Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Mina Mawu Nanya Miaƒe Dzimedidiwo’

‘Mina Mawu Nanya Miaƒe Dzimedidiwo’

‘Mina Mawu Nanya Miaƒe Dzimedidiwo’

“Le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti.”—FILIPITƆWO 4:6.

1. Amekae mɔnukpɔkpɔ su mía si be míaƒo nu kplii, eye nukatae esia wɔ nuku ɖo?

NE ÈBIA mɔ be yeaƒo nu kple miaƒe dukplɔla la, ŋuɖoɖo kae woana wò? Ðewohĩ àxɔ ŋuɖoɖo nyui aɖe tso eƒe dɔwɔƒe, gake asesẽ ŋutɔ be woaɖe mɔ nàƒo nu kplii ŋkume kple ŋkume. Gake mele nenema le Dziɖula gãtɔ kekeake, Yehowa Mawu, amesi nye xexeame katã ƒe Aƒetɔ ya gome o. Míate ŋu aƒo nu kplii le afisiafi si míele kple le ɣeyiɣi ɖesiaɖe si míedi me. Aɖo to gbedodoɖa siwo sɔ la ɣesiaɣi. (Lododowo 15:29) Esia wɔ nuku ŋutɔ! Ðe mele be ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe esia ŋu naʋã mí míanɔ gbe dom ɖa na Amesi woyɔ wòsɔ be ‘Gbedodoɖasela’ la oa?—Psalmo 65:3.

2. Nukae hiã hafi míaƒe gbedodoɖawo nadze Mawu ŋu?

2 Gake, ame aɖe abia be, ‘Gbedodoɖa kawoe Mawu ɖoa to?’ Biblia gblɔ nu vevi aɖe si hiã hafi Mawu naɖo to míaƒe gbedodoɖawo, esi wògblɔ be: “Ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o; elabena ele be, amesi ke tena va Mawu gbɔ la, naxɔ ase be, Mawu li, eye wònye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.” (Hebritɔwo 11:6) Nyateƒee, abe alesi míeɖe eme le nyati si do ŋgɔ me ene la, xɔse nye nudidi vevi aɖe si hiã hena tete ɖe Mawu ŋu. Mawu lɔ̃na faa ɖoa to amesiwo tena ɖe eyama ŋu ƒe gbedodoɖawo, gake ele be woawɔ esia le xɔse me hekpe ɖe dɔnyuiwɔwɔwo ŋu, eye ele hã be woawɔ esia le anukwareɖiɖi me, eye dzi ƒe nɔnɔme nyui nanɔ wo si.

3. (a) Abe alesi wòdze le Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema ƒe gbedodoɖawo me ene la, nukawo ŋue míate ŋu ado gbe ɖa le? (b) Gbe ƒomevi vovovo kawoe míate ŋu ado ɖa?

3 Apostolo Paulo xlɔ̃ nu eŋɔli me Kristotɔwo be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Amesiwo tsɔ woƒe kuxiwo do ɖe Mawu ŋkume le gbedodoɖa me la ƒe kpɔɖeŋu gbogbo aɖewo le Biblia me. Amesiawo dometɔ aɖewoe nye Xana, Eliya, Xizkiya, kple Daniel. (Samuel I, 2:1-10; Fiawo I, 18:36, 37; Fiawo II, 19:15-19; Daniel 9:3-21) Ele be míasrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu. De dzesii be, Paulo ƒe nyawo ɖee fia hã be gbedodoɖa ƒomevi vovovowoe li. Eyɔ akpedada, si nye gbe si míedona ɖa tsɔ daa akpe na Mawu ɖe nusiwo wòwɔna na mí la ta. Kafukafunyawo te ŋu kpena ɖe gbedodoɖa sia ŋu. Eyɔ Kukuɖeɖe, si fia nusiwo hiã mí biabia ɖokuibɔbɔtɔe. Eye eyɔ dzimedidi alo kokoƒoƒo hã, si nye gbe si míedona ɖa tsɔ biaa nane koŋ. (Luka 11:2, 3) Enyea dzidzɔ na mía Fofo si le dziƒo be yeaɖo to ne míete ɖe eŋu le gbedodoɖa ƒe mɔnu ƒomevi vovovo siawo me.

4. Esi Yehowa nya míaƒe nuhiahiãwo xoxo ɖe, ke nukatae míegaƒoa koko nɛ ɖo?

4 Ðewohĩ ame aɖe abia be, ‘Ðe Yehowa menya míaƒe hiahiãwo katã xoxo oa?’ Ele eme nenema. (Mateo 6:8, 32) Ke nukatae wògadi kokoko be míabia nusiwo hiã mí la ye? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Tsɔe be fiasetɔ aɖe gblɔ na eƒe asisiwo dometɔ aɖewo be nunana aɖe le ye si na wo. Hafi nunanaa naka asisiawo si la, ele be woayi aɖaxɔe. Amesiwo melɔ̃ yi ɖabia nunanaa o la aɖee fia be yewomekpɔ ŋudzedze ɖe nunanaa ŋu o. Nenema kee ne míedo kpo gbe dodo ɖa tso míaƒe nuhiahiãwo ŋu la, afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nusiwo Yehowa nana mí la ŋu o. Yesu gblɔ be: “Mibia, eye woana mi.” (Mateo 7:7) Ne míewɔe alea la, míaɖee afia be míeɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu.

Aleke Wòle be Míate Ðe Mawu Ŋui?

5. Nukatae wòhiã be míado gbe ɖa le Yesu ƒe ŋkɔ me?

5 Yehowa mede se gbogbo aɖewo le alesi míado gbe ɖae ŋu o. Gake ehiã be míanya alesi wòle be míado gbe ɖa na Mawu le mɔ si sɔ nu, abe alesi wòdze le Biblia mee ene. Le kpɔɖeŋu me, Yesu fia eyomedzelawo be: ‘Ne miabia nane Fofoa la, ana mi le nye ŋkɔa dzi.’ (Yohanes 16:23) Eyata wobia tso mía si be míado gbe ɖa le Yesu ƒe ŋkɔ me, atsɔ aɖee fia be míelɔ̃ ɖe edzi be Yesu koe nye amesi dzi Mawu tona yraa ameƒomea.

6. Nɔnɔme ka mee wòle be míanɔ ne míele gbe dom ɖa?

6 Nɔnɔme ka mee wòle be míanɔ ado gbe ɖa? Biblia megblɔ nɔnɔme aɖeke koŋ si me wòle be míanɔ ado gbe ɖa hafi Mawu nasee o. (Fiawo I, 8:22; Nexemya 8:6; Marko 11:25; Luka 22:41) Nusi le vevie enye be míado gbe ɖa na Mawu le anukware me eye dzi ƒe nɔnɔme nyui nanɔ mía si.—Yoel 2:12, 13.

7. (a) Nukae “amen” fia? (b) Aleke wozãnɛ wòsɔna nyuie le gbedodoɖa mee?

7 Ke nya “amen” zazã ya ɖe? Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be zi geɖe la, nya sia sɔ nyuie be míatsɔ awu míaƒe gbedodoɖawo nui, vevietɔ ne míele gbe dom ɖa le dutoƒo. (Psalmo 72:19; 89:53) Hebrigbe me nya ʼa·menʹ gɔme koŋue nye, “nenɔ alea.” Numekugbalẽ aɖe si McClintock kple Strong ŋlɔ, ɖe nusi “Amen” gbɔgblɔ le gbedodoɖa ƒe nuwuwu fia gɔme be, “enye lɔlɔ̃ ɖe nya siwo wogblɔ do ŋgɔ dzi, kple biabia be woava eme.” Eyata ne amesi le gbe dom ɖa la gblɔ “Amen” tsɔ wu eƒe gbedodoɖaa nui la, ele seselelãme deto si le eme ɖe nya siwo wògblɔ ŋu ɖem fia. Ne Kristotɔ aɖe le hamea teƒe do gbe ɖa hewu enu kple nya sia la, amesiwo le to ɖom hã ate ŋu agblɔ “Amen” le dzime alo agblɔe wòaɖi atsɔ aɖee fia tso dzi blibo me be yewolɔ̃ ɖe nya si wògblɔ le gbedodoɖaa me dzi.—Korintotɔwo I, 14:16.

8. Aleke míate ŋu ado gbe ɖa ɣeaɖewoɣi abe Yakob alo Abraham ene, eye nukae esia aɖe fia le mía ŋu?

8 Mawu ate ŋu aɖe mɔ ɣeaɖewoɣi be míaɖe alesi gbegbe nusi ŋu míele gbe dom ɖa le la le vevie na míi afia. Ate ŋu ahiã ɣeaɖewoɣi be míawɔ nu abe Yakob si nɔ anyi le blema, amesi te kame kple mawudɔla aɖe zã bliboa katã le esi wòdi be wòayra ye ta, la ene. (Mose I, 32:25-27) Alo míaɖo nɔnɔme aɖewo me si abia be míawɔ nu abe Abraham, amesi ƒo koko na Yehowa enuenue ɖe Lot kple ame dzɔdzɔe bubu ɖesiaɖe si anya nɔ Sodom dua me la ta, ene. (Mose I, 18:22-33) Nenema ke míawo hã míate ŋu aƒo koko na Yehowa tso nya siwo le vevie na mí la ŋu, ahanɔ mɔ kpɔm kple kakaɖedzi be aɖo to mí le eƒe dzɔdzɔenyenye, amenuveve, kple nublanuikpɔkpɔ ta.

Nukawo Ŋue Míate Ŋu Ado Gbe Ða Le?

9. Nukae wòle be wòanye nu vevitɔ na mí ne míele gbe dom ɖa?

9 Ðo ŋku edzi be Paulo gblɔ be: “Le nusianu me la [mina] Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo.” (Filipitɔwo 4:6) Eyata ame ŋutɔ ƒe gbedodoɖa ate ŋu aku ɖe agbemenu ɖesiaɖe ŋu. Gake ele be nusiwo ku ɖe Yehowa ŋu nanye nu vevitɔwo le míaƒe gbedodoɖawo me. Daniel ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe le esia gome. Esime Israel-viwo nɔ fu kpem le woƒe nuvɔ̃wo ta la, Daniel ɖe kuku na Yehowa be wòakpɔ nublanui na yewo, esi wòdo gbe ɖa be: “Megahe ɖe megbe o, le wò ŋutɔ ɖokuiwò ta, nye Mawu! Elabena wò ŋkɔe woyɔ ɖe . . . wò dukɔ la ŋu.” (Daniel 9:15-19) Ðe míawo hã míaƒe gbedodoɖawo ɖenɛ fiana be Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ kple eƒe tameɖoɖowo me vavae nyea nu vevitɔ na mía?

10. Aleke míewɔ nya be esɔ be míado gbe ɖa le mía ŋutɔwo ƒe nuhiahiãwo ŋu?

10 Ke hã, esɔ be míado gbe ɖa le mía ŋutɔwo ƒe nuhiahiãwo hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu ado gbe ɖa abia gbɔgbɔmenugɔmesese deto abe alesi hakpalaa wɔe ene. Edo gbe ɖa be: “Na gɔmesesem, ne malé ŋku ɖe wò se la ŋu, eye malé eme ɖe asi tso dzi blibo me.” (Psalmo 119:33, 34; Kolosetɔwo 1:9, 10) Yesu “tsɔ gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo . . . va amesi te ŋu xɔe tso ku me la gbɔ.” (Hebritɔwo 5:7) To esia wɔwɔ me la, eɖee fia be esɔ be míabia ŋusẽdodo ne míeɖo afɔku alo tetekpɔwo me. Esime Yesu nɔ kpɔɖeŋugbedodoɖa la fiam eƒe nusrɔ̃lawo la, eyɔ nusiwo ka ame ŋutɔ, abe nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke kple gbesiagbebolo biabia ene, ɖe eme.

11. Aleke gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míana ta le tetekpɔwo me o?

11 Le Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖaa me la, egblɔ be míate ŋu abia hã be: “Megakplɔ mí yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me!” (Mateo 6:9-13) Ɣebubuɣi la, eɖo aɖaŋu be: “Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne miagadze tetekpɔ me o.” (Mateo 26:41) Gbedodoɖa le vevie ne míedze ŋgɔ tetekpɔwo. Ðewohĩ woate ŋu ate mí akpɔ le suku alo dɔwɔƒe be míaŋe aɖaba aƒu Biblia me gɔmeɖosewo dzi. Ate ŋu adzɔ be amesiwo menye Ðasefo o akpe mí be míakpɔ gome le nuwɔna siwo mesɔ na Kristotɔwo o me. Woate ŋu abia tso mía si be míawɔ nane si tsi tre ɖe gɔmeɖose dzɔdzɔewo ŋu. Le ɣeyiɣi mawo tɔgbe me la, anyo be míawɔ ɖe aɖaŋu si Yesu ɖo be míado gbe ɖa la dzi—do ŋgɔ na tetekpɔa kple esime míele tetekpɔa me tom siaa—abia Mawu be wòado ŋusẽ mí be míagana ta le tetekpɔawo me o.

12. Nusiwo hea dzimaɖitsitsi vana kawo ŋue míate ŋu ado gbe ɖa le, eye nukae míate ŋu akpɔ mɔ na tso Yehowa gbɔ?

12 Nyaƒoɖeamenu kple dzimaɖitsitsi ɖea fu na Mawu subɔlawo egbea. Dɔléle kple nuteɖeamedziwo koŋue nana wo dometɔ geɖewo tsia dzimaɖeɖi. Ŋutasẽnuwɔna siwo ƒo xlã mí nana be míetsia dzodzodzoe. Ganyawo ƒe sesẽ hã nana be agbemenuhiahiãwo kpɔkpɔ sesẽna. Aleke gbegbe nyanya be Yehowa ɖoa to esubɔla siwo tsɔa kuxi siawo ɖoa eŋkume la faa akɔ na amee enye si! Psalmo 102:18 gblɔ le Yehowa ŋu be: “Atrɔ ɖe ame ɖeƒeƒlewo ƒe gbedodoɖa ŋu, eye mado vlo woƒe kukuɖeɖe o.”

13. (a) Ame ŋutɔ ƒe nya kawo ŋue wòsɔ be míado gbe ɖa le? (b) Gblɔ gbedodoɖa siawo tɔgbe ƒe kpɔɖeŋu aɖe.

13 Le nyateƒe me la, nusianu si ku ɖe subɔsubɔ si míetsɔna naa Yehowa alo mía kplii dome ƒomedodo ŋu nye nusiwo sɔ siwo ŋu míate ŋu ado gbe ɖa le. (Yohanes I, 5:14) Ne srɔ̃ɖeɖe, dɔwɔɖui, alo wò subɔsubɔdɔa keke ɖe enu ŋuti nyametsotsowo dze ŋgɔ wò la, tsɔe ɖo Mawu ŋkume faa, eye nàbiae mɔfiame. Le kpɔɖeŋu me, ɖetugbi aɖe si le Philippines di be yeakpɔ gome le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Gake dɔwɔɖui aɖeke menɔ esi o. Egblɔ be: “Memleɖa aɖe gbe la, medo gbe ɖa na Yehowa le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu vevie. Gbemagbe ke esime menɔ ɖaseɖiɖidɔa wɔm la, mena agbalẽ ƒewuivi aɖe. Nukutɔe la, nyɔnuvia gblɔ be: ‘Nu gbãtɔ si nàwɔ le Dzoɖagbe ŋdi enye be nàyi nye suku.’ Mebiae be, ‘Nukatae?’ Eɖe eme be wole ame dim na dɔ aɖe vevie. Meyi, eye woxɔm ɖe dɔa me enumake. Nusiawo katã dzɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.” Nusiawo tɔgbe va eme na Ðasefo geɖe le xexeame godoo. Eyata mègahe ɖe megbe le gbe dodo ɖa le wò dzimedidiwo ŋu na Mawu o!

Ke ne Míewɔ Nuvɔ̃ ya Ðe?

14, 15. (a) Nukatae mele be ame nagbe gbe dodo ɖa ne ewɔ nuvɔ̃ kura gɔ̃ hã o? (b) To vovo na ame ŋutɔ ƒe gbe si wòado ɖa la, nuka hãe akpe ɖe eŋu wòakpɔ gbɔgbɔmehayahaya?

14 Aleke gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míewɔ nuvɔ̃? Ne ame aɖewo wɔ nuvɔ̃ la, womedina be yewoado gbe ɖa o le ŋukpe ta. Gake esia menye nusi me nunya le o. Le kpɔɖeŋu me: Yameʋukulawo nya be ne yewobu mɔ la, yewoate ŋu aƒo nu kple mɔfiamenala siwo le yameʋudzeƒewo ahaxɔ kpekpeɖeŋu. Gake nukae adzɔ ne yameʋukula aɖe bu mɔ evɔ wògbe nu ƒoƒo kple mɔfiamenalawo le esi wòte ɖe edzi be yebu ta? Esia ate ŋu ahe afɔku vɛ! Nenema ke amesi wɔ nuvɔ̃ eye le ŋukpe ta wògbe gbe dodo ɖa na Mawu la ahe fukpekpe bubuwo va eɖokui dzi. Mele be ŋukpe le nuvɔ̃ si ame wɔ ta nana wòagbe nu ƒoƒo kple Yehowa o. Le nyateƒe me la, Mawu le amesiwo wɔ nuvɔ̃ gãwo gɔ̃ hã kpem be woado gbe ɖa na ye. Nyagblɔɖila Yesaya xlɔ̃ nu nuvɔ̃wɔla siwo nɔ anyi le eƒe ɣeyiɣia me be woayɔ Yehowa, “elabena etsɔa nuvɔ̃ kena geɖe.” (Yesaya 55:6, 7) Gake ahiã be ame ‘naƒo koko na Yehowa’ to eɖokui bɔbɔ ɖe anyi me, ahadzudzɔ nuvɔ̃a wɔwɔ, eye wòatrɔ dzime bliboe gbã.—Psalmo 119:58; Daniel 9:13.

15 Ke ne míewɔ nuvɔ̃ la, gbedodoɖa ganɔa vevie wu le susu bubu aɖe ta. Nusrɔ̃la Yakobo gblɔ le amesi hiã gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu ŋuti be: “Neyɔ hamemegãwo vɛ, ne woado gbe ɖa ɖe eta, . . . eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre.” (Yakobo 5:14, 15) Ẽ, ele be ame ŋutɔ naʋu eƒe nuvɔ̃ me na Yehowa le gbedodoɖa me, gake ate ŋu abia hamemegãwo hã be woado gbe ɖa ɖe ye ta. Esia akpe ɖe eŋu be wòakpɔ gbɔgbɔmehayahaya.

Gbedodoɖawo ƒe Ŋuɖoɖowo

16, 17. (a) Aleke Yehowa ɖoa gbedodoɖawo ŋui? (b) Nuteƒekpɔkpɔ kawoe ɖee fia be gbedodoɖa wɔa akpa vevi aɖe le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me?

16 Aleke woɖoa gbedodoɖawo ŋui? Woate ŋu aɖo ɖewo ŋu kaba eye wòadze ƒã. (Fiawo II, 20:1-6) Le bubuwo ya gome la, axɔ ɣeyiɣi hafi woaɖo wo ŋu eye ɖewohĩ asesẽ ŋutɔ be woade dzesi ŋuɖoɖoa. Abe alesi wòdze le Yesu ƒe lododo si ku ɖe ahosi aɖe si nɔ ʋɔnudrɔ̃la aɖe gbɔ yim enuenu gome ene la, ahiã ɣeaɖewoɣi be míanɔ gbea dom ɖa na Mawu enuenu. (Luka 18:1-8) Gake ele be kakaɖedzi nanɔ mía si be ne míedo gbe ɖa le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, Yehowa magblɔ na mí gbeɖe be: “Megaɖe fu nam o.”—Luka 11:5-9.

17 Zi geɖe la, Yehowa ƒe amewo kpɔnɛ be woɖo yewoƒe gbedodoɖawo ŋu na yewo. Esia dzɔna zi geɖe le míaƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa me. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnu Kristotɔ eve aɖewo nɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo mam le saɖaganuto aɖe me le Philippines. Esi wona trakt nyɔnu aɖe la, aɖatsi loló ɖe eƒe ŋkuwo dzi. Egblɔ be: “Le zã si va yi me la, medo gbe ɖa na Mawu be wòadɔ ame aɖe ɖa wòava srɔ̃ Biblia kplim, eye mexɔe se be esiae nye nye gbedodoɖaa ƒe ŋuɖoɖo.” Esia megbe kpuie la, nyɔnua dze kpekpewo dede gɔme le Fiaɖuƒe Akpata me. Le Anyieheɣedzeƒe Asia ƒe akpa bubu aɖe la, ŋutsu Kristotɔ aɖe nɔ vɔvɔ̃m na gbeƒã ɖeɖe le nuto aɖe, si me aƒe gãwo le, aƒe siwo me yiyi mele bɔbɔe o me. Ke hã, edo gbe ɖa na Yehowa, lé dzi ɖe ƒo, eye wòge ɖe aƒeawo dometɔ ɖeka me. Eƒo ʋɔtruawo dometɔ ɖeka, eye ɖetugbi aɖe do va. Esi nɔviŋutsua ɖe susu si tae wòva la me nɛ vɔ la, ɖetugbia te avi fafa. Egblɔ be yenɔ Yehowa Ðasefowo dim eye yedo gbe ɖa be Mawu nakpe ɖe ye ŋu yeake ɖe wo ŋu. Nɔviŋutsua kpe ɖe eŋu dzidzɔtɔe wòke ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le wo gbɔ la ŋu.

18. (a) Aleke wòle be míawɔ nui ne woɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu na mí? (b) Kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ mía si ne míedoa gbe ɖa le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe me?

18 Nyateƒee, nunana wɔnuku aɖee gbedodoɖa nye. Yehowa lɔ̃na faa be yeaɖo to gbedodoɖawo ahaɖo wo ŋu. (Yesaya 30:18, 19) Ke hã, ehiã be míaƒe ŋku nanɔ alesi Yehowa ɖoa gbedodoɖawo ŋui na mí ŋu. Manɔ ɣesiaɣi abe alesi míesusui ene o. Ke hã, ne míede dzesi eƒe mɔfiafiawo la, mele be míaŋlɔ akpedada kple kafukafu tsɔtsɔ nɛ be gbeɖe o. (Tesalonikatɔwo I, 5:18) Gawu la, mele be míaŋlɔ apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃amenya sia be o, bena: “Le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti.” Eyata wɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ tsɔ ƒo nu kple Mawu. Ne èwɔe alea la, àyi edzi anɔ nya si Paulo gblɔ le amesiwo ƒe gbedodoɖawo ŋu Mawu ɖona ƒe nyateƒenyenye kpɔm. Egblɔ be: “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu.”—Filipitɔwo 4:6, 7.

Àte Ŋu Aɖo Wo Ŋua?

• Gbe ƒomevi vovovo kawoe míate ŋu ado ɖa?

• Aleke wòle be míado gbe ɖae?

• Nukawo ŋue míate ŋu ado gbe ɖa le?

• Akpa kae gbedodoɖa wɔna ne míewɔ nuvɔ̃?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Gbedodoɖa si tso dzime kpena ɖe mía ŋu be míagana ta le tetekpɔwo me o

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Míeɖea míaƒe akpedada, kokoƒoƒowo, kple kuxiwo gblɔna na Mawu le gbedodoɖa me