Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawusubɔsubɔ Viɖe Kae Le Eŋu?

Mawusubɔsubɔ Viɖe Kae Le Eŋu?

Mawusubɔsubɔ Viɖe Kae Le Eŋu?

“MATE ŋu anye ame nyui ne nyemenye mawusubɔla o hã!” Nenemae ame geɖe sena le wo ɖokui me. Anukwareɖila, nublanuikpɔla, kple amesiwo dzi woate ŋu aka ɖo dometɔ geɖe mekpɔa dzidzɔ ɖe mawusubɔsubɔ ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be Ɣetoɖoƒe Europa tɔ akpa gãtɔ gblɔna be yewoxɔ Mawu dzi se hã, wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe dea sɔleme. * Le Latin Amerika gɔ̃ hã la, Katolikotɔ 15 vaseɖe 20 le alafa me pɛ koe dea sɔleme edziedzi.

Abe ame bubu geɖewo ene la, ɖewohĩ wò hã èbunɛ be mehiã be ame nasubɔ Mawu hafi ate ŋu anɔ agbe ɖɔʋu o. Anɔ eme be èsee kpɔ be, le tɔgbuiwòwo ŋɔli, anye ƒe geɖe enye sia la, ame geɖewo doa vivi ɖe mawusubɔsubɔ ŋu wu alesi wòle egbea. Aleke wòdzɔe be mawusubɔsubɔ meganyoa ame geɖe ŋu o? Ðe ame aɖe ate ŋu anye ame nyui ne menye mawusubɔla oa? Ðe mawusubɔsubɔ ƒomevi aɖe li si ate ŋu aɖe vi na wòa?

Nusita Mawusubɔsubɔ Meganyoa Ame Geɖe Ŋu O

Kristodukɔa me tɔ geɖe xɔe se ƒe alafa geɖe enye esia be, Mawu bia toɖoɖo tso yewo si. Wodea sɔleme hekpɔa mɔ be, to kɔnu siwo subɔsubɔhanunɔla aɖe wɔna alo to mawunyagblɔla aɖe ƒe mɔfiafia dzi la, yewoate ŋu awɔ nusi ana Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu. Ke hã, ame geɖe nya nu tso mawusubɔsubɔ me alakpanuwɔwɔwo ŋu nyuie. Wonya nu tso akpa si subɔsubɔhawo wɔ le aʋawɔwɔwo me kple subɔsubɔhakplɔlawo ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu nyuie. Gake ame geɖe sena le wo ɖokui me be mawusubɔsubɔ ŋutɔ ya nye nu nyui aɖe. Ame bubuwo ya kpɔa dzidzɔ ɖe subɔsubɔkɔnuwo, kɔnyinyiwo, kple hadzidziwo ŋu; le ame aɖewo kura gome la, nusi ʋãa woe nye vɔvɔ̃ na funyafunyawɔwɔ amewo tegbee le Dzomavɔ me, si nye nufiafia si medze le Ŋɔŋlɔawo me o. Emegbe nu geɖe va dzɔ si na be alesi amewo bua subɔsubɔhawoe trɔ.

Ame geɖe va lɔ̃ ɖe nɔnɔmetɔtrɔ alo amedzɔtsolãme ƒe nufiafia dzi. Ame aɖewo va xɔe se vevie be ɖeko agbea dzɔ le vome ko—si fia be menye Mawu gbɔe agbe dzɔ tso o. Subɔsubɔha akpa gãtɔ mete ŋu ɖo kpe edzi be Mawue nye Agbedzɔƒe o. (Psalmo 36:10) Gakpe ɖe eŋu la, ŋgɔyiyi wɔnuku siwo wowɔ le mɔ̃ɖaŋununya me wɔe be, wokpɔ dzidzedze le atikewɔnyawo, mɔzɔnyawo, kple kadodomɔnuwo me ale gbegbe be amewo va le ebum be dzɔdzɔmeŋutinunya ate ŋu akpɔ kuxi ɖesiaɖe gbɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, amewo bui be mɔfiafia siwo hadomegbenɔnɔ ŋuti nunyalawo kple susuŋutinunyalawo nana la nyo wu subɔsubɔhawo tɔ. Le subɔsubɔhawo ŋutɔ gome la, womete ŋu na amewo kpɔe be agbe nɔnɔ ɖe Mawu ƒe sewo nue nye mɔ nyuitɔ kekeake o.—Yakobo 1:25.

Nusi boŋ wɔm subɔsubɔhawo le enye be, wotrɔ woƒe gbedasi si woɖea gbeƒãe. Subɔsubɔhakplɔla kple mawunyagblɔla geɖe dzudzɔ nufiafia si nye be Mawu bia toɖoɖo tso amewo si. Le ema teƒe la, wo dometɔ geɖe fiaa nu be ele be ame ŋutɔ natso nya me le nusi nye nyui alo vɔ̃ ŋu na eɖokui. Be subɔsubɔhakplɔla aɖewo nana woƒe nu nanyo amewo ŋu la, wogblɔna be Mawu xɔa amesiame, metsɔ le alesi wònɔa agbee me o. Nufiafia ma tɔgbe nana míeɖoa ŋku nusi Biblia gblɔ ɖi la dzi, be: “Elabena ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, le alesi tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo la nu.”—Timoteo II, 4:3.

Le esi teƒe be nufiafia ma nahe amewo ɖe mawusubɔsubɔ ŋu la, ɖe wòna wotrɔ megbe dee boŋ. Wobiana be: ‘Ne sɔlemehawo kea ɖi le Mawu ƒe ŋusẽ si le esi be wòawɔ nuwo kple nunya si le esi be wòade sewo ŋu la, ke vi kae sɔleme dede aɖe nam? Nukatae maɖe fu na ɖokuinye be mafia nu vinyewo tso mawusubɔsubɔ ŋu?’ Amesiwo nɔ agbagba dzem be yewoanɔ agbe ɖɔʋu la te mawusubɔsubɔ bubu be megahiã o. Wodzudzɔ sɔleme dede, eye mawusubɔsubɔnya aɖeke meganɔa vevie na wo o. Nukae na be nusi wokpɔ mɔ na be aɖe vi na amewo la va zu nusi meganyoa ame geɖe ŋu kura o? Biblia na numeɖeɖe si ŋu kakaɖedzi le ku ɖe nya sia ŋu.

Mawusubɔsubɔ Ŋudɔ Wɔwɔ Hena Taɖodzinu Gbegblẽwo Gbɔ Ðoɖo

Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ gbãtɔwo be ame aɖewo awɔ Kristotɔnyenye ŋudɔ hena taɖodzinu gbegblẽwo gbɔ ɖoɖo. Egblɔ be: “Amegãxi nyanyrawo laɖo mia dome, amesiwo makpɔ alẽha la ta o; eye le mia ŋutɔwo dome la ŋutsu, siwo gblɔa nya dadawo la, latsi tre, be woahe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui yome.” (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30) Amesiwo gblɔa “nya dadawo” dometɔ ɖekae nye Roma Katolikotɔ mawunyaŋununyala Augustine. Yesu fia eyomedzelawo be woato ŋugble dede kple amewo tso Ŋɔŋlɔawo me dzi ana woaka ɖe woƒe nyawo dzi. Ke hã, Augustine trɔ gbo gɔmesese si le nya si Yesu gblɔ le Luka 14:23 be, “Nàzi wo dzi be, woava me” la, ŋu wòfia be esɔ be woatrɔ dzime na amewo sesẽe. (Mateo 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 28:23, 24) Augustine wɔ mawusubɔsubɔ ŋudɔ tsɔ kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi.

Satana, mawudɔla dzeaglã lae le megbe na mawusubɔsubɔ ŋudɔ wɔwɔ le mɔ gbegblẽ nu kple ɖi ƒoƒoe siaa. Ekpɔ ŋusẽ ɖe subɔsubɔhaŋgɔnɔla siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me dzi wodze agbagba be yewoagblẽ nu le Kristo-hamea ŋu. Biblia gblɔ tso ame mawo ŋu be: “Nenem me siawo nye aʋatso-apostolowo, dɔwɔla, siwo blea ame, amesiwo trɔa wo ɖokui wɔa Kristo ƒe apostolowo. Eye esia menye nukunu o; elabena Abosam ŋutɔ trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla. Eyata ne eƒe dɔlawo trɔa wo ɖokui abe dzɔdzɔenyenye ƒe dɔlawo ene la, menye nu gã o.”—Korintotɔwo II, 11:13-15.

Satana gale subɔsubɔha siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye, be yewonɔa agbe nyui, eye be yewonana numekɔkɔ amewo la zãm be wòatsɔ ana amewo nanɔ agbe ɖe eƒe dzidzenuwo nu, tsɔ wu be woanɔ agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu. (Luka 4:5-7) Ðewohĩ ède dzesii be subɔsubɔhakplɔla geɖe toa mawusubɔsubɔ dzi egbea doa kɔkɔ wo ɖokui to ŋkɔ gãwo dada ɖe wo ɖokuiwo dzi me, eye woxɔa ga le woƒe hameviwo si. Dziɖuɖuwo hã wɔa mawusubɔsubɔ ŋudɔ tsɔ ƒonɛ ɖe woƒe dukɔmeviwo nu be woatsɔ wo ɖokui asa vɔe na aʋa wɔwɔ.

Abosam wɔa mawusubɔsubɔ ŋudɔ le mɔ gbegblẽ nu wu alesi ame akpa gãtɔ bunɛ. Awɔ na wò be subɔsubɔhawo ƒe zãzɛnyahela ʋɛ aɖewo koe Satana zãna. Gake le Biblia ƒe nya nu la, amesi “woyɔna be: Abosam kple Satana, . . . nye xexeame katã blela.” Biblia gblɔ hã be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Nyaɖeɖefia 12:9; Yohanes I, 5:19) Aleke Mawu buna subɔsubɔha siwo ŋudɔ dunyahelawo kple subɔsubɔhakplɔlawo wɔna kple susu be woatsɔ ahe amewo ɖe wo ɖokui ŋu lae?

‘Nukae Wonye Nam?’

Ne Kristodukɔa ƒe subɔsubɔha aɖewo ƒe nuwɔnawo tena ɖe dziwò la, nyae be nusiawo doa dziku na Mawu Ŋusẽkatãtɔ la hã ŋutɔ. Kristodukɔa gblɔna be yebla nu kple Mawu; blema Israel hã gblɔ nya ma tɔgbe. Wo kple evea siaa mewɔ nuteƒe o. Fɔbuamenya si Yehowa gblɔ ɖe Israel ŋu la yi na Kristodukɔa hã egbea. Yehowa gblɔ be: “Womeɖo to nye nyawo o, eye wodo vlo nye se la. Nuka dzudzɔʋeʋẽedonu tso Seba . . . nye nam? Miaƒe numevɔsawo medzea ŋunye o.” (Yeremya 6:19, 20) Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe alakpanuwɔlawo ƒe tadedeagu ŋu o. Mekpɔ ŋudzedze ɖe woƒe kɔnuwɔwɔwo kple gbedodoɖawo ŋu o. Egblɔ na Israel bena: “Melé fu miaƒe dzinu yeyewo kple miaƒe ŋkekenyuiwo, wozu agba nam, eye wo tsɔtsɔ glom. Ne mieke miaƒe abɔwo la, matsyɔ nu ŋku me ɖe mi, eye ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la, nyemasee o.”—Yesaya 1:14, 15.

Ðe Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe subɔsubɔhawo ƒe azãɖuɖu, siwo wonana wòdzena abe Kristotɔwo ƒe azãwoe wonye ene evɔ wonye azã, siwo wotsɔ dea bubu alakpamawuwo ŋu tsã la ŋua? Ðe wòɖoa to subɔsubɔhakplɔla siwo trɔa gbo Kristo ƒe nufiafiawo la ƒe gbedodoɖawoa? Ðe Mawu daa asi ɖe subɔsubɔha siwo doa vlo eƒe sea dzia? Àte ŋu aka ɖe edzi be alesi wòwɔ nu ɖe blema Israel ƒe vɔsa siwo ŋu wògblɔ le be ‘nukae wonye nam?’ ŋu la, nenema pɛpɛpɛ ko wòwɔa nu ɖe subɔsubɔhawo ƒe kɔnuwo ŋui egbea hã.

Ke hã, Yehowa tsɔa ɖe le dzianukwaretɔ siwo subɔnɛ le nyateƒe me la ƒe subɔsubɔ me vevie. Edzɔa dzi na Mawu ne amewo ɖe akpedada fia ɖe nusiwo katã wònana wo la ta. (Maleaxi 3:16, 17) Ekema, ɖe nàte ŋu anye ame nyui ne mèsubɔa Mawu oa? Ðe ame aɖe, si mewɔ naneke na edzila lɔ̃amewo o la tɔ adzɔ le esi eya ŋutɔ gblɔna be ame nyui yenye ko taa? Ðe ame aɖe si mewɔa naneke na Mawu o ate ŋu anye ame nyuia? Eyata susu le eme be, ele be míatsɔ ɖe le Mawu vavã la, amesi gbɔ míaƒe agbe dzɔ tso, la me vevie. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míakpɔ alesi mawusubɔsubɔ vavãtɔ dea bubu Mawu ŋui kple alesi wòɖea vi na mía ŋutɔwo hãe.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 “Ƒe 1960-awo mee . . . mawusubɔsubɔnuwɔnawo te to yiyi le dukɔ geɖe me.”—The Decline of Christendom in Western Europe, 1750-2000.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Ðe subɔsubɔhawo ɖo kpe edzi be Mawue wɔ nuwo katã?

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Ðe wòsɔ be Mawu teƒenɔla aɖe nanɔ afisia?

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Aleke Mawu bua azãɖuɖu siawo ƒomevii?

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

AP Photo/Georgy Abdaladze