Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Atɔ̃lia Me

Nya Vevi Siwo Tso Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Atɔ̃lia Me

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Atɔ̃lia Me

ÐEWOHĨ kesinɔtɔwo agblɔ be: “Mía viŋutsuwo natsi le woƒe ɖevime abe numiemiewo ene, eye mía vinyɔnuwo nanɔ abe dzogbesɔti, siwo ŋu woŋlɔ le fiasãwo me ene; ne míaƒe nudzraɖoƒewo nayɔ kpaŋ . . . míaƒe alẽwo nadzi akpe.” Gawu la, ɖewohĩ ame ŋkutawo agblɔ be: “[Dzidzɔtɔwoe nye] dukɔ, si wòanɔ na alea!” Gake hakpalaa ya gblɔ nya si to vovo na nya mawo kura, bena: “[Dzidzɔtɔwoe nye] dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye!” (Psalmo 144:12-15) Ðe nu bubu aɖe gali si ana woakpɔ dzidzɔ vavã wu esia? Yehowa nye Mawu dzidzɔtɔ, eye dzidzɔkpɔkpɔe nye amesiwo dea ta agu na eyama la tɔ gome. (Timoteo I, 1:11) Esia ƒe nyateƒenyenye dze ƒã le psalmo siawo si Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã woŋlɔ la ƒe akpa mamlɛtɔ, si nye Psalmo 107 vaseɖe 150 me.

Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Atɔ̃lia te gbe ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme siwo ƒo ɖesiaɖe ta, siwo dometɔ aɖewoe nye eƒe amenuveve, nyateƒetɔnyenye, kple nyuiwɔwɔ, la dzi. Zi alesinu míeva le Mawu ƒe nɔnɔmewo gɔme sem ɖe edzii la, zi nenemae míadi vevie be míalɔ̃e ahavɔ̃e le mɔ nyuitɔ nu. Eye esia nana míekpɔa dzidzɔ. Nya vevi kawo gbegbee nye esi le Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Atɔ̃lia me na mí!—Hebritɔwo 4:12.

MÍEKPƆA DZIDZƆ LE YEHOWA ƑE AMENUVEVE TA

(Psalmo 107:1–119:176)

Yudatɔ siwo gbɔ tso aboyome le Babilon dzi ha be: “Woawo [dukɔwo] neda akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta!” (Psalmo 107:8, 15, 21, 31) Dawid dzi ha tsɔ kafu Mawu be: “Wò nyateƒe ɖatɔ alilikpowo.” (Psalmo 108:5) Le ha si kplɔ esia ɖo me la, edo gbe ɖa be: “Kpe ɖe ŋunye, Yehowa, nye Mawu, xɔ nam le wò amenuveve la nu!” (Psalmo 109:18, 19, 26) Psalmo 110 lia nye Mesia ƒe dziɖuɖu ŋuti nyagblɔɖi. Psalmo 111:10 lia gblɔ be: “Yehowa vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto.” Wogblɔ le Psalmo si kplɔ esia ɖo me be, “[dzidzɔtɔe nye] ŋutsu, si vɔ̃a Yehowa.”—Psalmo 112:1.

Woyɔa Psalmo 113 vaseɖe 118 lia be Hallel Hadzidziwo, elabena wozã nyagbɔgblɔ “Halleluyah,” si gɔmee nye “Mikafu Yah!” alo “Mikafu Yehowa!” edziedzi le hagbea me. Le Mishnah—si nye agbalẽ aɖe si woŋlɔ le ƒe alafa etɔ̃lia me, si me woŋlɔ Yudatɔwo ƒe xotutu gbãtɔawo ɖo—ƒe nya nu la, wodzia ha siawo le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi kple le Yudatɔwo ƒe ƒe sia ƒe ŋkekenyui etɔ̃awo ɖuɣi. Psalmo 119 lia, si nye psalmo si didi wu heganye Biblia-gbalẽwo ƒe ta si didi wu la, de asixɔxɔ Yehowa ƒe gbedasi alo eƒe nya si wòɖe fia ŋu.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

109:23—Nukae Dawid wɔnɛ esi wògblɔ be: “Nunye yi abe vɔvɔli, si le to ɖom la ene”? Dawid nɔ gbɔgblɔm le hakpanya me be, yekpɔe dze sii be yeƒe ku tu aƒe ŋutɔ.—Psalmo 102:12.

110:1, 2—Nukae “[Dawid] ƒe Aƒetɔ,Yesu Kristo, nɔ wɔwɔm esime wòbɔbɔ nɔ Mawu ƒe nuɖusi me? Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, eyi dziƒo helala le Mawu ƒe nuɖusi me vaseɖe ƒe 1914 me hafi dze dziɖuɖu gɔme abe Fia ene. Le ɣeyiɣi mawo me la, Yesu nɔ fia ɖum ɖe eyomedzela amesiaminawo dzi, hefiaa mɔ wo le woƒe gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa me, eye wònɔ wo dzram ɖo be woava ɖu fia kpli ye le yeƒe Fiaɖuƒea me.—Mateo 24:14; 28:18-20; Luka 22:28-30.

110:4—‘Atam kae Yehowa ka si mavee akpɔ o’? Atam siae nye nu si Yehowa bla kple Yesu Kristo be wòasubɔ abe Fia kple Nunɔlagã ene.—Luka 22:29.

113:3—Mɔ ka nue woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ “tso ɣedzeƒe vaseɖe eƒe toɖoƒe” le? Esia ku ɖe alesi Mawu subɔla geɖewo anɔ esubɔm gbesiagbe ke menye amewo ƒe ƒuƒoƒo ɖeka aɖe ko o ŋu. Ne ɣe dze tso ɣedzeƒe va ɖo to le ɣetoɖoƒe la, ɣe ƒe keklẽ klẽna ɖe anyigba blibo la katã dzi. Nenema kee, wòle be woakafu Yehowae le anyigba dzi godoo. Esia mate ŋu ava eme, ne womewɔ ɖoɖo aɖeke ɖe ekafukafu ŋu o. Abe Yehowa Ðasefowo ene la, mɔnukpɔkpɔ xɔasi su mía si be míakafu Mawu ahakpɔ gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me dzonɔamemetɔe.

116:15—Aleke ‘Yehowa ƒe ame kɔkɔewo ƒe ku nye nu xɔasi le eŋkumee’? Yehowa ƒe subɔlawo xɔ asi nɛ ale gbegbe be maɖe mɔ gbeɖe be woatsrɔ̃ woƒe ƒuƒoƒo bliboa katã o. Ne Yehowa aɖe mɔ be nu ma nadzɔ la, awɔ abe ɖe eƒe futɔwo sesẽ wui ene. Gawu la, ame aɖeke makpɔtɔ ɖe anyigba dzi si anye xexe yeyea ƒe gɔmeɖoanyi o.

119:71—Nu nyui kae ate ŋu anɔ xaxawo me toto me? Xaxawo me toto ate ŋu ana míasrɔ̃ alesi míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe, anɔ gbe dom ɖa nɛ movevieɖoɖotɔe, eye míado vevie nu geɖe wu le Biblia sɔsrɔ̃ kple nusi míesrɔ̃ tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me me. Gakpe ɖe eŋu la, alesi míewɔa nu ne xaxawo va mía dzi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ahaɖɔ wo ɖo. Ne míeɖea mɔ fukpekpewo kpena ɖe mía ŋu míeɖɔa míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ɖo la, míado dziku heliheli ne wova mía dzi o.

119:96—Nukae nyagbɔgblɔ “nuwo katã ƒe nuwuwu” (alo, “blibodedewo katã ƒe nuwuwu,” NW) fia? Alesi amegbetɔwo buna blibodedee ŋu nya gblɔmee hakpala la nɔ. Anya nɔ susu me nɛ be seɖoƒe li na nusi amegbetɔwo buna nu debliboe. Gake seɖoƒe ma tɔgbe meli na Mawu ƒe sededewo ya o. Eƒe mɔfiamewo wɔa dɔ le agbenɔnɔ ƒe akpa ɖesiaɖe me. Biblia gɔmeɖeɖe aɖe ɖe eme be, “mekpɔ seɖoƒe na blibodedewo katã, gake seɖoƒe meli na wò sewo ya o.”—New International Version.

119:164—Nukae ɖe dzesi le Mawu kafukafu “zi adre le ŋkeke me” ŋu? Xexlẽdzesi adre fiana blibonyenye zi geɖe. Eyata, hakpalaa le gbɔgblɔm be Yehowa dze na kafukafuwo katã.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

107:27-31. Ne Harmagedon va la, xexemenunya ‘maganɔ ɖeke me o.’ (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Mate ŋu axɔ ame aɖeke ɖe agbe o. Amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa hena ɖeɖekpɔkpɔ koe atsi agbe eye ‘woada akpe nɛ le eƒe amenuveve ta.’

109:30, 31; 110:5. Akpoxɔnu si asrafo léna ɖe eƒe miame la mekpɔa eƒe nuɖusi si wòtsɔ lé yi ɖe asi la ta o. Le kpɔɖeŋumɔnu la, Yehowa le eƒe subɔlawo ƒe “nuɖusi me” hewɔa aʋa na wo. Eyata ekpɔa wo ta hekpena ɖe wo ŋu—esia nye susu nyui si ta wòle be ‘míada akpe nɛ vevie ɖo’!

113:4-9. Yehowa ɖo kpo alo kɔ ale gbegbe be ele nɛ be wòabɔbɔ hafi akpɔ dziƒo kura gɔ̃ hã. Ke hã ekpɔa nublanui na ame bɔbɔɖeanyiwo le anyigba dzi, ame dahewo, kple nyɔnu konɔwo. Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa bɔbɔ eɖokui ɖe anyi eye wòdi be ye subɔlawo hã nawɔ nenema ke.—Yakobo 4:6.

114:3-7. Ele be nu sɔsrɔ̃ tso nu wɔnuku siwo Yehowa wɔ ɖe eƒe amewo ta le Ƒudzĩa me, le Yordan-tɔsisia to, kple le Sinai-toa gbɔ la, ŋu nawɔ dɔ ɖe mía dzi vevie. Ele be ameƒomea si woyɔ be “anyigba” la ƒe nu naku—‘dzidzi naƒoe’ le kpɔɖeŋumɔnu—le Aƒetɔ la ŋkume.

119:97-101. Nunya, gɔmesese deto, kple nugɔmesese si sua mía si to Mawu ƒe Nya sɔsrɔ̃ me la kpɔa mía ta tso gbɔgbɔmefɔkuwo me.

119:105. Mawu ƒe Nya la nye akaɖi na míaƒe afɔ le mɔ sia nu be ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpe akɔ kple kuxi siwo míedoa goe egbea. Enye kekeli na míaƒe toƒewo hã le kpɔɖeŋumɔnu le esi wògblɔ tameɖoɖo siwo le Mawu si ɖe etsɔme ŋu ɖi ta.

DZIDZƆ KPƆKPƆ LE XAXAWO ME

(Psalmo 120:1–145:21)

Aleke míate ŋu akpe akɔ kple nɔnɔme sesẽwo ahato xaxawo me dzidzedzetɔe? Psalmo 120 vaseɖe 134 ɖo biabia sia ŋu eme kɔ nyuie. Yehowa sinu kpɔkpɔ be wòakpe ɖe mía ŋu nana míetoa xaxawo me dzidzedzetɔe eye míeléa míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ me ɖe asi. Anɔ eme be psalmo siawo siwo woyɔna be Toliahawoe Israel-viwo dzina ne wole mɔ zɔm lia yina Yerusalem hena woƒe ƒe sia ƒe ŋkekenyuiwo ɖuɖu.

Psalmo 135 lia kple 136 lia ƒo nu tso Yehowa ŋu be enye Amesi wɔa nusianu si dze eŋu, amesi to vovo na legba siwo si ŋusẽ aɖeke mele o. Wokpa Psalmo 136 lia wònye haxe. Wodzina kpukpui ɖesiaɖe ƒe akpa mamlɛtɔ tsɔ xea eƒe akpa gbãtɔ. Psalmo si kplɔe ɖo ƒo nu tso nɔnɔme gbãdziname si me Yudatɔwo nɔ le Babilon, amesiwo di be yewoasubɔ Yehowa le Zion, la ŋu. Dawid ye kpa Psalmo 138 vaseɖe 145 lia. Edi be ‘yeakafu Yehowa tso eƒe dzi blibo me.’ Le susu ka ta? Eɖo eŋu be: “Le alesi wowɔm nukutɔe la ta.” (Psalmo 138:1; 139:14) Le psalmo atɔ̃ siwo kplɔe ɖo me la, Dawid do gbe ɖa bia Mawu be wòakpɔ ye ta tso ame vɔ̃ɖiwo si me, ebia be wòaɖɔ ye ɖo le dzɔdzɔenyenye me, be wòaɖe ye tso ye yometilawo si me, eye be wòafia mɔ ye le agbenɔnɔ me. Ete gbe ɖe Yehowa ƒe amewo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ dzi. (Psalmo 144:15) Esi Dawid ƒo nu tso Mawu ƒe gãnyenye kple eƒe nyuiwɔwɔ ŋu vɔ la, egblɔ be: “Nye nu negblɔ Yehowa ƒe kafukafu, eye ŋutilãwo katã nekafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ɖaa tegbee.”—Psalmo 145:21.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

122:3—Aleke Yerusalem le abe du si “wotsiã ɖe wo nɔewo nu” ene? Abe alesi wònɔna le blemaduwo gome ene la, wotua aƒewo wotena ɖe wo nɔewo ŋu le Yerusalem-dua me. Aƒe siwo le dua me la te ɖe wo nɔewo ŋu, eye enɔa bɔbɔe be woakpɔ wo ta. Gawu la, alesi aƒewo gogo wo nɔewoe na wònɔ bɔbɔe na dua me nɔlawo be woaɖo ŋu ɖe wo nɔewo ŋu hena kpekpeɖeŋu kple ametakpɔkpɔ. Esia ɖe gbɔgbɔmeɖekawɔwɔ si nɔa Israel-to 12-awo dome ne wova ƒo ƒu ɖekae le tadedeagu me fia.

123:2—Susu vevi kae le kpɔɖeŋu si wowɔ ku ɖe dɔlawo ƒe ŋkuwo ŋu me? Dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo kpɔa woƒe aƒetɔ alo aƒenɔ sinu le susu eve ta: be woanya eƒe didiwo kple be wòakpɔ yewo ta ahana agbemenuhiahiã veviwo yewo. Nenema kee míawo hã míekpɔa Yehowa sinu kple susu be míade dzesi eƒe lɔlɔ̃nu eye be wòakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu.

131:1-3—Aleke Dawid ‘fa akɔ na eƒe luʋɔ, eye wòna wòɖo ho to [alo nɔ anyi kpoo], abe alesi ɖevi, si woɖe le no nu, nɔa dadaa gbɔe ene’? Abe alesi ɖevi si, woɖe le no nu dia akɔfafa kple dzidzeme tso dadaa si mee ene la, Dawid srɔ̃ alesi wòakpɔ akɔfafa kple dzidzeme na eƒe luʋɔ “abe alesi ɖevi, si woɖe le no nu, nɔa dada gbɔe ene.” Alekee? To alesi medana le eƒe dzime alo to dadaŋku o, kple alesi metina nusi kɔ nɛ akpa yome o la me. Le esi teƒe be Dawid nadi ŋkɔxɔxɔ la, zi geɖe edea dzesi afisi eƒe ŋutetewo se ɖo eye wòbɔbɔa eɖokui. Míaɖee afia be míedze nunya ne míesrɔ̃ eƒe nɔnɔme, vevietɔ ne míele subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo minyam le hamea me.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

120:1, 2, 6, 7. Ameŋugblẽnya kple nyatɔamewo gbɔgblɔ ɖe amewo ŋu ate ŋu ado nuxaxa na wo ŋutɔ. Míaƒe aɖe mamlã nyuie nye mɔ aɖe si dzi míato aɖee afia be míenye ‘ŋutifafamewo.’

120:3, 4. Ne ehiã be míado dzi anɔ te ɖe ame aɖe si si “alakpaɖe” le ƒe ameŋugblẽnyawo nu la, míate ŋu akpɔ akɔfafa le nyanya be Yehowa ava kpɔ nyawo gbɔ le ye ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi me. ‘Ŋusẽtɔ aɖe’ ava he gbegblẽ va ameŋugblẽlawo dzi. Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ sesẽ si wotsɔ “yɔkuti ƒe dzokawo” wɔ kpɔɖeŋu na ava wo dzi kokoko.

127:1, 2. Le míaƒe agbadzedzewo katã me la, ele be míakpɔ Yehowa sinu hena mɔfiafia.

133:1-3. Ðekawɔwɔ si le Yehowa ƒe amewo dome faa akɔ, tua ame ɖo, henaa dzidzeme ame. Mele be míagblẽ eme to vodada didi le ame ŋu, dzrehehe, alo nyatoƒoetoto me o.

137:1, 5, 6. Zion si nɔ Mawu ƒe habɔbɔa teƒe ƒe nu lé dzi na Yehowa subɔla aboyomewo. Ke aleke wòle le míawo gomee? Ðe míekuna ɖe habɔbɔ si zãm Yehowa le egbea ŋu nuteƒewɔwɔtɔea?

138:2. Yehowa ‘na eƒe ŋugbedodo kɔ gbɔ eƒe ŋkɔwo katã ta’ le gɔmesese sia nu be, awɔ nusiwo katã ƒe ŋugbe wòdo le eƒe ŋkɔa me woagbɔ nusianu si míate ŋu akpɔ mɔ na nu. Nyateƒee, nu nyuiwo sɔŋ ye le mía lalam.

139:1-6, 15, 16. Yehowa nyana míaƒe dɔwɔnawo, tamesusuwo, kple nya siwo dona tsoa mía nu kura gɔ̃ hã hafi míegblɔa wo. Enya mí tso esime míezu fugboe le dɔme, hafi ŋutilã ƒe akpa vovovoawo nava dze nyuie gɔ̃ hã. Alesi Mawu nya mí ame ɖekaɖekawoe la wɔ ‘nuku akpa’ wu gbɔgblɔ. Aleke gbegbe wòfaa akɔe nye esi be míanya be menye ɖeko Yehowa kpɔa nɔnɔme sesẽ siwo me tom míele o, ke esea alesi wokpɔa ŋusẽ ɖe mía dzii hã me!

139:7-12. Teƒe aɖeke meli míayi si gbɔ adidi na Mawu akpa be mate ŋu ado ŋusẽ mí o.

139:17, 18. Ðe Yehowa nyanya va zu nusi vivia mía nua? (Lododowo 2:10) Ne nenemae la, ke míeke ɖe dzidzɔtsivudo si memíena o la ŋu. Yehowa ƒe susuwo ‘sɔ gbɔ wu ke.’ Nu geɖe anɔ anyi ɣesiaɣi míasrɔ̃ tso eyama ŋu.

139:23, 24. Ele be wòanye míaƒe didi be Yehowa nadzro amesi míenye le ememe gome la me akpɔ be “fukpekpemɔ”—si fia tamesusu, didi, kple dzodzro manyomanyowo—le mía me hã, ale be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖe asi le wo ŋu.

143:4-7. Aleke míate ŋu ado dzi le nɔnɔme si sesẽ ŋutɔ gɔ̃ hã me? Hakpala la gblɔ nu vevi si akpe ɖe mía ŋu hena esia wɔwɔ la be: Míade ŋugble le Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo ŋu, eƒe nuwɔnawo nanɔ vevie na mí, eye be míado gbe ɖa nɛ.

“Mikafu Yehowa!”

Psalmowo ƒe akpa ene gbãtɔawo dometɔ ɖesiaɖe wua enu kple kafukafunyawo na Yehowa. (Psalmo 41:14; 72:19, 20; 89:53; 106:48) Akpa mamlɛtɔa hã meto le eme o. Psalmo 150:6 gblɔ be: “Nusianu, si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa! Mikafu Yehowa!” Esia ava eme ŋutɔŋutɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me.

Esi míele mɔ kpɔm na yayraŋkeke ma ta la, susu nyuiwo le mía si siwo ta míatsɔ ŋutikɔkɔe anɔ Mawu vavã la nam ahanɔ eƒe ŋkɔ la kafum ɖo. Ne míede ŋugble le dzidzɔ si míekpɔna le esi míenya Yehowa hele ƒomedodo kplikplikpli me kplii ŋu la, ɖe meʋãa mí be míakafui ahada akpe nɛ tso dzi blibo me oa?

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Yehowa ƒe nuwɔwɔ wɔnukuwo wɔa dɔ ɖe ame dzi ale gbegbe

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Yehowa ƒe susuwo ‘sɔ gbɔ wu ke’