Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nye Ƒometɔwo Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ðe Vi Nam

Nye Ƒometɔwo Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ðe Vi Nam

Agbemeŋutinya

Nye Ƒometɔwo Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ðe Vi Nam

ABE ALESI KATHLEEN COOKE GBLƆE ENE

ESIME mamanye Mary Ellen Thompson, si nye danye nɔ, ɖi tsa yi míaƒe ƒometɔwo gbɔ le Glasgow, Scotland (Écosse), le ƒe 1911 me la, eyi ɖase dutoƒonuƒo aɖe si Biblia Nusrɔ̃viwo, amesiwo wova yɔna emegbe be Yehowa Ðasefowo, ƒe ame ŋkutawo dometɔ ɖeka, si nye Charles Taze Russell ƒo. Mama kpɔ dzidzɔ ɖe nusiwo wòse la ŋu ŋutɔ. Esi wòtrɔ gbɔ va South Africa la, ete ɖe Biblia Nusrɔ̃vi siwo le woƒe nutoa me ŋu. Eye eya hã nɔ ame 16 siwo xɔ nyɔnyrɔ le Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe takpekpe gbãtɔ si wowɔ le South Africa, le April 1914 me, la dome. Mama ƒe vinyɔnu Edith, si va nye danye la, xɔ ƒe ade ɣemaɣi.

Esi Nɔviŋutsu Russell ku le ƒe 1916 me megbe la, mamã ɖo Biblia Nusrɔ̃viwo dome le xexeame godoo. Nuteƒewɔla siwo nɔ Durban la ƒe xexlẽme ɖiɖi tso 60 va ɖo 12 lɔƒo. Mamanye Ingeborg Myrdal, si nye fofonye nɔ, kple viaŋutsu Henry, si nye ɖekakpui si xɔ nyɔnyrɔ eteƒe medidi o la, nɔ nuteƒewɔlawo ƒe akpa dzi. Le ƒe 1924 me la, Henry va zu nyanyuikakala, abe alesi woyɔa Yehowa Ðasefo siwo subɔna ɣeyiɣiawo katã ɣemaɣi ene. Eɖe gbeƒã le anyiehe Afrika ƒe akpa geɖe le ƒe atɔ̃ siwo kplɔe ɖo me. Le ƒe 1930 me la, Henry kple Edith ɖe wo nɔewo, eye wodzim le ƒe etɔ̃ megbe.

Ƒomea Keke Ta

Míeva nɔ Mozambique ɣeyiɣi aɖe, gake le ƒe 1939 me la, míeʋu yi ɖanɔ Mama kple Tɔgbui Thompson ƒe aƒeme le Johannesburg. Tɔgbui mekpɔ ŋudzedze ɖe Biblia me nyateƒea ŋu o, eye ɣeaɖewoɣi kura la, etsia tre ɖe Mama ŋu, ke hã enye ame aɖe si lɔ̃a amedzrowɔwɔ ŋutɔ. Wodzi nɔvinyenyɔnu Thelma, le ƒe 1940 me, eye mía kplii míesrɔ̃ alesi woléa be na ame tsitsiwoe. Zi geɖe míenɔa fiẽnuɖuƒe eteƒe didina henɔa dze ɖom tso nusiwo yi edzi le ŋkekea me ŋu alo míeɖoa ŋku nusiwo dzɔ va yi dzi.

Enye mɔnukpɔkpɔ na míaƒe ƒomea be Ðasefowo va dzea mía gbɔ, vevietɔ amesiwo subɔna abe ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo ene. Wokpɔa gome le míaƒe fiẽnuɖuɣidzeɖoɖowo me, eye woƒe nyagbɔgblɔwo hã do ŋusẽ míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbɔgbɔmedomenyinu si nɔ mía si la ŋu. Esia na didi si nɔ mía kple Thelma me be míava zu mɔɖelawo la nu gasẽ ɖe edzi.

Wofia dzidzɔ si le nuxexlẽ me mí tso míaƒe ɖevime ke. Dada, Papa, kple Mama siaa xlẽa ŋutinyagbalẽ nyuiwo alo Biblia ŋutɔ hã na mí. Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple gbeƒãɖeɖedɔa nye míaƒe agbemenuwɔna vevitɔwo dometɔ aɖewo abe alesi ko yagbɔgbɔ le vevie ene. Papa nye hamesubɔla (esi woyɔna egbea be dzikpɔla zimenɔla) le Johannesburg Hamea me, eyata ele na mí katã be míaɖo kpekpeawo kaba. Esime míewɔ takpekpe gã aɖe la, Papa nɔ takpekpea ŋuti ɖoɖowo gbɔ kpɔm, eye Dada hã nɔ vavalawo ƒe dzeƒe ŋu nyawo gbɔ kpɔm.

Míewɔ Takpekpe Gã Tɔxɛ Aɖe

Takpekpe gã si míewɔ le Johannesburg le ƒe 1948 me la nɔ etɔxɛ. Emae nye zi gbãtɔ si amesiwo wɔa dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn, New York, la dometɔ aɖewo va. Wode dɔ asi na Papa be wòanye ʋukula si akɔ Nɔviŋutsu Nathan Knorr kple Milton Henschel le woƒe anyinɔɣia katã. Mexɔ nyɔnyrɔ le takpekpe ma me.

Esia megbe kpuie la, ewɔ nuku na Papa be fofoa gblɔ nɛ be ete ɖe ye dzi vevie ŋutɔ be le Nɔviŋutsu Russell ƒe ku megbe la, yeɖe mɔ amesiwo dzudzɔ hadede kple Biblia Nusrɔ̃viwo la kpɔ ŋusẽ ɖe ye dzi. Eku le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe. Mama Myrdal ya lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi vaseɖe eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa nuwuwu, le ƒe 1955 me.

Nudzɔdzɔ Siwo Kpɔ Ŋusẽ Ðe Nye Agbe Dzi

Medze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le February 1, 1949, dzi. Eteƒe medidi o míaƒe dzidzɔ dzi ɖe edzi esi woɖe gbeƒãe be wole dukɔwo dome takpekpe aɖe wɔ ge le New York City, le ƒe si akplɔe ɖo me. Míedi vevie be míayi, gake ga menɔ mía si o. Ke le February 1950 me la, Tɔgbui Thompson ku, eye Mama zã ga si ƒe dome wònyi la tsɔ xe ʋuɖofe na mí ame atɔ̃awo katã.

Kwasiɖa aɖewo do ŋgɔ na míaƒe mɔzɔzɔa la, mexɔ lɛta aɖe tso Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn, New York, gbɔ. Wokpem to lɛta sia dzi be mava de Gilead dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe hehenasuku ƒe klass 16 lia. Edo dzidzɔ nam ŋutɔ, elabena nyemekpɔ xɔ ƒe 17 gɔ̃ hã o! Esi míedze sukua gɔme la, menɔ sukua delawo dometɔ ewo siwo tso South Africa, amesiwo si mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ sia su la dome.

Esi míewu sukua nu le February 1951 me la, wogbugbɔ ɖo mía dometɔ enyi ɖe South Africa abe dutanyanyuigblɔlawo ene. Le ƒe ʋɛ siwo kplɔe ɖo me la, mía kple nye zɔhɛ míeɖe gbeƒã le du sue siwo me wodoa gbe si woyɔna be Afrikaans le la katã kloe me. Gbã la, nyemebi ɖe gbe sia dodo me o, eye meɖo ŋku edzi be gbeɖeka menɔ keke dom trɔ yina aƒeme kple avi le esi nyemekpɔ dzidzedze nyui le gbeadzisubɔsubɔdɔa me o ta. Ke hã, le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, mewɔ ŋgɔyiyi le gbe sia dodo me, eye Yehowa yra ɖe nye agbagbadzedzewo dzi.

Srɔ̃ɖeɖe Kple Mɔzɔzɔdɔa Wɔwɔ

Meva do go John Cooke le ƒe 1955 me. Ekpe asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa gɔmedzedze le France, Portugal, kple Spain ŋu do ŋgɔ na Xexemeʋa II kple emegbe siaa, eye eva nye dutanyanyuigblɔla le Afrika le ƒe si me míedze si mía nɔewo. Eŋlɔ emegbe be: “Nu wɔnuku etɔ̃ dzɔ ɖe dzinye le kwasiɖa ɖeka me . . . Nɔviŋutsu dɔmenyotɔ aɖe na ʋu sue aɖem; woɖom nutome gã dzikpɔla; eye nyɔnu aɖe ƒe nu lé dzi nam.” * Míeɖe mía nɔewo le December 1957 me.

Le míaƒe zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me la, John ka ɖe edzi nam be dzidzɔ anɔ míaƒe srɔ̃ɖeɖea me, matim gbeɖe o, eye nyateƒee wòto. Míesrãa hamewo kpɔ le South Africa katã, eye zi geɖe míewɔa esia le nuto siwo me ame yibɔwo le me. Kwasiɖa sia kwasiɖa la, mɔɖegbalẽvi xɔxɔ ayi nuto mawo me nyea avu kple kɔ, eye be woaɖe mɔ míatsi afima adɔ ya nye nya bubu kura. Ɣeaɖewoɣi la, míemlɔa anyigba le nudzraƒe siwo tsi ƒuƒlu le ameyibɔ kple yevuwo ƒe liƒo dzi, gake le ameyibɔ ƒe akpa dzi, eye míedzea agbagba be amesiwo nɔ eme tsom la nagakpɔ mí o. Edziedzi la, ehiãna be míaɖadze Ðasefo siwo nye yevu siwo tsɔ ɖe afima la gbɔ, gake woawo hã gbɔ didi kilometa geɖe.

Kuxi bubu si míedoa goe enye takpekpewɔƒewo tutu ɖe gbetome. Míeɖea sinima siwo Yehowa Ðasefowo wɔ la na amewo, eye esia kpe ɖe wo ŋu wokpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ŋu. Mía ŋutɔwo míetsɔa elektrikŋusẽnamɔ̃ (generator) ɖe asi, le esi elektrikŋusẽ mebɔ ɖe nuto mawo me o ta. Ele na mí be míakpe akɔ kple kuxi bubuwo le nuto siwo le Britaintɔwo ƒe ŋusẽ te la me, afisi woxe mɔ ɖe míaƒe agbalẽwo nu le, hekpe ɖe alesi Zulugbe sɔsrɔ̃ hã nye nu sesẽ na míi la ŋu. Ke hã, dzi dzɔ mí be míete ŋu subɔ mía nɔviwo.

Le August 1961 me la, John zu Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku si wowɔna kwasiɖa ene ƒe nufiala gbãtɔ le South Africa. Enye suku si ŋu wotrɔ asi le be wòakpe ɖe hame dzikpɔlawo ŋu. John bi ɖe nufiafiaɖaŋu zazã me ŋutɔ eye eɖoa amewo ƒe dzi gbɔ kple kpɔɖeŋu bɔbɔe siwo me susu nɔna hewɔa dɔ ɖe ame dzi. Míezɔ mɔ ƒe ɖeka kple afã kloe tso teƒe yi teƒe hena sukua ƒe Eŋlisigbe me tɔwo wɔwɔ. Ne John le nu fiam la, nye ya mekpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me kple nutoa me Ðasefowo. Mlɔeba, nusi wɔ nuku na mí enye be, míexɔ lɛta aɖe si me wokpe mí le be míava subɔ le South Africa alɔdzedɔwɔƒe si te ɖe Johannesburg ŋu, tso July 1, 1964 dzi.

Gake le ɣeyiɣi sia me la, John ƒe lãme meganɔ sesẽm tututu o. Le ƒe 1948 me la, yɔmekpe dze edzi hena ɣeyiɣi kpui aɖe, eye le ema megbe la, ɖeɖiteameŋu ɖe fu nɛ enuenu. Dɔ aɖe si le abe kpe sesẽ aɖe ene ɖea fu nɛ eye wòtsia aba dzi ŋkeke geɖe—mete ŋu wɔa naneke alo te ŋu ƒoa nu na ame aɖeke gɔ̃ hã o. Do ŋgɔ teti hafi woayɔ mí be míava alɔdzedɔwɔƒea la, ɖɔkta si gbɔ míeyi hena John dodo kpɔ gblɔ be blanuiléledɔe le fu ɖem nɛ.

Alesi míetsɔa dzo ɖe dɔ ŋui wɔe be esesẽ na mí ŋutɔ be míaɖe míaƒe dɔwɔwɔ dzi akpɔtɔ abe alesi ɖɔktaa ɖo aɖaŋui ene. Le alɔdzedɔwɔƒea la, wobia tso John si be wòawɔ dɔ le Subɔsubɔdɔdzikpɔƒe, eye nyea menɔa nuŋɔŋlɔwo me tom. Yayra ka gbegbee enye esi wònye be míanɔ mía ŋutɔwo ƒe xɔ me azɔ! John subɔ le anyigbamama siwo me wodoa Portugalgbe le me do ŋgɔ na míaƒe srɔ̃ɖeɖe, eyata le ƒe 1967 me la, wobia tso mía si be míakpe ɖe Ðasefowo ƒe ƒome ɖeka pɛ si doa Portugalgbe le nutoa me ŋu aɖe gbeƒã na Portugalgbedola siwo le Johannesburg dua kple du siwo ƒo xlãe me. Esia fia be ehiã be magasrɔ̃ gbe bubu.

Esi wònye be Portugalgbedolawo kaka ɖe nuto gã ma me ta la, míezɔa mɔ geɖe ŋutɔ—ɣeaɖewoɣi kilometa 300 hafi ɖoa dzianukwaretɔwo gbɔ. Le ɣeyiɣi sia me la, Ðasefo Portugalgbedolawo te Mozambique tsotso va kpena ɖe mía ŋu le takpekpewo me, eye esia de dzi ƒo na ame yeyewo ŋutɔ. Le ƒe 11 siwo míetsɔ nɔ Portugalgbedolawo dome la, míaƒe ƒuƒoƒo si me gbeƒãɖela 30 lɔƒo nɔ la dzi ɖe edzi va zu hame ene.

Tɔtrɔwo Va Nye Ƒomea me le Aƒe

Le ɣeyiɣi mawo me la, nu geɖe trɔ le dzinyelawo ƒe aƒeme. Le ƒe 1960 me la, nɔvinyenyɔnu Thelma ɖe John Urban, si nye gbesiagbemɔɖela aɖe si tso United States (États-Unis). Le ƒe 1965 me la, wode Gilead Suku ƒe klass 40 lia, eye wosubɔ nuteƒewɔwɔtɔe abe dutanyanyuigblɔlawo ene le Brazil ƒe 25 sɔŋ. Le ƒe 1990 me la, wotrɔ yi Ohio ɖakpɔ John dzila siwo ƒe lãme gblẽ la dzi. Togbɔ be dɔnɔdzikpɔkpɔ tea ɖeɖi wo ŋu hã la, wogale ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi vaseɖe egbe.

Mama Thompson wu eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa nu le ƒe 1965 me, esime wòxɔ ƒe 98, eye ekpɔtɔ lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu vaseɖe ku me. Papa xɔ dzudzɔ le dɔme le ƒe ma ke me. Eyata esi wobia tso mía kple John si be míakpe asi ɖe dɔa ŋu le anyigbamama siwo me wodoa Portugalgbe le me ŋu la, Papa kple Dada lɔ̃ faa va kpe ɖe mía ŋu. Wokpɔ ŋusẽ nyui aɖe ɖe ƒuƒoƒoa dzi, eye le ɣleti ʋɛ aɖewo me la, míeɖo hame gbãtɔ. Esia megbe kpuie la, kansadɔ te fu ɖeɖe na Dada, eye dɔ siae kplɔe yi ku me le ƒe 1971 me. Le ƒe adre megbe la, Papa hã dɔ alɔ̃ le ku me.

Te Nɔnɔ Ðe John ƒe Dɔlélea Nu

Le ƒe 1970-awo me la, eva dze ƒã be John ƒe dɔlélea maka ɖe eme o. Ʋɛʋɛʋɛ la, eva hiã be wòaɖe asi le subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ siwo gbɔ melɔ̃a nu le o la ŋuti, esiawo dometɔ aɖewoe nye míaƒe alɔdzedɔwɔƒea ƒe ƒome Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ si míewɔna kwasiɖa sia kwasiɖa kple ŋdi Biblia me numedzodzrowo dzi kpɔkpɔ. Woɖɔli eƒe dɔdasia heɖee tso Subɔsubɔdɔdzikpɔƒea yi ɖe Lɛtawo Gbɔkpɔdɔwɔƒe, eye emegbe woɖee yi wòɖawɔ dɔ le abɔ me.

Alesi gbegbe John doa vevie nu le dɔwɔwɔ me wɔe be tɔtrɔ wɔwɔ sesẽ nɛ ŋutɔ. Ɣesiaɣi si medze agbagba be mana wòaɖiɖi dɔwɔwɔ dzi akpɔtɔ la, egblɔna nam fefetɔe be menye kpo le atame na ye—edziedzi la, ekplaa asi kɔ nam xɔlɔ̃wɔwɔtɔe ne ele nya sia gblɔm. Mlɔeba míeva kpɔe be nunya le eme be míadzo le Portugalgbedolawo ƒe anyigbamamaa me aɖasubɔ le hame si kpena le alɔdzedɔwɔƒea ƒe Fiaɖuƒe Akpataa me la me.

Esime John ƒe dɔlélea nɔ nyanyram ɖe edzi la, ewɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ ne mekpɔ alesi gbegbe woa kple Yehowa dome ƒomedodo le kplikplikplii. Ne John fɔ le zã titina helé blanui vevie la, míenɔa dze ɖom ʋu vaseɖe esime eƒe dzi dzea eme be wòate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa hena eƒe kpekpeɖeŋu xɔxɔ. Mlɔeba, esrɔ̃ alesi wòakpe akɔ kple ɣeyiɣi sesẽ mawo le eɖokui si hedzea agbagba nɔa Filipitɔwo 4:6, 7 me nyawo gblɔm madzudzɔmadzudzɔe, afisi gblɔ be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o . . . ” Emegbe eƒe dzi dzea eme ale be wòte ŋu gadzea gbedodoɖa gɔme. Zi geɖe la, menɔa ŋu eye menɔa anyi kpoo heléa ŋku ɖe eƒe nuyi siwo nɔa ʋaʋãm blewuu la ŋu esime wònɔa koko ƒom na Yehowa vevie ɣeyiɣi didi aɖe.

Esi wònye be míaƒe alɔdzedɔwɔƒea va xaxa na mí akpa ta la, wodze alɔdzedɔwɔƒe yeye si lolo wu tutu gɔme le Johannesburg dua godo. Mía kple John míeɖia tsa edziedzi yia teƒe sia si tomefafa le, afisi toɣliɖeɖe mele o eye yame meƒo ɖi le abe dugã me ene o. Esi woɖe mɔ na mí be míaʋu aɖanɔ afima vaseɖe esime woawu alɔdzedɔwɔƒe yeyea tutu nu la, ekpe ɖe John ŋu ŋutɔ.

Kuxi Yeyewo

Esi John ƒe tamebubu kple susuŋudɔwɔwɔ ŋutete dzi ɖe kpɔtɔ ta la, eva sesẽ nɛ ŋutɔ be wòakpɔ eƒe dɔdasiwo gbɔ. Alesi ame bubuwo kpena ɖe John ŋu le eƒe agbagbadzedzewo me wɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne nɔvi aɖe yina numekuku wɔ ge le hahoo agbalẽdzraɖoƒe la, enana John yina kplii. John ƒe kotokuwo yɔna fũ kple trakt kpakple magazinewo hafi wòdoa go. Esia kpena ɖe John ŋu wòsena le eɖokui me be viɖe le ye ŋu eye be yete ŋu wɔ nane.

Mlɔeba la, tagbɔdɔléle si woyɔna be Alzheimer la wɔe be John megate ŋu xlẽa nu ahayi egɔme se ge o. Míeda akpe na Mawu ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽ kple Fiaɖuƒeha siwo wolé ɖe kasɛt dzi la ta. Míesea wo, gasea wo, gbugbɔ sea wo ake. Zi geɖe la, ne nyemenɔ anyi ɖe John gbɔ le esem kplii o la mevona le eɖokui me o, eyata mezãa ɣeyiɣi mawo nɔa egbɔ tsɔ nɔa awuwo lɔ̃m. Esia na be vuvɔmewu kple kuntruwo va sɔ gbɔ ɖe mía si taŋtaŋtaŋ!

Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, John ƒe nɔnɔmea va bia dɔnɔdzikpɔkpɔdɔ geɖe tso asinye. Togbɔ be zi geɖe la nu tia kɔ nam akpa be maxlẽ nu alo asrɔ̃ nu hã la, enye mɔnukpɔkpɔ nam be malé be nɛ vaseɖe nuwuwu. Nuwuwu ma va le ƒe 1998 me esime John ku kpoo ɖe nye asi me le eƒe ƒe 85 xɔxɔ vɔ megbe teti ko—eye elé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi maʋãmaʋãe vaseɖe nuwuwu. Aleke gbegbe mele mɔ kpɔm vevie be makpɔe le tsitretsitsi la me, esime wòanɔ lãmesẽ me eye eƒe susuŋudɔwɔwɔ naɖɔ ɖo enye si!

Wona Nye Dzi Dze Eme

Le John ƒe ku megbe la, menɔ bɔbɔe nam be manɔ agbe le ɖokuinye si o. Eyata meɖi tsa yi nɔvinye nyɔnu Thelma kple srɔ̃a gbɔ le United States, le May 1999 me. Aleke gbegbe wòdo dzidzɔ nam eye nye dzi dze emee be medo go nuteƒewɔla geɖewo, xɔlɔ̃ veviwo, vevietɔ esi míeɖi tsa yi Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã si le New York enye esi! Esiae nye gbɔgbɔmeŋusẽdoame si tututu mehiã.

Ŋugble dede le nye ƒometɔwo ƒe agbenɔnɔ nuteƒewɔwɔtɔe ŋu na meɖoa ŋku nu geɖe siwo ɖe vi nam la dzi. To woƒe mɔfiamewo, kpɔɖeŋuwo, kple kpekpeɖeŋunana dzi la, mesrɔ̃ alesi makeke ɖokuinyee le nye lɔlɔ̃ ɖeɖe fia dukɔ bubu me tɔwo kple amesiwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo me. Mesrɔ̃ dzigbɔɖi, dzidodo, kple alesi matrɔ ɖe nɔnɔme ɖesiaɖe ŋui hã. Ƒo wo katã ta la, mekpɔ Yehowa, amesi nye Gbedodoɖasela la ƒe dɔmenyonyo teƒe. Mese le ɖokuinye me abe alesi hakpala la se le eɖokui me ene, esi wògblɔ be: “Woayra amesi nètia, eye nèna be, wòava nɔ wò xɔxɔnuwo! Míaɖu wò aƒe me nu nyuiwo aɖi ƒo le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me.”—Psalmo 65:5.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 18 Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, August 1, 1959 ƒe axa 468-72.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Mama kple vianyɔnuwo

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Mía kple dzinyelawo esime mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1948 me

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Mía kple Albert Schroeder, si nye Gilead-sukuviwo ƒe ŋkɔŋlɔla, kpakple sukuvi asieke siwo tso South Africa

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Mía kple John le ƒe 1984 me