gake nusiawo menana mɔkpɔkpɔ vavã si dzi woatu etsɔme dzidzɔkpɔkpɔ ɖo sua ame si o. Gake le go bubu me la, apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo Mawu gbagbe . . . la dzi.”—Timoteo I, 4:10.

Ne èwɔ numekuku tsitotsito la, àte ŋu ake ɖe mawusubɔla vavãwo ŋu. Le egbexexe sia si me mã me la, lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ si le Yehowa Ðasefowo dome na woɖe dzesi ƒã. Wonye ameƒomevi vovovo siwo tso dukɔ ɖesiaɖe kloe me; ke hã, alesi wolɔ̃ wo nɔewoe kple lɔlɔ̃ si le wo si na Yehowa na wowɔ ɖeka. (Yohanes 13:35) Wole kpewòm be wò ŋutɔ nàva kpɔ vivi si sem wole la ɖa. Asaf ŋlɔ bena: “Ke nye la, Mawu ƒe gbɔnyenɔnɔ enye nye dzidzɔ.”—Psalmo 73:28.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Àte ŋu azu Mawu xɔlɔ̃